Nyabiaɖaka
◼ Ame kawoe wòle be woaxɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ?
Wotrɔ asi le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ŋu be wòana kpekpeɖeŋu kple dzideƒo ame siwo dea gbeadzi. Eya ta menye ame sia amee woatsɔe ana o. Ele be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo katã naxɔe. Ame siwo vana Subɔsubɔ Kpekpea edziedzi eye wole ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta gbeadziyiyi gbɔ la hã axɔe. (Ðevi siwo tsi ate ŋu awɔ eŋu dɔ nyuie hã le eme.) Mikpɔ egbɔ be miada ɖeka ɖi hena Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒea. Mele be woana Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ame siwo woɖe le hamea me o.
Hame aɖewo kpɔe be eɖea vi be yewoaŋlɔ ame siwo katã dze la ƒe ŋkɔwo ɖi eye yewoama ŋkɔawo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo nu. Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo ate ŋu awɔ ŋkɔ siawo ŋu dɔ le emama me, eye ɖewohĩ woatsɔ mɔ alo asi aŋlɔ ame sia ame ƒe ŋkɔ ɖe etɔ dzi nyuie. Ele be ame sia ame si xɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ la nalé be nɛ eye woafiae ale si wòawɔ eŋu dɔ le dzadzraɖo ɖe Subɔsubɔ Kpekpea kple gbeadziyiyi ŋu me. Ame geɖe kpɔe be ekpena ɖe yewo ŋu ne yewotsɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ de yewoƒe teokrasi agbalẽwo dzraɖoƒe la le numekukuwɔwɔ le etsɔ me ta.