Ƒe 1994 Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi
MƆFIAMEWO
Ðoɖo siwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu hena 1994 woe nye si:
AGBALẼ SIWO WOAZÃ: Eʋegbe Biblia, Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me [uw]; “Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile” [si] (ƒe 1990 me tɔ), Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ [gt], kple Sujets de conversation bibliques (td) si le Traduction du monde nouveau me dzie dɔdasiawo anɔ te ɖo.
Sukua adze egɔme kple hadzidzi, gbedodoɖa, kpakple dzaadoname, eye miawɔe ɖe ɖoɖo siwo gbɔna la nu:
DƆDASI GBÃTƆ: Aɖabaƒoƒo 15. Woade dɔ sia asi na hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla bibi aɖe. Nuƒoa atso Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me alo “Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile” me. Nuƒo sia axɔ tso aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 12 eye le ema megbe woazã tso aɖabaƒoƒo 3 vaseɖe 5 awɔ numedzodzro kple nyaselawo, eye woazã nyabiabia siwo wota ɖe agbalẽa me hena numedzodzro sia. Menye taɖodzinu lae nye be woakpe nyaa ɖo ko evɔ o, ke boŋ be woate gbe ɖe nyatakakaa ƒe vevienyenye kple alesi woatsɔe awɔ dɔe la dzi ahatɔ asi nusi akpe ɖe hamea ŋu geɖe wu la dzi. Ele be woazã tanya si wonae la. Míele dzi dem ƒo na nɔviwo katã be woadzra ɖo nyuie do ŋgɔ ale be nuƒo sia naɖe vi na wo geɖe wu.
Nɔviŋutsu siwo woade dɔ sia asi na la nanɔ ŋudzɔ ɖe gamedzinɔnɔ ŋu. Woaɖo aɖaŋu ba nɔvi si wɔ dɔdasi gbãtɔ sia le adzame ne ehiã alo ne ebia do ŋgɔ be woaɖo aɖaŋu na ye.
BIBLIA XEXLẼ ME NYATI VEVIAWO: Aɖabaƒoƒo 6. Sukudzikpɔla alo hamemegã bubu alo subɔsubɔdɔwɔla bibi si atsɔ nya la asɔ kple mia gbɔ nuhiahiãwo la nawɔ akpa sia. Mele be wòanye nuxexlẽa me nyawo me toto dzro ko o. Woatsɔ aɖabaƒoƒo afã vaseɖe ɖeka ato ta siwo wode asi la me gbã. Taɖodzinuae nye be woakpe ɖe nyaselawo ŋu be woanya nusita kple alesi nyatakaka la le vevie na míi. Emegbe sukudzikpɔla ana sukuviawo nayi ɖe woƒe xɔ vovovoawo me.
NUƑO 2 lia: Aɖabaƒoƒo 5. Nɔviŋutsu naxlẽ Biblia ƒe akpa sia si woade esi. Woawɔ esia le suku si woawɔ le Fiaɖuƒe Akpata ŋutɔa me kple esiwo woawɔ le xɔ bubuwo me la me. Zi geɖe la, nuxexlẽa ƒe didime nɔa kpuie ale be sukuvia nate ŋu aɖe nu me kpuie le ŋgɔdonya kple nuwunya la me. Ate ŋu aƒo nu le nusi ŋutinya gblɔ, eƒe vevienyenye le nyagblɔɖi alo nufiafia me kple alesi woawɔ gɔmeɖosewo ŋudɔe ŋuti. Ele be wòaxlẽ kpukpui siwo wode asi la katã eye wòagatɔ ɖe teƒe aɖeke o. Ne kpukpui siwo sukuvia axlẽ la katã metsiã ɖe wo nɔewo nu o la, ate ŋu ayɔ afisi nuxexlẽa yi edzi le.
NUƑO 3 lia: Aɖabaƒoƒo 5. Woade nuƒo sia asi na nɔvinyɔnuwo. Nuƒo sia ƒe tanyawo atso Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa me. Ele be sukuvi si woade akpa sia asi na la nanya nuxexlẽ. Le nuƒoa me la, sukuvia ate ŋu anɔ anyi alo atsi tre. Sukudzikpɔla ana kpeɖeŋutɔ ɖeka sukuvia, gake woate ŋu awɔ kpeɖeŋutɔ bubuwo hã ŋudɔ. Anyo be wɔwɔfiawo naku ɖe gbeadziyiyi alo vomeɖaseɖiɖi ŋu. Amesi xɔ dɔdasia ate ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme alo eƒe kpeɖeŋutɔa(wo) adze egɔme. Woatsɔ beléle tɔxɛ ŋutɔ na nuƒoa, menye nya si woatsɔ adze egɔme la ɖeɖeko o. Sukuvia nazã tanya si wota ɖe Ðoɖowɔɖia me.
NUƑO 4 lia: Aɖabaƒoƒo 5. Woade dɔ sia asi na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu. Atso Sujets de conversation bibliques [td] si le Traduction du monde nouveau me. Ne wode dɔ sia asi na nɔviŋutsu la, aƒo nuƒoa na nyaselawo tẽ. Anyo ŋutɔ ne Fiaɖuƒe Akpata me nyaselawo le susu me na nuƒola la ne ele dzadzraɖo wɔm ale be nufiame nyui nanɔ eme na eselawo eye wòaɖe vi geɖe na wo. Gake ne asɔ ɖe edzi be wòawɔe wòanye wɔwɔfia si sɔ ɖe nɔnɔme aɖe nu la, ekema ate ŋu atrɔ asi le eŋu alea. Ele be sukuvia nazã tanya si wona la.
Ne wode dɔ sia asi na nɔvinyɔnu la, ekema awɔe abe alesi míeɖoe le Nuƒo 3 lia mee ene.
AÐAŊUÐOÐO KPLE NYA BUBUWO: Ne sukuvi ɖesiaɖe ƒo nu vɔ la, sukudzikpɔla aɖo aɖaŋu nɛ gake mahiã kokoko be aɖaŋuɖoɖoa nanɔ te ɖe nudidiawo dzi abe alesi wokplɔ wo nɔewo ɖo le Nuƒo Ŋuti Aɖaŋuɖogbalẽvia dzii ene o. Ke boŋ atɔ asi afisiwo wòhiã be sukuvia nawɔ ŋgɔyiyi le la dzi. Ne sukudzikpɔla na “E” sukuvia, si fia be ewɔ dɔdasia nyuie evɔ dzeside “K” (si fia be “Kakam ɖe eme”) alo “W” (si fia be “Wɔ esia ŋu dɔ”) mele aɖaŋuɖogbalẽvia dzi o la, ekema sukudzikpɔla nate fli kotoo ɖe aɖaka si me dzesi si nye nudidi “E,” “K,” alo “W” dzena le la ŋu be sukuvia nawɔ le dɔ le eŋu ɣebubuɣi. Sukudzikpɔla ana sukuvia nanya esia gbemagbe ke si wòwɔ eƒe dɔa vɔ eye wòana nudidi sia nadze le Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Dɔdasigbalẽvi (S-89) la dzi ɣebubuɣi si wòaxɔ dɔ. Ele be amesiwo xɔ dɔ la nanɔ ŋgɔgbezikpuiawo dzi. Esia ana be womagblẽ ɣeyiɣi o eye sukudzikpɔla ate ŋu aɖo aɖaŋu na sukuvi ɖesiaɖe tẽ. Ne sukudzikpɔla ɖo aɖaŋu si hiã la vɔ eye ɣeyiɣia ɖe mɔ la, ahe akpa vevi aɖewo kple nufiame aɖe siwo sukuviawo gblẽ ɖi le nuƒoa me la ɖe go ahafia alesi woatsɔ wo awɔ dɔe. Mele be sukudzikpɔla ƒe aɖaŋuɖoɖo alo nya bubuwo naxɔ wu aɖabaƒoƒo eve le sukuvi ɖesiaɖe ƒe dɔdasi wɔwɔ vɔ megbe o. Ne amesi le Biblia xexlẽ me nya veviwo me dzrom gblẽ nya vevi aɖe ɖi la, ate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ le adzame.
NUƑOAWO DZADZRAÐO: Hafi sukuvia nawɔ eƒe dɔdasia la, ele be wòagbɔ dzi ɖi axlẽ nusi Manuel pour l’École gblɔ le nuƒoa ƒe nudidi si ŋu wòawɔ dɔ le la ŋu. Sukuvi siwo xɔ dɔdasi evelia natia tanya si akpe ɖe wo ŋu be wòasɔ ɖe nuxexlẽa ƒe nya veviwo ɖo nyuie. Nuƒo bubuawo anɔ te ɖe tanya si dze le Ðoɖowɔɖi sia me la dzi.
GAMEDZINƆNƆ: Nuƒo aɖeke megagbɔ game dzi o, nenema ke mele be sukudzikpɔla ƒe aɖaŋuɖoɖo kple eƒe nya bubuwo hã nagbɔ game dzi o. Ele be sukudzikpɔla natsɔ ŋuɖɔɖo atɔ te Nuƒo 2 lia vaseɖe 4 lia ƒolawo ne gamea de. Ne ame li koŋ be wòawɔ dzesi be ɣeyiɣia de la, ele be wòawɔ esia enumake. Ne nɔviŋutsu siwo le Dɔdasi gbãtɔa kple Biblia xexlẽ me nyatiwo veviwo wɔm gbɔ game dzi la, ele be woaɖo aɖaŋu na wo le adzame. Amesiame nawɔ ɖe eƒe game dzi pɛpɛpɛ. Wɔna bliboa nawu enu le aɖabaƒoƒo 45 me, ne woɖe hadzidzi kple gbedodoɖa le eme.
NUŊƆŊLƆ ƑE DODOKPƆ: Woawɔ nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔ ɣeaɖewoɣi. Ne èle dzadzram ɖo ɖe ŋu la, to nyatiawo me, eye na.axlẽ Biblia ƒe akpa siwo wode asi la katã. Biblia ɖeɖekoe woazã le aɖabaƒoƒo 25 ƒe dodokpɔ sia me. Woazã ɣeyiɣi kpɔtɔea atsɔ adzro nyabiabiawo kple ŋuɖoɖoawo mee. Sukuvi ɖesiaɖe ade dzesii nenye be eƒe ŋuɖoɖoa nyo alo menyo o. Sukudzikpɔla adzro dodokpɔa ƒe nyabiabiawo ŋuti ŋuɖoɖoawo me kple nyaselawo gake atɔ asi biabia siwo sesẽ la dzi ahakpe ɖe nɔviawo katã ŋu be ŋuɖoɖoawo me nakɔ na wo nyuie. Ne le nɔnɔmea aɖewo ta wòhiã be miawɔ dodokpɔa le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, miate ŋu awɔe nenema.
HAME GÃWO: Hame siwo ƒe sukuviwo nye ame 50 alo esi sɔ gbɔ wu nenema adi be yewoawɔ ɖoɖo ale be sukuvi bubuwo naƒo nuƒoawo le xɔ evelia me le aɖaŋuɖola bubuwo ŋkume. Amesiwo mexɔ nyɔnyrɔ̃ o gake wole agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu hã ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me eye woana dɔwo.
ANYIMANƆMANƆ: Hame bliboa ate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe sukua ŋu nenye be wovaa sukua kwasiɖa ɖesiaɖe, eye wodzraa woƒe dɔdasiwo ɖo nyuie hekpɔa gome le nyaŋuɖoɖowo me. Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be sukuviawo katã atsɔ beléle tɔxɛ na woƒe dɔdasiawo. Ne sukuvi aɖe meli awɔ eƒe dɔdasia o la, amesi lɔ̃ faa la awɔe nɛ, eye wòawɔ etɔ sinua togbɔ be enye vomedɔwɔna hã gake. Alo sukudzikpɔla ate ŋu awɔ akpa sia, eye nyaselawo nakpɔ gome le eme le afisi wòsɔ le.
ÐOÐOWƆÐIA
*td — “Sujets de conversation bibliques” si le Traduction du monde nouveau me
3 janvier Biblia xexlẽ: Nexemya 9 vaseɖe 11
Hadzidzi 2
No. 1: Nusi Hea Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vavãtɔ Vɛ (uw axa 5-7 mm. 1-7)
No. 2: Nexemya 9:4, 26-33, 36-38
No. 3: Nusiwo Ŋu Asixɔxɔ Vavãtɔ Le le Mawu Gbɔ Wɔwɔ (gt ta 83)
No. 4: *td 57A Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La
10 janvier Biblia xexlẽ: Nexemya 12 kple 13
Hadzidzi 129
No. 1: Nexemya—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 86-7 mm. 16-19)
No. 2: Nexemya 13:15-18, 23-31
No. 3: Nusrɔ̃lanyenye ƒe Agbanɔamedzi (gt ta 84)
No. 4: *td 57C Amewo Anɔ Anyigba Dzi Ðaa
17 janvier Biblia xexlẽ: Ester 1 vaseɖe 5
Hadzidzi 132
No. 1: Ester ƒe Ŋgɔdonya (si axa 87-8 mm. 1-6)
No. 2: Ester 4:6-17
No. 3: Kpɔ Nyuie le Afiatsotsonameɖokui Ŋu, eye Nàbɔbɔ Ðokuiwò (gt ta 85)
No. 4: *td 21A Alesi Woawɔ Adze Si Aʋatsonyagblɔɖilawo
24 janvier Biblia xexlẽ: Ester 6 vaseɖe 10
Hadzidzi 133
No. 1: Ester—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 89-90 mm. 16-18)
No. 2: Ester 6:1-13
No. 3: Vi Búbu la Kple Fofoa Lɔlɔ̃tɔ La (gt ta 86 mm. 1-9)
No. 4: *td 22A Nusita Gbɔgbɔmedɔdada Hiã Vevie Ðo
31 janvier Biblia xexlẽ: Hiob 1 vaseɖe 3
Hadzidzi 62
No. 1: Hiob ƒe Ŋgɔdonya (si axa 90-1 mm. 1-6)
No. 2: Hiob 2:1-13
No. 3: Vi Búbu la ƒe Tɔtrɔgbɔ Wɔ Dɔ ɖe Ame Bubuwo Dzi (gt ta 86 mm. 10-20)
No. 4: *td 22B Mawu ƒe Fiaɖuƒea Ahe Ŋutilãmedɔdada Mavɔ Vɛ
7 février Biblia xexlẽ: Hiob 4 vaseɖe 6
Hadzidzi 158
No. 1: Nu Vevi Siwo Hea Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vɛ (uw axa 8 mm. 8 vaseɖe 8 [3])
No. 2: Hiob 6:1-11, 29, 30
No. 3: Tsɔ Nunya Ŋutɔŋutɔ Dzra Ðo ɖe Etsɔ Me Ŋu (gt ta 87)
No. 4: *td 22C Kpeɖodzi Mele Egbegbe Xɔsegbedada Ŋu be Mawu Da Asi Ðe Edzi O
14 février Biblia xexlẽ: Hiob 7 vaseɖe 9
Hadzidzi 213
No. 1: Nusiwo Hea Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vɛ (uw axa 9 mm. 8 [4] vaseɖe 9)
No. 2: Hiob 9:1-15
No. 3: Kesinɔtɔ la Kple Lazaro (gt ta 88 mm. 1-10)
No. 4: *td 22D Aɖe Yeye Gbɔgblɔ Nye Ɣeyiɣi aɖe ko ƒe Nunana
21 février Biblia xexlẽ: Hiob 10 vaseɖe 12
Hadzidzi 191
No. 1: Kristotɔ Vavãwo Ƒoa Asa Na Nusiwo Hea Mamã Vɛ (uw axa 10-11 mm. 10-12)
No. 2: Hiob 12:1-16
No. 3: Nusi Kesinɔtɔ la Kple Lazaro Ŋuti Kpɔɖeŋu la Fia (gt ta 88 mm. 11-21)
No. 4: *td 5B Ame 144,000 Koe Ayi Dziƒo
28 février Biblia xexlẽ: Hiob 13 vaseɖe 15
Hadzidzi 97
No. 1: Dze Si Yehowa eye Nàkpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu (uw axa 12-13 mm. 1-4)
No. 2: Hiob 13:1-13
No. 3: Nublanuikpɔkpɔ ƒe Dɔ Wɔwɔ le Yudea (gt ta 89)
No. 4: *td 17B Hell-dzo Ŋutɔa Aɖeke Meli O
7 mars Biblia xexlẽ: Hiob 16 vaseɖe 18
Hadzidzi 185
No. 1: Dze Yehowa ƒe Lɔlɔ̃ ƒe Kpɔɖeŋu la Yome (uw axa 14-15 mm. 5-7)
No. 2: Hiob 16:1-11, 22
No. 3: Yesu Ƒo Nu le Tsitretsitsi ƒe Mɔkpɔkpɔ la Ŋu (gt ta 90)
No. 4: *td 17C Dzo Nye Tsɔtrɔ̃ Mavɔ ƒe Kpɔɖeŋu
14 mars Biblia xexlẽ: Hiob 19 kple 20
Hadzidzi 85
No. 1: Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Mawu Ŋuti Nyateƒe la (uw axa 15-17 mm. 8 vaseɖe 11 [2])
No. 2: Hiob 19:14-29
No. 3: Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre (gt ta 91)
No. 4: *td 17E Kesinɔtɔ la Kple Lazaro ƒe Ŋutinya la—Meɖo Kpe Funyafunya Mavɔ Dzi O
21 mars Biblia xexlẽ: Hiob 21 kple 22
Hadzidzi 95
No. 1: Yehowa Ðeka Koe Li (uw axa 17-18 mm. 11 [3] vaseɖe 12)
No. 2: Hiob 21:19-34
No. 3: Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Dɔmenyonyo Ta (gt ta 92)
No. 4: *td 29B Kristotɔ Gbãtɔwo Meɖu Dzigbezã alo Kristmas O
28 mars Biblia xexlẽ: Hiob 23 vaseɖe 26
Hadzidzi 138
No. 1: Nusi Zɔzɔ le Mawu ƒe Ŋkɔ me Fia (uw axa 18-19 mm. 13-15)
No. 2: Hiob 24:1, 2, 14-25
No. 3: Esime Woaɖe Amegbetɔvi la Afia (gt ta 93)
No. 4: *td 24A Nɔnɔmetatawo Zazã le Subɔsubɔ me Doa Vlo Mawu
4 avril Biblia xexlẽ: Hiob 27 vaseɖe 29
Hadzidzi 180
No. 1: Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woakpɔe be Biblia Nye Mawu ƒe Nya (uw axa 20-2 mm. 1-6)
No. 2: Hiob 29:2-18
No. 3: Alesi Gbegbe Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ Hiãe (gt ta 94)
No. 4: *td 24B Legbasubɔsubɔ Kpe Ðe Nusiwo Tae Israel-dukɔa Dze Anyi Ŋu Ŋu
11 avril Biblia xexlẽ: Hiob 30 kple 31
Hadzidzi 46
No. 1: Xlẽ Biblia la Gbesiagbe (uw axa 23-5 mm. 7-11)
No. 2: Hiob 31:23-37
No. 3: Nufiame le Srɔ̃gbegbe Kple Ðeviwo Lɔlɔ̃ Ŋu (gt ta 95)
No. 4: *td 24C Mawu Meda Asi Ðe Esubɔsubɔ to Nɔnɔmetatawo Dzi O
18 avril Biblia xexlẽ: Hiob 32 kple 33
Hadzidzi 59
No. 1: Srɔ̃ Nu be Nànya Nu tso Mawu Ŋu (uw axa 25-6 mm. 12 vaseɖe 12 [1])
No. 2: Hiob 33:1-6, 23-33
No. 3: Yesu Kple Ðekakpui Dziɖula Kesinɔtɔ Aɖe (gt ta 96)
No. 4: *td 37A Ðekawɔwɔ Vavãtɔ Metsoa Xɔsetsakatsaka me O
25 avril Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Nexemya 9 vaseɖe Hiob 33 ɖo
Hadzidzi 42
2 mai Biblia xexlẽ: Hiob 34 vaseɖe 36
Hadzidzi 47
No. 1: De Ŋugble le Biblia ƒe Tanya Kple Nya Siwo Ƒo Xlã Kpukpuiawo la Ŋu (uw axa 26 mm. 12 [2] kple 12 [3])
No. 2: Hiob 34:1-15
No. 3: Yesu ƒe Kpɔɖeŋu le Weinbɔ la Ŋuti (gt ta 97)
No. 4: *td 37B Menye Nyateƒe be “Subɔsubɔhawo Katã Nyo” O
9 mai Biblia xexlẽ: Hiob 37 kple 38
Hadzidzi 162
No. 1: Wɔ Nusiwo Nèsrɔ̃na Ŋudɔ eye Nàgblɔe na Ame Bubuwo (uw axa 26-8 mm. 12 [4] vaseɖe 13)
No. 2: Hiob 37:5-14, 23, 24
No. 3: Yesu Dzra Eƒe Nusrɔ̃lawo Ðo ɖe Nusiwo Le Ŋgɔ Ŋu (gt ta 98)
No. 4: *td 27A Ele Be Kristotɔwo Nazã Mawu ƒe Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ
16 mai Biblia xexlẽ: Hiob 39 kple 40
Hadzidzi 105
No. 1: Nusiwo Nyagblɔɖilawo Gblɔ Le Yesu Ŋu (uw axa 29-31 mm. 1-6)
No. 2: Hiob 40:1-14
No. 3: Yesu Kpe Ðe Abraham ƒe Vi Bubu aɖe Ŋu (gt ta 99)
No. 4. *td 27C Mawu ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Nyateƒenyawo
23 mai Biblia xexlẽ: Hiob 41 kple 42
Hadzidzi 106
No. 1: Hiob—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 95 mm. 39-43)
No. 2: Hiob 42:1-10, 12-17
No. 3: Minawo Ŋuti Kpɔɖeŋu La (gt ta 100)
No. 4: *td 27D Sidzedze Mawu ƒe Nɔnɔmewo
30 mai Biblia xexlẽ: Psalmo 1 vaseɖe 6
Hadzidzi 168
No. 1: Psalmo ƒe Ŋgɔdonyawo—Akpa 1 (si axa 96 mm. 1-5)
No. 2: Psalmo 2:1-12
No. 3: Yesu De Maria Dzi le Nu Nyui si Wòwɔ Ta (gt ta 101)
No. 4: *td 27F Menye Amewo Katãe Le Mawu Ðeka ma Ke Subɔm O
6 juin Biblia xexlẽ: Psalmo 7 vaseɖe 10
Hadzidzi 138
No. 1: Psalmo ƒe Ŋgɔdonyawo—Akpa 2 (si axa 96-7 mm. 6-11)
No. 2: Psalmo 8:1–9:6
No. 3: Kristo ƒe Yerusalem Yiyi abe Fia Aʋadziɖula Ene (gt ta 102)
No. 4: *td 56A Yehowa Ðasefowo ƒe Dzɔtsoƒe
13 juin Biblia xexlẽ: Psalmo 11 vaseɖe 17
Hadzidzi 64
No. 1: Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖi ƒe Kpɔɖeŋuwo Ŋu (uw axa 32-3 mm. 7 vaseɖe 8 [2])
No. 2: Psalmo 14:1–15:5
No. 3: Yesu Bu Fɔ Amesiwo Ƒo Ði Mawu ƒe Gbedoxɔa (gt ta 103)
No. 4: *td 28B Yesu nye Mawu ƒe Vi Kple Fia si Wòɖo
20 juin Biblia xexlẽ: Psalmo 18 vaseɖe 20
Hadzidzi 79
No. 1: Wowɔ Míaƒe Nunɔla Gã la ƒe Vɔvɔli Fia (uw axa 33 mm. 8 [3] kple 8 [4])
No. 2: Psalmo 19:1-15
No. 3: Wose Mawu ƒe Gbe Zi Etɔ̃lia (gt ta 104)
No. 4: *td 28D Yesu Kristo Dzi Xɔxɔ Se Le Vevie Hena Ðeɖekpɔkpɔ
27 juin Biblia xexlẽ: Psalmo 21 vaseɖe 24
Hadzidzi 144
No. 1: Nusita Dzimetɔtrɔ Kple Xɔse Le Vevie (uw axa 33-7 mm. 9-14)
No. 2: Psalmo 23:1–24:10
No. 3: Nusi Gboti si Woƒo Fi De la Tsi Tre Ði Na (gt ta 105)
No. 4: *td 28E Nu Geɖe Hiã Wu Yesu Dzi Xɔxɔ Se Ko
4 juillet Biblia xexlẽ: Psalmo 25 vaseɖe 29
Hadzidzi 160
No. 1: Toɖoɖo Mawu Hea Ablɔɖe Vavãtɔ Vɛ (uw axa 38-39 mm. 1-5)
No. 2: Psalmo 26:1-12
No. 3: Alesi Woklo Nu le Subɔsubɔhakplɔlawo Ŋui (gt ta 106)
No. 4: *td 49B Nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Awɔ na Ameƒomea
11 juillet Biblia xexlẽ: Psalmo 30 vaseɖe 33
Hadzidzi 130
No. 1: Afisi Woate Ŋu Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ le Egbea (uw axa 40-2 mm. 6-9)
No. 2: Psalmo 32:1-11
No. 3: Nusi Srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo Ŋuti Kpɔɖeŋu la Tsi Tre Ði Na (gt ta 107)
No. 4: *td 49C Fiaɖuƒedziɖuɖua Dze Egɔme le Esime Kristo ƒe Futɔwo Gakpɔtɔ Li
18 juillet Biblia xexlẽ: Psalmo 34 vaseɖe 36
Hadzidzi 167
No. 1: Xexeame ƒe Ablɔɖe Nye Kluvinyenye Ŋutɔŋutɔ (uw axa 42-3 mm. 10-12)
No. 2: Psalmo 36:1-13
No. 3: Wodo Kpo Yesu Ðeɖe le Mɔ̃ Me (gt ta 108)
No. 4: *td 49E Mawu ƒe Fiaɖuƒea Mava to Amegbetɔwo ƒe Agbagbadzedze Me O
25 juillet Biblia xexlẽ: Psalmo 37 vaseɖe 39
Hadzidzi 109
No. 1: Alesi Woawɔ Anya Hadede Vɔ̃wo (uw axa 44-5 mm. 13, 14)
No. 2: Psalmo 37:23-38
No. 3: Yesu Bu Fɔ Amesiwo Tsi Tre Ðe Eyama Ŋu (gt ta 109)
No. 4: *td 11A Nusi “Xexeame ƒe Nuwuwu” Fia
1er août Biblia xexlẽ: Psalmo 40 vaseɖe 44
Hadzidzi 207
No. 1: Nya Vevi si Wòle Be Amesiame Nadze Ŋgɔe (uw axa 46-7 mm. 1-3)
No. 2: Psalmo 41:1-14
No. 3: Yesu Wu Subɔsubɔdɔa Nu le Gbedoxɔa Me (gt ta 110)
No. 4: *td 11B Nɔ Ŋudzɔ ɖe Nusiwo Ðo Kpe Edzi be Míele Ŋkeke Mamleawo me la Ŋu
8 août Biblia xexlẽ: Psalmo 45 vaseɖe 49
Hadzidzi 190
No. 1: Srɔ̃ Nuteƒewɔlawo ƒe Xɔse (uw axa 47-52 mm. 4-11
No. 2: Psalmo 45:1-8, 11-18
No. 3: Yesu Gblɔ Ŋkeke Mamleawo ƒe Dzesi (gt ta 111 mm. 1-11)
No. 4: *td 60B Mawu Do Agbe Mavɔ Nɔnɔ Ŋugbe na Ameƒomea me tɔ Siwo Nye Toɖolawo
15 août Biblia xexlẽ: Psalmo 50 vaseɖe 52
Hadzidzi 170
No. 1: Nyateƒea Dea Bubu Yehowa Ŋu (uw axa 52-4 mm. 12-15)
No. 2: Psalmo 51:1-19
No. 3: Yesu Gaƒo Nu Geɖe le Ŋkeke Mamleawo Ŋu (gt ta 111 mm. 12-19)
No. 4: *td 60D Amesiwo Le Kristo ƒe Ŋutilã me koe Ayi Dziƒo
22 août Biblia xexlẽ: Psalmo 53 vaseɖe 57
Hadzidzi 103
No. 1: Nusi Mawu ƒe Mɔɖeɖe ɖe Vɔ̃ɖinyenye ŋu Fiaa Mí (uw axa 55-7 mm. 1-7)
No. 2: Psalm 55:2, 3, 13-23
No. 3: Ðetugbi Aɖaŋudzelawo Kple Abunetɔwo (gt ta 111 mm. 20-8)
No. 4: *td 60E Wodo Agbe Mavɔ Nɔnɔ Ŋugbe na Alẽ Bubu siwo Xexlẽme Meli Na O
29 août Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woaakpe Hiob 34 vaseɖe Psalm 57 Ðo
Hadzidzi 34
5 septembre Biblia xexlẽ: Psalmo 58 vaseɖe 62
Hadzidzi 50
No. 1: Mawu Mewɔa Nu Madzɔmadzɔ Gbeɖe O (uw axa 57-61 mm. 8-16)
No. 2: Psalmo 62:1-13
No. 3: Talentowo Ŋuti Kpɔɖeŋu La (gt ta 111 mm. 29-37)
No. 4: *td 32B Ele Be Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Ŋu
12 septembre Biblia xexlẽ: Psalmo 63 vaseɖe 67
Hadzidzi 45
No. 1: Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu—Nàtsi Tre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu (uw axa 62-4 mm. 1-5)
No. 2: Psalmo 65:1-14
No. 3: Esime Kristo Ava le Fiaɖuƒeŋusẽ Me (gt ta 111 mm. 38-46)
No. 4: *td 32C Ele Be Kristotɔwo Nade Bubu Tanyenye ƒe Gɔmeɖosea Ŋu
19 septembre Biblia xexlẽ: Psalmo 68 kple 69
Hadzidzi 82
No. 1: Nɔ Ŋudzɔ ɖe Abosam ƒe Aɖaŋu Vɔ̃wo Nu (uw axa 64-7 mm. 6-12)
No. 2: Psalmo 68:1-12, 33-36
No. 3: Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyui Mamlea Gogo (gt ta 112)
No. 4: *td 32D Ðeviwo ƒe Agba si le Dzila Kristotɔwo Dzi
26 septembre Biblia xexlẽ: Psalmo 70 vaseɖe 73
Hadzidzi 73
No. 1: Do Mawu ƒe Aʋawɔnu Blibo la Katã (uw axa 67-9 mm. 13-15)
No. 2: Psalmo 72:1-20
No. 3: Yesu Wɔ Ðokuibɔbɔ ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe (gt ta 113)
No. 4: *td 32E Ele Be Kristotɔwo Naɖe Kristotɔwo Ko
3 octobre Biblia xexlẽ: Psalmo 74 vaseɖe 77
Hadzidzi 113
No. 1: Sidzedze, Xɔse, Kple Tsitretsitsi La (uw axa 70-3 mm. 1-7)
No. 2: Psalmo 76:1-13
No. 3: Yesu Ðo Ŋkuɖodzi ƒe Fiẽnuɖuɖua Anyi (gt ta 114)
No. 4: *td 32F Nyateƒe Kristotɔwo Meɖea Srɔ̃ Wòwua Ðeka O
10 octobre Biblia xexlẽ: Psalmo 78 kple 79
Hadzidzi 18
No. 1: Ku Kple Tsiẽƒe ƒe Safuiwo Le Yesu Si (uw axa 73-7 mm. 8-15)
No. 2: Psalmo 79:1-13
No. 3: Yesu tsɔ Dzigbɔɖi Fia Nu Eyomedzelawo le Lɔlɔ̃ Kple Ðokuibɔbɔ Ŋuti (gt ta 115)
No. 4: *td 9A Yesu Dadae Maria nye, Menye “Mawu Dada” O
17 octobre Biblia xexlẽ: Psalmo 80 vaseɖe 85
Hadzidzi 93
No. 1: Kpɔ Ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Matsrɔ̃ Gbeɖe O la Ŋu (uw axa 78-81 mm. 1-9)
No. 2: Psalmo 83:1-19
No. 3: Yesu Dzra Apostoloawo Ðo ɖe Eƒe Dzodzo Ŋu (gt ta 116 mm. 1-14)
No. 4: *td 9C Biblia Ðee Fia be Maria Menye “Ðetugbi Ðaa” O
24 octobre Biblia xexlẽ: Psalmo 86 vaseɖe 89
Hadzidzi 57
No. 1: Fiaɖuƒea Ana Mawu ƒe Gɔmedzetameɖoɖo Nava Eme (uw axa 81-2 mm. 10-12)
No. 2: Psalmo 86:1-17
No. 3: Amesiwo Nye Yesu ƒe Xɔlɔ̃ Ŋutɔŋutɔwo (gt ta 116 mm. 15-25)
No. 4: *td 34A Nusi Ŋɔŋlɔawo Gblɔ le Ŋkuɖodzia Ŋu
31 octobre Biblia xexlẽ: Psalmo 90 vaseɖe 94
Hadzidzi 190
No. 1: Nusi Fiaɖuƒea Te Ŋu Wɔ Xoxo (uw axa 83-6 mm. 13-15)
No. 2: Psalmo 90:1-17
No. 3: Yesu Dzra Eƒe Nusrɔ̃lawo Ðo Hede Dzi Ƒo na Wo (gt ta 116 mm. 26-37)
No. 4: *td 34B Misa Ðuɖu Metso Ŋɔŋlɔawo Me O
7 novembre Biblia xexlẽ: Psalmo 95 vaseɖe 101
Hadzidzi 172
No. 1: Alesi Míedia Fiaɖuƒea Gbãgbiagbãe (uw axa 87-9 mm. 1-6)
No. 2: Psalmo 100:1–101:8
No. 3: Gbedodoɖa si Yesu Tsɔ Ƒo Etae le Dziƒoxɔ la Dzi (gt ta 116 mm. 38-51)
No. 4: *td 25A Ele Be Kristotɔwo Katã Nanye Subɔlawo
14 novembre Biblia xexlẽ: Psalmo 102 vaseɖe 104
Hadzidzi 1
No. 1: Dze Nusrɔ̃la Gbãtɔwo ƒe Kpɔɖeŋua Yome (uw axa 90-1 mm. 7-9)
No. 2: Psalmo 103:1-14, 21, 22
No. 3: Vevesese helĩhelĩ le Abɔa Me (gt ta 117)
No. 4: *td 25B Dzedze Hena Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ
21 novembre Biblia xexlẽ: Psalmo 105 kple 106
Hadzidzi 201
No. 1: Wò Ŋutɔ Tsɔ Fiaɖuƒea Ðo Nɔƒe Gbãtɔ (uw axa 91-4 mm. 10-15)
No. 2: Psalmo 106:1-12, 47, 48
No. 3: Yesu Yomemɔfiafia Kple Eléle (gt ta 118)
No. 4: *td 40A Nusita Woléa Fu Kristotɔ Vavãtɔwo Ðo
28 novembre Biblia xexlẽ: Psalmo 107 vaseɖe 109
Hadzidzi 202
No. 1: Nusiwo Ŋɔŋlɔawo Gblɔ le Nyɔnyrɔ̃ Siwo Yohanes Na Ŋu (uw 95-6 mm. 1-5)
No. 2: Psalmo 108:1-14
No. 3: Wodo Vlo Yesu Hedrɔ̃ Ʋɔnui Madzemadzee (gt ta 119)
No. 4: *td 40C Mele Be Srɔ̃nyɔnu Naɖe Mɔ Srɔ̃a Namã Wo Kple Mawu dome O
5 décembre Biblia xexlẽ: Psalmo 110 vaseɖe 115
Hadzidzi 17
No. 1: Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe Ku Me (uw axa 97-8 mm. 6-8)
No. 2: Psalmo 110:1-7; 114:1-8
No. 3: Vɔvɔ̃ na Amegbetɔ Na Petro Gbe Nu le Yesu Gbɔ (gt ta 120)
No. 4: *td 40D Mele Be Srɔ̃ŋutsu Nana Srɔ̃a Naxe Mɔ ɖe Eƒe Mawu Subɔsubɔ Nu O
12 décembre Biblia xexlẽ: Psalmo 116 vaseɖe 119:32
Hadzidzi 195
No. 1: Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ “ɖe Fofo la Kple Vi la Kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe Ŋkɔa me” (uw axa 98 mm. 9)
No. 2: Psalmo 116:1-19
No. 3: Yesu Gblɔ Nyateƒea Dzideƒotɔe le Sanhedrin la Ŋkume Kple Pilato Gbɔ (gt ta 121)
No. 4: *td 43A Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena
19 décembre Biblia xexlẽ: Psalmo 119:33-112
Hadzidzi 59
No. 1: Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Kple Kristotɔwo ƒe Agbanɔamedziwo (uw axa 99-102 mm. 10-14)
No. 2: Psalmo 119:97-112
No. 3: Pilato Kple Herodes Siaa Mete Ŋu Kpɔ Vodada le Yesu Ŋu O (gt ta 122)
No. 4: *td 43C Nusita Mawu Mesea Gbedodoɖa Aɖewo O
26 décembre Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Psalmo 58 vaseɖe 119:112 Ðo
Hadzidzi 155