Nu Si Yehowa Ƒe Ŋkeke La Aɖe Ðe Go
“Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, . . . eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa.”—2 PET. 3:10.
1, 2. (a) Alekee fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia le nu wu ge? (b) Biabia kawo mee míadzro?
AƲATSOKAKA gbãtɔ si nye be amegbetɔwo ate ŋu aɖu anyigba sia dzi dzidzedzetɔe Yehowa ƒe asi manɔmee la dzie woɖo fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia gɔme anyi ɖo. (Ps. 2:2, 3) Ðe nane si gɔme woɖo anyi ɖe aʋatsokaka dzi la ate ŋu ali ke tegbeea? Gbeɖe! Ke hã, mele be míakpɔ mɔ be Satana ƒe xexea awu enu le eɖokui si o. Ke boŋ Mawue atsrɔ̃e le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, le mɔ si wòdi nu. Ne Mawu tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia la, esia aɖe eƒe dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ deblibo la siaa afia.—Ps. 92:8; Lod. 2:21, 22.
2 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, si me dziƒowo nu ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, gake wo me nuawo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la alólo, eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa.” (2 Pet. 3:10) Nu kawoe “dziƒowo” kple “anyigba” si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia le tsitre ɖi na? Nu kawoe nye “nuawo” siwo alólo la? Eye nu kae Petro wɔnɛ esi wògblɔ be “anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa”? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo nyanya akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi na nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔ ge le etsɔme kpuie la.
Dziƒowo Kple Anyigba Siwo Nu Ava Yi
3. Nu kawoe “dziƒowo,” siwo ŋu woƒo nu tso le 2 Petro 3:10 la le tsitre ɖi na, eye aleke wo nu ava yii?
3 Ne wozã nya “dziƒowo” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Biblia me la, zi geɖe la, etsia tsitre ɖi na dziɖuŋusẽwo, siwo le ɖoƒe kɔkɔwo ne wotsɔ wo sɔ kple wo te viwo. (Yes. 14:13, 14; Nyaɖ. 21:1, 2) ‘Dziƒowo, siwo nu ava yi’ la le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe sia dzi ɖum la. Ale si wo nu ava yi kple “gbeɖiɖi sesẽ”—alo “gbeɖeɖe,” le Biblia gɔmeɖeɖe bubu ƒe nya nu la—ate ŋu afia ale si woatsrɔ̃ dziƒo siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la.
4. Nu kae “anyigba” la le tsitre ɖi na, eye alekee woatsrɔ̃e?
4 “Anyigba” la le tsitre ɖi na ameƒomea me tɔwo siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ. Ame siawo, alo xexe sia tɔgbi, nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me, eye Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ xexe ma le Mawu ƒe nya nu. “[Wotsɔ nya ma ke dzra] fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.” (2 Pet. 3:7) Togbɔ be Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo katã zi ɖeka hã la, le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna le “xaxa gã” me ya la, woatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ƒe hatsotso aɖe gbã, eye emegbe woatsrɔ̃ ame susɔeawo. (Nyaɖ. 7:14) Le xaxa gãa ƒe gɔmedzedze la, Mawu ana xexea me ƒe dunyahedziɖulawo natsrɔ̃ “Babilon Gã la,” eye wòato esia me aɖe ale si wòlé fu mawusubɔsubɔ me gbolo siae la afia. (Nyaɖ. 17:5, 16; 18:8) Emegbe le Harmagedon-ʋa, si nye xaxa gãa ƒe nuwuwu, me la, Yehowa ŋutɔ atsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea ɖa.—Nyaɖ. 16:14, 16; 19:19-21.
‘Nuawo Alólo’
5. Nu kawoe “nuawo,” si ŋu woƒo nu tso le 2 Petro 3:10 lɔ ɖe eme?
5 Nu kawoe “nuawo,” siwo alólo la le tsitre ɖi na? “Nuawo,” si ŋu Petro ƒo nu tsoe la ku ɖe gɔmedzenu siwo le megbe na xexe sia ƒe nɔnɔme, eƒe mɔwo, kple eƒe taɖodzinu, siwo ɖea mawumavɔmavɔ̃ fiana la ŋu. “Xexea ƒe gbɔgbɔ,” si “le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me,” la hã nye “nuawo” ƒe akpa aɖe. (1 Kor. 2:12; mixlẽ Efesotɔwo 2:1-3.) Gbɔgbɔ, alo “ya” ma, xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexea me. Ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woabu tame, aɖe susu, aƒo nu, ahawɔ nu le mɔ siwo ɖea Satana, si nye “fia” dadala dzeaglã, “si kpɔ ŋusẽ ɖe ya” sia dzi la ƒe tamesusuwo fiana la nu.
6. Nu kawo mee xexea ƒe gbɔgbɔ dzena le?
6 Eya ta ame siwo dzi xexe sia ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖo la ɖea mɔ Satana kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu kple dzimedidiwo dzi ale gbegbe be wova ɖea eƒe nuŋububu kple nɔnɔmewo fiana. Esia wɔnɛ be wowɔa nu si dzea wo ŋu, eye wometsɔa ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o. Dada alo ɖokuitɔdidi ye kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nui dzi, wodzea aglã ɖe ŋusẽwo ŋu, eye wonɔa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro” yome wo ɖokuiwo dzi maɖumaɖui.—Mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.a
7. Nu ka tae wòle vevie be ‘míadzɔ míaƒe dzi ŋu’?
7 Eya ta aleke gbegbe wòle vevie enye esi be ‘míadzɔ míaƒe dzi ŋu’ to mawumenunya ŋu dɔ wɔwɔ le ame siwo míedzea xɔ̃e, nu siwo míexlẽna, míaƒe modzakaɖeɖe, kple ale si míezãa Internet lae me! (Lod. 4:23) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mikpɔ nyuie: ɖewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe, le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.” (Kol. 2:8) Nuxlɔ̃amenya sia dzi wɔwɔ ganye ŋkubiãnya geɖe wu esi Yehowa ƒe ŋkeke la le aƒe tum, elabena ŋkeke ma ƒe dzoxɔxɔ si ɖeke mesɔ kpli o la alólo Satana ƒe nuɖoanyia me “nuawo” katã, eye esia aɖee afia be womate ŋu anɔ te ɖe Mawu ƒe dziku ƒe dzoxɔxɔa nu o. Esia na míeɖo ŋku Maleaxi 3:19 me nya sia dzi be: “Ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; dadalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afiã wo.”
“Anyigba Kple Dɔwɔwɔ Siwo Le Eme La Adze Ƒãa”
8. Gɔmesese ka nue anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la “adze ƒãa” le?
8 Nu kae Petro wɔnɛ esi wòŋlɔ bena “anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa”? Woate ŋu agaɖe nyagbɔgblɔ “adze ƒãa” gɔme be “woaklo nu le edzi” alo “woaʋu goe.” Nu si Petro wɔnɛ ye nye be, le xaxa gã la me la, Yehowa aklo nu le Satana ƒe xexea dzi, si fia be ana wòadze ƒãa be xexe sia tsi tsitre ɖe ye kple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu eye wòdze na tsɔtsrɔ̃. Yesaya 26:21 gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu le nyagblɔɖi me be: ‘Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu ame siwo wowu ɖe edzi la dzi o.’
9. (a) Nu kawoe wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae? (b) Ku kae wòle be míadze agbagba atse, eye nu ka tae?
9 Le Yehowa ƒe ŋkekea dzi la, ame siwo ɖe mɔ xexe sia kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ɖi la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la aɖe woƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ afia, woawu wo nɔewo gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, ate ŋu anɔ eme be modzakaɖenu gbogbo siwo li egbea siwo doa ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la le ame geɖe ƒe susu mlam hele wo dzram ɖo ɖe ɣeyiɣi ma si gbɔna esime ame sia ame “akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu” la ŋu. (Zax. 14:13) Ekema aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míaƒo asa na television dzi wɔnawo, agbalẽwo, videodzifefewo, kple nu bubu ɖe sia ɖe si ate ŋu aƒã nɔnɔme siwo Mawu lé fui, abe dada kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu ene, ɖe mía me! (2 Sam. 22:28; Ps. 11:5) Mina míadze agbagba atse Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea boŋ, elabena eƒe nɔnɔme nyuiawo ya mafiã ne Yehowa ƒe ŋkekea ƒe dzoxɔxɔa va o.—Gal. 5:22, 23.
“Dziƒo Yeye Kple Anyigba Yeye” La
10, 11. Nu kawoe nye “dziƒo yeye” kple “anyigba yeye” la?
10 Mixlẽ 2 Petro 3:13. “Dziƒo yeye” la nye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe, si woɖo anyi le ƒe 1914 me esime “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” wu enu. (Luka 21:24) Kristo Yesu kple eƒe hatidziɖula ame 144,000, siwo dometɔ akpa gãtɔ xɔ woƒe dziƒofetu xoxo, lae ƒo ƒu nye Fiaɖuƒedziɖuɖu sia. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woɖɔ ame tiatia siawo be wonye “du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye, la . . . wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ aɖe si woɖo atsyɔ̃ na hena srɔ̃a ene.” (Nyaɖ. 21:1, 2, 22-24) Abe ale si ko Yerusalem si nɔ anyigba dzi la nye blema Israel ƒe fiadu ene la, Yerusalem Yeyea kple eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ lae anye dziɖuɖu si aɖu nuɖoanyi yeyea dzi. Du sia si le dziƒo la ‘aɖi tso dziƒo’ le gɔmesesea nu be atrɔ eƒe susu ɖe anyigbaa ŋu.
11 “Anyigba yeye” la fia amegbetɔƒome yeye si anɔ anyigba dzi, siwo aɖee afia be yewobɔbɔ yewo ɖokui ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. Fifia kura gɔ̃ hã, Mawu ƒe amewo le vivi sem le gbɔgbɔmeparadiso me, ke hã, woava se vivi le gbɔgbɔmeparadisoa me le teƒe nyuitɔ si wòle be woase vivi nɛ le la mlɔeba, si nye “anyigba [dzeani] si gbɔna, si dzi amewo anɔ” la. (Heb. 2:5) Nu kae míawɔ be míanɔ agbe le nuɖoanyi yeye ma me?
Dzra Ðo Ðe Yehowa Ƒe Ŋkekea Ŋu
12. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava awɔ mo yaa na ame siwo le xexea me?
12 Paulo kple Petro siaa gblɔe ɖi be Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge ‘abe fiafitɔ ene’—le vo me, le ɣeyiɣi si womanɔ mɔ kpɔm nɛ o la me. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:1, 2.) Eƒe vava zi ɖeka kpoyi alea awɔ nuku na Kristotɔ vavãwo, siwo le mɔ kpɔm na ŋkeke ma la gɔ̃ hã. (Mat. 24:44) Gake awɔ nuku na ame siwo le xexea me ya geɖe wu. Paulo ŋlɔ bena: “Ne [ame siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa gbɔ le] gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene; eye womate ŋu asi le mɔ aɖeke nu o.”—1 Tes. 5:3.
13. Aleke míawɔ be “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ɣlidodoa nagaflu mí o?
13 Ɣli si woado be “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” la anye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe alakpanya bubu aɖe; ke hã, maflu Yehowa ƒe amewo ya o. Paulo ŋlɔ bena: “Miele viviti me o, bene ŋkeke ma naɖi ɖe mi abe ale si wòaɖi ɖe fiafitɔwo ene o, elabena mi katã mienye kekeli ƒe viwo kple ŋkeke ƒe viwo.” (1 Tes. 5:4, 5) Eya ta mina míakpɔtɔ anɔ kekeli la me, anɔ adzɔge ɖaa tso Satana ƒe xexea ƒe viviti la gbɔ. Petro ŋlɔ bena: “Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nu siawo do ŋgɔ ta la, minɔ ŋudzɔ, be sedzidalawo ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo [ame siwo nye aʋatsonufialawo le Kristo hamea me] ŋu, be miadze anyi le miaƒe tenɔnɔ sesĩ la me o.”—2 Pet. 3:17.
14, 15. (a) Aleke Yehowa de bubu mía ŋui? (b) Nya siwo tso gbɔgbɔ me kawo ŋue wòle be míade ŋugble le vevie?
14 De dzesii be menye ɖeko Yehowa gblɔ na mí be ‘míanɔ ŋudzɔ’ ko evɔ o. Ke boŋ ede bubu mía ŋu esi wòna nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le etsɔme la ŋuti numekɔkɔ aɖewo mí “do ŋgɔ” dɔmenyotɔe.
15 Nublanuitɔe la, ame aɖewo megatsɔa ɖeke le ŋkuɖodzinya si nye be míanɔ ŋudzɔ la me o alo woɖea ɖeklemi nya mawo gɔ̃ hã. Ðewohĩ woanɔ gbɔgblɔm be, ‘Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia míele ŋkuɖodzinya mawo sem.’ Gake ele be wòanɔ susu me na ame siawo be, ne wole nya siawo gblɔm la, le nyateƒe me la, Yehowa kple Via ye wole ɖi kemee, ke menye kluvi nyateƒetɔ ƒe ha la koe o. Yehowa ŋutɔ gblɔ be: “Kpɔ esinu.” (Xab. 2:3) Yesu hã gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.” (Mat. 24:42) Gakpe ɖe eŋu la, Petro ŋlɔ bena: “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me, eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu!” (2 Pet. 3:11, 12) Kluvi nyateƒetɔ la kple eƒe Dziɖuhaa mabu nuxlɔ̃amenya vevi mawo nu tsɛe gbeɖe o!
16. Nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?
16 Le nyateƒe me la, “kluvi vɔ̃ɖi” lae ƒoa nya ta be yeƒe Aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o. (Mat. 24:48) Kluvi vɔ̃ɖi ma hã le ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le 2 Petro 3:3, 4 la dome. Petro ŋlɔ bena, “Le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava,” ame siwo, “le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu” la, woɖua fewu le ame siwo ɖoa to Yehowa eye wona eƒe ŋkeke la ƒe vava le susu me na wo vevie la ŋu. Le nyateƒe me la, fewuɖula mawo bua woawo ŋutɔwo kple woƒe ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo ko ŋu le esi teƒe be woatsɔ woƒe susu aɖo Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu. Negadzɔ gbeɖe be míasrɔ̃ tomaɖomaɖo ƒe nɔnɔme ma si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu la o! Ke boŋ mina “[míabu] mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ,” to ale si míado vevie nu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me dzi, eye míaganɔ dzimaɖi tsim fũu akpa ɖe ɣeyiɣi si me nuwo adzɔ la nyanya ŋu o, elabena emawo le Yehowa si me.—2 Pet. 3:15; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 1:6, 7.
Ðo Ŋu Ðe Xɔname Ƒe Mawu La Ŋu
17. Alekee Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔ nu ɖe nuxlɔ̃ame si Yesu na be woasi adzo le Yerusalem la ŋu, eye nu ka tae?
17 Esi Roma asrafowo va dze Yudea dzi le ƒe 66 M.Ŋ. me hetrɔ dzo megbe la, Kristotɔ wɔnuteƒewo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be woasi adzo le Yerusalem dua me enumake la dzi. (Luka 21:20-23) Nu kae na be wotso nya me kaba hewɔ nu kpata nenema? Ðikeke mele eme o be woƒe susu nɔ Yesu ƒe nuxlɔ̃amea ŋu vevie. Kakaɖedzitɔe la, wonya be afɔɖeɖe ma ana yewoato fukpekpe aɖewo me abe ale si Kristo xlɔ̃ nu wo do ŋgɔ ene. Ke hã, wonyae hã be Yehowa magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi gbeɖe o.—Ps. 55:23.
18. Aleke Yesu ƒe nya si dze le Luka 21:25-28 la na nèse le ɖokuiwò me ku ɖe xaxa gã si gbɔna la ŋu?
18 Ele be míawo hã míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, elabena eya ɖeka koe anye míaƒe xɔnametɔ le ɣeyiɣi si me xaxa gã, si tɔgbi meva le amegbetɔ ƒe ŋutinya me kpɔ o la, ava fifi nuɖoanyia dzi la me. Ɣeaɖeɣi le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze megbe, gake hafi Yehowa natsrɔ̃ xexea ƒe akpa susɔea la, “amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna anyigba dzi la ta.” Ke hã, le ɣeyiɣi si Mawu ƒe futɔwo anɔ dzodzom nyanyanya le vɔvɔ̃ ta la, ŋɔ madzi Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ya o. Ke boŋ woakpɔ dzidzɔ, elabena wonya be yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo.—Mixlẽ Luka 21:25-28.
19. Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
19 Ɛ̃, etsɔme nyui ka gbegbee nye esi le ŋgɔ na ame siwo ayi edzi aɖe wo ɖokui ɖe aga tso xexea kple eme “nuawo” ŋu! Gake abe ale si nyati si kplɔe ɖo aɖe emee ene la, ne míedi be míakpɔ agbe la, ele be míawɔ nu siwo yi ŋgɔ wu asaƒoƒo na vɔ̃ ko. Ehiã be míatu nɔnɔme siwo doa dzidzɔ na Yehowa la ɖo eye míawɔ dɔ siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo.—2 Pet. 3:11.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Reasoning From the Scriptures, axa 389-393 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 140-143) hena numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe nɔnɔme siwo xexea ƒe gbɔgbɔ dona ɖe ŋgɔ ŋu.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nu kawoe nu siwo gbɔna la le tsitre ɖi na?
Fifi ‘dziƒowo kple anyigba’ la.
“Nuawo.”
“Dziƒo yeye kple anyigba yeye” la.
• Nu ka tae míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe?
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Alekee nàte ŋu ‘adzɔ wò dzi ŋu’ ahayi edzi aɖe ɖokuiwò ɖe aga tso xexea gbɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Aleke míeɖenɛ fiana be ‘míebua mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ’?