“Mègavɔ̃ O, Makpe Ðe Ŋuwò”
YESU na eyomedzelawo nya do ŋgɔ be: “Abosam ayi edzi anɔ mia dometɔ aɖewo dem gaxɔ me, bene woado mi kpɔ bliboe.” Gake do ŋgɔ teti na nuxlɔ̃amenya ma gbɔgblɔ la, Yesu gblɔ be: “Mègavɔ̃ nu siwo ƒe fu nàva kpe kpuie la o.” Esi wònye be Satana gakpɔtɔ le amedede ga zãm tsɔ le ŋɔdzi dom na mí be míadzudzɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be dziɖuɖu aɖewo ava ti Kristotɔ vavãwo yome godoo. (Nyaɖ. 2:10; 12:17) Ekema nu kae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu eye ‘míagavɔ̃ o,’ abe ale si Yesu xlɔ̃ nui ene?
Kakaɖedzitɔe la, vɔvɔ̃ ɖo mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔ. Ke hã, Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu? Mɔ aɖe si dzi wòtona kpena ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe yometiti ŋue nye be enana míekpɔa Satana kple eyomedzelawo ƒe aɖaŋu vɔ̃wo dzea sii. (2 Kor. 2:11) Be míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu la, na míadzro nane si dzɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la me kpɔ. Míadzro egbegbe kpɔɖeŋu aɖewo siwo ku ɖe ale si mía nɔvi wɔnuteƒewo “[nɔ] te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu” la hã me.—Ef. 6:11-13.
Nya Ðo Fia Mawuvɔ̃la Aɖe Kple Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Dome
Le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Asiria Fia vɔ̃ɖi Sanxerib ɖu dukɔ geɖewo dzi tsiã ɖe enu le aʋa me. Esi esia na dzi geɖe ɖo eƒo ta la, etrɔ ɖe Yehowa ƒe amewo kple woƒe fiadu, Yerusalem, afi si Fia mawuvɔ̃la Xizkiya nɔ dzi ɖum le la ŋu. (2 Fia. 18:1-3, 13) Ðikeke mele eme o be, Satana nɔ asi dem nyaa me, nɔ dzo ƒom ɖe Sanxerib te be wòawɔ tame si yeɖo la dzi ale be yeabu mo na tadedeagu vavãtɔ keŋkeŋ le anyigba dzi.—1 Mose 3:15.
Sanxerib dɔ ame aɖewo ɖe Yerusalem be woagblɔ na dua me tɔwo be woana ta. Rabsake, ame si nye fia la ƒe nyanuɖela vevitɔ la, hã nɔ amedɔdɔawo dome.a (2 Fia. 18:17) Rabsake ƒe taɖodzinue nye be yeana dzi naɖe le Yudatɔwo ƒo eye woana ta aʋamawɔmawɔe. Mɔnu kawo ŋu dɔe Rabsake wɔ le agbagbadzedze be yeade vɔvɔ̃ lãme na Yudatɔwo me?
Wowɔ Nuteƒe Togbɔ Be Woɖe Wo Ðe Aga Hã
Rabsake gblɔ na Xizkiya ƒe teƒenɔlawo be: ‘Ale fia gã, Asur-fia, gblɔ esi: Nu ka ŋu gɔ̃ nèle dzi ɖom ɖo? Èle dzi ɖom ɖe aƒla ŋeŋe ma, si nye Egipte la ŋu, esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, wòŋɔa asi nɛ flo la.’ (2 Fia. 18:19, 21) Rabsake ƒe amenutsotsoa menye nyateƒe o, elabena Xizkiya mebla nu aɖeke kple Egipte o. Ke hã, nya si Rabsake gblɔ la na nu si wòdi be wòanɔ susu me Yudatɔwo la dze ƒãa, si nye be: ‘Ame aɖeke mava tso mi axɔ o. Mietsi asi.’
Nenema kee egbea hã, ame siwo tsi tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la wɔ ameɖeɖe ɖe aga ŋu dɔ tsɔ dze agbagba be yewoade vɔvɔ̃ lãme na Kristotɔ vavãwo. Le kpɔɖeŋu me, wolé nɔvinyɔnu aɖe de gaxɔ me ɖe eƒe xɔse ta eye woɖee ɖe aga tso eƒe haxɔsetɔwo gbɔ ƒe geɖe. Emegbe la, eva gblɔ nu si kpe ɖe eŋu wòɖu vɔvɔ̃ dzi. Egblɔ be: “Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye mete ɖe Yehowa ŋu . . . Meɖo ŋku kakaɖedzinya si le Yesaya 66:2 la dzi, afi si gblɔ be Mawu léa ŋku ‘ɖe hiãtɔwo kple ame siwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi,’ la ŋu. Nya sia do ŋusẽm le ɣeyiɣi mawo katã me eye wòfa akɔ nam geɖe ŋutɔ.” Nɔviŋutsu aɖe hã si nɔ ameɖekɛgaxɔ me ƒe geɖe la gblɔ be: “Meva de dzesii be ne ame le ƒomedodo nyui me kple Mawu la, gaxɔ sue si le dzogoe ene me la ate ŋu anɔ nɛ abe xexe gbahoo la ene.” Ɛ̃, ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa do ŋusẽ Kristotɔ eve siawo wote ŋu do dzi esime woɖe wo ɖe aga. (Ps. 9:10, 11) Ðasefo mawo siwo wolé de gaxɔ me la yome tilawo ate ŋu aɖe wo ɖe aga tso woƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple haxɔsetɔwo gbɔ, gake mía nɔviawo nya be womate ŋu aɖe yewo ɖe aga tso Yehowa gbɔ gbeɖe o.—Rom. 8:35-39.
Ekema aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su mía si fifia ŋu dɔ atsɔ ado ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome! (Yak. 4:8) Ele be míanɔ mía ɖokuiwo biam edziedzi be: ‘Ðe meka ɖe Yehowa dzi ŋutɔŋutɔa? Ðe meɖea mɔ eƒe nyawo kpɔa ŋusẽ ɖe nyametsotso sue kple gã siwo mewɔna gbe sia gbe la dzi ŋutɔŋutɔa?’ (Luka 16:10) Ne míedze agbagba vevie na ƒomedodo kplikplikpli kpɔtɔ le mía kple Mawu dome la, ekema susu aɖeke meli si tae míavɔ̃ ɖo o. Esime Yeremiya nɔ nu ƒom ɖe Yudatɔ siwo ɖo xaxa me nu la, egblɔ be: ‘Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le do me ʋĩ ke. Ètsɔ kpuie le gbe si gbe meyɔ wò, eye nègblɔ be: Mègavɔ̃ o!’—Kony. 3:55-57.
Wodze Agbagbe Be Yewoaƒã Ðikeke Ðe Wo Me Gake Medze Edzi O
Rabsake to ameflunyawo dzi te kpɔ be yeaƒã ɖikeke ɖe dukɔa ƒe susu me. Egblɔ be: “Menye [Yehowa] ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa [oa]? . . . Yehowae gblɔ nam be: Ho ɖe anyigba sia ŋu, eye nàgblẽe!” (2 Fia. 18:22, 25) Eya ta Rabsake nɔ gbɔgblɔm be Yehowa mawɔ aʋa ɖe Eƒe amewo nu o, elabena mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Ke hã, aʋatso kam wònɔ. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Xizkiya kple Yuda dukɔa, si trɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la ŋu.—2 Fia. 18:3-7.
Egbea hã, yometila dzeayewo ate ŋu agblɔ nyateƒenya ɖeka eve aɖewo kple susu be míaƒe susu nawɔ ɖeka kple yewo tɔ, gake wotsɔa alakpanyawo tsakanɛ aɖaŋutɔe bene yewoaƒã ɖikeke ɖe mía me. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, wogblɔ na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo siwo wolé de gaxɔ me la be nɔviŋutsu aɖe si le ŋgɔ xɔm le woƒe dukɔa me la gbe nu le eƒe xɔse gbɔ, eya ta woawo hã woate ŋu awɔe nenema faa ahaɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu. Ke hã, nya mawo meƒã ɖikeke ɖe Kristotɔ siwo bua nu ŋu nyuie la me o.
Bu nu si dzɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe dzi le Xexemeʋa II lia wɔɣi ŋu kpɔ. Esime wònɔ gaxɔ me la, wotsɔ agbalẽ si dzi nuŋɔŋlɔ le si fia be nɔviŋutsu aɖe si nɔ agbanɔamedzinɔƒe la gbe xɔse la fiae. Ame si nɔ gbe biamee la biae be eka ɖe Ðasefo sia dzi mahã. Nɔvinyɔnua ɖo eŋu be, “Ame madeblibo koe [wònye].” Nɔvinyɔnua gblɔ kpee be: Esime wònɔ agbe nɔm ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu la, Mawu zãe. “Gake esi wònye be eƒe nyawo ɖee fia be megale zɔzɔm ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo dzi o ta la, meganye nɔvinye o.” Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe ma wɔ nu le nunya me esi wòwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye, “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o” la dzi ta.—Ps. 146:3.
Ne Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ su mía si eye míewɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ɖe ameflunya siwo ate ŋu agbɔdzɔ tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ nuteƒe la ŋu. (Ef. 4:13, 14; Heb. 6:19) Eya ta be míanɔ dzadzraɖoɖi be míate ŋu abu nuwo ŋu nyuie ne wole nya ƒom ɖe mía nu la, ele be míatsɔ Biblia xexlẽ gbe sia gbe kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Heb. 4:12) Ɛ̃, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míana sidzedze geɖe nasu mía si eye míado ŋusẽ míaƒe xɔse. Nɔviŋutsu aɖe si do dzi le ameɖekɛgaxɔ me ƒe geɖe la gblɔ be: “Medi be made dzi ƒo na ame sia ame be wòakpɔ asixɔxɔ si le gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã wonaa mí la ŋu la adze sii, elabena míate ŋu anya ale si woava ɖe vi na mí le etsɔme o.” Le nyateƒe me la, ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la kple agbalẽ siwo kluvi ƒe haa tana na mí egbea fɔléleɖenuŋutɔe la, ekema, le ɣeyiɣi sesẽwo me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ‘aɖo ŋku’ nu siwo míesrɔ̃ dzi na mí.—Yoh. 14:26.
Wokpɔ Wo Ta Le Ŋɔdzidodowo Me
Rabsake te kpɔ be yeado ŋɔdzi na Yudatɔwo. Egblɔ na wo be: “Mia kple nye aƒetɔ, Asur-fia, mitso gbe kpɔ, eye matsɔ sɔ akpe eve na wò, be àte ŋu akpɔ sɔdolawo aɖo wo dzi mahã? Màte ŋu asi aʋafia ɖeka, si nye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo dome suetɔ hã o.” (2 Fia. 18:23, 24) Le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, Xizkiya kple eƒe dukɔa mate ŋu anɔ te ɖe Asiria aʋakɔ sesẽ la nu le mɔ aɖeke nu o.
Egbea hã, ate ŋu adze abe ŋusẽ triakɔ le yometilawo ŋu ene, vevietɔ ne dziɖuɖua da megbe na wo bliboe. Alea tututue nuwo nɔ le Nazitɔ yometilawo gome le Xexemeʋa II lia wɔɣi. Wodze agbagba be yewoado ŋɔdzi na Mawu subɔla geɖewo. Esi woɖe asi le mía nɔviŋutsu aɖe si wode gaxɔ me ƒe geɖe ŋu megbe la, egblɔ ale si wodze agbagba be yewoado ŋɔdzi nɛ. Gbe ɖeka la, asrafomegã aɖe biae be: “Èkpɔ ale si woda tu nɔviwòa? Nu kae nèsrɔ̃ tso eme?” Eɖo eŋu be: “Yehowae menye ɖasefo na eye mayi edzi anye eƒe ɖasefo.” Asrafomegãa dze agbagba be yeado ŋɔdzi nɛ hegblɔ nɛ be: “Ekema wòe woada tui fifia.” Ke hã, mía nɔviŋutsua tɔ afɔ to sesĩe, eye futɔa dzudzɔ ŋɔdzidodo nɛ. Nu kae kpe ɖe eŋu wònɔ tsitre sesĩe esi wodo ŋɔdzi nɛ? Egblɔ be: “Meɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu.”—Lod. 18:10.
Yehowa dzi xɔxɔ se bliboe le ko abe ɖe míelé akpoxɔnu gã aɖe si kpɔa mía ta tso nu siwo katã Satana wɔna be yeatsɔ agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me la me ɖe asi ene. (Ef. 6:16) Eya ta anyo be míado gbe ɖa abia Yehowa be wòana míaƒe xɔse me nagasẽ ɖe edzi. (Luka 17:5) Ehiã hã be míawɔ ɖoɖo siwo kluvi nyateƒetɔ ƒe ha la wɔ be woado ŋusẽ míaƒe xɔse la ŋu dɔ nyuie. Ne futɔwo le ŋɔdzi dom na mí la, ŋkuɖoɖo kakaɖedzinya si Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel, ame si wònɔ na be wòagblɔ eƒe gbedeasi na dukɔ sẽto aɖe, dzi la, ado ŋusẽ mí. Yehowa gblɔ nɛ be: “Mana wò ŋku me nasẽ abe woƒe ŋku me ene, eye wò ŋgonu nanɔ kplala abe woƒe ŋgonu ene. Mawɔ wò ŋku me wòasẽ abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha.” (Eze. 3:8, 9) Ne ehiã la, Yehowa ate ŋu ana míawo hã míasẽ abe lotamekpe ene.
Ale Si Míaɖu Tetekpɔwo Dzi
Tsitretsiɖeŋulawo kpɔe dze sii be, ɣeaɖewoɣi la, ne agbagba siwo katã dzem yewole la medze edzi o la, nunana siwo dzroa ame tsɔtsɔ ɖo ame ŋkume ate ŋu ana wòadzudzɔ nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi. Rabsake hã te mɔnu sia kpɔ. Egblɔ na Yerusalemtɔwo be: “Ale Asur-fia gblɔ esi: ‘Mibla nu kplim, eye mido va gbɔnye, . . . va se ɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mia tɔ ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne mianɔ agbe, eye miaku o.’” (2 Fia. 18:31, 32) Abolo bɔbɔe ɖuɖu kple wain yeye nono anya dzro Yudatɔ mawo siwo woxaxa ɖo ɖe Yerusalem dua, si ŋu woɖe to ɖo, me la vevie!
Yometilawo zã mɔnu sia ɣeaɖeɣi tsɔ te kpɔ be yewoana ale si dutanyanyuigblɔla aɖe si wode gaxɔ me ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe la me nagbɔdzɔ. Wogblɔ nɛ be yewoakplɔe ayi “aƒe nyui” aɖe si le abɔ “dzeani aɖe me” la me wòanɔ afi ma ɣleti ade be wòate ŋu abu tame. Gake nɔviŋutsua yi edzi nɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye wòlé eƒe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo me ɖe asi goŋgoŋ. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ emegbe be: “Mebua Fiaɖuƒea be eyae nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ. . . . Esi wònye be Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti sidzedze si su asinye la do ŋusẽm, meka ɖe edzi, eye nyemeke ɖii kpɔ o ta la, womete ŋu ble nunye o.”
Ðe míebua Mawu Fiaɖuƒea be enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔa? Blemafofo Abraham, apostolo Paulo, kple Yesu ŋutɔ hã te ŋu do dzi le dodokpɔ sesẽwo me, elabena wobu Fiaɖuƒea be enye nu ŋutɔŋutɔ. (Flp. 3:13, 14; Heb. 11:8-10; 12:2) Ne míeyi edzi tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me eye míena yayra mavɔ siwo wòahe avae la le susu me na mí ɣesiaɣi la, míawo hã míate ŋu awɔ nuteƒe ne wotsɔ nane si ana míakpɔ ablɔɖe tso dodokpɔwo me hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ɖo mía ŋkume.—2 Kor. 4:16-18.
Yehowa Magblẽ Mí Ði O
Togbɔ be Rabsake dze agbagba geɖe be yeado ŋɔdzi na Yudatɔwo hã la, Xizkiya kple dukɔa siaa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (2 Fia. 19:15, 19; Yes. 37:5-7) Eye Yehowa hã ɖo gbe si wodo ɖa be wòakpe ɖe yewo ŋu la ŋu, esi wòdɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ aʋawɔla 185,000 le Asiriatɔwo ƒe asaɖa me le zã ɖeka me. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Sanxerib tsɔ ŋukpe kplɔ asrafo ʋɛ siwo susɔ ɖe eŋu la trɔ yi Niniwe, eƒe fiadua me afɔtsɔtsɔe.—2 Fia. 19:35, 36.
Eme kɔ ƒãa be Yehowa megblẽ ame siwo ɖo ŋu ɖe eŋu la ɖi o. Egbea hã, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ tsitre sesĩe le dodokpɔwo me ƒe kpɔɖeŋuwo nye kpeɖodzi be Yehowa megblẽa etɔwo ɖi o. Ekema susu nyui aɖe tae mía Fofo si le dziƒo la gblɔ kakaɖedzinya sia na mí be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’—Yes. 41:13.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a “Rabsake” nye dzesideŋkɔ si wotsɔna na Asiriatɔwo ƒe dziɖuɖumega. Womeyɔ ŋutsu sia ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le nuŋlɔɖia me o.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]
Yehowa ŋutɔ gblɔ na esubɔlawo le eƒe Nya la me wu zi 30 kakaɖedzinametɔe be: “Mègavɔ̃ o”
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Alekee mɔnu siwo ŋu dɔ Rabsake wɔ le blema la ɖi esiwo zãm Mawu ƒe amewo yome tilawo le egbea?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa kpena ɖe mía ŋu míeléa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔwo me