May
Yawoɖa, May 1
Dɔ gã aɖe ato.—Dɔw. 11:28.
Kristotɔ gbãtɔwo meto le eme esi dɔ gã aɖe to “le anyigba blibo la dzi” o. Ƒome ƒe tawo anya tsi dzi ɖe ale si woakpɔ woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu. Ke sɔhɛ siwo ɖoe be yewoawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me ya ɖe? Ðe woanya se le wo ɖokuiwo me be yewoalala vie gbɔa? Aleke kee nuwo ɖanɔ na Kristotɔ mawo o, wotrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Woyi edzi ɖe gbeƒã ale si woate ŋui, eye wotsɔ dzidzɔ ma nu siwo le wo si kple wo nɔvi siwo le Yudea. (Dɔw. 11:29, 30) Ame siwo xɔ nunanaa kpɔe be Yehowa nɔ kpekpem ɖe yewo ŋu. (Mat. 6:31-33) Wo kple ame siwo na nu wo dome va nɔ kplikplikpli. Eye ame siwo dzɔ nuawo kple ame siwo kpe asi ɖe nuawo mama ŋu la siaa kpɔ dzidzɔ si dona tso nunana me.—Dɔw. 20:35. w23.04 16 ¶12-13
Fiɖa, May 2
Míenya be míakpɔ nu siwo míebia la, elabena eya si mee míebia wo le.—1 Yoh. 5:15.
Ɣeaɖewoɣia, Yehowa toa ame siwo mesubɔnɛ o dzi ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eʋã Fia Artasasta wòɖe mɔ na Nehemiya be wòatrɔ ayi Yerusalem be woagbugbɔ dua atso. (Neh. 2:3-6) Nenema kee egbea hãa, Yehowa ate ŋu aʋã ame siwo mesubɔnɛ o gɔ̃ hã be woakpe ɖe mía ŋu. Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ ɖedzesi nu ɣesiaɣi o. Gake aleke kee wòɖaɖo wo ŋui o, ema tututue míehiã be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Eya ta nɔ ŋudzɔ be nàde dzesi ale si Yehowa le wò gbedodoɖawo ŋu ɖom. Enuenua, tɔ sẽe nàde ŋugble le ale si Yehowa le wò gbedodoɖawo ŋu ɖomee ŋu. (Ps. 66:19, 20) Ele be míaɖe xɔse afia ne míedo gbe ɖa na Yehowa. Nenema kee wòle be míaɖe xɔse afia alɔ̃ ɖe ale si Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu hã dzi, aleke kee wòɖaɖo wo ŋui o.—Heb. 11:6. w23.05 12 ¶13, 15; 13 ¶16
Memleɖa, May 3
Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ.—Ps. 40:8.
Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe nɛ be míasubɔe eye míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Ele be míawɔ ɖe adzɔgbe ma si míeɖea dzi. Menye nu si manya wɔe wònye o. Elabe Yehowa wɔ mí be míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. (Nyaɖ. 4:11) Ewɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu eye wòdee mía me be míadi ye, anya ye, eye míasubɔ ye. Esia taa, míetea ŋu tena ɖe eŋu eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi na mí. Azɔ hã ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míedze Via ƒe afɔɖoƒewo yomea, ‘míakpɔ gbɔdzɔe.’ (Mat. 11:28-30) Eya ta lɔ̃ Yehowa ɖe edzi. Ne èdea ŋugble le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò va yi kple esiwo wòawɔ na wò le etsɔme ŋua, àva lɔ̃e geɖe wu eye anɔ bɔbɔe na wò be nàɖo toe. (1 Yoh. 5:3) Yesu te ŋu wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe elabe edo gbe ɖa edziedzi na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Azɔ hã etsɔ eƒe susu ɖo ale si Yehowa aɖo eteƒe na yea ŋu. (Heb. 5:7; 12:2) Abe Yesu enea, do gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ wò, eye na wò susu nanɔ agbe mavɔ ƒe ŋugbe si Yehowa doa dzi. w23.08 27-28 ¶4-5
Kwasiɖa, May 4
Esi mènya be ɖe Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ gbɔ le eƒe dɔmenyonyo la ta o tae nèdoa vlo eƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kpakple dzigbɔgbɔ blewu laa?—Rom. 2:4.
Ame siwo gbɔa dzi ɖi ƒe nu nyoa mí katã ŋu. Elabe ne ame aɖe tea ŋu lalana kpɔa nane sinu, evɔ medoa dziku nɔa nyatoƒoe tom oa, míedea bubu eŋu. Ne míeda vo eye amewo gbɔ dzi ɖi na mía, edzɔa dzi na mí. Eye edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míaƒe Biblia nufiala gbɔ dzi ɖi na mí esi míenɔ agbagba dzem be míase nu siwo srɔ̃m míele gɔme ahawɔ ɖe wo dzi. Ƒo wo katã taa, míeda akpe ŋutɔ be Yehowa Mawu gbɔa dzi ɖi na mí! Togbɔ be edzɔa dzi na mí ne amewo gbɔ dzi ɖi hãa, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe na míawo ŋutɔ be míagbɔ dzi ɖi o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu asesẽ be míagbɔ dzi ɖi ne míele fli legbee aɖe me le nane lalam, vevietɔ ne míetsi megbe. Dzi ate ŋu aku mí ne ame aɖe wɔ nu wòve mí. Eye ɣeaɖewoɣia, ate ŋu awɔ na mí be xexe yeye si ƒe ŋugbe Yehowa doa le megbe tsim. Gake le wo katã mea, ehiã be míagbɔ dzi ɖi geɖe wu. w23.08 20 ¶1-2
Dzoɖa, May 5
[Eɖo] Israel ŋutsu mamlɛawo ɖe aƒe, ame alafa etɔ̃awo koe wòkpɔtɔ ɖi.—Ʋɔn. 7:8.
Yehowa bia tso Gideon si be wòaɖo asrafo akpa gãtɔ ɖe aƒe. Gideon ate ŋu asusui be, ‘Ðe tɔtrɔ sia hiã ŋutɔŋutɔa? Aɖe via?’ Ke hã, eɖo to. Egbea, hamemetsitsiwo srɔ̃a Gideon ƒe kpɔɖeŋua eye wowɔna ɖe tɔtrɔ siwo habɔbɔa wɔa dzi. (Heb. 13:17) Gideon ɖo to Yehowa togbɔ be enɔ vɔvɔ̃m eye afɔku nɔ dɔ si wode esi me hã. (Ʋɔn. 9:17) Gideon nya be Yehowa li kpli ye, eya ta eka ɖe edzi bliboe be akpe ɖe ye ŋu yeakpɔ eƒe amewo ta. Hamemetsitsi siwo le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi lea srɔ̃a Gideon ƒe kpɔɖeŋu. Dzi nɔa wo ƒo woxɔa ŋgɔ le kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me, togbɔ be woate ŋu alé wo alo abia gbe wo, dɔ nagblẽ na wo, alo woasẽ ŋuta le wo ŋu hã. Le xaxa gãa mea, ahiã be dzi nanɔ hamemetsitsiwo ƒo woawɔ ɖe mɔfiame siwo woaxɔ dzi, ne esia wɔwɔ asesẽ gɔ̃ hã. w23.06 5-6 ¶12-13
Braɖa, May 6
Ame siwo buam la, woawoe mabu.—1 Sam. 2:30.
Yehowa na woŋlɔ nu nyui siwo Nunɔlagã Yehoyada wɔa ɖi be woatsɔ afia nu mí. (Rom. 15:4) Eye esi Yehoyada kua, wode bubu tɔxɛ eŋu ɖii “ɖe David Ƒe Du la me ɖe fiawo xa, elabena ewɔ nyui na Israel kple Mawu vavã la kpakple Mawu ƒe aƒe la.” (2 Kron. 24:15, 16) Yehoyada ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu míayi edzi avɔ̃ Mawu. Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yehoyada ne woyia edzi dia mɔ siwo dzi woato akpɔ hamea ta. (Dɔw. 20:28) Nɔvi siwo tsi le ƒe me hã ate ŋu asrɔ̃e le Yehoyada ƒe kpɔɖeŋua me be ne wovɔ̃ Yehowa eye woyi edzi wɔ nuteƒe nɛa, ate ŋu azã wo be eƒe tameɖoɖowo nava eme. Sɔhɛwo ate ŋu ade dzesi ale si Yehowa wɔ nu ɖe Yehoyada ŋu eye woasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua to ale si woade bubu ame tsitsiwo ŋu, vevietɔ wo dometɔ siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖee nye esia. (Lod. 16:31) Mina míayi edzi akpe asi ɖe “ame siwo le ŋgɔ xɔm” le mía dome la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe to míaƒe toɖoɖo dzi.—Heb. 13:17. w23.06 17 ¶14-15
Kuɖa, May 7
Ame dzɔdzɔe ƒe nuƒo nyia ame geɖe.—Lod. 10:21.
Enyo be míadi be míaɖo nya ŋu enuenu le kpekpea, gake ele be míada asɔ. Ne míedoa asi ɖe dzi kabakaba akpaa, ate ŋu ana nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlaa nase le eɖokui me be ele be yeagayɔ mí ake be míaɖo nya ŋu, evɔ wònye nɔvi aɖewo li siwo mekpɔ ɖo nya ŋu haɖe o. Esia ate ŋu aɖe dzi le nɔvi aɖewo ƒo eye womagadi be yewoado asi ɖe dzi o. (Nyagb. 3:7) Ne gbeƒãɖela geɖe do asi ɖe dzi le nusɔsrɔ̃a mea, ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ masu mía si enuenu be míaɖo nya ŋu abe ale si míedii ene o. Eye ɣeaɖewoɣia, womayɔ mí kura gɔ̃ hã o. Esia ate ŋu ate ɖe mía dzi ya, gake mele be míatsɔe vevie o. (Nyagb. 7:9) Ne mɔnukpɔkpɔ megasu asiwò be nàɖo nya ŋu abe ale si wò ŋutɔ nèdii ene o hãa, àte ŋu alé to ɖe ame bubuwo ƒe nyaŋuɖoɖowo ŋu nyuie eye nàkafu wo ɖe eta le kpekpea megbe. Esia ade dzi ƒo na wo abe ale si ko wò nyaŋuɖoɖo ade dzi ƒo na wo ene. w23.04 23-24 ¶14-16
Yawoɖa, May 8
Oo Mawu, nye dzi le te sesĩe.—Ps. 57:7.
Srɔ̃ Mawu ƒe Nyaa eye nàde ŋugble le eŋu. Ale si ko ne ati ƒe ke yi to nyuie wòtea ŋu nɔa te sesĩea, nenema kee míawo hã míate ŋu anɔ te sesĩe ne xɔse sẽŋu le mía si. Ne ati le tsitsim la, eƒe kewo yia to ɖe edzi. Nenema kee ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa eye míede ŋugble le eŋua, edoa ŋusẽ míaƒe xɔse eye míegakana ɖe edzi be Mawu ƒe mɔwoe nye nyuitɔ. (Kol. 2:6, 7) De ŋugble le ale si Yehowa ƒe mɔfiamewo, aɖaŋuɖoɖowo kple eƒe takpɔkpɔ ɖe vi na esubɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Ezekiel kpɔ mawudɔla aɖe wònɔ gbedoxɔa ƒe akpa vovovowo dzidzem le ŋutega me, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ŋutegaa do ŋusẽ Ezekiel ƒe xɔse. Eye wòkpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si míalé Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la me ɖe asi. (Eze. 40:1-4; 43:10-12) Ne míesrɔ̃ nu goglo siwo le Mawu ƒe Nyaa me eye míede ŋugble le wo ŋua, aɖe vi na míawo hã. Míaƒe dzi ate ŋu anɔ te sesĩe ne míeka ɖe Yehowa dzi bliboe.—Ps. 112:7. w23.07 18 ¶15-16
Fiɖa, May 9
[Dzɔ] tamebubuŋutete ŋu.—Lod. 3:21.
Ŋutsu xɔsetɔ geɖe ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me siwo ɖekakpuiwo ate ŋu asrɔ̃. Ŋutsu mawo lɔ̃ Mawu eye wowɔ dɔ vovovowo tsɔ kpe ɖe eƒe amewo ŋu. Azɔ hã àte ŋu akpɔ ŋutsu wɔnuteƒewo le wò ƒomea alo hamea me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nàte ŋu asrɔ̃. (Heb. 13:7) Yesu Kristo hã ɖo kpɔɖeŋu deblibo si nàte ŋu asrɔ̃. (1 Pet. 2:21) De dzesi ŋutsu wɔnuteƒe mawo ƒe nɔnɔme nyuiwo eye nàde ŋugble le ale si nàte ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua ŋu. (Heb. 12:1, 2) Ame si tu tamebubuŋutete ɖo bua nuwo ŋu nyuie hafi ɖea afɔ. Eya ta dze agbagba nàtu ŋutete ma ɖo eye nàlé eme ɖe asi. Gbãa, srɔ̃ Biblia me gɔmeɖosewo, eye nàde ŋugble le ale si wo dzi wɔwɔ aɖe vi na wòe ŋu. Eyome, na gɔmeɖose mawo nafia mɔ wò nàtso nya me wòadze Yehowa ŋu. (Ps. 119:9) Tamebubuŋutete le vevie ŋutɔ be nàva zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me.—Lod. 2:11, 12; Heb. 5:14. w23.12 24-25 ¶4-5
Memleɖa, May 10
Minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake miwɔe le tufafa kple bubu deto me.—1 Pet. 3:15.
Dzilawo ate ŋu afia wo viwo ale si woaɖo nya ŋu le tufafa me ne amewo bia nya wo tso woƒe dzixɔsewo ŋu. (Yak. 3:13) Dzila aɖewo wɔa esia ƒe wɔwɔfiawo le ƒometadedeagu me. Wodzroa nya siwo amewo ate ŋu abia wo le sukua me, wowɔa ale si ɖeviawo aɖo nya mawo ŋu ƒe wɔwɔfiawo, eye wofiaa ɖeviawo ale si woaƒo nu le tufafa me wòawɔ dɔ ɖe ame dzi. Numedzodzro kple wɔwɔfia mawo ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woawo ŋutɔwo woaka ɖe woƒe dzixɔsewo dzi eye woate ŋu aɖe wo me na ame bubuwo. Le jw.org ƒe akpa si nye “Sɔhɛwo Biana Be” la, àkpɔ dɔwɔgbalẽviwo na sɔhɛwo. Wotrɔ asi le agbalẽvi mawo ŋu be wòakpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woado ŋusẽ woƒe xɔse eye woanya ale si woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. Ne míewɔ dɔwɔnu siawo ŋu dɔa, akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míaɖo nya ŋu na amewo le tufafa me wòawɔ dɔ ɖe wo dzi. w23.09 17 ¶10; 18 ¶15-16
Kwasiɖa, May 11
Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.—Gal. 6:9.
Ðe nèɖo taɖodzinu aɖe na ɖokuiwò va yi gake wòsesẽ na wò be nàɖo egbɔa? Ne nenemaea, menye wò ɖekae o. Le kpɔɖeŋu me, Philip ɖoe eƒe taɖodzinu be yeanɔ gbe dom ɖa edziedzi eye yeana yeƒe gbedodoɖa nanyo ɖe edzi, gake esesẽ nɛ be wòakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Erika ɖoe be yeanɔ kpekpewo hena gbeadziyiyi dem ɖe game dzi, gake etsia megbe ɣesiaɣi kloe. Ne èɖo taɖodzinu na ɖokuiwò evɔ mèkpɔ ɖo egbɔ oa, dzi megaɖe le ƒowò o. Taɖodzinu suewo gɔ̃ hã biaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Agbagba siwo dzem nèle be yeaɖo wò taɖodzinua gbɔ ɖee fia be èdea asixɔxɔ ƒomedodo si le wò kple Yehowa domea ŋu eye nèdi be yeawɔ wò ŋutete katã asubɔe. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedze mawo ŋu. Le nyateƒe mea, Yehowa mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o. (Ps. 103:14; Mika 6:8) Eya ta, anyo be nàɖo taɖodzinu si gbɔ nàte ŋu aɖo. w23.05 26 ¶1-2
Dzoɖa, May 12
Ne Mawu le mía dzi la, ame kae atsi tsitre ɖe mía ŋu?—Rom. 8:31.
Ame siwo ƒo dzi le gɔ̃ hã vɔ̃na ɣeaɖewoɣi, gake womeɖea mɔ esia xea mɔ na wo be woagawɔ nu si sɔ o. Daniel nye ɖekakpui aɖe si ƒo dzi nɔ ŋutɔ! Edzro nu siwo Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ŋlɔa me, siwo dome Yeremiya ƒe nyagblɔɖiwo hã le. Esia na wòva de dzesii be eteƒe madidi o, woaɖe asi le Yudatɔ siwo le aboyo me le Babilon ŋu. (Dan. 9:2) Esi Daniel kpɔe be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo va emea, edo ŋusẽe wòka ɖe Yehowa dzi. Ðikeke mele eme o be dzi nɔa ame siwo ka ɖe Mawu dzia ƒo. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 8:32, 37-39.) Nu vevitɔ si Daniel wɔnae nye be edoa gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo zi geɖe. (Dan. 6:10) Eʋu eƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa eye wògblɔ eƒe seselelãmewo nɛ. Ebiae be wòakpe ɖe ye ŋu. (Dan. 9:4, 5, 19) Amegbetɔ koe Daniel nye abe míawo ke ene; womedzii kple dzinɔameƒo o. Etu nɔnɔme sia ɖo elabe esrɔ̃a nu, edoa gbe ɖa eye wòka ɖe Yehowa dzi. w23.08 2 ¶4; 4 ¶7
Braɖa, May 13
Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.—Mat. 5:16.
Ne míeɖoa to dziɖuɖuwoa, aɖe vi na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo. Le mɔ ka nu? Gbãa, míaƒo asa na tohehe si li na sedzimawɔlawo. (Rom. 13:1, 4) Ne mía dometɔ ɖe sia ɖe ɖoa to ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la, woakpɔe be Yehowa Ðasefowo nye sedziwɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, ƒe geɖe va yi le Nigeria la, asrafowo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me esime nɔviwo le kpekpe. Asrafoawo nɔ aglãdzela siwo nɔ eƒom ɖe amewo nu be woagbe adzɔxexea dim. Gake ame si le asrafoawo nua gblɔ na wo be woatrɔ adzo hegblɔ be: “Míenya Yehowa Ðasefowo be woxea adzɔ ɣesiaɣi.” Ne èwɔna ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzia, èle asi kpem ɖe eŋu be ŋkɔ nyui nakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe amewo ŋu, eye ŋkɔ nyui ma ate ŋu akpɔ mía nɔviwo ta gbe ɖeka. w23.10 9 ¶13
Kuɖa, May 14
Ehiã be miado dzi, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vɔ la, miaƒe asi nasu ŋugbedodo la dzi.—Heb. 10:36.
Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia Yehowa subɔla aɖewo le lalam be nuɖoanyi sia nawu enu. Awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be nuwuwua le megbe tsim akpa. Yehowa nya be ye subɔlawo ate ŋu ase le wo ɖokui me alea, eya ta eka ɖe edzi na nyagblɔɖila Habakuk be: “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba, eye maflu ame o. Ne etsi megbe hã la, nɔ esinu kpɔm! Elabena ele eme va ge kokoko. Mahe ɖe megbe o!” (Hab. 2:3) Gake menye Habakuk koe nya mawo yi na o. Woyi na míawo hã egbea. Nu ka tae míegblɔe nenema? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be nya mawo ku ɖe Kristotɔ siwo le mɔ kpɔm vevie na xexe yeyea ŋu. (Heb. 10:37) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be ne edze abe ɖeɖekpɔkpɔ si ŋugbe Mawu do na mí le megbe tsim hãa, “ele eme va ge kokoko. Mahe ɖe megbe o!” w23.04 30 ¶16
Yawoɖa, May 15
Israel-viwo katã lĩ Mose . . . ŋu.—4 Mose 14:2.
Israel-vi akpa gãtɔ kpɔ dzesi si ɖo kpe edzi be Mose nye Yehowa teƒenɔla, gake wosẽ dzi me. (4 Mose 14:10, 11) Enuenua, womelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nɔ mɔ fiam Mose o. Woƒe nuwɔna ma wɔe be Israel-viwo ƒe dzidzime ma katã meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 14:30) Gake Israel-vi aɖewo ya wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ be: ‘Kaleb yi edzi dze yonyeme kple dzi blibo.’ (4 Mose 14:24) Mawu ɖo eteƒe na Kaleb, eye wòna eya ŋutɔ tia afi si wòdi be yeanɔ le Kanaan-nyigba dzi. (Yos. 14:12-14) Israel-vi siwo woɖe mɔ na woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi hã ɖo kpɔɖeŋu nyui eye wowɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Esi Yosua va xɔ ɖe Mose teƒe zu kplɔlaa, “wode bubu gã eŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” (Yos. 4:14) Esia na Yehowa yra wo, eye wòkplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo la dzi.—Yos. 21:43, 44. w24.02 21 ¶6-7
Fiɖa, May 16
Ame si lɔ̃ Mawu la nalɔ̃ nɔvia hã.—1 Yoh. 4:21.
Ale si ko ɖɔktawo tea ŋu dea dzesi ale si amewo ƒe dzi le dɔ wɔmee ne wolé eƒe alɔnu dzidze la, nenema kee míate ŋu akpɔ ale si míelɔ̃ Mawu ne míelé ŋku ɖe ale si míelɔ̃ amewoe ŋu. Ne míede dzesii be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu le tsitsim la, esia ate ŋu afia be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu hã nu le tsitsim. Gake ne míelɔ̃a mía nɔvi Kristotɔwo ɣesiaɣia, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu vevie. Ne míede dzesii be míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo nu le tsitsim la, ele be míawɔ nane tso eŋu kaba. Nu ka tae? Elabe esia fia be ɖewohĩ ƒomedodo si le mía kple Yehowa domea le gbɔdzɔgbɔdzɔm. Apostolo Yohanes gblɔe eme kɔ nyuie be: “Ame si melɔ̃a nɔvia si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu si kpɔm mele o la o.” (1 Yoh. 4:20) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Eyae nye be ne ‘míelɔ̃ mía nɔewo’ ko hafi míaƒe nu adze Yehowa ŋu.—1 Yoh. 4:7-9, 11. w23.11 8 ¶3; 9 ¶5-6
Memleɖa, May 17
Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ.—Lod. 23:25.
Esi Fia Yehoas nye ɖevia, eɖoa to. Fofoa ku, ta Nunɔlagã Yehoyada tsɔe abe eya ŋutɔ via ene eye wòfiaa nui heɖoa aɖaŋu nɛ. Yehoas bɔbɔ eɖokui eye wòwɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi. Esia wɔe be Yehoas ɖoe be yeasubɔ Yehowa eye wòkpe ɖe dukɔa ŋu be woawo hã woasubɔ Yehowa. Ena wodzra Yehowa ƒe gbedoxɔa gɔ̃ hã ɖo. (2 Kron. 24:1, 2, 4, 13, 14) Ne dziwòlawo alo ame bubu aɖe le nu fiam wò be nàlɔ̃ Yehowa eye nàwɔ eƒe sewo dzia, ke nu nyui aɖe ŋutɔe nye ema wɔm wole na wò. (Lod. 2:1, 10-12) Dziwòlawo ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi afia nu wò. Ne dziwòlawo zã Biblia tsɔ fia nu wò eye nèɖo to wɔ ɖe edzia, woakpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Vevietɔ wua, Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò eye wò kplii mianye xɔlɔ̃ veviwo. (Lod. 22:6; 23:15, 24) Esia tae wòle vevie be nàsrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si Yehoas ɖo le eƒe ɖevime. w23.09 8-9 ¶3-5
Kwasiɖa, May 18
Maɖo to mi.—Yer. 29:12.
Yehowa do ŋugbe be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo. Mía Mawua lɔ̃ mí elabe míesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe, eya ta aɖo to míaƒe gbedodoɖawo ɣesiaɣi. (Ps. 10:17; 37:28) Gake esia mefia be awɔ nu sia nu si míebiae o. Ahiã be míalala xexe yeyea me hafi míaƒe asi nasu nu siwo míebiae la dometɔ aɖewo dzi. Yehowa bua eƒe tameɖoɖoa ŋu ne ele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom. (Yes. 55:8, 9) Eƒe tameɖoɖoa ƒe akpa aɖee nye be ame siwo wɔ ɖeka eye wobɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖu tea nayɔ anyigba dzi. Gake Satana gblɔ be eme anyo na amegbetɔwo wu ne wole wo ɖokuiwo dzi ɖum. (1 Mose 3:1-5) Be Yehowa naɖee afia be nya si gblɔm Abosam le nye alakpaa, eɖe mɔ be amegbetɔwo naɖu wo ɖokuiwo dzi. Gake amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu na be fukpekpe xɔ aƒe ɖe xexea me. (Nyagb. 8:9) Míenya be Yehowa maɖe fukpekpe siawo katã ɖa fifia o. w23.11 21 ¶4-5
Dzoɖa, May 19
Metia wò be nànye dukɔ geɖewo fofo.—Rom. 4:17.
Yehowa do ŋugbe na Abraham be yeato edzi ayra dukɔ geɖewo. Gake esi Abraham xɔ ƒe 100 eye Sara xɔ ƒe 90 la, womedzi vi aɖeke o. Adze abe magate ŋu anya wɔ be woadzi vi o ene. Esia anya do Abraham ƒe xɔse kpɔ. Gake “le mɔkpɔkpɔ ta la, exɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo.” (Rom. 4:18, 19) Eye nu si wònɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye ema va eme nɛ. Edzi Isak! (Rom. 4:20-22) Míate ŋu awɔ nu wòadze Mawu ŋu eye wòabu mí be míenye ame dzɔdzɔewo kple ye xɔlɔ̃wo, abe Abraham ene. Paulo ƒo nu tso esia ŋu esi wògblɔ be: “Nya si woŋlɔ ɖi be ‘wobui nɛ’ la, menye [Abraham] ɖeɖe ko tae woŋlɔe ɖi ɖo o, ke mí ame siwo woava bui na la hã tae, elabena míexɔ Ame si fɔ Yesu . . . la dzi se.” (Rom. 4:23, 24) Abe Abraham enea, ehiã be xɔse nanɔ mía si, dɔwɔwɔwo nakpe ɖe eŋu eye mɔkpɔkpɔ hã nanɔ mía si. w23.12 7 ¶16-17
Braɖa, May 20
Wò ŋku le nye fukpekpewo ŋu; ènya nye nuxaxawo nyuie.—Ps. 31:7.
Ne nɔnɔme aɖe wɔe be vɔvɔ̃ ɖo wòa, ɖo ŋku edzi be Yehowa nya nu si me tom nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me. Le kpɔɖeŋu me, menye ale si wosẽ ŋuta le Israel-viwo ŋu le Egipte ɖeɖe koe Yehowa kpɔ o. Biblia gblɔ be enya ‘fu siwo kpem wonɔ la nyuie,’ si fia be enya veve si sem wonɔ hã. (2 Mose 3:7) Ne èle nɔnɔme dziŋɔ̃ aɖe mea, ɖewohĩ asesẽ be nàde dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwòe. Eya ta biae be wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ade dzesii. (2 Fia. 6:15-17) Eyome bu biabia siawo ŋu kpɔ: Ðe nèse nuƒo alo nyaŋuɖoɖo aɖe le kpekpeawo me si do ŋusẽ wòa? Ðe míaƒe agbalẽ, video, alo hakpakpa aɖe de dzi ƒo na wòa? Ðe nɔvi aɖe xlẽ mawunyakpukpui aɖe alo gblɔ nya aɖe tsɔ de dzi ƒo na wòa? Ele bɔbɔe be míaŋlɔ ale si gbegbe mía nɔviwo ƒe dzideƒonyawo doa ŋusẽ mí kple ale si Ŋɔŋlɔawo faa akɔ na míi la be. Gake le nyateƒe mea, Yehowa toa esiawo dzi kpena ɖe mía ŋu; wonye nunana tso egbɔ. (Yes. 65:13; Marko 10:29, 30) Woɖenɛ fiana be Yehowa léa be na wò. (Yes. 49:14-16) Eye woɖo kpe edzi be àte ŋu aka ɖe Yehowa dzi bliboe. w24.01 4-5 ¶9-10
Kuɖa, May 21
[Na] wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo geɖe.—Dɔw. 4:29.
Do ŋgɔ teti hafi Yesu nayi dziƒoa, eɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be woaɖi ɖase tso ye ŋu “le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8; Luka 24:46-48) Esia megbe kpuiea, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo lé apostolo Petro kple Yohanes eye wokplɔ wo va Sanhedrin la ŋkume. Wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe eye wodo ŋɔdzi na wo be yewoawu wo gɔ̃ hã. (Dɔw. 4:18, 21) Petro kple Yohanes ɖo eŋu be: “Ne edzɔ le Mawu ŋkume be míaɖo to miawo wu Mawu la, miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ. Ke míawo ya míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.” (Dɔw. 4:19, 20) Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋua, wo kple nusrɔ̃la bubuawo do gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ yewo yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu.—Dɔw. 4:31. w23.05 5 ¶11-12
Yawoɖa, May 22
Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.—Mat. 17:5.
Yehowa kple Via malɔ̃nugbɔa nɔ anyi ɖekae ƒe miliɔn akpe geɖe hafi va wɔ nu bubu ɖe sia ɖe. Esia na be wo dome va le kplikplikpli eye wolɔ̃ wo nɔewo vevie ŋutɔ. Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ Viae gblɔ le egbe ƒe mawunyakpukpuia me be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Yehowa ate ŋu agblɔ ko be, ‘Esiae nye ame si ƒe nu dzea ŋunye’ hafi. Gake esi wòdi be míanya ale si gbegbe yelɔ̃ Yesu ta, eyɔe be “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.” Edze ƒãa be Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Yesu ŋu le ame si ƒomevi wònye kple ale si wòlɔ̃ faa tsɔ eɖokui na ta. (Ef. 1:7) Yesu hã nya nyuie be ye Fofo lɔ̃ ye vavã. Ese le eɖokui me be Yehowa lɔ̃ ye vevie. Esi wòka ɖe esia dzi taa, egblɔe enuenu be ye Fofo lɔ̃ ye.—Yoh. 3:35; 10:17; 17:24. w24.01 28 ¶8
Fiɖa, May 23
Ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe.—Lod. 22:1.
Bu eŋu kpɔ ko be ame aɖe si nèlɔ̃ vevie vae gblɔ alakpanya vɔ̃ɖiwo tso ŋuwò. Nya siwo wògblɔa mele eme o, gake amewo xɔ edzi se eye woawo hã le ekakam. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be alakpanya ma siwo kakam wole tso ŋuwò ate ɖe dziwò, alo? Kpɔɖeŋu ma na míekpɔ ale si Yehowa se le eɖokui me esime wogblɔ alakpanyawo tsɔ ƒo ɖi eƒe ŋkɔ. Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ alakpanyawo tso Mawu ŋu na nyɔnu gbãtɔ si nye Xawa, eye eya hã xɔ edzi se. Alakpanya ma wɔe be mía dzila gbãtɔwo dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Esia gbɔ wòtso be nu vɔ̃ kple ku kaka ɖe ameƒomea katã dome. (1 Mose 3:1-6; Rom. 5:12) Kuxi siwo xɔ aƒe ɖe xexea me—ku, aʋawɔwɔ fukpekpe kple bubuawo—katã do tso alakpa si Satana da me. Ðe alakpanya mawo kple nu siwo katã do tso eme te ɖe Yehowa dzia? Ɛ̃, ete ɖe edzi ŋutɔ! Gake Yehowa melé dziku ɖe dɔme o, ke boŋ ekpɔtɔ nye “Mawu dzidzɔtɔ la.”—1 Tim. 1:11. w24.02 8 ¶1-2
Memleɖa, May 24
Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?—1 Mose 39:9.
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yosef aɖu tetekpɔwo dzi? Àte ŋu atso nya me fifia tso nu si nàwɔ ne wote wò kpɔ ŋu. Srɔ̃ ale si nàgbe nu siwo Yehowa lé fui enumake, eye mèganɔ wo ŋu bum gɔ̃ hã o. (Ps. 97:10; 119:165) Ne èwɔe alea, màna ta ne wote wò kpɔ o. Ðewohĩ wò ya èva de dzesii be nyateƒea koe nye esia eye nèdi be yeasubɔ Yehowa kple dzi blibo. Gake ɖewohĩ nane na nèle adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Ne nenemae la, àte ŋu awɔ nu si Fia David wɔ. Àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be: “Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi. Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa. Ne nàkpɔe ɖa be mɔ vɔ̃ɖi aɖe le menye hã, ne nàkplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.” (Ps. 139:23, 24) Yehowa yraa ame siwo “dinɛ vevie la.” Ale si nèdi be yeaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ fia be èle Yehowa dim vevie.—Heb. 11:6. w24.03 6 ¶13-15
Kwasiɖa, May 25
Mehiã be wòanɔ vɔ sam gbe sia gbe . . . o.—Heb. 7:27.
Nunɔlagã la xɔa ŋgɔ na Mawu ƒe amewo le subɔsubɔ me. Yehowa ŋutɔe ɖo Aron wònye Israel ƒe nunɔlagã gbãtɔ esime wokɔ avɔgbadɔa ŋu. Ke hã abe ale si apostolo Paulo gblɔe enea, “ame geɖewo va zu nunɔlawo ɖe wo nɔewo yome le esi ku meɖe mɔ be woayi edzi asubɔ o ta.” (Heb. 7:23-26) Eye esi nunɔlagã mawo mede blibo o taa, ehiã be woasa vɔ ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Esia na míekpɔ vovototo gã aɖe le Israel ƒe nunɔlagãwo kple Nunɔlagã si de ŋgɔ wu, si nye Yesu Kristo dome. Yesu Kristoe nye míaƒe Nunɔlagã la, “eyae nye . . . agbadɔ vavã si Yehowa tu, eye menye amee tui o, la ƒe subɔla.” (Heb. 8:1, 2) Paulo ɖe eme be esi “[Yesu] le agbe yi mavɔmavɔ me ta la, ame aɖeke mexɔna ɖe eƒe nunɔlanyenye la teƒe o.” Paulo gblɔ kpee be Yesu nye ame “si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o, si te ɖa tso nu vɔ̃ ŋu,” eya ta mehiã be “wòanɔ vɔ sam gbe sia gbe” ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Israel ƒe nunɔlagãwo wɔe ene o. w23.10 26 ¶8-9
Dzoɖa, May 26
Dziƒo tsãtɔ kple anyigba tsãtɔ nu va yi.—Nyaɖ. 21:1.
Dunyahedziɖuɖu siwo le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ tee woyɔ le afi sia be “dziƒo tsãtɔ.” (Mat. 4:8, 9; 1 Yoh. 5:19) Eye Biblia tea ŋu zãa nya “anyigba” wòkuna ɖe amegbetɔ siwo le anyigba dzia ŋu. (1 Mose 11:1; Ps. 96:1) Eya ta “anyigba tsãtɔ” le tsitre ɖi na ame vɔ̃ɖiwo. Menye ɖe Yehowa atrɔ asi le “dziƒo” kple “anyigba” siwo li fifia ŋu be woanyo wu o; ke boŋ aɖe wo ɖa keŋkeŋ. Aɖe fifi dziƒo ɖa eye wòana “dziƒo yeye,” si nye dziɖuɖu yeye naxɔ ɖe eteƒe. Nenema kee wòaɖe fifi anyigba ɖa eye wòana “anyigba yeye,” si fia ame dzɔdzɔewo, naxɔ ɖe eteƒe. Esia fia be Yehowa ana anyigba kple amegbetɔ siwo yewɔ xoxoa nazu yeye, si fia be ana woade blibo. Abe ale si Yesaya gblɔe ɖi enea, anyigba bliboa azu abɔ dzeani abe Eden-bɔa ene. Yehowa awɔ mí amegbetɔwo hã yeyee le susua nu be, aɖɔ nu sia nu si gblẽ le mía ŋua ɖo. Ɣemaɣia, woada dɔ na bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, kple tokunɔwo, eye woagbɔ agbe ame siwo ku gɔ̃ hã.—Yes. 25:8; 35:1-7. w23.11 4 ¶9-10
Braɖa, May 27
Minɔ dzadzraɖoɖi.—Mat. 24:44.
Xaxa gã” la afe ati kpoyi. (Mat. 24:21) Gake manɔ abe afɔku siwo va lilia ame sia ame ene o. Míawo ya míenya be ava, elabe ƒe 2,000 kloe nye esi va yia, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woadzra ɖo ɖe ŋkeke ma ŋu. Ne míedzra ɖo ɖe eŋua, anɔ bɔbɔe na mí be míado dzi le ɣeyiɣi sesẽ mawo me eye míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woado dzi. (Luka 21:36) Míahiã na dzidodo be míate ŋu aɖo to Yehowa eye míaka ɖe edzi be akpɔ mía ta. Ke ne edzɔ be mía nɔviwo bú woƒe nunɔamesi aɖewo alo wo katã gɔ̃ hã ɖe? (Hab. 3:17, 18) Dɔmetɔtrɔ aʋã mí be míakpe ɖe wo ŋu. Ke ne dukɔwo ƒo ƒu dze mía dzi eye wòva hiã be mía kple mía nɔviwo míamimi ɖe teƒe sue aɖe hena ɣeyiɣi aɖewo ɖe? Aleke míawɔ nui? (Eze. 38:10-12) Ehiã be míalɔ̃ mía nɔviwo vevie fifia be míate ŋu ato ɣeyiɣi sesẽ mawo me. w23.07 2 ¶2-3
Kuɖa, May 28
Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.—Ef. 5:15, 16.
Srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso Akwila kple Priskila gbɔ. Wonye atsu kple asi siwo ŋu Kristotɔ gbãtɔwo dea bubui vevie. (Rom. 16:3, 4) Woɖea gbeƒã, wɔa dɔ eye wokpena ɖe amewo ŋu ɖekae. (Dɔw. 18:2, 3, 24-26) Le nyateƒe mea, ɣesiaɣi si Biblia ƒo nu tso wo ŋua, eyɔa wo ame evea ƒe ŋkɔ ɖe du. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua? Bu nu geɖe siwo wòhiã be wò kple srɔ̃wò miawɔ ŋu kpɔ. Ðe manyo be miawɔ ɖewo ɖekae wu be ame sia ame nawɔe le eɖokui si oa? Le kpɔɖeŋu me, Akwila kple Priskila ɖe gbeƒã ɖekae. Ðe miewɔa ɖoɖo ɖea gbeƒã ɖekae edziedzia? Akwila kple Priskila wɔ ŋutilãmedɔwo hã ɖekae. Ðewohĩ wò kple srɔ̃wò ƒe dɔwɔɖuia to vovo, gake ɖe miate ŋu awɔ aƒemedɔwo ɖekaea? (Nyagb. 4:9) Ne miekpena ɖe mia nɔewo ŋu wɔa nuwo ɖekaea, ana mɔnukpɔkpɔ mi be miaɖo dze eye mia dome nanɔ kplikplikpli. w23.05 22-23 ¶10-12
Yawoɖa, May 29
Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa dzi ɖe ŋuwò.—Ps. 56:3.
Ame sia ame vɔ̃na ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Saul nɔ David yome tim be yeawui la, esi yi Filistitɔwo ƒe du si nye Gat me. Medidi o, Gat-fia Akis de dzesii be David ye nye aʋakalẽtɔ si wokpa ha na be ‘ewu Filistitɔ akpe ewowo.’ Esia na David ‘vɔ̃ ŋutɔ’ eye wòtsi dzimaɖi be Akis atu nu kpli ye. (1 Sam. 21:10-12) Aleke David wɔ ɖu vɔvɔ̃ ma dzi? David gblɔ ale si wònɔ sesem le eɖokui me esime wònɔ Gat la ɖe Psalmo 56 lia me. Le psalmo ma mea, David gblɔ nu siwo na wòvɔ̃ kple nu si kpe ɖe eŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi. Egblɔ be ne vɔvɔ̃ ɖo yea, yeɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu. (Ps. 56:1-3, 11) David wɔe nyuie be wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Yehowa kpe ɖe David ŋu wòdze aɖaŋu ale be wòte ŋu wɔ nane tsɔ do le nɔnɔme ma me; edo aɖaʋa eɖokui. Esia wɔe be Akis megaxa wu David o, ke boŋ eɖe asi le eŋu wòdzo.—1 Sam. 21:13–22:1. w24.01 2 ¶1-3
Fiɖa, May 30
Ame siwo kpe ɖe eŋu, siwo nye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo la hã aɖu wo dzi.—Nyaɖ. 17:14.
Ame kawo ŋue egbe ƒe mawunyakpukpuia ku ɖo? Woawoe nye amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo! Eya ta ne amesiamina siwo le anyigba dzi la me tɔ susɔeawo yi dziƒo le xaxa gãa ƒe nuwuwu lɔƒoa, dɔ siwo woawɔ gbã dometɔ ɖekae nye be woawɔ aʋa. Ne wova fɔ wo ɖe tsitre woyi dziƒoa, woakpe ɖe Kristo kple eƒe dɔla kɔkɔewo ŋu woawɔ aʋa mamlɛtɔ kple Mawu ƒe futɔwo. Bu eŋu kpɔ ko. Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi egbea dometɔ aɖewo tsi eye ŋusẽ boo megale wo ŋu o. Gake ne wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒoa, woava zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ siwo magaku akpɔ o, eye woakpe ɖe woƒe Aʋafia Yesu Kristo ŋu. Ne wowɔ Armagedon-ʋaa vɔa, woakpe asi ɖe Yesu ŋu woana amegbetɔwo nade blibo. Ðikeke mele eme o be, ɣemaɣia, woate ŋu akpe ɖe wo nɔvi siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o siwo le anyigba dzi ŋu geɖe wu ale si wole ewɔm fifia esi wonye amegbetɔ madeblibowo! w24.02 6-7 ¶15-16
Memleɖa, May 31
Miyi edzi miazɔ le gbɔgbɔ me, ekema miele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke dzi wɔ ge o.—Gal. 5:16.
Ame aɖewo su te aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ, gake wohena ɖe megbe. Ðewohĩ wogblɔna be: ‘Ne mexɔ nyɔnyrɔ vɔ eye meva wɔ nu gbegblẽ aɖea, ɖe womaɖem le haa me oa?’ Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò mea, ke ka ɖe edzi be Yehowa ana nu sia nu si hiã la wò be ‘nàzɔ ale si dze, ale be nàdze eŋu bliboe.’ (Kol. 1:10) Ado ŋusẽ wò hã be nàwɔ nu si le eteƒe. Ekpe ɖe ame geɖe ŋu xoxo woyi edzi le nuteƒe wɔm nɛ. (1 Kor. 10:13) Ema nye susu vevi aɖe si tae ƒãa hafi woɖea ame aɖe le Kristo hamea me. Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe. Esi míede blibo o taa, nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe dzodzro tea ŋu nyɔna ɖe mía me. (Yak. 1:14) Gake wò ŋutɔe atia nu si nàwɔ ne wote wò kpɔ. Nya lae nye be asiwò mee ŋusẽ ma le. Togbɔ be ame aɖewo malɔ̃ ɖe nya ma dzi o hã, nyateƒeae nye be àte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi. w24.03 5 ¶11-12