Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòsɔ be woadzɔ nu atsɔ ana kpekpeɖeŋu ame bubu siwo ƒe ʋu míeɖona?
Nɔnɔme siwo me mía dometɔ aɖewo míele na wòhiã be míakpɔ ame bubuwo sinu be woakpe ɖe mía ŋu míade kpekpewo ahakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe dzea agbagba dɔmenyotɔe wɔa woƒe ɣeyiɣi, ʋuwo, kple nunɔamesi bubuwo ŋudɔ lɔlɔ̃tɔe tsɔ kpena ɖe mía ŋu be míekpɔa ʋu ɖona. Togbɔ be ele be woadzra ɖo kaba wu alesi wowɔnɛ eye wotsia megbe le aƒeme yiyi me hã la, wolɔ̃na faa kɔa mí ɖe ʋu me.
Abe alesi wòle le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa ene la, gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:5 wɔa dɔ le afisia be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” Eyata ne ame aɖe kɔa mí ɖe eƒe ʋu me ɣesiaɣi la, ele be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia menye to egbɔgblɔ dzi ko o ke ne míate ŋui la, to nudzɔdzɔ si sɔ la wɔwɔ me hã be woatsɔ akpɔ gazazãwo gbɔe.—Mat. 7:12; Kor. I, 10:24.
Ne ʋua tɔ mebia gakpekpeɖeŋu o eye edze abe mehiã kpekpeɖeŋu ma o ene hã la, woakpɔ ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ si nàwɔ tso dzime la ŋu ɣesiaɣi. Ʋukula la ate ŋu agbe be yemaxɔ naneke o; eye eya ŋutɔe wòle be wòawɔ eŋuti nyametsotso. Gake enyo be nàdi be yeana nu. Ne mète ŋu na naneke fifia o hã la, àte ŋu aɖoe le susu me; ɖewohĩ àte ŋu ana nane si sɔ gbɔ wu le ɣebubuɣi si wòagatsɔ wò.—Luka 6:38.
Enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia le amesiwo si ʋu le la gome be woanɔ amesiwo anye ne womate ŋu ayi kpekpewo alo akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hafi o la kɔm ɖe woƒe ʋuwo me. (Lod. 3:27) Le ɣeyiɣi ma ke me la, enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia le amesiwo wonyoa dɔme na alea la gome be woaɖe woƒe akpedada afia to kpekpeɖeŋu nana le woƒe ŋutete nu me.—Kol. 3:15.