Lɔ̃ Dzɔdzɔenyenye Kple Wò Dzi Blibo
“Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye.”—PS. 45:8.
1. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míato “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo”?
YEHOWA toa eƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kplɔa eƒe amewo to “toƒe dzɔdzɔewo” alo “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo, NW.” (Ps. 23:3) Ke hã, esi wònye be míede blibo o ta la, míetrana tso toƒe mawo dzi zi geɖe. Ne esia dzɔ la, ebiaa agbagbadzedze vevie be míagadze nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme ake. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me? Abe Yesu ene la, ele be míalɔ̃ nu si le dzɔdzɔe wɔwɔ.—Mixlẽ Psalmo 45:8.
2. Nu kae nye “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo”?
2 Nu kae nye “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo”? Toƒe nye afɔmɔ alo gbememɔ xaxɛ aɖe. Dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu siwo Yehowa ɖo ye fiaa mɔ ame to “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo.” Le Hebrigbe kple Helagbe me la, “dzɔdzɔenyenye” fia nu si le “eteƒe,” efia zɔzɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi pɛpɛpɛ, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, “toƒewo” fia agbenɔnɔ alo nuwɔna ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. Esi wònye be Yehowa ye nye “dzɔdzɔenyenye nɔƒe” ta la, edzɔa dzi na esubɔlawo be wòafia agbe nyui nɔnɔ ƒe toƒe dzɔdzɔewo yewo.—Yer. 50:7, NW.
3. Aleke míawɔ asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu?
3 Ʋiʋli vevie tso dzi blibo me be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi koe nye mɔ si dzi míato be míadze eŋu bliboe. (5 Mose 32:4) Nu siwo nana míetea ŋu wɔa esia ye nye be, gbã la, míesrɔ̃a nu geɖe tso Yehowa Mawu ŋu le eƒe Nya, Biblia la, me. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso eŋui la, zi nenemae míetena ɖe eŋu geɖe wu gbe sia gbe, eye zi nenemae míava lɔ̃ eƒe dzɔdzɔenyenye. (Yak. 4:8) Ele hã be míalɔ̃ awɔ ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ƒe mɔfiafia dzi ne eva hiã be míawɔ nyametsotso veviwo le agbe me.
Di Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye
4. Nu kae Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi lɔ ɖe eme?
4 Xlẽ Mateo 6:33. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi lɔ nu geɖe ɖe eme wu ɣeyiɣi geɖe zazã le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. Hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ŋu la, ele be ale si míenɔa agbe gbe sia gbe la nawɔ ɖeka kple eƒe dzidzenu kɔkɔwo. Nu kae wòle be ame siwo katã le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dim la nawɔ? Ele be “[woado] amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.”—Ef. 4:24.
5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi?
5 Esi míele agbagba dzem be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo siwo naa ŋusẽ vɔna le ame ŋu la dzi eye míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ nu dzɔdzɔe ahanɔ ewɔm? (Lod. 24:10) Ele be “míatsɔ dzi nyateƒetɔwo” anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu edziedzi le gbedodoɖa me, “le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me.” (Heb. 10:19-22) Míeɖanye Kristotɔ amesiaminawo loo alo ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le o, míexɔa Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa kple subɔsubɔdɔ si wòwɔna abe míaƒe Nunɔlagã ene la dzi se. (Rom. 5:8; Heb. 4:14-16) Woɖe asixɔxɔ si gbegbe le Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi ŋu la me le magazine sia ƒe tata gbãtɔ me. (1 Yoh. 1:6, 7) Egblɔ be: “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ne wokpɔ aɖabɛ alo nane si biã abe nyagadzĩ ene to glass (alo vitre) dzĩ me le akaɖi nu la, edzena nu ɣie; eya ta, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le abe aɖabɛ alo nyagadzĩ ene hã la, wozu abe nu ɣiwo ene le Mawu ŋkume le Kristo ƒe ʋu la ta.” (July 1879, axa 6) Ðoɖo wɔnuku kae nye esi Yehowa wɔ na mí to Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ƒe tafevɔsaa dzi!—Yes. 1:18.
Lé Ŋku Ðe Wò Gbɔgbɔmeʋawɔnua Ŋu
6. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ fifia be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ŋu?
6 Ele be míado “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la” ɣeawokatãɣi, elabena enye gbɔgbɔmeʋawɔnu si tso Mawu gbɔ la ƒe akpa vevi aɖe. (Ef. 6:11, 14) Eɖanye nyitsɔ laa koe míeɖe adzɔgbe na Yehowa, alo míele subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔm ƒe blananewoe nye esia o, ele vevie fifia ŋutɔ be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ŋu gbe sia gbe. Nu ka tae? Elabena wonya Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo ɖe anyigbanutowo me. (Nyaɖ. 12:7-12) Dzi le Satana kum ŋutɔ, eye enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye. Eya ta ele Mawu ƒe amewo dzi dzem vɔ̃ɖitɔe wu tsã. Ðe míekpɔe be ele vevie ŋutɔ be míana míaƒe “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la” nanɔ mía ŋu ɣeawokatãɣi oa?
7. Ne míekpɔe dze sii be “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la” le vevie na mí la, alekee míawɔ nui?
7 Akɔtakpoxɔnu kpɔa ame ƒe dzi ta. Esi míenye ame madeblibowo ta la, míaƒe kpɔɖeŋudzi la nye alakpatɔ henye nu gbegblẽ. (Yer. 17:9) Esi wònye be nu gbegblẽ koe míaƒe dzia dina be yeawɔ ta la, ele vevie be míana hehee ahamlae. (1 Mose 8:21) Ne míekpɔe dze sii be ‘dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua’ le vevie na mí la, míatiae be míatsɔ nu siwo Mawu lé fui la aɖe modzakae, alo anɔ ale si míase vivi ne míekpɔ gome le nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe me ŋu bum ahato esia me aɖe akɔtakpoxɔnua ada ɖi ɣeyiɣi vi aɖe teti o. Nenema kee míagblẽ míaƒe ɣeyiɣi gbogbo siwo le vevie na mí ŋutɔ la dome ɖe televisionkpɔkpɔ ŋu o. Ke boŋ míanɔ ʋiʋlim ɖaa be míawɔ nu siwo dzea Yehowa ŋu. Nenye be míedze anyi ɣeyiɣi vi aɖe to ŋutilã ƒe nudzodzro madzɔmadzɔawo ŋu bubu me gɔ̃ hã la, míagatso le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me.—Mixlẽ Lododowo 24:16.
8. Nu ka tae míehiã “xɔse ƒe ametakpɔnu gã” la?
8 Míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua ƒe akpa aɖee nye “xɔse ƒe ametakpɔnu gã” la. Ekpena ɖe mía ŋu be ‘míatsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo nu.’ (Ef. 6:16) Gakpe ɖe eŋu la, xɔse kple Yehowa lɔlɔ̃ tso dzi blibo me kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu dzɔdzɔe eye míakpɔtɔ anɔ agbe mavɔ mɔ la dzi. Zi ale si míesrɔ̃a ale si míalɔ̃ Yehowae la, zi nenemae míade asixɔxɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Ke akpa kae míaƒe dzitsinya ya wɔna? Aleke wòkpena ɖe mía ŋu le míaƒe agbagbadzedze be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye me?
Lé Dzitsinya Nyui Me Ðe Asi
9. Ne míelé dzitsinya nyui me ɖe asi la, aleke wòaɖe vi na mí?
9 Le míaƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, míebia Yehowa be wòana “dzitsinya nyui” mí. (1 Pet. 3:21) Esi míexɔ tafea dzi se ta la, Yesu ƒe ʋua tsyɔ míaƒe nu vɔ̃wo dzi, eye esia wɔe be tenɔnɔ dzadzɛ su mía si le Mawu ŋkume. Ke hã, be míayi edzi alé tenɔnɔ ma me ɖe asi la, ele be míalé dzitsinya nyui me ɖe asi. Ne míaƒe dzitsinya xlɔ̃a nu mí ɣeaɖewoɣi la, ele be míada akpe be ele dɔ wɔm nyuie. Dzitsinya ƒe nuxɔxlɔ̃ ame alea fia be meku atri o; ele agbe, eye wòfia mɔ mí to Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi. (1 Tim. 4:2) Gake dzitsinya la agate ŋu akpe ɖe ame siwo lɔ̃ dzɔdzɔenyenye la ŋu le mɔ bubu aɖe nu.
10, 11. (a) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe nu si tae wòle be míaɖo to míaƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la fia. (b) Nu ka tae dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ ate ŋu ahe dzidzɔ gã aɖe vae na mí?
10 Ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe la, míaƒe dzitsinya ate ŋu abu fɔ mí alo aɖe fu na mí vevie. Sɔhɛ aɖe tra ɖa tso “dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo” dzi. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu numame nɛ, eye wòva te gbekuiyɔyɔ. Ebua fɔ eɖokui ne eyi ɖe kpekpewo eye ne ele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la, esena le eɖokui me be yenye alakpanuwɔla, eya ta edzudzɔ gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔ siawo me. Egblɔ be: “Gake nyemenya be nye dzitsinya agava nɔ fɔ bumem ɖe nye nuwɔnawo ta o.” Egblɔ kpee be: “Menɔ bometsitsi ƒe agbe sia ƒe ene sɔŋ.” Emegbe ete tamebubu le ale si wòawɔ atrɔ agbɔ va nyateƒea me ŋu. Togbɔ be esusui be Yehowa mase yeƒe gbedodoɖa o hã la, edo gbea ɖa, eye wòbia tsɔtsɔke. Mede miniti ewo hafi dadaa va srãe kpɔ o, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòagadze kpekpewo dede gɔme ake. Eyi Fiaɖuƒe Akpataa me eye wòbia hamemetsitsi aɖe be wòasrɔ̃ nu kpli ye. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye wòdaa akpe na Yehowa be exɔ ye ɖe agbe.
11 Ðe míekpɔe be míate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe ne míewɔ nu dzɔdzɔe oa? Ne míelɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ eye míedzea agbagba wɔnɛ bliboe geɖe wu la, míakpɔ dzidzɔ geɖe le nu siwo dzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu wɔwɔ me. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Ŋkeke li gbɔna, esime amegbetɔwo katã ƒe dzitsinya ana woanɔ dzidzɔ sɔŋ ko kpɔm; woaɖe Mawu ƒe nɔnɔme afia bliboe. Eya ta mina míaƒã dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ ɖe míaƒe dziwo me wòaƒo ke ɖe to fifia, be Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ.—Lod. 23:15, 16.
12, 13. Aleke míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya?
12 Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ amla míaƒe dzitsinya? Ne míele Ŋɔŋlɔawo kple Biblia srɔ̃gbalẽwo srɔ̃m la, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be “ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” (Lod. 15:28) Bu ale si esia ɖea vii nenye be biabiawo fɔ ɖe te ku ɖe dɔ si míawɔ ŋu la ŋu kpɔ. Ne edze ƒãa be nu siwo dɔwɔɖui aɖe lɔ ɖe eme la mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo o la, mía dometɔ akpa gãtɔ wɔna ɖe mɔfiafia si kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela na la dzi enumake. Gake nenye be womeɖo nya si fɔ ɖe te ku ɖe míaƒe dɔwɔɖuia ŋu la ŋu tẽe o la, ele be míadi Biblia me gɔmeɖose siwo ŋu dɔ míate ŋu awɔ le nɔnɔmea me la, eye míade ŋugble ahado gbe ɖa le wo ŋu.a Esia ku ɖe gɔmeɖose siwo bia be míaƒo asa na nu siwo aɖe fu na ame bubuwo ƒe dzitsinya la wɔwɔ hã ŋu. (1 Kor. 10:31-33) Gɔmeɖose siwo lɔ mía kple Mawu dome ƒomedodo ɖe eme lae wòle be woanɔ vevie na mí wu. Ne Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na mí la, míabia mía ɖokui gbã be, ‘Ðe dɔ sia wɔwɔ ana Yehowa nase veve eye wòado dzikua?’—Ps. 78:40, 41.
13 Ne míele dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ ŋu la, ele be wòanɔ susu me na mí be ehiã be míade ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo siwo le nusɔsrɔ̃a me la ŋu. Ðe wòdzɔna ɣesiaɣi be míetea fli ɖe biabiawo ƒe ŋuɖoɖoawo te kabakaba heyia memama bubu dzia? Mele be míakpɔ mɔ be nusɔsrɔ̃ alea nawɔe be ale si míelɔ̃a dzɔdzɔenyenye la nade to ɖe edzi alo wòana be míaƒe dzitsinya nawɔ dɔ nyuie wu o. Hafi míate ŋu alɔ̃ dzɔdzɔenyenye la, ehiã be míasrɔ̃ nu moveviɖoɖotɔe, eye míade ŋugble le nu siwo míexlẽna le Mawu ƒe Nya la me ŋu. Kpɔ ŋɔŋɔe aɖeke meli míato alɔ̃ dzɔdzɔenyenye kple míaƒe dzi blibo wu mɔ sia o!
Ame Siwo Dzɔdzɔenyenye Ƒe Dɔ Kple Tsikɔ Le Wuwum
14. Aleke Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dina be míase le mía ɖokui me le míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea me?
14 Yehowa Mawu kple Yesu Kristo di be míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me. Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ? Eyae nye be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye! Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, elabena woana woaɖi ƒo.” (Mat. 5:6) Nu kae nya siawo fia na ame siwo dina be yewoalɔ̃ dzɔdzɔenyenye?
15, 16. Mɔ kawo nue woaɖi kɔ na ame siwo gbɔgbɔ me dɔ kple tsikɔ le wuwum la le?
15 Vɔ̃ɖitɔ lae le xexe si me míele la dzi ɖum. (1 Yoh. 5:19) Ne míexlẽ nyadzɔdzɔgbalẽwo le dukɔ ɖe sia ɖe me la, míekpɔa nyatakakawo ku ɖe ŋutasesẽ kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si tɔgbi medzɔ kpɔ o ŋu. Ale si amegbetɔwo sẽa ŋuta le wo haviwo ŋu la ŋu bubu ɖea fu na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo ale gbegbe. (Nyagb. 8:9) Mí Yehowa lɔ̃lawo míenyae be eya koe ate ŋu aɖi kɔ na ame siwo gbɔgbɔ me dɔ kple tsikɔ le wuwum, siwo di be yewoasrɔ̃ dzɔdzɔenyenye la. Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ɖa, eye sedzimawɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔnawo kpakple woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo magaɖe fu na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo azɔ o. (2 Pet. 2:7, 8) Aleke gbegbee míaƒe dzi adze eme enye esi!
16 Esi míenye Yehowa subɔlawo kple Yesu Kristo yomedzelawo ta la, míenyae be ‘woaɖi ƒo’ na ame siwo katã dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la. Woaɖi ƒo na wo bliboe to Mawu ƒe dziƒo yeye kple anyigba yeye “siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” la ƒe ɖoɖoa dzi. (2 Pet. 3:13) Eya ta migana dzi naɖe le mía ƒo alo wòawɔ nuku na mí be ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ na dzɔdzɔenyenye nu yi le Satana ƒe xexe sia me o. (Nyagb. 5:7) Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la, nya nu si le dzɔdzɔm, eye eteƒe madidi o, aɖe dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo.
Viɖe Siwo Dona Tso Dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ Me
17. Viɖe siwo dona tso dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ me la ƒe ɖewo ɖe?
17 Psalmo 146:8 te gbe ɖe viɖe tɔxɛ aɖe si dona tso dzɔdzɔenyenye ƒe toƒewo zɔzɔ me la dzi. Hakpalaa dzi ha be: ‘Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.’ Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Xexea me katã ƒe Dziɖulagã la lɔ̃a mí le esi míelɔ̃a dzɔdzɔenyenye ta! Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ta la, míeka ɖe edzi be akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mixlẽ Psalmo 37:25; Lododowo 10:3.) Dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo tɔe anyigba katã ava zu mlɔeba. (Lod. 13:22) Le Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ gome la, dzidzɔ manyagblɔ kple agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzeani aɖe dzie anye woƒe teƒeɖoɖo. Fifia kura gɔ̃ hã la, teƒeɖoɖo si nye dzidzeme vavã sua ame siwo lɔ̃a Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la si, eye wòwɔnɛ be ɖekawɔwɔ nɔa woƒe ƒomewo kpakple woƒe hamewo me.—Flp. 4:6, 7.
18. Nu nyui kawoe míate ŋu anɔ wɔwɔm esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam?
18 Esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam la, ele be míayi edzi adi dzɔdzɔenyenye. (Zef. 2:2, 3) Eya ta mina míalɔ̃ Yehowa Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔeawo kple dzi blibo. Esia bia be míado “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la” wòanɔ mía ŋu nyuie, ale be wòakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ta. Ehiã hã be míalé dzitsinya nyui me ɖe asi—dzitsinya si ahe dzidzɔ avae na míawo ŋutɔwo eye wòado dzidzɔ na Mawu la ƒe dzi.—Lod. 27:11.
19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ, eye nu ka me míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
19 Yehowa ƒe ‘ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’ (2 Kron. 16:9) Aleke gbegbe nya siawo faa akɔ na míi enye esi, esi míeyi edzi le nu si le eteƒe la wɔm le ɣeyiɣi si me nuwo ƒe kemalimali, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple vɔ̃ɖinyenye le dzidzim ɖe edzi le xexe tɔzi sia me la me! Nyateƒee, ale si míewɔa nu dzɔdzɔe la ate ŋu awɔ nuku na ameƒomea me tɔ siwo te ɖe aga tso Mawu gbɔ. Gake eɖea vi na mí geɖe ŋutɔ ne míelé Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi. (Yes. 48:17; 1 Pet. 4:4) Ekema, mina míaku ɖe eŋu kple míaƒe dzi blibo eye míaɖoe kplikpaa alɔ̃ dzɔdzɔenyenye, anɔ dzidzɔ kpɔm ɖe eŋu ahanɔ agbe nɔm ɖe enu kple míaƒe dzi blibo. Ke hã, kuku ɖe Mawu ŋu kple míaƒe dzi blibo bia hã be míalé fu sedzimawɔmawɔ. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe nu si esia fia la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 15, 1999, axa 28-30 hena numedzodzro ku ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe biabia siwo fɔna ɖe te le dɔwɔɖui aɖewo ŋu la ŋu.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Alekee asixɔxɔ si le tafea ŋu kpɔkpɔ dze sii le vevie be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye?
• Nu ka tae wòle vevie be míado “dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la”?
• Alekee míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya?
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Dzitsinya si míena hehee la kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋuɖoɖo na dɔwɔɖui ŋuti biabiawo