Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta
Woyi Edzi Le Gbeƒã Ðem Biblia me Nyateƒea le Ireland
LE ƑE siawo me la, tɔtɔ geɖe le edzi yim le Ireland-dukɔ dzeani la me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Irelandtɔwo xɔ Biblia ƒe mɔkpɔkpɔgbedasi si Yehowa Ðasefowo tsɔ yia wo gbɔe la nyuie. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna siwo tso Ireland la ɖo kpe nya sia dzi.
■ Le Dublin la, Yehowa Ðasefo aɖe kple vianyɔnu sue aɖe nɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme. Wodo go nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Cathy, amesi le eƒe vi gbogboawo gbɔ kpɔm kple ŋkubiã. Ðasefoa bia be ye vinyɔnua si nɔ gbeƒãɖeɖe srɔ̃m la ate ŋu agblɔ gbedasi kpui aɖe ko nɛ hã. Cathy lɔ̃, eye nyɔnuvi sue la gblɔ nya si me kɔ, si ŋu wòbu nyuie la nɛ. Ðevia ƒe nyateƒetoto kple amebubu si dze ƒã la wɔ dɔ ɖe Cathy dzi ŋutɔ, eye wòxɔ trakt si ɖe Biblia me si wònae la.
Emegbe Cathy bu tame le nyɔnuvi si va egbɔ la ƒe dzadzraɖo kple amebubu ŋu. Egblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be nyɔnuvi sue sia te ŋu gblɔ gbedasi lédziname sia eye mewɔ ame tsitsinu hã o. Meɖoe be ne Yehowa Ðasefowo gava gbɔnye ɣebubuɣi la, maɖo to wo.”
Emegbe Cathy ʋu yi du sue aɖe si le Ireland ƒe anyieheɣetoɖoƒe si te ɖe Cork kple Kerry nutowo me ƒe liƒo ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nɛ, eye wòxɔ wo va eƒeme. Elɔ̃ wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi gɔme kplii eye fifia eya kple viawo dometɔ geɖe dea hame ƒe kpekpewo. Cathy da akpe ɖe nyɔnuvi suea ƒe didi vavã be yeagblɔ nyanyuia nɛ la ta.
■ Le Tullamore nutome la, Ðasefoawo dzro Biblia me kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jean wu ƒe adre sɔŋ. Ɣeaɖewoɣi la, etsɔa ɖe le eme eye wòxɔa agbalẽ, gake le ɣebubuɣiwo la, eƒe ɖetsɔleme nu fana. Gbeɖeka esi Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Frances kple eƒe zɔhɛ yi Jean gbɔ la, wokpɔ be mekɔ ŋkume ɖe yewo kura o. Ðasefoawo gblɔ be: “Nya ka kee míegblɔ o, ɖeko wògabi dzi ɖe edzi. Mlɔeba la, egblɔ na mí be míabu le ŋkume na ye eye wòtu ʋɔa gbla.”
Frances bu tame be ne yewogayi la, menye nenema ko wòagaxɔ yewo o hã. Frances bu eŋu be, ‘Esi metsɔ ɖeke le gbedasia me tututu o la, ɖewohĩ viɖe aɖeke megale eŋu be magayi egbɔ o.’ Gake edzro nya la me kple srɔ̃a, Thomas, eye dzi nɔ eya ƒo wu. Esi wogayi nuto ma me ɣebubuɣi la, wogayi ɖasrã Jean kpɔ. Ekɔ ŋkume ɖe wo eye wòxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Esi wogayi egbɔ zi geɖe la, edoa vivi ɖe wo ŋu nenema ke, eye Thomas kple Frances dze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi gɔme kplii.
Nukae na wòtrɔ? Jean ɖe eme be ɣemaɣi si yemewɔ nudzeame ɖe Ðasefoawo ŋu o la, yedzi vi eteƒe medidi kura o eye ɖeko woɖe asi le ye ŋu tso kɔdzi tetie nye ma. Esi wònɔ no nam eƒe vi fẽ ganɔ nuɖuɖu dom na vidzĩ si tsi wu vie ta la, gaƒoƒo ɖeka kple afã koe wòte ŋu dɔa alɔ̃ le zã me. Jean gblɔ be: “Nusi nyemedi kura be mawɔ o enye nuƒoƒo tso mawusubɔsubɔ ŋu.”
Le ɣleti eve megbe la, Jean va nɔ hame ƒe kpekpewo katã dem, eye kaka wòade ɣleti ene la, edze gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ gɔme. Ɣleti ewo tso esime wòdze eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la, exɔ nyɔnyrɔ. Fifia nusi me Jean ŋutɔ to la le kpekpem ɖe eŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Egblɔ be: “Ne medo go ame aɖe si da gbe ɖe ame gbɔ la, medzea agbagba be mase nu gɔme nɛ wu. Medea dzesii ɣesiaɣi. Ðewohĩ kaka magbugbɔ ayi la, nɔnɔmewo atrɔ; amea ƒe nɔnɔme aka ɖe eme eye wòaxɔ ame nyuie wu.”