Ði Ðase le Afisiafi si Amewo Le
1 Esi apostolo Paulo kpɔ akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔna le eƒe subɔsubɔdɔ me dze sii ta la, egblɔ be: “Mawue nana wotsina nyuie.” Egagblɔ hã be: “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.” (Kor. I, 3:5-9) Mɔnukpɔkpɔ wɔnukue esia nye. Aleke míate ŋu aɖee afia le gaglãgbe be edze mía ŋu be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo? Eyae nye be míagblɔ nyanyuia na amesiwo katã míedoa goe le aƒeme yi aƒeme kple teƒe bubu ɖesiaɖe.
2 Wode se na mí be ‘míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mat. 28:19) Ne ame ʋee aɖewo koe míetu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, dzi aɖe le mía ƒo kaba eye míasee le mía ɖokui me be míewɔ dɔ boo aɖeke o. Gake míesea vivi le míaƒe subɔsubɔdɔa me geɖe wu ne míetu amewo heɖo dze kpli wo. Esia ate ŋu asesẽ elabena ebia be mía ŋutɔwo míayi afisiafi si amewo le ale be míate ŋu aƒo nu kpli wo.
3 Eƒe Kpɔɖeŋu Nyuiwo: Míate ŋu aɖi ɖase na amewo le asime, modzakaɖebɔwo me, gbɔɖemeƒewo, kple ʋuɖoƒewo. Ne èɖo ʋu la, ɖe nènɔa klalo be yeaɖi ɖase le mɔ dzia? Ðasefo eve aɖewo siwo ɖo bɔs aɖe si yɔ tititi yina kpekpe hena gbeadziyiyi la nɔ dze ɖom tso Paradiso ƒe nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa me ŋu, eye woƒo nu tso ŋugbe siwo Mawu do ɖe etsɔme ŋu la ŋuti. Abe alesi wokpɔ mɔe be adzɔ ene la, ɖekakpui aɖe si tsi tre ɖe wo xa nɔ to ɖom eye nya siwo wòse la wɔ dɔ ɖe edzi. Exɔ agbalẽa hafi ɖi le bɔs la me eye ebia be ame aɖe nava srã ye kpɔ le yeƒe aƒeme.
4 Gbeƒãɖela geɖe kpɔ dzidzɔ le vomeɖaseɖiɖi me. Nɔvinyɔnu aɖe yi ɖe asi vi aɖe si le wo gbɔ ŋdɔ aɖe me eye ete ɖe amesiwo ƒle nu vɔ gake wòdze abe womenɔ kplakpla dzi o ene la ŋu. Ena agbalẽ siwo katã nɔ eƒe akplo me wòvɔ. Edzɔ dzi na ŋutsu aɖe si nɔ lalam le eƒe ʋu me be yeaxɔ magazinewo le egbɔ. Ede kpekpewo kpɔ, eye woƒe dzeɖoɖoa ganyɔ eƒe ɖetsɔleme.
5 Mɔnukpɔkpɔe wònye be míado Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Ne míeɖe veviedodo fia le gbeƒãɖeɖedɔa me la, míeɖenɛ fiana be míebua alesi Mawu ve mía nui la nu tsɛe o. Esi wònye “fifi enye amenuveɣi” be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu ta la, mina míayi afisiafi si amewo le eye míaɖi ɖase na wo tso Yehowa ƒe “xɔxɔgbe” la ŋu.—Kor. II, 6:1, 2.