INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 5
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 12
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 19
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 26
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena December

MIDE DZESII: Míewɔ ɖoɖo ɖe December kple January ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Subɔsubɔ Kpekpe ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Hamewo ate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo hiã le eŋu be woakpɔ mɔnu ayi “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea eye emegbe woatsɔ aɖabaƒoƒo 30 adzro takpekpe me nuƒoawo me le kwasiɖa si akplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me. Ele be woatsɔ takpekpeŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuƒowo me dzodzro ade asi na nɔviŋutsu eve alo etɔ̃ siwo dze la do ŋgɔ, amesiwo ate ŋu ate gbe ɖe nya vevi siwo ɖe dzesi dzi. Numedzodzro sia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie la akpe ɖe hamea ŋu be woaɖo ŋku nya veviwo dzi be woawɔ eŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me ahazãe le gbeadzi. Nyaselawo ƒe ŋuɖoɖowo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie eye wòaku ɖe nya veviawo ŋu tẽ.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 5

Hadzidzi 68

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo sɔ. Ƒo nu tso nyati lédziname ɖeka alo eve siwo woate ŋu azã ne wole magazine yeyewo nam la ŋu. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nazã nyatiawo dometɔ ɖeka awɔ enana ƒe wɔwɔfia.

15 min: “Kpɔɖeŋu si Wòle Be Míasrɔ̃ Nyuie.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.

18 min: “Kpe Ame Bubuwo be Woasrɔ̃ Ame Vevitɔ La.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia kpui eve. Te gbe ɖe aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi nyui wɔwɔ ƒe vevienyenye dzi; dzro nusiwo wòle be woaŋlɔ me kpuie.

Hadzidzi 153 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 12

Hadzidzi 86

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. Xlẽ gakɔntabubu kple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo.

15 min: “Lé Ŋku Ðe Wò Nufiafia Ŋu Ɣesiaɣi.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro mɔfiame siwo kpe ɖe “Theocratic Ministry School Schedule for 1995” ŋu la me, eye nàgblɔ ŋkuɖodzinya ɖesiaɖe si hiã na hamea koŋ.

18 min: “Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gagblɔ nya bubuwo le alesi wòhiã be woava kpekpewo ɖe game dzii ŋu.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, June 15, 1990, ƒe axa 26-9.

Hadzidzi 99 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 19

Hadzidzi 78

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro gbeadziyiɖoɖo siwo le mia si ɖe azãɖuɣi si gbɔna ŋu me. Ðo aɖaŋu le mɔ siwo dzi woana magazine yeyewo le le miaƒe anyigbamamã me ŋu.

20 min: “Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖinya la Ŋu.” Emedegbalẽvia. Hamemegã aɖe natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro memamã 1-8 me. Dzro alesi woawɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ ŋudɔe la me.

15 min: “De Dzi Ƒo Na Wo Woava Zu Eyomedzelawo.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia kpui eve. Kafui be amesiame nazã ɣeyiɣi aɖe le eƒe gbeadziyiɣiwo me kwasiɖa ɖesiaɖe atsɔ awɔ tɔtrɔyiwoe.

Hadzidzi 22 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 26

Hadzidzi 74

7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro nyati si nye “Ðe Miaƒe Nusrɔ̃ɣiwo Atrɔa?” me ne esɔ na miaƒe hamea.

18 min: “Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖinya la Ŋu.” Emedegbalẽvia. Hamemegã aɖe natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro memamã 9-13 mee. Te gbe ɖe dzadzraɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ŋu, dede edziedzi, kple gomekpɔkpɔ le eme ƒe vevienyenye dzi. Na woakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenufiame si hiã vevie hena mɔfiafia mí le ŋkeke mamle siawo me ŋu.

20 min: “Dzilawo, Ðe Mia Viwo Nye Gbeƒãɖelawoa?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo ƒe numedzodzro. Na ɖevi aɖe nazã mawunyakpukpui ɖeka atsɔ aƒo nui na aƒemenɔla ne miedzro memamã 3 lia me vɔ.

Hadzidzi 157 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe