“Gome Si Le Ðevi Si Be Mawu Ŋuti Sidzedze Nasu Esi”
LE December 9, 2008 dzi la, Sweden Ðeviwo Ƒe Gomenɔamesi Habɔbɔ wɔ numedzrotakpekpe tɔxɛ aɖe si ƒe tanyae nye “Gome Si Le Ðevi Si Be Mawu Ŋuti Sidzedze Nasu Esi.” Sweden Sɔlemeha la, Kristodukɔa ƒe sɔlemeha bubuwo, Islam Subɔsubɔhaa, kple ame siwo gbe Mawu hetea gbe ɖe amegbetɔwo ƒe nukpɔsusuwo dzi la ƒe teƒenɔla vovovowo va gblɔ woƒe nukpɔsusuwo.
Ame siwo va ƒo nu la dometɔ ɖeka si nye subɔsubɔhakplɔla la gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu aɖe ale si gbegbe Biblia me nuŋlɔɖiwo le vevie hena ɖeviwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo la me wòade edeƒe o.” Alekee Ŋɔŋlɔawo me nyawo kpɔa ɖeviwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na woe?
Subɔsubɔhakplɔla ma ke gblɔ be: “Nuŋlɔɖi kple ŋutinya siwo le eme la naa ɖeviwo kpɔa nu siwo ŋu woawo ŋutɔwo abu tame ahade ŋugble le le wo ɖokui si.” Ehe susu yi “ŋutinya siwo ku ɖe Adam kple Xawa, Kain kple Habel, David kple Goliat, Yesu dzidzi, nudzɔla Zaxeo, kple kpɔɖeŋu siwo ku ɖe vi nudomegblẽla la, kple Samariatɔ havilɔ̃la ŋu” dzi. Eƒo nu tso esiawo ŋu be wonye “nuŋlɔɖi siwo nye nufiamekpɔɖeŋu siwo ate ŋu amla [ɖevi] ƒe susu ku ɖe agbemenya veviwo, abe amedede asi, tsɔtsɔke, avuléle ɖe nu vɔ̃ ta, fuléle, ŋukpenanuwɔwɔ, ŋutifafawɔwɔ, nɔvilɔlɔ̃, kple ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ene, ŋu la dometɔ aɖewo.” Egblɔ kpee be: “Nuŋlɔɖi mawo nye kpɔɖeŋu siwo nu ame ŋutɔ ate ŋu anɔ agbe ɖo, siwo fiaa ale si wòle be ame nawɔ nui, kpakple esiwo me nufiame geɖe le.”
Nyateƒee, enyo be woade Biblia xexlẽ ƒe dzi ƒo ya. Gake ɖe ɖeviwo ŋutɔwo ate ŋu ‘abu tame ahade ŋugble’ le nu siwo woxlẽ le Ŋɔŋlɔawo me la ŋu ‘le wo ɖokui si’ ahawɔ nyataƒoƒo nyuitɔa vavã?
Ehiãna be woaɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo me na ame tsitsiwo kura gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso ŋutsu aɖe si si gbɔgbɔmenugɔmesese vavãtɔ mete ŋu su to ‘nuŋububu kple ŋugbledede le eɖokui si’ me o la ŋu. Ŋutsu ma nye Etiopia dziɖuɖumegã aɖe. Enɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa xlẽm gake mete ŋu se egɔme o. Esi wònye be edi be yease nyagblɔɖilaa ƒe gbedeasia gɔme ta la, elɔ̃ xɔ numeɖeɖe si nusrɔ̃la Filipo nae la. (Dɔw. 8:26-40) Menye Etiopia ŋutsu ma koe hiã na kpekpeɖeŋu ma ƒomevi o. Ehiã be woaɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo me na mí katã—vevietɔ ɖeviwo.
Biblia na míenya be: “Bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” (Lod. 22:15) Ðeviwo hiã na aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame, eye wo dzilawo dzie agba le be woanɔ te ɖe Biblia kple nufiafia siwo woxɔna le Kristo hamea me dzi afia nu wo viwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Gome le ɖeviwo si be wo dzilawo nana hehe sia wo. Tso keke woƒe ɖevime ke la, ele be woakpe ɖe wo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme, si anye gɔmeɖoanyi nyui aɖe, si akpe ɖe wo ŋu woava zu ‘ame tsitsi siwo na hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’—Heb. 5:14.