Alesi Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nyea Xɔnuvi Nuteƒewɔlawoe
“Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.”—PETRO I, 4:10.
1, 2. (a) Aleke nàɖe nya “xɔnuvi” mee? (b) Amekawoe nye xɔnuvi siwo ŋudɔ Mawu wɔna la dometɔ aɖewo?
YEHOWA wɔa Kristotɔ nuteƒewɔlawo katã ŋudɔ wonyea xɔnuviwo. Zi geɖe la, xɔnuvi nyea dɔla si kpɔa aƒe dzi. Ate ŋu akpɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔwɔnyawo hã gbɔ. (Luka 16:1-3; Galatiatɔwo 4:1, 2) Yesu yɔ eƒe amesiamina nuteƒewɔlawo ƒe ha si le anyigba dzi la be “xɔnuvi nuteƒewɔla.” Etsɔ ‘eƒe nuwo katã,’ si me Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ hã le la, de xɔnuvi sia si.—Luka 12:42-44; Mateo 24:14, 45.
2 Apostolo Petro gblɔ be Kristotɔwo katã nye Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu la ƒe xɔnuviwo. Akpa aɖe le Kristotɔ ɖesiaɖe si si wòawɔ xɔnuvinyenye ƒe dɔwo le nuteƒewɔwɔtɔe. (Petro I, 4:10) Kristotɔ hamemegã siwo woɖo la nye xɔnuviwo, eye wo dometɔ aɖewoe nye dzikpɔla mɔzɔlawo. (Tito 1:7) Aleke wòle be míabu hamemegã mɔzɔla siawoe? Nɔnɔme kple taɖodzinu kawoe wòle be wòanɔ wo si? Eye aleke woawɔ woƒe dɔ naɖe vi geɖe wu?
Akpedada ɖe Woƒe Subɔsubɔ Ta
3. Nukata woate ŋu ayɔ dzikpɔla mɔzɔlawo be “xɔnuvi nyuiwo”?
3 Kristotɔ srɔ̃tɔ aɖewo gblɔ le lɛta si woŋlɔ na dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple srɔ̃a me be: “Míedi be míada akpe na mi ɖe ɣeyiɣi siwo katã miegblẽ ɖe mía ŋu kple lɔlɔ̃ si míeɖe fia mí la ta. Míaƒe ƒomea kpɔ viɖe geɖe tso miaƒe dzideƒoname kple aɖaŋuɖoɖo me. Míenya be ele be míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me, gake Yehowa kple nɔviŋutsuwo kpakple nɔvinyɔnuwo abe miawo ene ƒe kpekpeɖeŋu na tsitsi sia le bɔbɔe wu.” Amewo gblɔa nya siawo tɔgbe zi geɖe elabena dzikpɔla mɔzɔlawo tsɔa ɖe le haxɔsetɔ ɖesiaɖe me, abe alesi xɔnuvi nyui kpɔa eƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe ene. Wo dometɔ aɖewo nye nuƒola bibiwo. Geɖe dzea agbagba le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋutɔ, eye wonya bubuwo hã nyuie ɖe woƒe vividoɖeameŋu kple nublanuikpɔkpɔ ta. Esi dzikpɔla mɔzɔlawo tua nɔnɔme siawo ɖo hewɔa wo ŋudɔ le ame bubuwo subɔsubɔ me ta la, míate ŋu ayɔ wo wòasɔ be “xɔnuvi nyuiwo.”
4. Biabia ka mee míadzro fifia?
4 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewɔlawoe.” (Korintotɔwo I, 4:2) Hati Kristotɔwo subɔsubɔ le hame bubu me kwasiɖa sia kwasiɖa nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si me dzidzɔ le. Gake agbanɔamedzi gã aɖe hãe wònye. Ekema aleke dzikpɔla mɔzɔlawo ate ŋu awɔ woƒe xɔnuvinyenye ƒe dɔwo nuteƒewɔwɔtɔe wòadze edzi?
Woƒe Xɔnuvidɔwo Wɔwɔ Dzidzedzetɔe
5, 6. Nukata ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me le vevie nenema gbegbe le dzikpɔla mɔzɔla ƒe agbenɔnɔ me?
5 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hiã vevie ne dzikpɔla mɔzɔlawo ate ŋu anye xɔnuvi kpɔdzidzedzewo. Woƒe ɖoɖowɔɖi kple agbanɔamedzi gbogboawo ate ŋu ana woase le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be nu te ɖe yewo dzi. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 5:4.) Eyata ele be woawɔ nu wòasɔ ɖe hakpala Dawid ƒe ha la nu be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Dawid ƒe nya siawo hã faa akɔ na ame be: “Woakafu [Yehowa, NW] gbeawotsyogbe! Eya, míaƒe xɔname ƒe Mawu la, le mía tsɔm.”—Psalmo 68:20.
6 Afikae Paulo kpɔ ŋusẽ tsoe tsɔ kpɔ eƒe gbɔgbɔmegbanɔamedziwo gbɔe? Eŋlɔ bena: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Ẽ, Yehowa Mawue nye Paulo ƒe ŋusẽ Tsoƒe. Nenema ke Petro hã ɖo aɖaŋu be: “Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi.” (Petro I, 4:11) Nɔviŋutsu aɖe si nye dzikpɔla mɔzɔla ƒe geɖe la te gbe ɖe alesi wòhiã be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu dzi hegblɔ be: “Kpɔ Yehowa sinu ɣesiaɣi le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me, eye nàdi eƒe habɔbɔa ƒe kpekpeɖeŋu.”
7. Akpa kae dadasɔ wɔna le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ me?
7 Ehiã be dzikpɔla mɔzɔla kpɔdzidzedze nada asɔ. Edzea agbagba be ‘yeakpɔ nusiwo le vevie wu adze sii’ abe alesi Kristotɔ bubuwo wɔnɛ ene. (Filipitɔwo 1:10)a Ne nyabiabiawo le afima hamemegãwo si le nya aɖe ŋu la, nunya le eme be woakpɔ nutome sue dzikpɔla si ava srã wo kpɔ la. (Lododowo 11:14; 15:22) Anɔ eme be nusiwo wòade dzesii le dadasɔ me kple eƒe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo akpe ɖe hamemegãwo ŋu ne woyi edzi kpɔ nya la gbɔ le eƒe dzodzo le hamea gbɔ megbe. Paulo gblɔ na Timoteo le nya siawo tɔgbe ŋu be: “Nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke nàtsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.”—Timoteo II, 2:2.
8. Nukata Biblia-nusɔsrɔ̃, numekuku, kple ŋugbledede hiã vevie?
8 Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃, numekuku, kple ŋugbledede hiã hafi woate ŋu aɖo aɖaŋu nyui. (Lododowo 15:28) Nutome gã dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Ne míekpe kple hamemegãwo la, mele be míavɔ̃ be míagblɔ be míenya biabia tɔxɛ aɖe ƒe ŋuɖoɖo o.” Agbagbadzedze be míana “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ mía si ɖe nya aɖe ŋu na wònɔa bɔbɔe be míaɖo aɖaŋu siwo tso Biblia me si akpe ɖe ame bubuwo ŋu woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Korintotɔwo I, 2:16) Ɣeaɖewoɣi la, ele be dzikpɔla mɔzɔla naŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abia mɔfiafia. Le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, Yehowa dzixɔxɔse kple nyateƒea lɔlɔ̃ le vevie wu alesi amewo bua míi alo míaƒe bibi sã. Le esi teƒe be Paulo natsɔ “nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã” ayi Korinto la, edze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme “le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya me.” Ðe esia na mete ŋu kpɔ dzidzedze oa? Ao, ke ekpe ɖe Korintotɔwo ŋu boŋ wokpɔ xɔse, “[menye le] amewo ƒe nunya me o, hafi [le] Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.”—Korintotɔwo I, 2:1-5.
Nɔnɔme Vevi Bubuwo
9. Nukata wòle be hamemegã mɔzɔlawo nase veve ɖe ame ti?
9 Veveseɖeameti kpena ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu be woƒe dɔa natse ku nyuiwo. Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo katã be ‘ame nu nawɔ nublanui na wo,’ alo be ‘woase veve ɖe ame nu.’ (Petro I, 3:8, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Nutome sue dzikpɔla aɖe kpɔe be ehiã be ‘yeatsɔ ɖe le eme na amesiame le hamea me eye yeaɖo to wo nyuie.’ Paulo tsɔ susu ma ke ŋlɔ bena: “Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!” (Romatɔwo 12:15) Nɔnɔme sia ʋãa dzikpɔla mɔzɔlawo be woadze agbagba vevie ase haxɔsetɔwo ƒe kuxiwo kple nɔnɔmewo gɔme. Esia ana woate ŋu aɖo aɖaŋu tuameɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me si ate ŋu aɖe vi ŋutɔŋutɔ ne wotsɔe wɔ dɔe. Nutome sue dzikpɔla aɖe si dzea agbagba vevie le veveseseɖeameti me xɔ lɛta sia tso hamea aɖe si te ɖe Turin, Italy, ŋu gbɔ be: “Ne èdi be yeƒe nu nàdzɔ dzi na amewo la, ke tsɔ ɖe le eme na amewo; ne èdi be yeƒe nu nadze amewo ŋu la, ke kpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu; ne èdi be woalɔ̃ ye la, ke lɔ̃ amewo; ne èdi be woakpe ɖe ye ŋu la, ke nɔ klalo be yeakpe ɖe amewo ŋu. Nusiae míesrɔ̃ tso gbɔwò!”
10. Nya kawoe nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo gblɔ le ɖokuibɔbɔ ŋu, eye kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo le esia gome?
10 Ðokuibɔbɔ kple mokɔɖeame kpena ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu be woawɔ nu nyui geɖe. Nutome sue dzikpɔla aɖe de dzesii be: “Ele vevie ŋutɔ be nàbɔbɔ ɖokuiwò.” Exlɔ̃a nu dzikpɔla mɔzɔla yeyewo be: “Migana nɔvi siwo si alɔme le nakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi madzemadzee le nusi ɖewohĩ woawɔ na mi ta o, eye migana miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔ nase ɖe amesiawo ɖeɖeko dzi hã o, ke boŋ midze agbagba ɣesiaɣi miawɔ nu kple ame bubuwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.” (Kronika II, 19:6, 7) Eye dzikpɔla mɔzɔla si bɔbɔa eɖokui nyateƒe la mabu eɖokui ame vevii akpa le esi wònye Habɔbɔa teƒenɔla ta o. Nutome gã dzikpɔla aɖe gblɔ wòsɔ be: “Bɔbɔ ɖokuiwò eye nàlɔ̃ faa aɖo to nɔviawo. Kɔ mo na amewo ɣesiaɣi.” Esi Yesu Kristo nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ ta la, ate ŋu ana amewo navɔ̃e hafi, gake ebɔbɔ eɖokui ŋutɔ eye ɖeviwo gɔ̃ hã ɖe dzi ɖi le egbɔnɔnɔ me. (Mateo 18:5; Marko 10:13-16) Dzikpɔla mɔzɔlawo di be ɖeviwo, ƒewuiviwo, ame tsitsiwo—le nyateƒe me la, amesiame kple hamea me tɔ ɖesiaɖe—naɖe dzi ɖi faa ate ɖe yewo ŋu.
11. Ne ehiã la, dɔ kae kukuɖeɖe ate ŋu awɔ?
11 Le nyateƒe me la, “mí katã míeda vo le nu geɖewo me,” eye dzikpɔla mɔzɔla aɖeke meli si mate ŋu ada vo o. (Yakobo 3:2) Ne woda vo la, kukuɖeɖe le anukwareɖiɖi me zua ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu na hamemegã bubuwo. Lododowo 22:4 gblɔ be “kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ [bubutɔe] me.” Eye ɖe mele be Mawu subɔlawo katã ‘nabɔbɔ wo ɖokui ahazɔ le woƒe Mawu ŋku me’ oa? (Mixa 6:8) Esi wobia dzikpɔla mɔzɔla aɖe be aɖaŋu kae wòaɖo na hamemegã mɔzɔla yeye hã la, egblɔ be: “De bubu nɔviwo katã ŋu vevie nàlé be na wo eye bu wo be wonyo wu ye. Àsrɔ̃ nu geɖe tso nɔviawo gbɔ. Bɔbɔ ɖokuiwò. Wò nya me nabɔbɔ. Mègawɔ ameŋkumenu o.”—Filipitɔwo 2:3.
12. Nukata veviedodo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le vevie nenema gbegbe?
12 Veviedodo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me na ŋusẽ nɔa dzikpɔla mɔzɔla ƒe nyawo ŋu. Le nyateƒe me la, ne eya kple srɔ̃a ɖo veviedodo ƒe kpɔɖeŋuwo le nyanyuigbɔgblɔdɔa me la, edea dzi ƒo na hamemegãwo, wo srɔ̃wo, kple hamea me tɔ bubuwo be woado vevie nu le woƒe subɔsubɔdɔa me. Nutome sue dzikpɔla aɖe de dzi ƒo be: “Do vevie nu le subɔsubɔdɔa me.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Mekpɔe be le teƒe ɖesiaɖe la, zi geɖe alesi hamea doa vevie nu le subɔsubɔdɔa me la, zi nenemae kuxi siwo wodoa goe nɔa ʋee wu.” Nutome sue dzikpɔla bubu gblɔ be: “Mexɔe se be ne hamemegãwo wɔ dɔ kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le gbeadzi eye wokpe ɖe wo ŋu wose vivi le subɔsubɔdɔa me la, ana woavo le susu me eye wòahe dzidzeme gãtɔ kekeake vɛ le Yehowa subɔsubɔ me.” Apostolo Paulo ‘lé dzi ɖe ƒo hegblɔ Mawu ŋuti nyanyui la na Tesalonikatɔwo le ʋiʋli geɖe me.’ Mewɔ nuku o be wotsɔ dzidzɔ ɖo ŋku eƒe sasrãkpɔ kple gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye wodi vevie be yewoagakpɔe ake!—Tesalonikatɔwo I, 2:1, 2; 3:6.
13. Nukae nɔa susu me na dzikpɔla mɔzɔla ne ele dɔ wɔm kple hati Kristotɔwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?
13 Ne dzikpɔla mɔzɔla le dɔ wɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple hati Kristotɔwo la, ebua woƒe nɔnɔmewo kple seɖoƒewo ŋu. Togbɔ be eƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu hã la, enya be amewo mavo le wo ɖokui me ne wo kple hamemegã bibi le gbeƒã ɖem o. Eyata le ame aɖewo gome la, dzideƒoname aɖe vi geɖe wu aɖaŋuɖoɖo. Ne wo kple gbeƒãɖelawo alo mɔɖelawo yi Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒe la, woadi be woana wòakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi. Godoo la, esia ana woanya mɔ aɖewo siwo dzi woato ana woƒe nufiamɔnuwo nanyo ɖe edzi.
14. Nukata míate ŋu agblɔ be dzikpɔla mɔzɔla veviedolawo ʋãa ame bubuwo wodoa vevie nu?
14 Dzikpɔla mɔzɔla veviedolawo ʋãa ame bubuwo wodoa vevie nu. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe si le Uganda zɔ to ave dodo me gaƒoƒo ɖeka be wo kple nɔviŋutsu aɖe woayi aɖawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe si menɔ ŋgɔ yim o. Esime wozɔ yina la, tsi gã aɖe dza ale gbegbe be woƒo tsi belebele hafi va ɖo. Esi ƒomea se be dzikpɔla mɔzɔlae yewoƒe amedzroa nye la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi vevie ŋutɔ. Wonya be yewoƒe sɔleme osɔfowo matsɔ ɖe le alehã la me alea akpɔ o. Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, wode kpekpe zi gbãtɔ eye woɖee gblɔ be yewodi be yewoava zu Yehowa Ðasefowo.
15. Nuteƒekpɔkpɔ nyui kae su nutome sue dzikpɔla veviedola aɖe si le Mexico?
15 Le Oaxaca-nutome si le Mexico la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe dze agbagba si womekpɔ mɔ na o. Ewɔ ɖoɖo be yeatsi gaxɔ aɖe me adɔ zã ene ale be yeasrã ame adre ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le xɔ ɖeka me siwo va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo la kpɔ. Ewɔ ɖeka kple gaxɔmenɔla siawo ŋkeke geɖe woɖi ɖase tso gaxɔ me yi gaxɔ me eye wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo. Le ɖetsɔleme si amewo ɖe fia ta la, wonɔ nusɔsrɔ̃ siawo dometɔ aɖewo dzi vaseɖe zã gã me. Nutome sue dzikpɔla veviedola sia ŋlɔ bena: “Le sasrãkpɔa megbe la, dzidzɔ yɔ mía kple gaxɔmenɔlawo fũ le dzideƒo si wònye na mí katã ta.”
16. Nukata wòɖea vi geɖe ne dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo de dzi ƒo na amewo?
16 Dzikpɔla mɔzɔlawo dzea agbagba be yewoade dzi ƒo na amewo. Esime Paulo yi ɖasrã Makedonia-hamewo kpɔ la, ‘ede dzi ƒo na wo kple nya geɖewo.’ (Dɔwɔwɔwo 20:1, 2) Dzideƒonyawo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ le gbɔgbɔmetaɖodzinu tsɔtsɔ ɖo ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ƒe ŋkume me. Le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe gã aɖe la, numekuku si womeɖo koŋ wɔ o ɖee fia be nutome sue dzikpɔlawoe de dzi ƒo na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo dometɔ 20 le alafa me wowɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Dzikpɔla mɔzɔla srɔ̃ hã nyea dzideƒotsoƒe gã aɖe to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela si wònye me.
17. Aleke nutome sue dzikpɔla tsitsi aɖe bu le eƒe kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu?
17 Ame tsitsiwo kple amesiwo dzi nu te ɖo koŋ hiã na dzideƒo. Nutome sue dzikpɔla tsitsi aɖe ŋlɔ bena: “Nye dɔa ƒe akpa si na mekpɔa dzidzɔ manyagblɔ le ememe enye kpekpeɖeŋu nana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple amesiwo si lãmesẽ mele o siwo le Mawu ƒe alẽha la me. Gɔmesese tɔxɛ aɖe le Romatɔwo 1:11, 12 ƒe nyawo ŋu nam, elabena mekpɔa dzideƒo kple ŋusẽ geɖe tsoa eme ne ‘mele gbɔgbɔmenunana aɖewo nam amesiawo be wòado ŋusẽ wo.’”
Teƒeɖoɖo Siwo Wokpɔna le Woƒe Dzidzɔdɔa Me
18. Ŋɔŋlɔawo me taɖodzinu kawoe le dzikpɔla mɔzɔlawo si?
18 Dzikpɔla mɔzɔlawo tsɔa ɖe le eme na haxɔsetɔwo vevie. Wodi be yewoado ŋusẽ hameawo ahatu wo ɖo le gbɔgbɔ me. (Dɔwɔwɔwo 15:41) Nutome sue dzikpɔla aɖe dzea agbagba vevie “be yeade dzi ƒo na amewo, yeana amewo nakpɔ dzudzɔ, eye yeatu didi ɖe wo me woawɔ subɔsubɔdɔa eye woayi edzi anɔ nyateƒea me.” (Yohanes III, 3) Bubu hã dina be yeana haxɔsetɔwo nali ke ɖe xɔsea me. (Kolosetɔwo 2:6, 7) Miɖo ŋku edzi be ‘hadɔwɔla vavãe’ dzikpɔla mɔzɔla nye, ke menye aƒetɔ ɖe ame bubuwo ƒe xɔse dzi o. (Filipitɔwo 4:3; Korintotɔwo II, 1:24) Eƒe sasrãkpɔ nye dzideƒo kple dɔ geɖe wu wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi, kpakple mɔnukpɔkpɔ na hamemegãwo ƒe ha la be woadzro ŋgɔyiyi siwo wowɔ me ahabu etsɔme taɖodzinuwo ŋu. Hamea me gbeƒãɖelawo, mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple hamemegãwo ate ŋu akpɔ mɔ be eƒe nyawo kple kpɔɖeŋu atu yewo ɖo ahaʋã yewo ɖe dɔ si le ŋgɔ ŋu. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 5:11.) Eyata tsɔ dzi blibo do alɔ nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔwo eye nàna subɔsubɔ si nutome gã dzikpɔla wɔna naɖe vi na wò bliboe.
19, 20. Aleke woɖoa eteƒe na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ɖe woƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta?
19 Dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo kpɔa teƒeɖoɖo geɖe le woƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta, eye woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra wo ɖe nu nyui si wowɔna ta. (Lododowo 19:17; Efesotɔwo 6:8) Georg kple Magdalena nye srɔ̃tɔ tsitsi siwo subɔ ƒe geɖe le mɔzɔzɔdɔa me. Le takpekpe aɖe me le Luxembourg la, ame aɖe si Magdalena ɖi ɖase na ƒe 20 kple edzivɔe nye ma la te ɖe eŋu. Biblia-srɔ̃gbalẽ si Magdalena tsɔ na nyɔnu sia si nye Yudatɔ la nyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe nyateƒea me, eye eva xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Gbɔgbɔmenɔvinyɔnu aɖe te ɖe Georg ŋu, amesi ɖo ŋku esime wòva eƒe aƒeme ƒe 40 kloe enye ma dzi. Dzonɔameme si wòtsɔ gblɔ nyanyui lae na woa kple srɔ̃a woxɔ nyateƒea. Abe alesi wòanɔ godoo ene la, Georg kple Magdalena ƒe dzidzɔ gba go.
20 Paulo ƒe subɔsubɔdɔ si tse ku le Efeso na dzi dzɔe eye ɖewohĩ eyae ʋãe wòyɔ Yesu ƒe nyawo gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Esi mɔzɔzɔdɔ bia nunana ɣesiaɣi ta la, amesiwo le ewɔm kpɔa dzidzɔ, vevietɔ ne wokpɔ nu nyui siwo do tso woƒe dɔwɔwɔ me. Wogblɔ na nutome sue dzikpɔla aɖe si kpe ɖe hamemegã aɖe si ƒo dzi ɖe le ŋu la le lɛta aɖe me be: “Ènye ‘ŋusẽdodo’ gã aɖe le nye gbɔgbɔmegbenɔnɔ me—wu alesi nènya. . . . Màte ŋu anya alesi gbegbe nèkpe ɖe egbegbe Asaf si ƒe ‘afɔwo ɖiɖi kloe’ la ŋu bliboe akpɔ o.”—Kolosetɔwo 4:11; Psalmo 73:2.
21. Nukata nàgblɔ be Korintotɔwo I, 15:58 ku ɖe dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe dɔwo ŋu?
21 Edzɔa dzi na Kristotɔ tsitsi aɖe si le nutome sue dzikpɔdɔa wɔm ƒe geɖe la be wòabu Korintotɔwo I, 15:58 ŋu, afisi Paulo ƒoe ɖe mía nu le be: “Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.” Dɔ geɖe li dzikpɔla mɔzɔlawo nawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me vavã. Eye aleke gbegbe míedaa akpee nye si be wonye Yehowa ƒe amenuveve ƒe xɔnuvi siwo subɔna kple dzidzɔ geɖe!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Ðe Dɔ Geɖe Wɔwɔ Ate Ŋu Ado Dzidzɔ na Wòa?” le Gbetakpɔxɔ, May 15, 1991 me, axa 28-31.
Nya Kae Nàgblɔ?
◻ Nukata míate ŋu abu dzikpɔla mɔzɔlawo ‘xɔnuvi nyuiwoe’?
◻ Nukae nye nusiwo kpena ɖe nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo ŋu be woawɔ geɖe la dometɔ aɖewo?
◻ Nukata ɖokuibɔbɔ kple veviedodo le vevie nenema gbegbe na amesiwo le mɔzɔzɔdɔa wɔm?
◻ Taɖodzinu nyui kawoe le dzikpɔla mɔzɔlawo si?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Dzikpɔla mɔzɔlawo dina be yewoade dzi ƒo na haxɔsetɔwo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Hadede kple dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ate ŋu aɖe vi na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Dzikpɔla mɔzɔla ƒe veviedodo le subɔsubɔdɔa me ʋãa ame bubuwo wodoa vevie nu