INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 1
  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míanye Gamedzinɔlawo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 1

Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu

1 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Yehowa de se na eƒe dukɔ be woakpe ta edziedzi le yeƒe aƒeme. (Mo. III, 23:2) Kpekpe siawo kpe ɖe wo ŋu woƒe susu nɔ Mawu ƒe nya la ŋu, eʋu mɔ ɖe ŋugbledede, hadede, kple Yehowa ƒe Sewo me dzodzro ŋu. Mawu ƒe nyawo va yɔ woƒe susu me, si he gbɔgbɔmeyayra geɖe vɛ na wo. Dzidzɔɣeyiɣiwoe esiawo nye vavã. Ðoɖoa do ɖekawɔwɔ kple tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ. Ta kpekpe le Mawu ƒe aƒeme gale vevie nenema ke egbea.

2 Aleke Míate Ŋu Aɖee Afia be Kpekpewo Dzea Mía Ŋu? Hame aɖewo bua akɔnta be ame ʋee aɖewo koe dea kpekpewo, vevietɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃. Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme si me ame aɖe le mana wòate ŋu ayi kpekpe aɖe o. Gake ɖe nèna kuxi suewo doa kplamatse wò kpekpewo yiyi edziedzia? Ame aɖewo tsia aƒeme ne ta le wo ɖum vie alo ne ŋkekea me dɔ te ɖeɖi wo ŋu. Ame bubuwo kpɔe be ele be yewoakpɔ yewoƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔ siwo va srã yewo kpɔ la gbɔ. Ame aɖewo ya gbea kpekpewo yiyi ɖe television dzi wɔna aɖe si doa dzidzɔ na wo alo lãmesẽfefe aɖe kpɔkpɔ ta. Ŋudzedzekpɔkpɔ si woɖe fia le nɔnɔme siawo me la mede didi vevie si Korax viwo ɖe gblɔ la nu o: “Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke.”—Ps. 84:3.

3 Togbɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu geɖe nɔa kpekpeawo me hã la, esesẽna na ame aɖewo be woaɖo to. Woƒe susu nɔa tsatsam, wonɔa ŋkekea me ƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu bum, alo nɔa akɔlɔ̃e dɔm gɔ̃ hã. Ame geɖe kpɔe be dzesidede nyawo kpuie kpena ɖe yewo ŋu yewonɔa ŋudzɔ eye yewoƒe susu nɔa nya si gblɔm wole ŋu. Nyawo ŋɔŋlɔ ɖi hã nana wotsia susu me na ame. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzadzraɖo do ŋgɔ na míekpɔa viɖe le eme bliboe. Ne míedzra ɖo nyuie la, míate ŋu ‘alé to ɖe nyawo ŋu geɖe wu.’—Heb. 2:1.

4 Ehiã be ɖeviwo kple tsitsiawo siaa nalé kpekpewo me nufiamewo ɖe susu me. Ðeviwo mate ŋu asrɔ̃ nu geɖe o ne dzilawo naa fefenuwo alo nutagbalẽwo wo be wòana woanɔ nane wɔm ahazi ɖoɖoe. Manye hehe nyui be woaɖe asi le ɖeviwo ŋu woanɔ fefem, woanɔ nu ƒom, woanɔ avi fam, alo woanɔ nu bubu siwo ɖea toɣli amesiwo nɔ anyi ɖe egbɔ la wɔm o. Aɖuɖɔɖɔƒe alo tsinoƒe yiyi edziedzi si mehiã hafi o le kpekpea wɔɣi la dzi ɖena kpɔtɔ ne ɖevia nya be ye dzila ɖeka akplɔ ye ayi ɣesiaɣi.

5 Vava ɖe Game Dzi le Vevie: Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ana míatsi megbe hafi ava kpekpe aɖe, gake enye bubumademade kpekpewo ƒe tameɖoɖo kɔkɔea kple míaƒe agbanɔamedzi be míatsri toɣliɖeɖe ame bubuwo la ŋu ne míetsia megbe ɣesiaɣi wodzia ha doa gbe ɖa tsɔ ʋua kpekpea nu vɔ hafi míeɖona. Miɖo ŋku edzi be hadzidzi kple gbedodoɖa kple mía nɔviwo le hamekpekpewo me nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Zi geɖe la, ɖoɖo nyui mawɔmawɔ alo ɖoɖomawɔmawɔ do ŋgɔ gbɔe megbetsitsi si zu numãme la tsona. Gamedzinɔnɔ fia be míedea bubu míaƒe kpekpewo ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.

6 Esi ŋkekea le aƒe tum wu ta la, ahiã be míakpe ta geɖe wu. (Heb. 10:24, 25) Mina míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to yiyi edziedzi, dzadzraɖo do ŋgɔ, gamedzinɔnɔ, toɖoɖo nyuie, kple nusiwo míesrɔ̃na ŋudɔwɔwɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe