Subɔsubɔkpekpewo Hena March
Kwasiɖa si Dze Egɔme March 4
Hadzidzi 1
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Kafu Yehowa ‘Gbesiagbe.’” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã 2-5 alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe. De dzi ƒo na wo nyuie ɖe kpekpeɖeŋu kple gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu.
20 min: “Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana.” Kafu agbalẽ yeyea nana dzonɔamemetɔe, vevietɔ na amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia va yi. Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me, eye na woawɔ esiawo dometɔ ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 224 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme March 11
Hadzidzi 164
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
20 min: “Kpɔ Viɖe tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—Akpa 3.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. De dzi ƒo na amesiwo katã ate ŋui be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe eme eye woawɔ woƒe dɔdasiwo nuteƒewɔwɔtɔe. Ðe Biblia me ŋkɔwo yɔyɔ ŋuti sewo me eme nakɔ, abe alesi wòdze le agbalẽ si nye “All Scripture” ƒe axa 325-6, memamã 27-8 me ene. Ðe eme hã be woxaxaa gbe sesĩe tsɔ yɔa “ch” si le ŋkɔawo me le Eŋlisigbe me, wòɖina abe “k” ene. (Negbe Rachel, si me wobɔbɔa gbe me tsɔ yɔa “ch” le ko.) Ƒo Luka 3:23-38 ƒe akpa aɖe le Habɔbɔa ƒe kasɛt dzi (ne ɖe li), nàtsɔ wɔ seawo ƒe kpɔɖeŋui eye nàna nyaselawo nanɔ edzi kpɔm le woƒe Biblia me.
15 min: Miwɔ Nu Ðekae abe Ƒome Ene. Vifofo ƒo nu na eƒe ƒomea le vome le alesi wòhiã be woawɔ nu ɖekae ŋu, si nɔ te ɖe Gbetakpɔxɔ September 1, 1993, axa 16-19 dzi. He susu yi ƒomenusɔsrɔ̃ kple nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ koŋ dzi. Ðe alesi egbegbe ƒomewo le gbagbãm le esi womenɔa anyi ɖekae eye womewɔa nu ɖekae o ta la fia. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖekae nye yayra na Kristotɔwo ƒe ƒomea. Te gbe ɖe alesi wòhiã be vifofoa nawɔ ɖoɖo nyui ɖe esiawo ŋu eye vidada nawɔ nu aduadu kplii dzi. Ele be ɖeviwo natsɔ ɖe le gbɔgbɔmedɔwo me, eye woawɔ dɔ kple wo dzilawo ɖekae. Ƒomea awɔ ɖeka eye ŋusẽ anɔ eŋu be wòakpe akɔ kple xexeame ƒe nɔnɔmewo sɔsrɔ̃ ƒe nyaƒoɖeamenu si le dzidzim ɖe edzi la.
Hadzidzi 211 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme March 18
Hadzidzi 6
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Amesiwo le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm la nade dzi ƒo na ame yeye siwo le ŋgɔyiyi nyui wɔm le woƒe Biblia sɔsrɔ̃ me be woadze agbagba ava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo. Dzilawo hã ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woava zu gbeƒãɖelawo. Dzro afɔɖeɖe siwo wokafu ɖe Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu, axa 97-100 me la me.
15 min: Dzro 1996 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me Nyati Veviwo Me. Ƒome aɖe dzro nu dodzidzɔname siwo le míaƒe xexeame katã ƒe dɔwɔna si wota ɖe axa 3-5 kple 33 la me. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba axlẽ Yearbook la ƒe axa ʋee aɖewo ɖekae gbesiagbe ne yewodzro mawunyakpukpui si wotia na ŋkekea le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me vɔ megbe.
20 min: “Trɔ Yi Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia Gbɔ.” Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me, eye nàwɔ wɔwɔfia kpui eve. De dzi ƒo na amesiame be woawɔ tɔtrɔyiwo kple taɖodzinu be woadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze ƒe agbalẽa me.
Hadzidzi 44 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme March 25
Hadzidzi 5
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me. Ðe nusita wòle vevie be míayi la me. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ February 1, 1985, axa 26-28.) Ƒo nu tso ɖoɖo siwo miewɔ be miakpe ɖe ame tsitsiwo, dɔnɔwo, kple ame yeye siwo ava ŋu. Dzro ɖoɖo si wowɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ geɖe wu le kwasiɖa si gbɔna me ŋu me. Dzro nyati si nye “Afisi Woxɔa Amedzrowo le Nyuie” si le Nyɔ! October 8, 1995, axa 22 la hã me.
15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo. Dzro nusiwo ʋãa mí be míenyoa dɔme la me, abe alesi wòle le Gbetakpɔxɔ January 15, 1992, axa 16-17 me ene.
15 min: “Dzadzraɖo—Ena Wokpɔa Dzidzedze.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ be míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔwo na amewo le April kple May me. Dzra ɖo fifia to magazine geɖe wu xɔxɔ, nudɔgbalẽviwo xɔxɔ, kple eɖoɖo be yeado alɔ hamea ƒe Magazine Ŋkeke ƒe ɖoɖoa kple taɖodzinu be yeawɔ nudɔdɔwo.
Hadzidzi 7 kple gbedodoɖa hena kpakpã.