INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 January axa 7
  • ‘Paulo Da Akpe Na Mawu, Eye Dzi Ðo Eƒo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Paulo Da Akpe Na Mawu, Eye Dzi Ðo Eƒo’
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mí Katã Míedea Dzi Ƒo Na Mía Nɔewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Wokua Kutri Subɔa Mí
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Dzikpɔla Mɔzɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 January axa 7
Paulo le akpe dam na Mawu ɖe nɔvi siwo zɔ mɔ va kpee la ta

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

‘Paulo Da Akpe Na Mawu, Eye Dzi Ðo Eƒo’

Esi hame si le Roma se be Paulo gbɔna la, nɔvi aɖewo zɔ mɔ abe kilometa 64 sɔŋ ene be yewoava kpee. Aleke woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ sia kpɔ ŋusẽ ɖe Paulo dzii? “Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.” (Dw 28:15) Togbɔ be wonya Paulo be edoa ŋusẽ hame siwo wòsrãna kpɔ hã la, fifia si eya ŋutɔ nye gamenɔlaa, eya boŋue wode dzi ƒo na.—2Ko 13:10.

Egbea, nutome sue dzikpɔlawo tsona hame ɖeka me yia bubu me be yewoado ŋusẽ nɔviawo. Abe Mawu subɔla ɖe sia ɖe ene la, ɣeaɖewoɣia, ɖeɖi tea wo ŋu, nu tena ɖe wo dzi, eye dzi ɖena le wo ƒo. Ne nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a gava miaƒe hamea me la, nu kae nàte ŋu awɔ be dzi naɖo wo ƒo, ale be ‘miade dzi ƒo na mia nɔewo’?—Ro 1:11, 12.

  • Nutome sue dzikpɔla aɖe le kpekpe na gbeadziyiyi dzi kpɔm

    Kpe asi ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu. Edea dzi ƒo na nutome sue dzikpɔlaa ne gbeƒãɖelawo tsɔ nanewo sa vɔe ale be woate ŋu akpe asi kwasiɖa tɔxɛa ƒe ɖoɖowo ŋu. (1Te 1:2, 3; 2:20) Kpɔe ɖa be yeate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le dzinu si me wòava srã mí kpɔ hã. Ðe nàlɔ̃ be yeazɔ kple eya ŋutɔ alo srɔ̃a le gbeadzi alo akplɔ wo dometɔ ɖeka ayi wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔa? Edzɔa dzi na wo be yewoazɔ kple gbeƒãɖela vovovowo, ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame yeyewo alo ame siwo mebi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me tututu o.

  • Ƒome aɖewo le woezɔ dom na nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a

    Wɔ amedzro na wo. Ðe nàte ŋu ana dzeƒe alo nuɖuɖu woa? Esia ana nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a nakpɔe be èlɔ̃ yewo. Womekpɔa mɔ be esiawo nanye nu gãwo o.—Lk 10:38-42.

  • Nutome sue dzikpɔla aɖe le kpekpe wɔm kple hamemetsitsiwo

    Se eƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewo eye nàwɔ ɖe wo dzi. Nutome sue dzikpɔlaa kpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe be míakpɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be ale si míesubɔa Yehowa nanyo ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣia, aɖo aɖaŋu sesẽ aɖewo na mí. (1Ko 5:1-5) Edzɔa dzi nɛ ne míebɔbɔ mía ɖokui eye míeɖo to.—Heb 13:17.

  • Hamea me tɔwo le eɖem fia be yewo kpɔ ŋudzedze ɖe nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a ƒe dɔwo ŋu

    Da akpe na wo. Na nutome sue dzikpɔlaa kple srɔ̃a nanya ale si woƒe kutrikuku ɖe vi na wò. Àte ŋu agblɔe na wo tẽe loo alo aŋlɔ nya kpui aɖe aɖo ɖe wo.—Kol 3:15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe