Mègana Amewo Ƒe Nukpɔsusu Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwò O
NUKPƆSUSU siwo ku ɖe nu si sɔ kple nu si mesɔ o kpakple nu si dze na kafukafu kple nu si dze na mokaka ŋu to vovo tso teƒe yi teƒe. Eye ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nukpɔsusu mawo trɔna. Eya ta ne míele blemanudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me xlẽm la, ele be míabu nukpɔsusu kple dzidzenu siwo nɔ amewo si le Biblia ŋlɔɣiwo me la ŋu, ke menye be míase nu si míexlẽ la gɔme le míawo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu nu o.
Na míatsɔ bubu kple ŋukpe, si ŋu woƒo nu tso edziedzi le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Bene míase Biblia ƒe akpa siwo ƒo nu tso bubu kple ŋukpe ŋu gɔme nyuie wu la, ele be míade ŋugble le ale si ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la bua woe ŋu.
Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Tɔwo Ƒe Nukpɔsusu Le Bubu Kple Ŋukpe Ŋu
Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Helatɔwo, Romatɔwo, kple Yudatɔwo siaa bua bubu kple ŋukpe be wowɔa akpa vevi aɖe le yewoƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. . . . Amewo dagbana le agbe me helɔ̃na faa be yewoaku gɔ̃ hã, ɖe bubu, ŋkɔ nyui ƒe ame ŋu nɔnɔ, ŋkɔxɔxɔ, kple amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ta.” Esi wònye be wotia nu siawo yome vevie ta la, amewo ƒe nukpɔsusuwo tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi bɔbɔe.
Le xexe ma, si me amewo tsia dzi ɖe ɖoƒe ŋu vevie, tso bubumewo dzi va se ɖe kluviwo dzi, me la, amewo dea asixɔxɔ ŋkɔ si le wo ŋu, ɖoƒe si wole, kple bubu si le wo ŋu la ŋu ale gbegbe. Menye asixɔxɔ si ame aɖe dea eɖokui ŋu ko dzie bubu si le eŋu la nɔa te ɖo o, ke enɔa te ɖe ale si ame bubuwo bunɛ hã dzi. Ɣemaɣi la, be woade bubu ame aɖe ŋu fia be woakafui le dutoƒo be ewɔa nu abe ale si wokpɔ mɔ be wòawɔe ene. Bubudede ame ŋu bia hã be woaɖee afia be wodea asixɔxɔ amea ƒe kesinɔtɔnyenye, ɖoƒe, alo bubumenyenye ŋu, eye le esia ta woawɔ nu ɖe eŋu abe ale si amewo kpɔ mɔ be woawɔe ene. Bubu tea ŋu va nɔa ame ŋu ne ewɔa dɔ nyuiwo alo etea ŋu wɔa nu wònyona wu ame bubuwo tɔ. Nenema kee, ale si amewo ɖi gbɔ ame aɖe le dutoƒo alo woɖu fewu le eŋu ye wobuna ŋukpe alo bubukoklo le ame ŋu. Eya ta le woƒe susu nu la, menye ale si ame sena le eɖokui me alo eƒe dzitsinya ƒe fɔbubui ɖeɖe ko dzie ŋukpe kple bubu manɔameŋu nɔ te ɖo o, ke ale si ame siwo dome wòle la bua fɔe la koŋ dzie wònɔ te ɖo.
Nya si Yesu gblɔ ku ɖe “bubunɔƒe gãtɔ kekeake” alo “nɔƒe si bɔbɔ ɖe anyi wu” nana ame aɖe le kplɔ̃ɖoƒe ŋu la ɖee fia be afi si ame anɔ la nye bubu alo ŋukpe ƒe nya, le ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ƒe kɔa nu. (Luka 14:8-10) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo he nya le wo nɔewo dome ku ɖe “wo dometɔ si dze abe eyae nye gãtɔ ene la ŋuti” zi eve ya teti. (Luka 9:46; 22:24) Nane si ŋu ame siwo dome wonɔ la tsia dzi ɖo vevie ye nye ema dim woawo hã wonɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yudatɔ subɔsubɔhakplɔla siwo me dada kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ nɔ la bui be Yesu ƒe gbeƒãɖeɖea ɖe bubu le yewo ŋu eye wòtɔ gbe yewoƒe ŋusẽ. Gake ɣesiaɣi si wodze agbagba be yewoaɖee afia be yewokɔ wui to nyaʋiʋli kplii le dutoƒo le amehawo ŋkume me la, wodoa kpo nu.—Luka 13:11-17.
Nu bubu si Yudatɔwo, Helatɔwo, kple Romatɔwo bua ŋukpenanui le ƒe alafa gbãtɔ me ye nye “ne wolé ame aɖe eye wotso enu le dutoƒo be ewɔ nu gbegblẽ.” Ne wobla ame aɖe alo wodee gaxɔ me la, wobunɛ be enye bubukoklo le eŋu. Nuwɔwɔ ɖe ame ŋu alea nye gbɔɖiɖi amea le xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple nutoa me tɔwo katã ŋkume—nenye be wobu fɔe le ʋɔnudrɔ̃ƒe ɖe nu vlo wɔwɔ aɖe ta loo alo womebu fɔe o gɔ̃ hã. Ale si esia ƒoa ɖi amea ƒe ŋkɔe la ate ŋu aklo bubu le eŋu keŋkeŋ eye wòagblẽ ƒomedodo si le woa kple ame bubuwo dome la me. Nu si doa ŋukpe ame wu amebabla ye nye gbɔɖiɖi amea to awuɖeɖe le eŋu alo eƒoƒo me. Nuwɔwɔ ɖe ame ŋu alea nana amewo doa vloe eye woɖua fewu le eŋu, si wɔnɛ be bubu megava nɔa eŋu o.
Amehehe ɖe fuwɔameti ŋu nye nuwɔna si kloa bubu le ame ŋu wu ɖe sia ɖe. Agbalẽnyala Martin Hengel gblɔ be amewuwu le mɔ sia nu nye “to si wohena na kluviwo.” Egblɔ yi edzi be: “Esia fiaa vlododo, ŋukpedodo, kpakple fuwɔwɔ ame si gbɔ eme.” Amewo ƒoa nya ɖe ame si ŋu wowɔ nu ɖo alea la ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nu be woagbe nu le egbɔ. Esi wònye be aleae wowu Kristo ta la, enɔ na ame siwo katã di be yewoanye Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la be woakpe akɔ kple fewuɖuɖu le wo ŋu le dutoƒo. Anɔ eme be ame akpa gãtɔ bunɛ be enye bometsitsi be ame aɖe nagblɔ be yenye ame si woklã ɖe ati ŋu la yome dzela. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Míeɖea gbeƒã Kristo si wohe ɖe ati ŋu la, wònye nukikli na Yudatɔwo, gake wònye bometsinya na dukɔwo ya.” (1 Kor. 1:23) Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ te ŋu nɔ te ɖe kuxi sia nu?
Kristotɔwo Ƒe Nuŋububu To Vovo
Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔa se dzi eye wodzea agbagba be yewoaƒo asa na ŋukpe si nu gbegblẽ wɔwɔ hena vaa ame dzi. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Migana mia dometɔ aɖeke nakpe fu abe amewula alo fiafitɔ alo vɔ̃ wɔla alo ame si dea nu nya si metsɔ egbɔ o me ene o.” (1 Pet. 4:15) Ke hã, Yesu gblɔ ɖi be ye yomedzelawo akpe fu le yometiti me le yeƒe ŋkɔ ta. (Yoh. 15:20) Petro ŋlɔ bena: “Ne [ame aɖe kpea] fu le esi wònye Kristotɔ ta la, negakpe ŋu nɛ o, ke boŋ neyi edzi wòanɔ Mawu dom ɖe dzi.” (1 Pet. 4:16) Hafi ame aɖe nate ŋu ato fukpekpewo me abe Kristo yomedzela ene eye makpe ŋu nɛ o la, ele be wòagbe nu le ale si amewo bua ŋukpee ɣemaɣi la gbɔ.
Kristotɔwo meɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi o. Le ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, enye bometsitsi be woabu ame aɖe si woklã ɖe ati ŋu be enye Mesia. Amewo ƒe nuŋububu ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo dzi be woawo hã nabu nuwo ŋu abe ame bubuwo ke ene. Ke hã, Yesu dzi xɔxɔ se be eyae nye Mesia la bia be woadze eyome, ne woɖu fewu le wo ŋu gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na le dzidzime wɔahasi sia si wɔa nu vɔ̃ me la, eƒe nu akpe ŋu na Amegbetɔvi la hã ne eva ɖo le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.”—Mar. 8:38.
Egbea la, amewo ate ŋu aƒo nya ɖe mía nu kple taɖodzinu be míadzudzɔ Kristo yome dzedze. Nyaƒoɖeamenu siawo ate ŋu atso sukuhati, aƒelika, alo dɔwɔhati siwo dzea agbagba be yewoana míakpɔ gome le agbe gbegblẽ nɔnɔ, anukwaremaɖimaɖi, kple nuwɔna maɖɔʋu bubuwo me, la gbɔ. Ame siawo ate ŋu adze agbagba be yewoana ŋu nakpe mí le esi míeléa gɔmeɖose dzɔdzɔewo me ɖe asi ta. Aleke wòle be míawɔ nui?
Srɔ̃ Ame Siwo Mebu Ŋukpe Ðe Naneke Me O
Esi Yesu di be yealé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi ta la, elɔ̃ faa ku vlodoameku si kloa bubu le ame ŋu wu ɖe sia ɖe. “Edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o.” (Heb. 12:2) Yesu ƒe futɔwo ƒo tome nɛ, woɖe ta ɖe eŋu, woɖe awu le eŋu, woƒoe, woklãe ɖe ati ŋu, eye wogblɔ nya vlowo ɖe eŋu. (Mar. 14:65; 15:29-32) Ke hã, Yesu mebu ŋukpe si wodze agbagba be yewoahe ava edzi la ɖe naneke me o. Aleke wòwɔe? Mena ta o, togbɔ be wowɔ nu mawo gbegbe ɖe eŋu hã. Yesu nyae be le Yehowa gbɔ la, bubu meklo le ye ŋu le mɔ aɖeke nu o, eye medi ŋutikɔkɔe tso amegbetɔwo gbɔ kura o. Togbɔ be wowu Yesu abe ale si wowua kluviwoe ene hã la, Yehowa de bubu eŋu esi wòfɔe ɖe tsitre eye wòtsɔe ɖo bubunɔƒe gãtɔ kekeake, negbe Mawu tɔ koe le ŋgɔ nɛ. Filipitɔwo 2:8-11 gblɔ be: “[Kristo Yesu bɔbɔ] eɖokui, eye eɖo to yi ɖase keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu. Susu sia tututu hã tae Mawu doe ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ, bene ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.”
Menye ɖe Yesu metsɔ ɖeke le vlodoame si wònye be woawui nenema la me o. Etsi dzi ɖe ale si eƒe ku abe busunyagblɔla ene ate ŋu ahe vlododo ava Fofoa ƒe ŋkɔ dzii la ŋu. Yesu bia Yehowa be megaɖe mɔ be vlodoame sia nava ye dzi o. Edo gbe ɖa be: “Ðe kplu sia ɖa le gbɔnye.” Ke hã, Yesu bɔbɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Mar. 14:36) Gake le esia wɔwɔ me la, Yesu meɖe mɔ amewo ƒe nukpɔsusu le ŋukpe ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o. Ame siwo ƒe nukpɔsusu sɔ kple eƒe ŋkekea me tɔwo tɔ la koe ŋukpe ma aɖe fu na. Edze ƒãa be Yesu ya mebu nuwo ŋu abe woawo ene o.
Woléa Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã eye woƒoa wo. Le ame geɖe gbɔ la, nuwɔwɔ ɖe wo ŋu alea klo bubu le wo ŋu. Wobu wo ame ɖigbɔwoe eye wodo vlo wo. Ke hã, dzi meɖe le wo ƒo o. Nusrɔ̃la vavãwo meɖe mɔ amehawo ƒe nukpɔsusu kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, eye womebu ŋukpe ɖe naneke me o. (Mat. 10:17; Dɔw. 5:40; 2 Kor. 11:23-25) Wonyae be ele na yewo be ‘yewoatsɔ yewoƒe fuwɔametiwo eye yewoadze Yesu yome ɖaa.’—Luka 9:23, 26.
Aleke wòle le míawo hã gome egbea? Nu siwo xexea buna bometsinuwo, gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, kple nu maɖinuwoe la, Mawu ya bua wo be wonye nu siwo me nunya le, nu siwo ŋu ŋusẽ le, kple nu siwo ŋu bubu le. (1 Kor. 1:25-28) Ðe manye bometsitsi kple nuŋumabumabu yi ŋgɔe be míaɖe mɔ amewo ƒe nukpɔsusu nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi oa?
Ame siwo katã dina be woade bubu yewo ŋu la tsia dzi ɖe ale si amewo bua woe la ŋu vevie. Gake to vovo na esia la, abe Yesu kple eyomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, míedina be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo. Eya ta míade bubu nu siwo ŋu wòdea bubui la ŋu, eye míabu nu siwo wòbuna ŋukpenanuwoe la be wonye ŋukpenanuwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Yesu meɖe mɔ xexea ƒe nukpɔsusu le ŋukpe ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o