Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
Ghana: Míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye gbogbotɔ kekeake, si nye 46,838 le June me. Gbesiagbe mɔɖela 3,478 siwo bu akɔnta hã ƒe agbɔsɔsɔ yeye sia nye gbogbotɔ kekeake.
Cuba: Nyitsɔ laa, Cuba-dziɖuɖua ɖe mɔ na Habɔbɔa teƒenɔla si nye alɔdzewo dzikpɔla be wòaɖitsa avasubɔ Cuba. Wowɔ kpekpe kple nutome sue dzikpɔlawo kpakple nutome gã dzikpɔlawo. Fifia nɔviawo te ŋu nɔa ƒuƒoƒo me wòdea 150. Wokpɔ dzidzɔ be fifia ablɔɖe sɔgbɔ wu su yewo si eye woagate ŋu azã Betel-ƒea ake wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe le Cuba.