INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/95 axa 2
  • Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • De Bubu Yehowa ƒe Tadeaguƒe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nɔ Game Dzi Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 11/95 axa 2

Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene

1 Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míedina be míade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Míenya be míaƒe nuwɔna, nuƒoƒo, lekewɔwɔ, kple awudodo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi ame bubuwo bua tadedeagu vavãtɔe dzi. Esia nye nyateƒe vevietɔ ne míele míaƒe kpekpewo me. Míedi be míakpɔ egbɔ be nusianu si míagblɔ alo awɔ le kpekpewo la nadze nyanyui la eye wòade bubu Yehowa ŋu.—Fil. 2:4.

2 Xexeame ƒe dzidzenuwo le awudodo kple lekewɔwɔ gome dometɔ geɖe medze na Kristotɔwo o. Esia nye nya si ŋu wòle be nyanyui gbeƒãɖelawo nalé ŋku ɖo vevie. June 1, 1989 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 20 gblɔ be: “Mehiã be míaƒe nudodo naxɔ asi kokoko o, gake ele be wòanɔ dzadzɛ, anya kpɔ, ahanɔ nɔnɔme nyui me. Ele be míaƒe afɔkpa hã nanɔ nyuie eye eƒe dzedzeme nanyo. Nenema ke wòle be míaƒe ametia nanɔ dzadzɛ le kpekpewo katã, kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ hã me, eye ele be míado awu nyuie wòasɔ.”

3 Gamedzinɔnɔ nye ameŋububu kple tamebubu si me lɔlɔ̃ le ƒe dzesi. Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme siwo míate ŋu aƒo asa na o ate ŋu awɔe be míayi kpekpe ɖe game dzi o. Gake megbetsitsi atraɖii ate ŋu afia bubumademade kpekpeawo ƒe tameɖoɖo kɔkɔea ŋu kple agba si le mía dzi be míagado kplamatse amewo o la dzi mawɔmawɔ. Megbetsilawo hea ame bubuwo ƒe susu zi geɖe eye wowɔnɛ be nuƒoawo meɖea vi na wo bliboe o. Gamedzinɔnɔ fia bubudede vavalawo katã ƒe seselelãmewo kple didiwo ŋu.

4 Ele be havilɔlɔ̃ nana míaɖɔ ŋu ɖo be míahe amewo ƒe susu le kpekpeawo wɔɣi o. Dalĩdodo, nuɖuɖu, aŋekpetike ɖuɖu, pepawo ŋɔŋlɔ, kple aɖuɖɔɖɔƒe yiyi dzodzro ate ŋu ana ame bubuwo ƒe susu manɔ nyaa ŋu o eye wòaɖe bubu si dze na Yehowa ƒe tadeaguƒea la le eŋu. Mesɔ be ame aɖe nanɔ hamea me dɔwo gbɔ kpɔm alo anɔ dze ɖom kple ame bubuwo o, negbe hiahiã kpata aɖee bia be nɔviawo natso hafi. Ne menye nenema o la, ele be amesiame nanɔ anyi ase nuƒoawo bene wòaɖe vi na woa ŋutɔwo kple woƒe ƒomewo. Nu tɔŋkuwo wɔwɔ mesɔ le Fiaɖuƒe Akpata me o elabena “lɔlɔ̃ . . . mewɔa nusi medze o.”—Kor. I, 13:4, 5; Gal. 6:10.

5 Mía viwo ƒe nɔnɔme nyui le kpekpewo me hã nyea kafukafu kple bubu na Yehowa ƒe ŋkɔ. Dzilawo ƒe ŋkuléle ɖe wo ŋu nyuie le vevie. Ele be woade dzi ƒo na ɖeviwo be woaɖo to ahakpɔ gome le eme. Dzila geɖe siwo si ɖevi suewo le la tiae be yewoanɔ afisi yewoate ŋu ado bɔbɔe ava kpɔ yewo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye yewomahe ame bubuwo ƒe susu madzemadzee o.

6 Paulo xlɔ̃ nu be: “Mizɔ, abe alesi wòdze . . . nyanyui la ene.” (Fil. 1:27) Eyata mina míadze agbagba awɔ nusi dze eye míabu ame bubuwo ŋu ne míeyi kpekpewo. Mí katã ƒe asikpekpe ɖe eŋue awɔe be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo to mía nɔewo ƒe xɔse me.’—Rom. 1:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe