Dzikpɔla Mɔzɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo
“Eyi dzi me ʋĩ, eye wòɖe aboyo aboyomewo yii, eye wòna [nunana siwo nye, NW] amewo.”—EFESOTƆWO 4:8.
1. Dɔ yeye kae woɖe gbeƒãe le magazine sia me le ƒe 1894 me?
GBETAKPƆXƆ ɖe gbeƒã nu yeye aɖe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia. Wogblɔ be enye “Dɔa ƒe Akpa Bubu.” Nukae dɔwɔna yeye sia nye? Eyae nye dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe dɔa nu ʋuʋu le egbeŋkekea me. Magazine sia ƒe tata si nye September 1, 1894 ɖe eme be tso ɣemaɣi la, nɔviŋutsu siwo dze la asrã Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒowo kpɔ ‘be woatu wo ɖo le nyateƒea me.’
2. Dɔ kawoe le nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo dzi?
2 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, dzikpɔlawo abe Paulo kple Barnaba ene srã Kristo-hamewo kpɔ. Ŋutsu nuteƒewɔla siawo ƒe taɖodzinue nye hameawo ‘tutu ɖo.’ (Korintotɔwo II, 10:8) Egbea, wotsɔ ŋutsu siawo akpe geɖe siwo le dɔ sia wɔm ɖe ɖoɖo nu la yra mí. Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la ɖo wo nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawoe. Nutome sue dzikpɔla tsɔa kwasiɖa ɖeka subɔa hame siwo ade 20 la dometɔ ɖesiaɖe zi eve le ƒe me, edzroa nuŋlɔɖiwo me, ƒoa nuƒowo, eye wòwɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le afima. Nutome gã dzikpɔla nɔa zi me na ƒe sia ƒe nutome sue takpekpe ɖesiaɖe le nutome sue xexlẽme aɖe me, ewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa kple hame siwo gbɔ wòdze, eye woƒoa Biblia me nuƒowo tsɔ dea dzi ƒo na woe.
Woƒe Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Gbɔgbɔ
3. Nukata wòle be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ dzikpɔla mɔzɔlawo si?
3 Dzikpɔla mɔzɔlawo tsana ɣesiaɣi. Esia ɖeɖe hã bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. Mɔzɔzɔ tso hame aɖe gbɔ ayi bubu gbɔ te ŋu sesẽna zi geɖe, gake ŋutsu siawo kple wo srɔ̃wo wɔa esia kple dzidzɔ. Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Srɔ̃nye doa alɔm ŋutɔ eye metoa nyatoƒoe o . . . Edze na kafukafu geɖe ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si wòɖena fiana ta.” Nutome sue dzikpɔla aɖewo zɔa mɔ kilometa 1,000 kple edzivɔ le hameawo dome. Wo dometɔ geɖe kua ʋu, gake bubuwo ɖoa dugbadzaʋuwo, wodoa gasɔ, doa sɔ, alo zɔa afɔ yia teƒeteƒewo. Ele na nutome sue dzikpɔla Afrikatɔ aɖe gɔ̃ hã be wòakɔ srɔ̃a ɖe abɔta atso tɔsisi aɖe ale be wòaɖo hame aɖe gbɔ. Le apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔwo me la, eto dzoxɔxɔ kple vuvɔ, dɔwuame kple tsikɔwuame, zãdomadɔlɔ̃e, afɔku vovovowo, kple yometiti anyratɔe me. Etsi dzi hã ɖe “beléle na hamewo katã” ŋu—nusiwo teƒe dzikpɔla mɔzɔlawo hã kpɔna egbea.—Korintotɔwo II, 11:23-29.
4. Ŋusẽ kae lãmegbegblẽ ate ŋu akpɔ ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo dzi?
4 Lãmegbegblẽwo ɖea fu na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ɣeaɖewoɣi abe alesi wònɔ le Paulo ƒe zɔhɛ Timoteo gome ene. (Timoteo I, 5:23) Esia na nu gatena ɖe wo dzi wu. Nutome sue dzikpɔla aɖe srɔ̃ gblɔ be: “Nɔviawo gbɔ nɔnɔ ɣesiaɣi nyea dɔ ne nye lãme mele kɔkɔm o. Esi nye gbɔtotsoɣi ɖo la, esia gasesẽ ɖe edzi nam. Alesi míaƒo te míaƒe agbawo katã kwasiɖa sia kwasiɖa agayi teƒe bubu la nye dɔ ŋutɔ. Zi geɖe la, ele be matɔ ado gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm ne mayi edzi.”
5. Togbɔ be dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo toa dodokpɔ vovovowo me hã la, gbɔgbɔ kae woɖena fiana?
5 Togbɔ be lãmegbegblẽ kple dodokpɔ bubuwo ɖea kpe na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo hã la, wokpɔa dzidzɔ le woƒe subɔsubɔ me eye woɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiana. Wo dometɔ aɖewo de woƒe agbe afɔku me be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu le yometiti alo aʋawɔwɔ ƒe ɣeyiɣiwo me. Le hamewo sasrãkpɔ me la, woɖe gbɔgbɔ si ɖi apostolo Paulo tɔ fia, amesi gblɔ na Tesalonika Kristotɔwo be: “Míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene, nenema ke esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.”—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.
6, 7. Ŋusẽ nyui kae dzikpɔla mɔzɔlawo ate ŋu akpɔ ɖe amewo dzi?
6 Dzikpɔla mɔzɔlawo “[dzea] agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me” abe hamemegã bubu siwo le Kristo-hamea me ke ene. Ele be “woatsɔ bubu teƒe eve abu” hamemegã siawo katã. (Timoteo I, 5:17) Woƒe kpɔɖeŋu ate ŋu aɖe vi na mí ne ‘míebu alesi wowɔa nui ŋu, hesrɔ̃ woƒe xɔse.’—Hebritɔwo 13:7.
7 Ŋusẽ kae hamemegã mɔzɔla aɖewo kpɔ ɖe ame bubuwo dzi? Yehowa ƒe Ðasefo aɖe ŋlɔ bena: “Ŋusẽ nyui ka gbegbe enye si Nɔviŋutsu P—— kpɔ ɖe nye agbenɔnɔ dzi! Enye dzikpɔla mɔzɔla le Mexico tso ƒe 1960 heyina. Esime menye ɖevi la, mekpɔa mɔ na eƒe sasrãkpɔwo vevie kple dzidzɔ. Esime mexɔ ƒe ewo la, egblɔ nam be, ‘Wò hã àva zu dzikpɔla mɔzɔla.’ Le nye ƒewuimenɔɣi sesẽawo me la, medinɛ ɣesiaɣi elabena nya siwo me nunya le nɔa esi wògblɔna ɣesiaɣi. Alẽha la kpɔkplɔ koŋ ŋue wòtsia dzi ɖo! Fifia si menye nutome sue dzikpɔla la, medzea agbagba ɣesiaɣi be makpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu eye be matsɔ teokrasitaɖodzinuwo aɖo wo ŋkume abe alesi wòwɔe nam ene. Le Nɔviŋutsu P—— ƒe agbenɔƒe mamlɛawo me, togbɔ be eƒe dzi meva nɔ dɔ wɔm nyuie o hã la, edina ɣesiaɣi be yeade dzi ƒo na amewo. Le ŋkeke si do ŋgɔ na eƒe ku le February 1995 me la, mía kplii míeyi ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ aɖe eye wòtsɔ taɖodzinu nyuiwo ɖo nɔviŋutsu aɖe si nye xɔtala ƒe ŋkume. Enumake nɔviŋutsua kpe dɔbiagbalẽvi ɖo be yeasubɔ le Betel.”
Wokpɔa Ŋudzedze Ðe Wo Ŋu
8. Amekawoe nye “nunana [siwo nye] amewo” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Efesotɔwo ta 4 me, eye aleke woɖea vi na hame lae?
8 Woyɔa dzikpɔla mɔzɔlawo kple hamemegã bubu siwo si subɔsubɔ ƒe dɔdasiwo le le Mawu ƒe amenuveve me la be “nunana [siwo nye, NW] amewo.” Yesu si nye Yehowa teƒenɔla kple hamea ƒe Ta la na gbɔgbɔmeme siawo mí be woatu mí ɖo ɖekaɖeka bene míaɖo tsitsi gbɔ. (Efesotɔwo 4:8-15) Edze be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nunana ɖesiaɖe ta. Esia nye nyateƒe vevietɔ le nunana si doa ŋusẽ mí be míayi edzi asubɔ Yehowa la gome. Eyata aleke míawɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe dɔa ŋu? Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee fia le be ‘míebua ŋutsu siawo tɔgbe.’?—Filipitɔwo 2:29.
9. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia dzikpɔla mɔzɔlawo?
9 Ne woɖe gbeƒãe be nutome sue dzikpɔla gbɔna la, míate ŋu adze egɔme awɔ ɖoɖo be míakpɔ gome le dɔ siwo hamea awɔ le kwasiɖa ma me la me bliboe. Ðewohĩ míate ŋu aɖo ɣeyiɣi geɖe wu ɖi atsɔ ado alɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖowo le eƒe sasrãkpɔɣia. Ðewohĩ míate ŋu azu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le ɣleti ma me. Godoo la, míadi be míatsɔ nutome sue dzikpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖowo awɔ dɔe ale be míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi. Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ ƒe gbɔgbɔ sia aɖe vi na mí eye ana wòaka ɖe edzi be yeƒe sasrãkpɔa ɖe vi. Ẽ, dzikpɔla mɔzɔlawo srãa hamea kpɔ be woatu mí ɖo, gake ehiã be woatu woawo hã ɖo le gbɔgbɔ me. Paulo hiã dzideƒo le ɣeyiɣi aɖewo me, eye ebia ehati Kristotɔwo zi geɖe be woado gbe ɖa ɖe ye ta. (Dɔwɔwɔwo 28:15; Romatɔwo 15:30-32; Korintotɔwo II, 1:11; Kolosetɔwo 4:2, 3; Tesalonikatɔwo I, 5:25) Dzikpɔla mɔzɔla siwo li egbea hã hiã míaƒe gbedodoɖawo kple dzideƒoname nenema ke.
10. Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu ana ale be dzidzɔ nanɔ dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe dɔa me?
10 Ðe míegblɔ alesi gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a ƒe sasrãkpɔwo ŋu la na woa? Ðe míedaa akpe nɛ ɖe aɖaŋu nyui siwo wòɖona na mí la ta? Ðe míena wònyana ne eƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋuti aɖaŋuɖoɖo dzi míaƒe dzidzɔ ɖe edzi le subɔsubɔdɔa mea? Ne míewɔa esia la, ana wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔa wɔwɔ me. (Hebritɔwo 13:17) Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Spain ƒo nu tso alesi eya kple srɔ̃a dea asixɔxɔ akpedadagbalẽvi siwo woxɔna le hamewo sasrãkpɔ megbe ŋu la ŋuti. Egblɔ be: “Míedzraa agbalẽvi siawo ɖo eye míexlẽa wo ne dzi ɖe le mía ƒo. Wodea dzi ƒo na mí ale gbegbe.”
11. Nukata wòle be míana nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo srɔ̃wo nanya be míelɔ̃ wo hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu?
11 Le nyateƒe me la, kafukafunyawo ɖea vi na dzikpɔla mɔzɔla la srɔ̃. Etsɔ nu geɖe sa vɔe be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia. Nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siawo ɖea asi le dzɔdzɔmedidi be woanɔ woa ŋutɔwo ƒe aƒeme kple, le ame geɖe gome la, be woadzi vi hã ŋu. Yefta vinyɔnu nye Yehowa subɔlawo dometɔ ɖeka si lɔ̃ faa ɖe asi le srɔ̃ŋutsu kple vidzidzi ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu le ŋugbe si fofoa do ta. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-39) Aleke wobu eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ lae? Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:40 gblɔ be: “Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.” Aleke gbegbe wònyoe enye si ne míaɖoe agblɔ na nutome sue kple nutome ga dzikpɔlawo srɔ̃wo be míelɔ̃ wo hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu!
“Migaŋlɔ Amedzroxɔxɔ Be O”
12, 13. (a) Ŋɔŋlɔawo me nya ka dzie woate ŋu atu amedzrowɔwɔ na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ɖo? (b) Gblɔ alesi amedzrowɔwɔ sia ate ŋu aɖe vi na amesi wɔe kple amesi wowɔe na siaa la ƒe kpɔɖeŋu.
12 Amedzrowɔwɔ hã nye mɔ bubu si dzi míeɖea lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ fiaa amesiwo le Kristotɔwo ƒe mɔzɔzɔdɔa wɔm le. (Hebritɔwo 13:2) Apostolo Yohanes kafu Gayo ɖe alesi wòwɔ amedzro na amesiwo nye dutanyanyuigblɔla mɔzɔla siwo va srã hamea kpɔ la ta. Yohanes ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔ, èwɔ nuteƒe le nusianu, si nèwɔ na nɔvi, siwo nye amedzrowo la me, amesiwo va ɖi ɖase le wò lɔlɔ̃ ŋuti le hame la ƒe ŋku me, eye ne èɖo wo ɖa alesi dze Mawu ŋu la, ekema èwɔe nyuie. Elabena eƒe ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo, eye womexɔa naneke le trɔ̃subɔlawo si o. Eyata ele na mí be, míaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.” (Yohanes III, 5-8) Míate ŋu ado Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ egbea to amedzrowɔwɔ na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo me nenema ke. Le nyateƒe me la, ele be hamemegã siwo le teƒea nakpɔ egbɔ be wona dɔƒe nyui wo, gake nutome gã dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Menye amesiwo ate ŋu awɔ nane na mí ye míedina le hadede kple nɔviwo me o. Míedi be amewo nabui nenema gɔ̃ hã o. Ele be míalɔ̃ axɔ amedzrowɔwɔ si mía nɔviwo dometɔ ɖesiaɖe aɖe fia mí, woɖanye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o.”
13 Amedzrowɔwɔ ate ŋu aɖe vi na amesi wɔe kple amesi wowɔe na. Jorge si nye nutome sue dzikpɔla tsã eye wòle subɔsubɔm le Betel fifia la ɖo ŋku edzi be: “Le míaƒe ƒomea me la, míekpea dzikpɔla mɔzɔlawo zi geɖe be woava nɔ mía gbɔ. Mekpɔe be sasrãkpɔ siawo kpe ɖe ŋunye wu alesi mebui ɣemaɣi. Esi menɔ tsitsim la, medo go gbɔgbɔmekuxiwo. Esia ɖe fu na danye gake menya alesi tututu wòawɔ akpe ɖe ŋunye o eye eyata egblɔ na nutome sue dzikpɔla la be wòaƒo nu kplim. Gbã la, nyemelɔ̃na tena ɖe eŋu o, elabena mevɔ̃ be ava ƒo nu tso nye vodadawo ŋu. Gake eƒe xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme na meva te ɖe eŋu mlɔeba. Ekpem be mava ɖu nu kple ye Dzoɖa aɖe, eye megblɔ nye dzimenyawo katã nɛ elabena meka ɖe edzi be ese nu gɔme nam. Eɖo to nyuie. Eƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo wɔ dɔ ŋutɔ, eye mete ŋgɔyiyi wɔwɔ le gbɔgbɔ me.”
14. Nukata wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe hamemegã mɔzɔlawo ŋu wu be míaɖe ɖeklemi wo?
14 Dzikpɔla mɔzɔla dzea agbagba be yeakpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu le gbɔgbɔ me. Ekema ele be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu. Ke ne míeɖe ɖeklemii le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta alo tsɔe sɔ kple ame bubu siwo srã hamea kpɔ madzemadzee ɖe? Adzɔ be esia aɖe dzi le eƒo ŋutɔ. Mede dzi ƒo na Paulo esime wòse woɖe ɖeklemi eƒe dɔ o. Edze ƒã be Korinto Kristotɔ aɖewo gblɔ gbɔɖiamenyawo le eƒe dzedzeme kple eƒe nuƒoŋutete ŋu. Eya ŋutɔ yɔ ɖikela siawo ƒe nyawo gblɔ be: “Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋutɔ nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” (Korintotɔwo II, 10:10) Gake dzidzɔtɔe la, dzikpɔla mɔzɔlawo sea lɔlɔ̃ ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋunya siwo tso lɔlɔ̃ me zi geɖe.
15, 16. Dɔ kae lɔlɔ̃ kple veviedodo si haxɔsetɔwo ɖena fiana wɔna ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo dzi?
15 Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Latin Amerika dagbana ŋkeke bliboa katã le mɔ siwo dzi ba le ale be wòayi aɖasrã eƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le nuto si me vivimeʋawɔlawo kpɔ ŋusẽ ɖo. Eŋlɔ bena: “Eʋãa ame ŋutɔ ne èkpɔ alesi nɔviwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe sasrãkpɔa ŋu. Togbɔ be ele be madze agbagba vevie, ato afɔku kple nɔnɔme sesẽ geɖe me, hafi aɖo afima hã la, lɔlɔ̃ kple veviedodo si nɔviwo ɖena fiana ɖoa esiawo katã teƒe.”
16 Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Afrika ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ si nɔviwo ɖe fia mí wɔe be míekpɔ dzidzɔ ɖe Tanzania-nyigbamamã la ŋu ŋutɔ! Nɔviwo lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ nu tso mía gbɔ, eye edzɔa dzi na wo be míadze woƒe aƒewo me.” Lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo si me dzidzɔ le la nɔ Apostolo Paulo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ srɔ̃tɔ Akwila kple Priskila dome. Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ le wo ŋu be: “Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã; woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe.” (Romatɔwo 16:3, 4) Dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo daa akpe be xɔlɔ̃ siwo nye egbegbe Akwilawo kple Priskilawo le yewo si, amesiwo dzea agbagba geɖe ɖea amedzrowɔwɔ fiana hezɔna kpli wo.
Ŋusẽ Dodo Hameawo
17. Nukata míate ŋu agblɔ be nunya le dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe ɖoɖoa me, eye afikae woxɔa mɔfiafia tsonɛ?
17 Yesu gblɔ be: “Nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.” (Mateo 11:19) Nunya si le dzikpɔla mɔzɔla ƒe ɖoɖoa me la dzena ƒã le esia me be edoa ŋusẽ Mawu ƒe amewo ƒe hamewo. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia me la, eya kple Sila te ŋu “[yi] ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ dom hameawo.” Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ na mí be: “Esi wole duawo me tom la, wogblɔ nyaɖoɖo, siwo apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem, bla la na wo, bena woalé wo me ɖe asi. Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.” (Dɔwɔwɔwo 15:40, 41; 16:4, 5) Egbegbe dzikpɔla mɔzɔlawo xɔa mɔfiafia to Ŋɔŋlɔawo kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo dzi, abe alesi Kristotɔ bubuwo katã wɔna ene.—Mateo 24:45.
18. Aleke dzikpɔla mɔzɔlawo doa ŋusẽ hameawoe?
18 Ẽ, ele be hamemegã mɔzɔlawo nayi edzi aɖu nu le Yehowa ƒe gbɔgbɔmekplɔ̃ ŋu. Ele be woanya mɔnu kple mɔfiame siwo dzi Mawu ƒe habɔbɔa zɔna ɖo nyuie. Esia ana ŋutsu siawo nanye yayra ŋutɔŋutɔ na ame bubuwo. Woate ŋu ato kpɔɖeŋu nyui si woaɖo le veviedodo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nyuie wu. Biblia me nuƒo siwo hamemegã siawo siwo va srãa mí kpɔ ƒona la tua eselawo ɖo le gbɔgbɔ me. Dzikpɔla mɔzɔlawo doa ŋusẽ hame siwo wokpɔa mɔnu srãna kpɔna la to kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo me be woawɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya la me ŋudɔ, woasubɔ ɖekae kple Yehowa ƒe ame siwo le anyigba katã dzi, eye woazã gbɔgbɔmenu siwo katã Mawu nana to “dɔla nuteƒewɔla” dzi la.
19. Nyabiabia kawoe gali siwo ŋu míade ŋugble le?
19 Esime Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo hamemegã mɔzɔlawo ƒe dɔa anyi le Biblia Nusrɔ̃viwo dome anɔ ƒe alafa ɖeka enye sia la, magazine sia gblɔ be: “Míakpɔ mɔ na nusiwo ado tso eme kple na Aƒetɔ la ƒe mɔfiame bubuwo.” Edze ƒã be Yehowae le mɔ fiam. Eƒe yayra kple Dziɖuha la ƒe dzikpɔkpɔ na wokeke dɔ sia ɖe enu hetrɔ asi le eŋu le ƒeawo me. Esia na wole ŋusẽ dom Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le anyigba dzi katã le xɔse me eye woƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe. Edze ƒã be Yehowa le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si nunana siawo siwo nye amewo ɖena fiana la yram. Gake aleke dzikpɔla mɔzɔlawo ate ŋu awɔ woƒe dɔ dzidzedzetɔe? Nukae nye woƒe taɖodzinuwo? Aleke woawɔ be nu nyuitɔ kekeake nado tso eme?
Nya Kae Nàgblɔ?
◻ Nukae nye nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo ƒe dɔ aɖewo?
◻ Nukata wòle be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ dzikpɔla mɔzɔlawo si?
◻ Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dɔ si wɔm hamemegã mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo le la ŋu?
◻ Nukae dzikpɔla mɔzɔlawo ate ŋu awɔ ana hamewo nali ke le xɔse me?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Mɔzɔzɔ atraɖii bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ðe nèwɔ amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃woa?