Na Wò Trenɔɣi Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
“Ame si ate ŋui la, newɔe.”—MAT. 19:12.
1, 2. (a) Aleke Yesu, Paulo, kple ame bubuwo bu trenɔnɔe? (b) Nu ka tae ame aɖewo ate ŋu asusui be trenɔnɔ menye nunana o?
ÐIKEKE mele eme o be, srɔ̃ɖeɖe nye nunana xɔasi siwo Mawu na ameƒomea la dometɔ ɖeka. (Lod. 19:14) Ke hã, Kristotɔ geɖe siwo nye trewo hã kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le agbe me. Harold, nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 95 si meɖe srɔ̃ kpɔ o la, gblɔ be: “Togbɔ be mesea vivi le amewo gbɔ nɔnɔ kple amedzrowɔwɔ na wo me hã la, ne nye ɖeɖe meli la, nyemesena le ɖokuinye me gbeɖe be metsi akogo o. Mesusui be woate ŋu agblɔe vavã be trenɔnɔ ƒe nunana le asinye.”
2 Nyateƒee, Yesu Kristo kple apostolo Paulo siaa gblɔ be trenɔnɔ nye nunana tso Mawu gbɔ abe srɔ̃ɖeɖe ke ene. (Mixlẽ Mateo 19:11, 12; 1 Korintotɔwo 7:7.) Gake kakaɖedzitɔe la, menye ame sia ame si meɖe srɔ̃ o la ŋutɔ ye tiae be yeanɔ tre o. Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔmeawo wɔnɛ be esesẽna be woakpɔ ame si sɔ be woaɖe. Alo le srɔ̃ɖeɖe ƒe geɖewo megbe la, ame aɖewo va zua trewo le srɔ̃gbegbe alo wo srɔ̃ ƒe ku ta, evɔ womenɔ mɔ kpɔm nɛ hafi o. Gɔmesese ka nue trenɔnɔ ate ŋu anye nunana le? Eye aleke Kristotɔ trewo ate ŋu ana woƒe trenɔɣia naɖe vi na wo geɖe wu?
Nunana Tɔxɛ Ye Wònye
3. Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua Kristotɔ siwo nye trewo si?
3 Zi geɖe la, ablɔɖe kple ɣeyiɣi geɖe nɔa ame si nye tre si wu ame si nye srɔ̃tɔ. (1 Kor. 7:32-35) Nu siawo nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo awɔe be ate ŋu akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, akeke eɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me, eye wòate ɖe Yehowa ŋu wu. Eya ta Kristotɔ geɖewo va kpɔ viɖe si gbegbe le trenɔnɔ me la dze sii eye wotso nya me be yewoanɔ tre, hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. Anɔ eme be ame aɖewo meɖoe be yewoanɔ tre le gɔmedzedzea me o, gake esi woƒe nɔnɔmewo va trɔ la, wode ŋugble tso woƒe nɔnɔmea ŋu vevie hedo gbe ɖa le eŋu, eye wokpɔe be, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yewoate ŋu aɖoe koŋ le yewoƒe dzi me. Eya ta woxɔ woƒe nɔnɔme si va trɔ la de eme hetso nya me be yewoanɔ tre.—1 Kor. 7:37, 38.
4. Nu ka tae wòle be Kristotɔ trewo nakpɔe be asixɔxɔ blibo le yewo ŋu le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me?
4 Kristotɔ trewo nyae be menye srɔ̃ɖeɖee ana be yewoƒe nu nadze Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu o. Mawu lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe. (Mat. 10:29-31) Ame aɖeke alo naneke mate ŋu ama mí tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. (Rom. 8:38, 39) Míeɖaɖe srɔ̃ alo le tre o, susu geɖe li siwo tae wòle be míase le mía ɖokui me be asixɔxɔ blibo le mía ŋu le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me ɖo.
5. Nu kae hiã hafi ame nate ŋu azã trenɔnɔ ƒe nunanaa wòaɖe vi nɛ bliboe?
5 Ke hã, ale si wòbia agbagbadzedze hafi ame nate ŋu atu hadzidzi kple duɖimekeke ƒe ŋutetewo ɖo la, nenema kee wòbiaa agbagbadzedze vevie hafi woate ŋu azã trenɔnɔ ƒe nunanaa wòaɖe vi na ame bliboe. Ekema aleke Kristotɔ tre siwo li egbea—woɖanye nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo, sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, woawo ŋutɔwo ƒe tiatiae wònye loo alo nɔnɔmeawoe ɖaƒoe ɖe wo nu o—la ate ŋu azã woƒe trenɔɣia le mɔ si aɖe vi na wo geɖe wu nu? Mina míade ŋugble tso tre siwo nɔ Kristo hame gbãtɔa me ƒe kpɔɖeŋu dedziƒoname aɖewo ŋu eye míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo me hã.
Ðekakpui Kple Ðetugbui Trewo
6, 7. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae su Filipo vinyɔnu ɖetugbui leaƒeawo si le Mawu subɔsubɔdɔa me? (b) Mɔ kawo nue Timoteo zã eƒe trenɔɣiwo nyuie le, eye aleke woyrae le ale si wòtsɔ eɖokui na le eƒe ɖekakpuime ta?
6 Ðetugbui leaƒe ene nɔ nya nyui gblɔla Filipo si, eye woawo hã kpɔ gome le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me dzonɔamemetɔe abe wo fofo ke ene. (Dɔw. 21:8, 9) Nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana nɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana wɔnukuawo dome, eye ɖetugbui siawo zã nunana sia le Yoel 3:1, 2 me nyawo me vava me.
7 Timoteo nye ɖekakpui si wɔ eƒe trenɔnɔ ŋu dɔ nyuie. Dadaa, Eunike, kple mamaa, Lois, fia “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” eyama tso eƒe ɖevime ke. (2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Gake anɔ eme be esime Paulo yi Listra le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me, le ƒe 47 M.Ŋ. me lɔƒo ye wova zu Kristotɔwo. Le ƒe eve megbe, esi Paulo yi afi ma zi evelia la, Timoteo anya nɔ eƒe ƒewuiwo ƒe nuwuwu loo alo anya ge ɖe eƒe ƒe 20-awo me teti koe nye ema. Togbɔ be metsi tututu le nyateƒea me o eye ɖekakpui ko wònye hã la, hamemetsitsi Kristotɔ siwo nɔ Listra kple Ikonio, du si te ɖe wo ŋu me la, “ƒo nu nyui tso eŋu.” (Dɔw. 16:1, 2) Eya ta Paulo mia asi Timoteo be wòava zu yeƒe mɔzɔhati. (1 Tim. 1:18; 4:14) Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔe be Timoteo va ɖe srɔ̃ emegbe loo, alo meva ɖe srɔ̃ o. Gake míenya be, abe ɖekakpui ene la, elɔ̃ ɖe Paulo ƒe amekpekpea dzi dzidzɔtɔe, eye le ƒe gbogbo siwo kplɔe ɖo me la, ese vivi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kple dzikpɔkpɔdɔa me abe tre ene.—Flp. 2:20-22.
8. Nu kae kpe ɖe Yohanes si wogayɔna be Marko ŋu be wòti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome, eye aleke woyrae?
8 Yohanes, si wogayɔna be Marko la, hã zã eƒe trenɔɣi nyuie. Eya kple dadaa, Maria, kpakple eƒe ƒometɔ, Barnaba, wonye Yerusalem ƒe hamea me tɔ gbãtɔwo. Esi wònye be aƒe nɔ Marko ƒe ƒomea ŋutɔ si le Yerusalem eye subɔvi nɔ wo si ta la, anɔ eme be nu de wo dzi le ŋutilã me. (Dɔw. 12:12, 13) Gake togbɔ be nu de wo dzi alea eye Marko nye ɖekakpui gɔ̃ hã la, mewɔ nu si dze eŋu alo di eɖokui tɔ o; nenema kee dzidzemegbenɔnɔ, srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi menɔ vevie nɛ o. Eƒe hadede kple apostoloawo tso gɔmedzedzea mee anya ƒã dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ƒe didi ɖe eme. Eya ta ewɔ ɖeka kple Paulo kpakple Barnaba dzidzɔtɔe le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔa me, eye wòsubɔ abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. (Dɔw. 13:5) Emegbe la, woa kple Barnaba wozɔ mɔ, eye le esia hã megbe la, ŋutinyaa gblɔ be esubɔ kple Petro le Babilon. (Dɔw. 15:39; 1 Pet. 5:13) Míenya ɣeyiɣi didi si Marko nɔ tre ya o. Gake ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui, eye wonyae be enye ame aɖe si dina vevie be yeasubɔ ame bubuwo eye yeawɔ geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me.
9, 10. Mɔnukpɔkpɔ kawoe li na Kristotɔ ɖekakpui kple ɖetugbui trewo be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.
9 Edzɔa dzi na ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe siwo le hamea me egbea hã be yewoawɔ yewoƒe trenɔɣiwo ŋu dɔ atsɔ awɔ geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Abe Marko kple Timoteo ene la, wokpɔe dze sii be trenɔnɔ naa mɔnukpɔkpɔ yewo be yewoawɔ “Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.” (1 Kor. 7:35) Viɖe vavãe esia nye. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖewo li—mɔɖeɖedɔa, subɔsubɔ le teƒe si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu, dutagbesɔsrɔ̃, asikpekpe ɖe Fiaɖuƒe Akpata alo alɔdzedɔwɔƒe tutu ŋu, Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku dede, kple subɔsubɔ le Betel. Ne ɖekakpui alo ɖetugbui si mekpɔ ɖe srɔ̃ o ye nènye la, ɖe nèle mɔnukpɔkpɔ siwo le ʋuʋu ɖi na wò la ŋu dɔ wɔm bliboea?
10 Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mark la dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme esime wòsusɔ vie wòaxɔ ƒe blaeve; ede Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku, eye wòsubɔ le dukɔ vovovowo me le xexea me godoo. Esi wòtrɔ kpɔ ƒe 25 siwo wòtsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae la, egblɔ be: “Medze agbagba be mawɔ dɔ kple ame sia ame le hamea me, medea gbeadzi kpli wo, meyina ɖasrã wo kpɔ, mekpea wo vaa nye aƒe me be míaɖu nu ɖekae, eye kura gɔ̃ hã, mewɔa ɖoɖo ɖe hadomemodzakaɖeɖewo ŋu kple susu be míatu mía nɔewo ɖo le gbɔgbɔ me. Esiawo katã na mekpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ.” Abe ale si Mark ƒe nyawo ɖee fia ene la, nunana mee dzidzɔ gãtɔ tsona, eye gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe me bliboe naa mɔnukpɔkpɔ geɖe ame be wòana nu amewo. (Dɔw. 20:35) Nu ka kee ɖadoa dzidzɔ na wò o, ŋutete ka kee ɖale asiwò, alo nuteƒekpɔkpɔ ka kee ɖasu asiwò le agbe me o, dɔ geɖe li ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo nawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me egbea.—1 Kor. 15:58.
11. Alekee wòɖea vii ne ame aɖe metsi dzi ge ɖe srɔ̃ɖeɖe me o?
11 Togbɔ be ɖekakpui kple ɖetugbui akpa gãtɔ adi be yewoava ɖe srɔ̃ mlɔeba hã la, susu nyuiwo li siwo tae mele be woaƒu du age ɖe srɔ̃ɖeɖe me o. Paulo de dzi ƒo na sɔhɛwo be woalala ato “sɔhɛnyenye,” si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna wu le la, me ado. (1 Kor. 7:36) Axɔ ɣeyiɣi hafi nànya ɖokuiwò nyuie eye nuteƒekpɔkpɔ si nèhiã be nàte ŋu atia ame si sɔ, si wòle be nàɖe la nasu asiwò. Srɔ̃ɖetamkaka nye ŋkubiãnya; enye atamkaka si dzi wòle be ame nawɔ ɖo le eƒe agbemeŋkekeawo katã me.—Nyagb. 5:2-5.
Trenɔnɔ Le Tsitsime
12. (a) Alekee ahosi Hana wɔ te ŋu do dzi esi eƒe nɔnɔmeawo trɔ? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae su esi?
12 Anɔ eme be Hana si ŋu woƒo nu tsoe le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa me la xa nu vevie esi srɔ̃a ku kpata le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe adre pɛ ko megbe. Míenya ne wodzi viwo loo alo nenye be edi be yeagaɖe srɔ̃ ake o. Gake Biblia ka nya ta be Hana gakpɔtɔ nye ahosi le eƒe ƒe 84 xɔxɔ me. Le nya si Biblia gblɔ nu la, míate ŋu aƒo nya ta be Hana wɔ ale si eƒe nɔnɔmeawo va trɔe la ŋu dɔ tsɔ te ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. ‘Eƒe afɔ metsona le gbedoxɔa me gbeɖe o, eye wòwɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe zã kple keli, le nutsitsidɔ kple kokoƒoƒowo me.’ (Luka 2:36, 37) Eya ta gbɔgbɔmenuwoe nɔ vevie nɛ wu le agbe me. Esia bia tameɖoɖo kplikpaa kple agbagbadzedze, gake woɖo eteƒe nɛ geɖe ŋutɔ. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ Yesu ɖevi la, eye wòɖi ɖase tso ablɔɖe si, eteƒe madidi o, woava kpɔ to ɖevi ma, si ava nye Mesia, dzi la ŋu.—Luka 2:38.
13. (a) Nu kae ɖee fia be dzo nɔ Dorkas me le hamea me? (b) Alekee woɖo Dorkas ƒe nyuiwɔwɔ kple dɔmenyonyo teƒe nɛ?
13 Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Dorkas, alo Tabita, la nɔ Yopa, si nye tɔdziʋudzeƒedu aɖe si nɔ blema Yerusalem ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Esi wònye be Biblia meyɔ srɔ̃ŋutsu aɖeke tɔ ɖe eŋu o ta la, anɔ eme be meɖe srɔ̃ ɣemaɣi o. “Dɔ nyui siwo [Dorkas wɔna] kple eƒe nunana ame dahewo sɔ gbɔ.” Edze ƒãa be etɔ awu gbogbo aɖewo na ahosi dahewo kple ame bubuwo, eye esia wɔe be wolɔ̃nɛ vevie. Eya ta esi wòdze dɔ kpata heku la, hame bliboa dɔ ame ɖo ɖe Petro be woaɖe kuku nɛ be wòava fɔ yewo nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a na yewo. Esi eƒe tsitretsitsia ŋuti nya la kaka ɖe Yopa dua katã me la, ame geɖe va zu xɔsetɔwo. (Dɔw. 9:36-42) Ðewohĩ Dorkas ŋutɔ hã to eƒe dɔmenyowɔwɔ ɖedzesia dzi kpe ɖe ame aɖewo ŋu.
14. Nu kae ʋãa Kristotɔ trewo wotena ɖe Yehowa ŋu?
14 Abe Hana kple Dorkas ene la, ame geɖewo le hameawo me egbea siwo gakpɔtɔ nye trewo le woƒe tsitsime, eye bubuwo ɖe srɔ̃ kpɔ gake wova zu trewo emegbe. Ðewohĩ, ame aɖewo mekpɔ ame si sɔ na wo woaɖe o. Ame aɖewo srɔ̃wo gbe wo alo ku le wo gbɔ. Esi srɔ̃ mele Kristotɔ trewo si woagblɔ woƒe dzimenyawo na o ta la, wo dometɔ aɖewo srɔ̃ ale si woaziɔ ɖe Yehowa ŋu. (Lod. 16:3) Silvia, si nye nɔvinyɔnu tre, si le subɔsubɔm le Betel ƒe 38 kple edzivɔwo la kpɔe be yayrae esia nye. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ne amewo le gbɔgblɔm nam be ame sesẽ menye la, etena ɖe dzinye.” Eʋu eme be: “Mebiaa ɖokuinye be, ‘Ame kae ade dzi ƒo na nye ya?’” Egblɔ kpee be: “Esi meka ɖe edzi be Yehowa nya nu si hiãm la nyuie wum ta la, esia kpe ɖe ŋunye be mete ɖe eŋu geɖe wu. Eye mekpɔa dzideƒo ɣesiaɣi, eye ɣeaɖewoɣi la, etsoa afi si nyemele mɔ kpɔm na kura o.” Ɣesiaɣi si míete ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, eya hã tena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe le mɔ si naa kakaɖedzi mí la nu.
15. Aleke Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o ate ŋu ‘akeke wo ɖokui’ le lɔlɔ̃ɖeɖefia me?
15 Trenɔnɔ naa mɔnukpɔkpɔ ame be ‘wòakeke eɖokui’ le lɔlɔ̃ɖeɖefia me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:11-13.) Nɔvinyɔnu tre aɖe si ŋkɔe nye Jolene, si wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 34 sɔŋ, la gblɔ be: “Medze agbagba vevie be madze xɔlɔ̃wo, menye kple ame siwo mía kpli wo míele ƒe me ko o, ke kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi. Trenɔɣi nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ame be wòana nu Yehowa, eƒe ƒomea, nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, kple eƒe aƒelikawo hã. Zi ale si mele tsitsim la, zi nenemae dzi le dzɔyem be menye tre.” Kakaɖedzitɔe la, ame tsitsiwo, dɔnɔwo, dzila ɖekɛwo, sɔhɛwo, kple ame bubu siwo le hamea me la kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si trewo naa wo ɖokuitɔmadimaditɔe la ŋu. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si míeɖe lɔlɔ̃ fia ame bubuwo la, dzi dzɔa míawo ŋutɔwo hã. Ðe wò hã àte ŋu ‘akeke ɖokuiwò’ le lɔlɔ̃ɖeɖefia ame bubuwo mea?
Trenɔnɔ Le Agbe Me Katã
16. (a) Nu ka tae Yesu nɔ tre le eƒe agbemeŋkekeawo katã me? (b) Aleke Paulo wɔ eƒe trenɔɣia ŋu dɔ le nunya me?
16 Yesu meɖe srɔ̃ o; enɔ nɛ be wòadzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔ si wode asi nɛ la ŋu eye wòawɔe ade goe. Ezɔ mɔ didiwo, ewɔa dɔ tso fɔŋli va se ɖe zãtiƒe ke, eye mlɔeba la, etsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta. Le eya gome la, trenɔnɔ de edzi. Apostolo Paulo zɔ mɔ agbadroƒe akpe geɖe eye wòto nɔnɔme sesẽ geɖewo me le subɔsubɔdɔa me. (2 Kor. 11:23-27) Togbɔ be Paulo anya ɖe srɔ̃ kpɔ hã la, emegbe esime woɖoe apostolo la, etiae be yemagaɖe srɔ̃ ake o. (1 Kor. 7:7; 9:5) Le subɔsubɔdɔa ta la, Yesu kple Paulo siaa de dzi ƒo na ame bubuwo be woasrɔ̃ yewoƒe kpɔɖeŋua, ne anya wɔ. Ke hã, wo dometɔ aɖeke mede se be ele be ame nanye tre hafi ate ŋu asubɔ o.—1 Tim. 4:1-3.
17. Aleke ame aɖewo srɔ̃ Yesu kple Paulo ƒe kpɔɖeŋua egbeae, eye nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo saa vɔ alea ŋu?
17 Egbea la, ame aɖewo hã tiae be yewoanɔ tre bene yewoate ŋu awɔ yewoƒe subɔsubɔdɔa nyuie wu. Harold, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la subɔ le Betel ƒe 56 sɔŋ. Egblɔ be: “Kaka mawɔ ƒe ewo le Betel subɔsubɔdɔa me la, mekpɔ eteƒe atsu kple asi geɖewo dzo le Betel le dɔléle alo wo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ta. Nye ya dzinyela evea siaa ku. Gake melɔ̃ subɔsubɔ le Betel ale gbegbe be nyemedi be srɔ̃ɖeɖe nawɔe be madzo le Betel o.” Nenema kee Margaret, si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe la, hã gblɔ ƒe aɖewoe nye esi va yi be: “Mɔnukpɔkpɔwo su asinye le agbe me be maɖe srɔ̃, gake menɔ dzidzɔ kpɔm le dɔa me ale gbegbe be nyemeƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me o. Ke boŋ mete ŋu wɔa ablɔɖe si sua ame si le trenɔnɔ me la ŋu dɔ tsɔ ƒoa ɖokuinye ɖe subɔsubɔdɔa me geɖe wu, eye esia na mekpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ.” Kakaɖedzitɔe la, Yehowa maŋlɔ ame ɖe sia ɖe si tsɔ eɖokui sa vɔe ɖokuitɔmadimaditɔe alea le tadedeagu vavãtɔa ta la be gbeɖe o.—Mixlẽ Yesaya 56:4, 5.
Na Nɔnɔme Si Me Nèle La Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
18. Aleke ame bubuwo ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔ trewo ahakpe ɖe wo ŋu?
18 Kristotɔ siwo katã meɖe srɔ̃ o, siwo le woƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me la dze na míaƒe kafukafu vevie eye ele be míade dzi ƒo na wo geɖe ŋutɔ. Míelɔ̃ wo le ame siwo ƒomevi wonye kple kpekpeɖeŋu si gbegbe wonana le hamea me ta. Ne míezua gbɔgbɔ me “nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo” na wo vavã la, mele be woase le wo ɖokui me gbeɖe be yewotsi akogo o.—Mixlẽ Marko 10:28-30.
19. Nu kae nàte ŋu awɔ be wò trenɔɣi naɖe vi na wò geɖe wu?
19 Wò ŋutɔe ɖatiae be yeanɔ tre alo nɔnɔmeawoe bia nenema o, na Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo kple egbegbetɔwo siaa nana kakaɖedzi wò be àte ŋu awɔ dɔ nyui geɖe le agbe me ahakpɔ dzidzɔ hã. Míekpɔa mɔ na nunana aɖewo vevie, evɔ ɖewo ya va sua mía si esime míele mɔ kpɔm na wo kura o. Míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana aɖewo ŋu enumake, gake le ɖewo gome la, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko hafi míekpɔa asixɔxɔ si le wo ŋu la dzea sii. Efia be nɔnɔme si le mía si ɖe nunanaa ŋu la dzie míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo. Nu kae nàte ŋu awɔ be wò trenɔɣi naɖe vi na wò geɖe wu? Te ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, wɔ geɖe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me, eye keke ɖokuiwò le lɔlɔ̃ɖeɖefia ame bubuwo me. Abe srɔ̃ɖeɖe ke ene la, teƒeɖoɖo geɖe ate ŋu anɔ trenɔnɔ me ne míebunɛ abe ale si Mawu bunɛ ene eye míewɔa nunana sia ŋu dɔ le nunya me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Mɔ kawo nue trenɔnɔ ate ŋu anye nunana le?
• Alekee trenɔnɔ ate ŋu anye yayra na ɖekakpui kple ɖetugbuiwo?
• Mɔnukpɔkpɔ kawoe le Kristotɔ trewo si be woate ɖe Yehowa ŋu ahakeke wo ɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia me?
[Nɔnɔmetatawo si le axa 18]
Ðe nèle mɔnukpɔkpɔ siwo le ʋuʋu ɖi na wò le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu dɔ wɔm bliboea?