INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 5/15 axa 13-16
  • Mezu Ame Tsitsi Dzeaɖaŋuwo Xɔlɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mezu Ame Tsitsi Dzeaɖaŋuwo Xɔlɔ̃
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ESI MENƆ NYE AGBEMEDƆ TIAM
  • EVA HIÃ BE MAWƆ TƆTRƆWO LE NYE AMENYENYE ŊU
  • DZIGBÃNYA AÐE DZƆ ÐE DZINYE
  • DZIGBÃNYA BUBU GADZƆ ÐE DZINYE
  • NYE ŊUSẼTSOƑE GÃTƆ
  • Ƒe Blaadre Ye Nye Esia Melé Yuda Ŋutsu Ðeka Ƒe Awu Toga
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mekpɔ Yayra Geɖe Le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Agbemeŋutinyawo
  • Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 5/15 axa 13-16

Agbemeŋutinya

Mezu Ame Tsitsi Dzeaɖaŋuwo Xɔlɔ̃

Abe ale si Elva Gjerde gblɔe ene

Anɔ abe ƒe 70 ye nye esia la, amedzro aɖe si va míaƒe aƒe me la ɖo aɖaŋu aɖe na fofonye si trɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. Tso ŋkeke tɔxɛ ma dzi la, ame bubu geɖewo hã kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi. Eye xɔlɔ̃ aɖe si ŋu medea asixɔxɔe wu ɖe sia ɖe la va su asinye. Mina maɖe ale si wòdzɔe la me na mi.

WODZIM le Sydney, Australia, le ƒe 1932 me. Dzinyelawo xɔ Mawu dzi se gake womedea sɔleme o. Danye fiam be Mawu le kpɔyem ɣesiaɣi, eye wòle klalo be yeahe to nam ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe. Esia na mevɔ̃na na Mawu. Ke hã Biblia me nyawo doa dzidzɔ nam. Ne nɔgãnye va srã mí kpɔ le kwasiɖanuwuwuwo la, egblɔa Biblia ŋutinya lédziname geɖewo nam. Mekpɔa mɔ na eƒe vava ɣesiaɣi.

Esime menɔ nye ƒewuiwo me la, fofonye xlẽ agbalẽ aɖewo siwo danye xɔ tso nyɔnu tsitsi aɖe si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka gbɔ. Nu siwo wòxlẽ tso Kristotɔwo ƒe agbalẽ mawo me la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be elɔ̃ be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi wonɔ Biblia srɔ̃m kple fofonye le fiẽsi aɖe me la, ekpɔe be mebe dzaa nɔ to ɖom. Esi wòdi be yeanyam mayi aɖamlɔ anyi la, amedzroa gblɔ nɛ be: “Ðe manyo be nàɖe asi le Elva ŋu ne eya hã nanɔ mía gbɔ oa?” Esia he tɔtrɔ geɖe va nye agbe me eye xɔlɔ̃wɔwɔ va le mía kple Mawu vavã, Yehowa, dome.

Ema megbe kpuie la, nye kple fofonye míedze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme. Nu siwo wòsrɔ̃ la ʋãe wòwɔ tɔtrɔwo le eƒe agbenɔnɔ me. Ete eƒe dzikudodo gɔ̃ hã dzi ɖuɖu. Esia ʋã danye kple fonye, si ŋkɔe nye Frank, woawo hã wodze kpekpeawo dede gɔme.a Mí ame ene la katã míewɔ ŋgɔyiyi, eye mlɔeba la, míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo. Tso ɣemaɣi la, ame tsitsi geɖewo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye le ɣeyiɣi vovovowo me le nye agbe me.

ESI MENƆ NYE AGBEMEDƆ TIAM

Abe ɖetugbuivi ene la, medze xɔlɔ̃ ame tsitsi siwo le hamea me. Wo dometɔ ɖekae nye Alice Place, nɔvinyɔnu tsitsi si va ɖe gbeƒã na míaƒe ƒomea zi gbãtɔ. Eva nɔ nam abe mamanye ene. Alice na hehem le dutoƒosubɔsubɔdɔa me eye wòde dzi ƒo nam be mawɔ ŋgɔyiyi axɔ nyɔnyrɔ. Mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 15.

Medze xɔlɔ̃ atsu kple asi tsitsi aɖe, siwo ŋkɔwoe nye Percy kple Madge [alo Margaret] Dunham hã. Hadede kpli wo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye etsɔme dzi. Nya lae nye be, melɔ̃ akɔntabubu eye medi vevie be mazu akɔntafiala. Percy kple Madge subɔ abe dutanyanyuigblɔlawo ene le Latvia le ƒe 1930 ƒeawo me. Esi Xexemeʋa II lia dze egɔme le Europa la, wokpe wo be woava subɔ le Australia Betel, si le Sydney ƒe gbɔtodu aɖe me. Percy kple Madge tsɔ ɖe le eme nam vevie. Wogblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe siwo su wo si esi wonɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm la nam. Meva kpɔe be Biblia la fiafia amewo ahe dzidzeme vae nam wu akɔntafiafia. Eya ta metso nya me be mazu dutanyanyuigblɔla boŋ.

Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Dunham de dzi ƒo nam be madze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme atsɔ adzra ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu. Eya ta le ƒe 1948 me, esime mexɔ ƒe 16 la, mezu mɔɖela, eye meva kpe ɖe sɔhɛ ewo bubu siwo nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm dzidzɔtɔe le míaƒe hamea me le Hurstville, Sydney, xoxo la ŋu.

Le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, mewɔ mɔɖeɖedɔa le du ene bubu me—wo katã wole New South Wales kple Queensland. Nye Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔawo dometɔ ɖekae nye Betty Law (si woyɔna fifia be Betty Remnant). Betty si nye ɖetugbui lébename aɖe la, tsi wum ƒe eve. Eva zu nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me eye míeɖe gbeƒã le Cowra, le Sydney ƒe ɣetoɖoƒe gome anɔ abe kilometa 230 ene. Togbɔ be ɣeyiɣi kpui aɖe koe míewɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae hã la, nye kple Betty míegakpɔtɔ nye xɔlɔ̃wo va de asi na egbea.

Esi woɖom mɔɖela vevi teti ko la, meʋu yi Narrandera—le Cowra ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome abe kilometa 220 ene. Joy Lennox (si ŋkɔe nye Joy Hunter fifia), si nye mɔɖela bibi aɖe, si hã tsi wum ƒe eve, la va zu nye zɔhɛ yeye le mɔɖeɖedɔa me. Míawo ɖeɖe koe nye Ðasefowo le dua me. Mía kple Joy míehaya xɔ ɖe Ray Irons kple srɔ̃a Esther, siwo nyoa dɔme ŋutɔ la, ƒe aƒe me. Viŋutsu ɖeka kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ wo si, eye ƒome bliboa tsɔ ɖe le nyateƒea me. Ray kple viaŋutsua wonyia alẽwo eye wodea lugble le dua godo le kwasiɖaa me, eye Esther kple vianyɔnuawo kpɔa amedzrodzeƒe aɖe si le nutoa me dzi. Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe la, nye kple Joy míeɖaa nu gbogbo aɖe na Irons ƒomea kple ame siwo ade ame wuieve, siwo le woƒe amedzrodzeƒea—siwo nye ketekemɔŋudɔwɔla siwo dɔ nɔa wuwum vevie la. Dɔ sia kpena ɖe mía ŋu míexea míaƒe xɔfetu ƒe akpa aɖe. Ne míedzra teƒea ɖo vɔ la, míenaa gbɔgbɔmenuɖuɖu vivi aɖe Irons ƒomea—eyae nye Gbetakpɔxɔ si míesrɔ̃na kpli wo kwasiɖa sia kwasiɖa. Ray, Esther, kple wo vi eneawo va xɔ nyateƒea, eye woawoe nye Narrandera Hamea me tɔ gbãtɔwo.

Le ƒe 1951 me la, mede Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe le Sydney. Le afi ma la, mede kpekpe tɔxɛ aɖe si wowɔ na mɔɖela siwo di be yewoawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. Ame siwo wu 300 sɔŋ ye de kpekpe ma si wowɔ le avɔgbadɔ gã aɖe te. Nɔviŋutsu Nathan Knorr si tso Brooklyn Betel ye ƒo nu na ƒuƒoƒoa eye egblɔe eme kɔ nyuie be ehiã vevie be woatsɔ nya nyuia ayi anyigba la ƒe akpa ɖe sia ɖe. Míelé to ɖe nya ɖe sia ɖe si gblɔm wònɔ la ŋu vevie. Emegbe la, mɔɖela siwo nɔ afi ma gbe ma gbe la dometɔ akpa gãtɔ yi ɖadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Anyiehe Pasifik kple teƒe bubuwo. Dzi dzɔm ŋutɔ be menye Australiatɔ 17 siwo womia asi be woava de Gilead Sukua ƒe klass 19 lia le ƒe 1952 me la dometɔ ɖeka. Ƒe 20 ko mexɔ ɣemaɣi, eye esusɔ vie maɖo dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe taɖodzinu si meɖo na ɖokuinye la gbɔ!

EVA HIÃ BE MAWƆ TƆTRƆWO LE NYE AMENYENYE ŊU

Menye ɖeko nu siwo mesrɔ̃ kple ame siwo mede ha kplii le Gilead Sukua me la dzi nye Biblia me sidzedze ɖe edzi hedo ŋusẽ nye xɔse ko o, ke wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye amenyenye hã dzi. Sɔhɛ koe menye ɣemaɣi eye nye nuŋububu meda sɔ tututu o, eye media blibodede tso ɖokuinye kple ame bubuwo siaa si. Mebua nuwɔna aɖewo be womenyo o, evɔ naneke megblẽ le wo ŋu hafi o. Le kpɔɖeŋu me, esi mekpɔ Nɔviŋutsu Knorr wònɔ fefem henɔ bɔl ƒom kple Betel ɖekakpuivi aɖewo la, nye nu ku!

Mexɔe se be Gilead nufiala siwo katã nye ame dzeaɖaŋuwo eye wosubɔ ƒe geɖe la kpɔe dze sii be metsi dzimaɖeɖi akpa. Wotsɔ ɖe le eme nam etɔxɛ eye wokpe ɖe ŋunye meɖɔ nye nuŋububu ɖo. Vivivi la, meva te Yehowa bubu abe Mawu lɔ̃ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ene, ke menye abe Mawu si ƒe nya me sẽ eye wòbiaa nu geɖe fũu akpa tso ame si ene o. Nye sukuxɔmehati aɖewo hã kpe ɖe ŋunye. Meɖo ŋkui be wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Elva, Yehowa mele dziƒo afi ma hetsɔ atam le amewo ƒom o. Mègawɔ se kpaɖiwo na ɖokuiwò o!” Nya siwo wògblɔ tẽe la de nye dzi gbɔ.

Le Gilead Sukua dede megbe la, woɖo nye kple nye sukuxɔmehati ene ɖe Namibia, le Afrika. Eteƒe medidi o, mí ame enea míenɔ Biblia srɔ̃m kple ame 80 sɔŋ. Melɔ̃ Namibia kple dutanyanyuigblɔdɔa, gake nye Gilead sukuxɔmehati aɖe si woɖo ɖe Switzerland la ƒe nu lé dzi nam. Esi mesubɔ le Namibia ƒe ɖeka megbe la, meyi ɖawɔ ɖeka kple nye ŋugbetɔa le Switzerland. Esi míeɖe mía nɔewo vɔ la, mekpe ɖe eŋu le eƒe nutome sue dzikpɔladɔa me.

DZIGBÃNYA AÐE DZƆ ÐE DZINYE

Esi míewɔ nutome sue subɔsubɔdɔa dzidzɔtɔe hena ƒe atɔ̃ megbe la, womia asi mí be míava subɔ le Switzerland Betel. Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be menɔ gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi geɖe siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su la dome le Betel ƒomea me.

Eteƒe medidi o, nu dovoɖiname aɖe dzɔ ɖe dzinye. Meva nya be srɔ̃nye mewɔ nuteƒe nam o, eye mewɔ nuteƒe na Yehowa hã o. Eyome egblẽm ɖi. Ete ɖe dzinye ŋutɔ! Xɔ̃nye tsitsi lɔlɔ̃awo siwo nɔ Betel ƒomea me ƒe lɔlɔ̃ kple kpekpeɖeŋu manɔmee la, nyemenya ale si mawɔ ato nɔnɔme ma me o. Woɖoa tom ɣesiaɣi si medi be maƒo nu na wo eye woɖea mɔ nam meɖina ɖe eme ne medi be maɖi ɖe eme. Woƒe akɔfanyawo kple dɔmenyonyo kpe ɖe ŋunye le nye vevesese manyagblɔ la me eye esia na mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.

Meɖo ŋku nɔvi tsitsi aɖewo siwo to kuxi sesẽwo me eye esia na wozu ame fatuwo la ƒe nya siwo wogblɔ nam ƒe aɖewo do ŋgɔ la dzi. Meɖo ŋku nya aɖe si Madge Dunham gblɔ nam la hã dzi. Egblɔ nam gbe ɖeka be: “Elva, ne èle Yehowa subɔm la, àdo go dodokpɔ geɖewo le wò agbe me, gake dodokpɔ sesẽtɔwo ate ŋu atso ame siwo mia kpli wo dome le kplikplikpli la gbɔ. Le dodokpɔ mawo me la, te ɖe Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be eya subɔm nèle, ke menye amegbetɔ madeblibowo o!” Madge ƒe aɖaŋuɖoɖoa kpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ geɖe me. Meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ gbeɖe srɔ̃nye ƒe vodadawo natem ɖa tso Yehowa gbɔ o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, metso nya me be matrɔ ayi Australia aɖanɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le afi ma ale be mate ɖe nye ƒometɔwo ŋu. Esi meɖo meli trɔ yina aƒe la, medzro Biblia me kple hati mɔzɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe zi geɖe. Ðekakpui fatu aɖe si tso Norway, si ŋkɔe nye Arne Gjerde, la hã nɔ wo dome. Nya si wòse la do dzidzɔ nɛ. Emegbe la, Arne va srã mía kple nye ƒometɔwo kpɔ le Sydney. Ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Le ƒe 1963 me la, mía kple Arne míeɖe mía nɔewo, eye le ƒe eve megbe la, medzi mía viŋutsu Gary.

DZIGBÃNYA BUBU GADZƆ ÐE DZINYE

Mía kple Arne kpakple Gary míese vivi le míaƒe ƒomea me ŋutɔ. Eteƒe medidi o, Arne tu xɔ yeyewo ɖe míaƒe aƒea me ale be dzinyela tsitsiawo nava nɔ mía gbɔ. Gake le srɔ̃ɖeɖe ƒe ade megbe la, nane dzɔ si tso dzika ƒo na mí ŋutɔ. Wokpɔ ahɔhɔ̃ me kansa le Arne ŋu. Woxɔe ɖe kɔdzi henɔ keklẽŋusẽ ƒe dɔyɔmɔnu zãm nɛ hena ɣeyiɣi didi aɖe; meyina ɖasrãnɛ kpɔ gbe sia gbe. Va de asi na ɣeyiɣi aɖe la, eƒe nɔnɔmea ka ɖe eme; eyome eƒe lãmea ganyra ɖe edzi ake eye gbagbadɔ dze edzi. Wogblɔ nam be kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe wòaganɔ agbe. Ke hã Arne nɔ agbe wòdidi wu ema. Etrɔ gbɔ va aƒe me mlɔeba, eye mekpɔ edzi vivivi eƒe lãme gasẽ ake. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egate ŋu zɔ azɔli ake eye wògbugbɔ dze eƒe hamemetsitsi ƒe dɔwo gɔme. Esi wòkpɔa dzidzɔ eye wòdoa nukokoe na ame ta la, esia na wòte ŋu haya kaba eye esia wɔe be edzikpɔkpɔ nɔ bɔbɔe nam.

Ƒe geɖe megbe, le ƒe 1986 me la, Arne ƒe dɔlélea ganyra ɖe edzi ake. Ɣemaɣi la, dzinyelawo ku xoxo, eya ta míeʋu tso Sydney yi teƒe dzeani aɖe si woyɔna be Blue Mountains, eye esia na míete ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu wu. Emegbe la, Gary ɖe nɔvinyɔnu lɔ̃ame aɖe si ŋkɔe nye Karin, eye wodoe ɖa be mí ame ene la katã míanɔ aƒe ɖeka me. Ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe la, mí katã míeʋu yi aƒe aɖe me; medidi tso aƒe si me nye kple Arne míele la gbɔ o.

Le ɣleti 18 susɔe siwo do ŋgɔ na Arne ƒe ku me la, etsi aba dzi eye wòhiã beléle ɣesiaɣi. Esi nyemegatea ŋu yia afi aɖeke le ɣeyiɣi mawo me o ta la, mezãa gaƒoƒo eve gbe sia gbe tsɔ srɔ̃a Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo. Le nusɔsrɔ̃ mawo me la, meke ɖe aɖaŋuɖoɖo geɖe siwo me nunya le la ŋu ku ɖe ale si mawɔ ado dzi le nye nɔnɔmea me ŋu. Ame tsitsi siwo nɔ míaƒe hamea me la hã va srãam kpɔ lɔlɔ̃tɔe—wo dometɔ aɖewo hã to nɔnɔme sesẽ siawo tɔgbi me kpɔ. Woƒe sasrãkpɔawo do ŋusẽm ŋutɔ! Arne ku le April 2003 me kple kakaɖedzi be tsitretsitsia ava.

NYE ŊUSẼTSOƑE GÃTƆ

Esime menye sɔhɛ la, nye nuŋububu meda sɔ tututu o. Gake meva kpɔe be nuwo medzɔna le agbe me abe ale si míedii ene ɣesiaɣi o. Mekpɔ yayra gbogbo manyaxlẽwo eye meto dodokpɔ sesẽ eve hã me—mebú srɔ̃nye gbãtɔ le eƒe nuteƒemawɔmawɔ ta eye evelia le dɔléle ta. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mekpɔ mɔfiafia kple akɔfafa tso teƒe geɖewo. Ke hã nye ŋusẽtsoƒe gãtɔe nye ‘Amegã Ðeɖi,’ Yehowa Mawu. (Dan. 7:9) Eƒe aɖaŋuɖoɖowo trɔ nye amenyenye eye wòna mekpɔ yayra dodzidzɔnamewo le dutanyanyuigblɔdɔa me. Ne medze ŋgɔ kuxiwo la, ‘Yehowa ƒe amenuveve léam ɖe asi eye eƒe akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.’ (Ps. 94:18, 19) Mekpɔ dzidzɔ le nye ƒomea kple ‘xɔlɔ̃ lɔ̃ame siwo zua nɔvinyewo le hiã me’ la ƒe lɔlɔ̃ si woɖe fiam kple kpekpeɖeŋu si wonam ɣesiaɣi la ta. (Lod. 17:17) Ame siawo dometɔ geɖe nye ame tsitsi dzeaɖaŋuwo.

Blemafofo Hiob bia be: “Ðe nunya le amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwoa?” (Hiob 12:12) Ne metrɔ kpɔ megbe la, mate ŋu agblɔ be ŋuɖoɖoae nye, ɛ̃. Ame tsitsi nyanu mawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe ŋunye, woƒe akɔfanyawo do ŋusẽm, eye woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kpɔ ŋusẽ nyui ɖe nye agbe dzi. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be medze xɔlɔ̃ wo.

Fifia si mexɔ ƒe 80 la, nye hã mezu ame tsitsi. Nu siwo me meto la na metsia dzi ɖe ame tsitsi bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu etɔxɛ. Wo sasrã kpɔ kple kpekpe ɖe wo ŋu gadoa dzidzɔ nam kokoko. Gake hadede kple sɔhɛwo hã doa dzidzɔ nam. Woƒe ŋusẽ dea dzo menye eye woƒe dzonɔameme ʋãam be mawɔ geɖe. Ne mekpɔe be sɔhɛwo le tetem ɖe ŋunye hena mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu la, edoa dzidzɔ nam ŋutɔ be makpe ɖe wo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Elva nɔviŋutsu, Frank Lambert, va zu mɔɖela bibi aɖe le Australia ƒe gbɔtoduwo me. Agbalẽ si nye 1983 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah 1983), axa 110-112, ƒo nu tso eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ geɖeawo dometɔ aɖe ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple Joy Lennox le Narrandera

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Elva kple Switzerland Betel ƒomea le ƒe 1960 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Beléle na Arne le eƒe dɔléɣiwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe