INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/07 axa 8
  • Mí Katã Míedea Dzi Ƒo Na Mía Nɔewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mí Katã Míedea Dzi Ƒo Na Mía Nɔewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Paulo Da Akpe Na Mawu, Eye Dzi Ðo Eƒo’
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Wokua Kutri Subɔa Mí
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Alesi Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nyea Xɔnuvi Nuteƒewɔlawoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 10/07 axa 8

Mí Katã Míedea Dzi Ƒo Na Mía Nɔewo

1. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe sasrãkpɔwo nana wòsua mía si?

1 Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Roma hamea me tɔwo be: “Ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi; eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mía kple mia tɔ siaa la me.” (Rom. 1:11, 12) Egbea ne dzikpɔla mɔzɔlawo va srã mí kpɔ la, mɔnukpɔkpɔ ma tɔgbi sua mía si be míade dzi ƒo na mía nɔewo.

2. Nu ka tae woɖea gbeƒã nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa do ŋgɔ?

2 Hamea: Zi geɖe la, woɖea gbeƒã nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa na hamea abe ɣleti etɔ̃ ene do ŋgɔ. Esia naa ɣeyiɣi mí be míatrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu be eƒe sasrãkpɔa naɖe vi na mí bliboe. (Ef. 5:15, 16) Nenye be èdea dɔ me la, ɖewohĩ àte ŋu abia mɔ le dɔ me bene nàkpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa ma me. Ame aɖewo wɔa ɖoɖo be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti si me dzikpɔla ava srã hamea kpɔ la me. Nenye be èwɔ ɖoɖo be yeazɔ mɔ la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le eŋu be nàte ŋu anɔ anyi le kwasiɖa ma mea?

3. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ be wòakpɔ dzideƒoname le dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa me?

3 Susu vevi aɖe si ta nutome sue dzikpɔla la va srãa míaƒe hamea kpɔe nye be wòade dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe ahana hehe mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðe nàte ŋu abia be yeawɔ dɔ kplii, alo awɔ dɔ kple srɔ̃a nenye be srɔ̃ le esia? Edoa dzidzɔ na nutome sue dzikpɔlaa be yeawɔ dɔ kple gbeƒãɖela vovovowo, siwo dome ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe mele o alo womete ŋu wɔa subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe nyuie o la le. Hamea me tɔwo katã ate ŋu asrɔ̃ ale si wòɖea gbeƒãe, eye woawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ɖe sia ɖe si wòana dɔmenyotɔe la dzi. (Kor. I, 4:16, 17) Ne èkpee be wòava ɖu nu kple ye la, aʋu mɔnukpɔkpɔ geɖe wu na wò be nàde ha si me nàkpɔ dzideƒoname geɖe le la kplii. (Heb. 13:2) Esi wònye be hamea ƒe nuhiahiãwo dzie wòtu eƒe nuƒowo ɖo ta la, ɖo to nuƒoawo nyuie.

4. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe nutome sue dzikpɔlae?

4 Nutome Sue Dzikpɔla La: Apostolo Paulo meto vovo tso nɔvi siwo wòsubɔ la gbɔ o, le mɔ sia nu be eya hã to nɔnɔme sesẽwo kple dzimaɖitsitsiwo me, eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe dzideƒoname siwo wonae la ŋu. (Kor. II, 11:26-28) Esi Roma hamea me tɔwo se be Paulo si nye gamenɔla la gbɔna afi ma la, wo dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi Apiforo be yewoaɖakpee—esia nye kilometa 74 ƒe mɔzɔzɔ! “Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.” (Dɔw. 28:15) Wò hã àte ŋu ade dzi ƒo na miaƒe nutome sue dzikpɔla nenema ke. Tsɔ “bubu teƒe eve” bui to asikpekpe ɖe eƒe sasrãkpɔa ŋu dzonɔamemetɔe me. (Tim. I, 5:17) Da akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu siwo wòdze agbagba na wò la ta. Woa kple srɔ̃a woakpɔ dzidzɔ ne wokpɔ wò xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo.—Tes. II, 1:3, 4.

5. Nu ka tae mí katã míehiã dzideƒoname egbea?

5 Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, mía dometɔ kae mehiã dzideƒoname o? (Tim. II, 3:1) Wɔ nyametsotso fifia be nàkpɔ gome bliboe le kwasiɖa tɔxɛa me kple nutome sue dzikpɔla la. Mí katã—dzikpɔla mɔzɔlawo kple gbeƒãɖelawo siaa—míate ŋu atsɔ dzidzɔ ade dzi ƒo na mía nɔewo. Míato esia dzi ayi edzi ‘afa akɔ na mía nɔewo, eye míado ŋusẽ mía nɔewo.’—Tes. I, 5:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe