INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 7/15 axa 7-11
  • ‘Ame Ka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye!’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Ame Ka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye!’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tu Mawumenɔnɔmewo Ðo
  • Minɔ Anyi ‘Ðimaƒomaƒoe Kple Mokakamanɔŋui’
  • Ðe Mɔ Dodokpɔwo Nado Ŋusẽ Wò
  • Do Vevie Nu Le Yehowa Subɔsubɔ Me
  • Ðe Nènye Amesi ‘Lalanaa?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ameka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 7/15 axa 7-11

‘Ame Ka Ƒomeviwoe Wòle Be Mianye!’

“Esi woalólo nu siawo katã ta la, ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me!”—2 PET. 3:11.

1. Nu ka tae Petro ƒe agbalẽ evelia me nyawo nye nuxlɔ̃ame si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me?

KAKA apostolo Petro naŋlɔ eƒe agbalẽ evelia si tso gbɔgbɔ me la, Kristo hamea to yometiti geɖe me xoxo, ke hã, esia mena dzo si nɔ wo me la dzi ɖe kpɔtɔ alo he hamea ƒe ŋgɔyiyi ɖe megbe o. Eya ta Abosam gate mɔnu bubu aɖe, si dze edzi nɛ zi geɖe va yi la, kpɔ. Abe ale si Petro ɖee fia ene la, Satana dze agbagba be yeato aʋatsonufiala siwo “ŋku siwo yɔ fũu kple ahasiwɔwɔ” kple “dzi si wotsɔ ŋubiabiã mla” li na la dzi agblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu. (2 Pet. 2:1-3, 14; Yuda 4) Eya ta esɔ be Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ evelia be yeatsɔ axlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe be woayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu.

2. Nu ka koŋ ŋue Petro ƒe agblẽ evelia ƒe ta 3 lia me nyawo ku ɖo, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

2 Petro ŋlɔ bena: “Mekpɔe be enyo, zi ale si mekpɔtɔ le agbadɔ sia me, be manyɔ mi to ŋkuɖodzinya siawo dzi, esi menyae be magadidi hafi woaɖe nye agbadɔ la ɖa o . . . Eya ta nye hã mawɔ nye ŋutete ɖe sia ɖe ɣesiaɣi, bene le nye dzodzo megbe la, mianɔ ŋku ɖom nu siawo dzi na mia ɖokuiwo.” (2 Pet. 1:13-15) Ɛ̃, Petro nyae be yeƒe kuɣi gogo, gake edi be yeƒe ŋkuɖodzinyawo ya nayi edzi anɔ anyi ɖaa. Eye eva eme nenema hã, elabena eƒe nyawo va zu Biblia ƒe akpa aɖe eye mí katã míate ŋu akpɔe axlẽ egbea. Petro ƒe agbalẽ evelia ƒe ta 3 lia me nyawo ka mí etɔxɛe, elabena fifi nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” kple kpɔɖeŋu dziƒowo kple anyigba la tsɔtsrɔ̃ ɖa koŋ ŋue woku ɖo. (2 Pet. 3:3, 7, 10) Aɖaŋu kawoe Petro ɖo na mí? Alekee eƒe aɖaŋuɖoɖoawo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu?

3, 4. (a) Nya ʋãme kae Petro gblɔ, eye nuxlɔ̃amenya kae wògblɔ? (b) Nu etɔ̃ kawo mee míadzro?

3 Esi Petro ƒo nu tso ale si woalólo Satana ƒe xexea ŋu vɔ la, egblɔ be: “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me!” (2 Pet. 3:11, 12) Edze ƒãa be menye nya biam Petro nɔ o, ke boŋ ɖe wònɔ nyaa gblɔm le mɔ si aʋã ame nu. Enyae be ame siwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu eye woɖea mawumenɔnɔmewo fiana la ɖeɖe ko tae woakpɔ woatsi agbe le “hlɔ̃biaŋkeke” si gbɔna la me. (Yes. 61:2) Esia ta apostoloa gblɔ kpee be: “Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nu siawo do ŋgɔ ta la, minɔ ŋudzɔ, be sedzidalawo [aʋatsonufialawo] ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo ŋu, be miadze anyi le miaƒe tenɔnɔ sesĩ la me o.”—2 Pet. 3:17.

4 Esi Petro hã nɔ ame siwo ‘nya nu siawo do ŋgɔ’ dome ta la, enyae be le ŋkeke mamlɛawo me la, anɔ na Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ vevie ale be woate ŋu alé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, apostolo Yohanes ɖe nu si tae la me eme kɔ nyuie. Ekpɔ ale si woava nya Satana tso dziƒo kple ale si ‘dzi anɔ ekum vevie’ ɖe “ame siwo wɔa Mawu ƒe sewo dzi, eye dɔ le wo si be, woaɖi ɖase tso Yesu ŋuti la” ŋu do ŋgɔ. (Nyaɖ. 12:9, 12, 17) Mawu subɔla amesiamina wɔnuteƒewo kple woƒe zɔhɛ wɔnuteƒe ‘alẽ bubuawo’ aɖu dzi. (Yoh. 10:16) Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Ðe míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asia? Woakpe ɖe mía ŋu míawɔ esia ne míedze agbagba be (1) míetu mawumenɔnɔmewo ɖo, (2) míenɔa anyi ɖimaƒomaƒoe kple mokakamanɔŋui le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ siaa me, eye (3) nukpɔsusu nyuitɔ le mía si ku ɖe dodokpɔwo ŋu. Na míadzro nu etɔ̃ siawo me ɖekaɖeka.

Tu Mawumenɔnɔmewo Ðo

5, 6. Nɔnɔme kawoe wòle be míadze agbagba atu ɖo, eye nu ka tae esia biaa ‘kutrikuku vevie’?

5 Do ŋgɔ la, Petro ŋlɔ le eƒe agbalẽ evelia me be: “Miku kutri vevie miatsɔ nɔnɔme nyui akpe ɖe miaƒe xɔse la ŋu, sidzedze nekpe ɖe miaƒe nɔnɔme nyui la ŋu, ɖokuidziɖuɖu nekpe ɖe miaƒe sidzedze la ŋu, dzidodo nekpe ɖe miaƒe ɖokuidziɖuɖu la ŋu, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nekpe ɖe miaƒe dzidodo la ŋu, nɔvilɔlɔ̃ nekpe ɖe miaƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu la ŋu, lɔlɔ̃ nekpe ɖe miaƒe nɔvilɔlɔ̃ la ŋu. Elabena ne nu siawo le mia me, eye wogba go la, awɔe be mianye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo loo alo ame matsekuwo o le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ la gome.”—2 Pet. 1:5-8.

6 Nyateƒee, ele be ‘míaku kutri vevie’ hafi míate ŋu akpɔ gome le dɔwɔna siwo akpe ɖe mía ŋu míatu mawumenɔnɔmewo ɖo la me. Le kpɔɖeŋu me, ebia kutrikuku be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã dem, anɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, eye míanɔ zɔzɔm ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui aɖe dzi. Eye ate ŋu abia agbagbadzedze vevie kple ɖoɖo nyui wɔwɔ be míanɔ míaƒe fiẽsi Ƒometadedeagua wɔm edziedzi wòanye esi me dzidzɔ anɔ, eye wòatu ƒomea ɖo. Gake ne nuwɔna nyuiwo va zu numame na mí ko la, wo wɔwɔ va nɔa bɔbɔe na mí wu—vevietɔ ne míawo ŋutɔwo míele viɖe siwo dona tso wo me la teƒe kpɔm.

7, 8. (a) Nya kae ame aɖewo gblɔ tso Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa ŋu? (b) Aleke miaƒe Ƒometadedeagua le vi ɖem na wòe?

7 Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ tso ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa ŋu be: “Enaa mɔnukpɔkpɔ mí míesrɔ̃a nu gbogbo aɖe ŋutɔ.” Nɔvinyɔnu bubu gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyemedi be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa natɔ te hafi o. Kpekpe mae doa dzidzɔ nam wu. Gake fifia, esi míeva le zɔzɔm ɖe Ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa dzi la, mekpɔe be Yehowa nya nu si míehiã kple ɣeyiɣi si míehiãe la nyuie.” Ƒome ƒe ta aɖe gblɔ be: “Ƒometadedeagua kpena ɖe mía ŋu ŋutɔ. Esi wònye be míetea ŋu trɔa asi le nusɔsrɔ̃a ŋu wòsɔna ɖe mía kple srɔ̃nye ƒe nuhiahiãwo nu ta la, eɖea vi na mí ŋutɔ! Mí ame evea siaa míekpɔe be míele ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kutsetsea ɖeɖe fia me, eye míele dzidzɔ geɖe kpɔm le subɔsubɔdɔa me wu tsã.” Ƒome ƒe ta bubu aɖe gblɔ be: “Fifia, mía viawo wɔa woawo ŋutɔwo ƒe numekuku, si na wole nu geɖe srɔ̃m—eye wokpɔa dzidzɔ le ewɔwɔ me. Ðoɖo sia na míegaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo eye wòsea míaƒe gbedodoɖawo.” Ðe nya siawo wɔ ɖeka kple ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe gbɔgbɔmeɖoɖo nyui sia si wowɔ na mí ŋua?

8 Mègaɖe mɔ nu maɖinuwo nagblẽ miaƒe ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa me o. Atsu kple asi aɖe gblɔ be, “Le kwasiɖa ene siwo va yi me la, nane dzɔna le míaƒe ƒomea me Yawoɖagbe fiẽ godoo, si dina be yeagblẽ míaƒe nusɔsrɔ̃a me na mí, gake míeɖe mɔ nu mawo gblẽ ɖoɖoa me o.” Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, ahiã be miatrɔ ɣeyiɣi si miewɔa nusɔsrɔ̃a ya. Ke hã, mina wòanye miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be miagana kwasiɖa ɖeka teti gɔ̃ hã nava yi si miawɔ miaƒe Ƒometadedeagua o!

9. Alekee Yehowa kpe ɖe Yeremiya ŋu, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

9 Nyagblɔɖila Yeremiya ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí si míasrɔ̃. Gbɔgbɔmenunyiame si wòxɔna tso Yehowa gbɔ la nɔ vevie nɛ eye wòde asixɔxɔ gã aɖe eŋu. Nunyiame ma kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le gbeƒãɖeɖe na dukɔ sẽto la me. Egblɔ be: “Yehowa ƒe nya zu . . . abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene.” (Yer. 20:8, 9) Ekpe ɖe eŋu hã wòdo dzi le ɣeyiɣi sesẽwo me va de asi na esime nuwo ɖo woƒe sesẽaƒe le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ me. Egbea la, Mawu ƒe Nya bliboa si woŋlɔ ɖi la le mía si. Ne míesrɔ̃e veviedodotɔe eye míena Mawu ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu va su mía si la, abe Yeremiya ene la, míawo hã míate ŋu ado dzi eye míanɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me, míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔwo me, eye míayi edzi anɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenɔnɔ siaa me.—Yak. 5:10.

Minɔ Anyi ‘Ðimaƒomaƒoe Kple Mokakamanɔŋui’

10, 11. Nu ka tae wòle be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míakpɔtɔ anɔ anyi ‘ɖimaƒomaƒoe kple mokakamanɔŋui,’ eye nu kae esia wɔwɔ bia tso mía si?

10 Esi míenye Kristotɔwo ta la, míenyae be nuwuɣia mee míele. Eya ta mewɔa nuku na mí be ame siwo le xexea me la ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna siwo Yehowa lé fui, abe ŋukeklẽ, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple ŋutasẽnuwɔwɔ ene, me vĩi o. Ne míagblɔe kpuie ko la, Satana ƒe susue nye be: ‘Ne nyemate ŋu ana ŋɔdzi nalé Mawu ƒe amewo o la, ɖewohĩ mate ŋu agblẽ nu le wo ŋu le gbɔgbɔ me.’ (Nyaɖ. 2:13, 14) Eya ta ele be míabu nuxlɔ̃amenya sia si lɔlɔ̃ ʋã Petro wògblɔ la ŋkubiãnyae. Egblɔ be: “Miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be [Mawu nakpɔ] mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa me.”—2 Pet. 3:14.

11 Nyagbɔgblɔ si nye “miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe” la ɖi nuxlɔ̃amenya si Petro gblɔ do ŋgɔ be “miku kutri vevie” la. Eme kɔ ƒãa be Yehowa—ame si ʋã Petro be wòŋlɔ nya siawo la—nyae be ehiã be míaʋli vevie hafi míate ŋu akpɔtɔ anɔ anyi ‘ɖimaƒomaƒoe kple mokakamanɔŋui,’ eye Satana ƒe xexea ƒe ɖinu aɖeke nagaka mía ŋu o. Ʋiʋli sia bia be míakpɔ míaƒe dzi ta be dzodzro vɔ̃wo nagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. (Mixlẽ Lododowo 4:23; Yakobo 1:14, 15.) Ebia hã be míatsi tsitre sesĩe ɖe ame siwo míaƒe agbenɔnɔ abe Kristotɔwo ene wɔa mo yaa na eye ‘wonɔa nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe mía ŋu’ la ŋu.—1 Pet. 4:4.

12. Kakaɖedzinya kae le Luka 11:13 me na mí?

12 Le míaƒe blibomademade ta la, avu kple kɔe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nyena na mí. (Rom. 7:21-25) Yehowa, ame si naa gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ le anukware me faa la, ŋu koe míate ŋu atrɔ ɖo hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me. (Luka 11:13) Gbɔgbɔ ma ƒãa nɔnɔme nyui siwo naa Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu la ɖe mía me eye nɔnɔme mawo kpena ɖe mía ŋu, menye be míate ŋu anɔ te ɖe tetekpɔ siwo míedoa goe le agbe me la nu ko o, ke be míate ŋu ado dzi le dodokpɔwo hã me—dodokpɔ siawo nu ate ŋu anɔ sesẽm ɖe edzi esime Yehowa ƒe ŋkeke la le aƒe tum.

Ðe Mɔ Dodokpɔwo Nado Ŋusẽ Wò

13. Ne dodokpɔwo va mía dzi la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

13 Zi ale si míegakpɔtɔ le nuɖoanyi xoxo sia me ko la, míato dodokpɔ ƒomevi vovovowo me godoo. Gake le esi nàɖe mɔ dodokpɔwo nana dzi naɖe le ƒowò teƒe la, ɖe manyo wu be nàbu dodokpɔawo be wonye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàɖo kpe lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu la dzi eye nàna ale si nèxɔ eyama kple eƒe Nyaa dzi se la me nasẽ ɖe edzi oa? Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae be miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ ta.” (Yak. 1:2-4) Ðo ŋku edzi hã be “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Pet. 2:9.

14. Aleke Yosef ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na wòe?

14 Bu Yakob viŋutsu Yosef, si eya ŋutɔ nɔviŋutsuwo dzra wòzu kluvi la, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. (1 Mose 37:23-28; 42:21) Ðe ŋutasẽnu si wowɔ ɖe Yosef ŋu la na eƒe xɔse me gbɔdzɔa? Ðe wòdo dziku ɖe Mawu ŋu le esi wòɖe mɔ nu vɔ̃ɖi sia dzɔ ɖe edzi ta? Ao! Mawu ƒe Nyaa ɖee fia kɔtɛ be mewɔ nenema o. Gawu la, dodokpɔ siwo va Yosef dzi la mese ɖe afi ma o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotso enu alakpatɔe be etee kpɔ be yeadɔ eƒe aƒetɔ srɔ̃ gbɔ sesẽe eye wolée de gaxɔ me. Gake le nudzɔdzɔ sia hã me la, elé eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me ɖe asi sesĩe. (1 Mose 39:9-21) Eɖe mɔ dodokpɔ siwo me tom wònɔ la do ŋusẽe, eye woyrae geɖe ŋutɔ ɖe esia ta.

15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Naomi ƒe kpɔɖeŋua me?

15 Enye nyateƒe be dodokpɔ siwo míedoa goe ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi alo míalé blanui vevie gɔ̃ hã. Ðewohĩ Yosef hã se le eɖokui me nenema ɣeaɖewoɣi. Ðikeke mele eme o be Mawu subɔla wɔnuteƒe bubuwo hã se le wo ɖokui me nenema kpɔ. Bu Naomi, ame si srɔ̃ ku eye viaŋutsu eveawo ku hã ku nɛ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara [si gɔmee nye “Veve”] nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!” (Rut 1:20, 21) Ale si Naomi wɔ nui la le dzɔdzɔme nu eye míate ŋu ase egɔme nɛ hã. Gake abe ale si wònɔ le Yosef gome ene la, Naomi ƒe xɔse me megbɔdzɔ o, eye medzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu o. Esia ta Yehowa ɖo eteƒe na nyɔnu malɔ̃nugbɔ sia. (Rut 4:13-17, 22) Gawu la, le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me la, Yehowa aɖɔ nu siwo katã Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖia gblẽ la ɖo. “Womagaɖo ŋku [nu siwo dzɔ va yi la] dzi o, eye womagava ame ƒe dzi me hã o.”—Yes. 65:17.

16. Aleke wòle be míanɔ gbe dom ɖae, eye nu ka tae?

16 Dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o, nyanya be Mawu lɔ̃a mí ɣeawokatãɣi akpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Mixlẽ Romatɔwo 8:35-39.) Togbɔ be Satana madzudzɔ agbagbadzedze be yeaɖe dzi le mía ƒo o hã la, ado kpo nu ne ‘míele ŋute’ eye ‘míele ŋudzɔ hena gbedodoɖa.’ (1 Pet. 4:7) Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, bene miate ŋu asi le nu siawo katã siwo adzɔ la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (Luka 21:36) De dzesii be Yesu zã nya “kokoƒoƒo,” si fia gbedodoɖa vevie. Esi Yesu xlɔ̃ nu mí be míanɔ kokoƒoƒo dzi la, enɔ gbe tem ɖe edzi be fifiae wòle be míabu míaƒe tenɔnɔ le eya amea kple Fofoa ŋkume ŋkubiãnyae. Ame siwo ŋu woakpɔ ŋudzedze ɖo la koe ate ŋu akpɔ mɔ be yewoatsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi.

Do Vevie Nu Le Yehowa Subɔsubɔ Me

17. Ne ɖaseɖiɖi le wò anyigbamama me sesẽ la, alekee nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na wò?

17 Gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwo me naa míaƒe dzi dzea eme. Esia na míeɖo ŋku Petro ƒe nya sia dzi be: “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me!” (2 Pet. 3:11) Dɔwɔna mawo ƒe vevitɔe nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia. (Mat. 24:14) Enye nyateƒe be gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu asesẽ le anyigbamama aɖewo me, ɖewohĩ le amewo ƒe ɖekematsɔleme alo tsitretsitsi ɖe mía ŋu alo le esi gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo wɔe be vovo megava le amewo ŋu o ta. Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema hã wɔ avu kple nɔnɔme siawo tɔgbi. Ke hã, womena ta gbeɖe o, ke boŋ wotsɔ gbedeasi si woxɔ tso Mawu gbɔ la nɔ yiyim na amewo “enuenu.” (Mixlẽ 2 Kronika 36:15, 16; Yer. 7:24-26) Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? Wona Yehowa ƒe nukpɔsusu le dɔa ŋu nɔ wo si, ke menye xexea ƒe nukpɔsusu o. Gakpe ɖe eŋu la, wobui be bubu si ɖeke mesɔ kplii o ye wònye be Mawu ƒe ŋkɔ le yewo ŋu.—Yer. 15:16.

18. Akpa kae Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa awɔ le etsɔme le Mawu ƒe ŋkɔa dodo ɖe dzi me?

18 Mɔnukpɔkpɔ su míawo hã si be míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo. Bu nya sia ŋu kpɔ: Le gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele ta la, ne Mawu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va eƒe futɔwo dzi le eƒe ŋkeke gãa dzi la, womate ŋu ado taflatsɛ agblɔ be womegblɔ eyama kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti nya na yewo kpɔ o. Le nyateƒe me la, abe ale si wònɔ le Farao si nɔ anyi le blema gome ene la, woadze sii be Yehowa ye le aʋa wɔm kpli yewo. (2 Mose 7:26; 8:16; 14:25) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa ade bubu esubɔla wɔnuteƒeawo ŋu ne eva na eme kɔ nyuie be ye teƒenɔlawoe wonye vavã.—Mixlẽ Ezekiel 2:5; 33:33.

19. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedi be míawɔ Yehowa ƒe dzigbɔɖi la ŋu dɔ nyuie?

19 Le Petro ƒe agbalẽ evelia ƒe nuwuwu lɔƒo la, egblɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “Mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ.” (2 Pet. 3:15) Ɛ̃, mina míawɔ Yehowa ƒe dzigbɔɖi la ŋu dɔ nyuie. Aleke míawɔ esiae? Míawɔ esia ne míele nɔnɔme nyui siwo dzea eŋu la tum ɖo, ne míeyi edzi nɔ anyi ‘ɖimaƒomaƒoe kple mokakamanɔŋui,’ ne míena nukpɔsusu nyuitɔ su mía si ku ɖe dodokpɔwo ŋu, eye míeyi edzi le geɖe wɔm le Fiaɖuƒedɔa me. Ne míele esia wɔm la, míate ŋu akpɔ mɔ be yayra mavɔ siwo “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la ahe avae la asu mía si.—2 Pet. 3:13.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Alekee míate ŋu atu mawumenɔnɔmewo ɖo?

• Aleke míawɔ anɔ anyi ‘ɖimaƒomaƒoe kple mokakamanɔŋui’?

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef kple Naomi ƒe kpɔɖeŋuawo me?

• Nu ka tae gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nu kawoe akpe ɖe mi srɔ̃ŋutsuwo ŋu miatu mawumenɔnɔmewo ɖo eye miakpe ɖe ƒomea hã ŋu woawɔe nenema?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yosef wɔ nu le dodokpɔwo me la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe