Àte Ŋu Aɖi Vomeɖase!
1. (a) Nu kae nye vomeɖaseɖiɖi? (b) Mí ame siwo le kpekpe sia me la dometɔ nenie woɖi vomeɖase na wova ke ɖe nyateƒea ŋu?
1 Miaƒe hamea me tɔ nenie va ke ɖe nyateƒea ŋu le esi woɖi vomeɖase na wo ta? Ðewohĩ ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò. Vomeɖaseɖiɖi lɔ nya nyuia gbɔgblɔ na ame siwo míedoa goe le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me ɖe eme, le kpɔɖeŋu me, ne míele mɔ zɔm, ne míeyi ɖasrã míaƒe ƒometɔwo alo aƒelikawo kpɔ, ne míeyi nu ƒle ge, ne míele suku, dɔ me, alo teƒe bubuwo. Esi wobia gbe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ 200 aɖewo la, wo dometɔ 80 gblɔ be vomeɖasee woɖi na yewo gbã! Esia ɖee fia be ɖaseɖimɔnu sia wɔa ŋu dɔ ŋutɔ.
2. Vomeɖaseɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu kawoe le Ŋɔŋlɔawo me?
2 Nya nyui gblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖia vomeɖase zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nɔ mɔ zɔm va to Samaria la, eɖe gbeƒã na nyɔnu aɖe si va tsi ku ge le Yakob ƒe vudoa me. (Yoh. 4:6-26) Filipo dze dzeɖoɖo gɔme kple Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe si nɔ Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm esi wòbiae be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?” (Dɔw. 8:26-38) Esime apostolo Paulo nɔ gaxɔ me le Filipi la, eɖe gbeƒã na gaxɔdzikpɔla aɖe. (Dɔw. 16:23-34) Le ɣeyiɣi aɖe megbe, esime wosika Paulo ɖe aƒe me la, ‘exɔa ame siwo vaa egbɔ la nyuie, henɔa gbeƒã ɖem Mawu fiaɖuƒe la na wo, eye wònɔa nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la fiam’ wo. (Dɔw. 28:30, 31) Wò hã àte ŋu aɖi vomeɖase ne ŋu kpea wò gɔ̃ hã. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?
3. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase na amewo ne míekpea ŋu gɔ̃ hã?
3 Ale Si Nàdze Egɔme: Esesẽna na mía dometɔ geɖe be míadze dzeɖoɖo gɔme kple ame siwo míenya o. Gbeƒãɖeɖe na míaƒe ame nyanyɛwo gɔ̃ hã tea ŋu sesẽna na mí vie. Gake ne míedea ŋugble tso Yehowa ƒe dɔmenyonyo, gbɔgbɔmekesinɔnu siwo wòna esubɔlawo, kple nɔnɔme wɔnublanui si me ame siwo le xexea me le ŋu la, aʋã mí míaɖi ɖase na wo. (Yona 4:11; Ps. 40:6; Mat. 13:52) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu abia Yehowa be wòana ‘dzi naɖo mía ƒo.’ (1 Tes. 2:2) Nɔviŋutsu aɖe si de Gilead Suku la gblɔ be: “Mede dzesii be zi geɖe la, gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye ne esesẽ nam be maƒo nu na amewo.” Ne esesẽ na wò be nàƒo nu na amewo la, do gbe kpui aɖe ɖa le tame.—Nex. 2:4.
4. Ne míedi be míaɖi vomeɖase la, taɖodzinu ka míate ŋu aɖo na mía ɖokuiwo gbã, eye nu ka tae?
4 Abe ale si wòdze le nya vomeɖaseɖiɖi me ene la, ɖaseɖimɔnu sia mebia be woadze dzeɖoɖo gɔme kple ŋgɔdonya aɖe kpakple mawunyakpukpui aɖe abe ale si míewɔnɛ ne míele gbeadzi ene o. Ðewohĩ ne míeɖoe míaƒe taɖodzinu be míadze dzeɖoɖo gɔme kple amewo ku ɖe nya sia nya ko ŋu menye kple susu be míaɖi ɖase na wo le gɔmedzedzea me o la, esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí. Gbeƒãɖela geɖewo gblɔ be esia wɔwɔ naa dzideƒo si yewohiã la yewo ale be yewotea ŋu va doa nya nyuia ɖe amewo gbɔ mlɔeba. Ne amea medi be yeaɖo dze kpli mí o la, mehiã be míazii ɖe edzi o. Anyo be míatso dzeɖoɖoa dzi bubutɔe, eye míatrɔ susu ɖe nu bubu ŋu.
5. Nu kae kpena ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋu kpena ŋu wòtea ŋu ɖia vomeɖase?
5 Nu si nɔvinyɔnu aɖe si ŋu kpena la wɔna ne eyi nu ƒle ge le asi me ye nye be, gbã la, ekpɔa amea ƒe ŋkume eye wòkoa alɔgbɔnu ɖee xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Ne amea hã ko alɔgbɔnu la, egblɔa nya kpui aɖe nɛ. Ne amea ɖo eŋu nyuie la, esia naa dzi ɖoa eƒo be wòayi dzeɖoɖoa dzi kple amea. Eɖoa to amea nyuie ale be wòate ŋu anya nya nyuia ƒe akpa si ado dzidzɔ nɛ. Eto mɔnu sia dzi ma agbalẽ geɖe, eye wòdze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe gɔ̃ hã.
6. Aleke míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ne míedi be míaɖi vomeɖase?
6 Dzeɖoɖo Gɔme Dzedze: Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple amewo? Esi Yesu ɖo dze kple nyɔnua le vudoa to la, mɔ bɔbɔe aɖe dzi ko wòto dze dzeɖoɖoa gɔme kplii; ebiae be wòana tsi ye. (Yoh. 4:7) Eya ta ɖewohĩ míawo hã míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme to gbedodo na amea xɔlɔ̃wɔwɔtɔe alo nya aɖe biabiae me. Ne miele dzea ɖom la, àte ŋu akpɔ mɔnu nyui aɖe ade Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe dzeɖoɖoa me eye ɖewohĩ àƒã nyateƒea ƒe ku ɖe eƒe dzi me. (Nyagb. 11:6) Ame aɖewo kpɔ dzidzedze le dzeɖoɖo gɔme dzedze kple amewo me esi wogblɔ nya aɖe si wɔ mo yaa na wo, si na wodi be yewoanya nu tso eŋu, si wɔe be wote nyawo biabia. Le kpɔɖeŋu me, ne èle ɖɔkta lalam la, àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe ne ègblɔ nɛ be, “Adzɔ dzi nam ne nyemagadze dɔ ake o.”
7. Aleke ŋkuléle ɖe nu ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖi vomeɖase?
7 Ŋkuléle ɖe nu ŋu hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze dzeɖoɖo gɔme. Ne míekpɔe be dzila aɖe ƒe viwo ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana la, míate ŋu akafui ahabiae be, “Nu kae kpe ɖe ŋuwò nète ŋu he viwòwo nyuie alea?” Nɔvinyɔnu aɖe léa to ɖe nu siwo ŋu eƒe dɔwɔhatiwo ɖoa dze le la ŋu, eye wònɔa te ɖe nu si me wotsɔ ɖe le vevie la dzi tsɔa eŋutinyatakaka vanɛ na wo. Esi wòse be eƒe dɔwɔhati aɖe le srɔ̃ ɖe ge la, etsɔ Nyɔ! aɖe si ƒo nu tso ale si woawɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃kpekpe ŋu la va nae. Esia wɔe be wogaɖo dze geɖe tso Biblia me nyawo ŋu.
8. Aleke míate ŋu azã míaƒe agbalẽwo atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme?
8 Mɔ bubu si dzi míato aɖi vomeɖasee nye míaƒe agbalẽwo xexlẽ le afi si amewo ate ŋu akpɔ mí le. Nɔviŋutsu aɖe ʋua Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe axa si nyati wɔdɔɖeamedzi aɖe le eye wòtea xexlẽ kple gbe bɔbɔe. Ne ekpɔ be ame aɖe si te ɖe ye ŋu la le magazinea dzi kpɔm la, ebiaa nya aɖee alo gblɔa nya kpui aɖe nɛ ku ɖe nyatia ŋu. Zi geɖe la, esia nana wòdzea dzeɖoɖo gɔme kple amea eye wòɖia ɖase nɛ. Míaƒe agbalẽwo dada ɖe afi si amewo ate ŋu akpɔ wo le bɔbɔe ɖeɖe dzaa ate ŋu anyɔ míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒe ɖetsɔleme eye woabia nya tso wo ŋu.
9, 10. (a) Aleke míawɔ aʋu mɔnu siwo dzi míato aɖi vomeɖase la ɖi? (b) Aleke nèwɔ te ŋu wɔ esia?
9 Ale Si Nàwɔ Aʋu Mɔnukpɔkpɔwo Ði: Le ale si gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae ta la, mele be míalala be mɔnukpɔkpɔwo ŋutɔ naʋu ɖi hafi míaɖi vomeɖase o. Ke boŋ, ele be míadi mɔnu siwo dzi míato aɖi vomeɖase ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm. Bu ame siwo nàte ŋu ado go le ŋkekea me la ŋu do ŋgɔ, eye nàbu ale si nàwɔ adze dzeɖoɖo gɔme kpli wo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ŋu. Biblia nenɔ ŋuwò, eye agbalẽwo nenɔ asiwò nàna ame siwo atsɔ ɖe le eme.—1 Pet. 3:15.
10 To nuŋububu do ŋgɔ me la, gbeƒãɖela geɖewo te ŋu di mɔnu siwo dzi woato aɖi vomeɖase. Nɔvinyɔnu aɖe si le aƒe gã aɖe si nu agbonudzɔlawo nɔna me la va nɔa aƒea ƒe afi si amewo ɖea modzaka le la, henɔa dzɔdzɔmenu dzeaniwo ƒe nɔnɔmetata siwo wofli kakɛkakɛ la ɖom ɖe ɖoɖo nu, tsɔ nɔa modzaka ɖem. Ne amewo va tɔ ɖe eŋu heƒo nu tso ale si nɔnɔmetataa dze anii ŋu la, ezãa mɔnukpɔkpɔa tsɔ dzea dzeɖoɖo gɔme kpli wo, eye wòƒoa ŋu tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ƒe ŋugbe Biblia do la ŋu na wo. (Nyaɖ. 21:1-4) Ðe nàte ŋu akpɔ mɔnu bubu siwo dzi nàto aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na vomeɖaseɖiɖia?
11. Aleke míawɔ atrɔ ayi ame siwo míeɖi vomeɖase na eye woɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ?
11 Trɔ Yi Ame Siwo Ðe Ðetsɔleme Fia Gbɔ: Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, dze agbagba nàtrɔ ayi egbɔ. Ne asɔ la, àte ŋu agblɔ na amea be: “Dzeɖoɖo kpli wò do dzidzɔ nam ŋutɔ. Afi kae makpɔ wò le ale be míayi míaƒe dzeɖoɖoa dzi?” Nu si gbeƒãɖela aɖewo wɔna koe nye be, wotsɔa woƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi naa amea hegblɔna be: “Míaƒe dzeɖoɖoa do dzidzɔ nam ŋutɔ. Ne èdi be yeaganya nu geɖe tso nu siwo ŋu míeɖo dze tsoe ŋu la, àte ŋu ake ɖe ŋunye to adrɛs sia dzi.” Ne wò ŋutɔ màte ŋu atrɔ ayi amea gbɔ o la, ekema kpe agbalẽvi si nye Please Follow Up (S-43) la ɖo nàtsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla kaba ale be hame si ate ŋu awɔe la me tɔwo natrɔ ayi amea gbɔ.
12. (a) Nu ka tae wòle be míawɔ ɣeyiɣi siwo míetsɔ ɖia vomeɖasee la ŋuti nuŋlɔɖi ahana eŋuti kɔnta? (b) Nu nyui kawoe do tso vomeɖaseɖiɖi me? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Vomeɖaseɖiɖi Me!”)
12 Ele be míabu ɣeyiɣi siwo míezãna tsɔ ɖia vomeɖasee la ŋuti kɔnta. Eya ta kpɔ egbɔ be nàŋlɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nètsɔ ɖi vomeɖasee la ɖi, ne miniti ʋɛ aɖewo koe nèɖia vomeɖase le ŋkekea me gɔ̃ hã. Bu akɔntabubu sia ŋu kpɔ: Ne gbeƒãɖela ɖe sia ɖe zãa miniti atɔ̃ tsɔ ɖia vomeɖase gbe sia gbe eye wotsɔ gbeƒãɖelawo katã tɔ ƒo ƒu la, awɔ gaƒoƒo miliɔn 17 ɣleti sia ɣleti!
13. Nu kae wòle be wòaʋã mí míaɖi vomeɖase?
13 Susu nyuiwo le mía si siwo tae wòle be míanɔ vomeɖase ɖim ɖo—esiawoe nye lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi. (Mat. 22:37-39) Dzi siwo me yɔ fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ʋãa mí míeƒoa nu tso “eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo” la ŋu. (Ps. 145:7, 10-12) Ðetsɔtsɔ le eme na mía haviwo vevie ʋãa mí be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ agblɔ nya nyuia na wo esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li na esia wɔwɔ. (Rom. 10:13, 14) Nuŋububu vi aɖe kple dzadzraɖo do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu míaɖi vomeɖase, eye ɖewohĩ ana míawo hã míakpɔ dzidzɔ si le nyateƒea gbɔgblɔ na ame aɖe si si dzi anukware le la me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]
Ðewohĩ àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be afi sia afi si nàdo go amewo le la, nàdze dzeɖoɖo gɔme kpli wo ku ɖe nya aɖe ŋu
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
To nuŋububu do ŋgɔ dzi la, gbeƒãɖela geɖewo te ŋu to mɔ aɖewo dzi na mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wo woɖi vomeɖase
[Aɖaka si le axa 5]
Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàdze Dzeɖoɖo Gɔme
◼ Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu
◼ Ðo dze kple ame siwo kɔ ŋkume ɖe wò eye woɖe dzi ɖi
◼ Kpɔ amea ƒe ŋkume, ko alɔgbɔnu, eye nàgblɔ nya aɖe si me eya hã atsɔ ɖe le
◼ Nye toɖola nyui
[Aɖaka si le axa 6]
Nu Nyuiwo Le Dodom Tso Vomeɖaseɖiɖi Me!
• Esime nɔviŋutsu aɖe nɔ lalam le ʋudzraɖoƒe aɖe be woadzra yeƒe ʋu ɖo na ye la, eɖi ɖase na ame siwo nɔ teƒea eye wòna amekpegbalẽviwo woamawo tsɔ kpe wo be woava se dutoƒonuƒo. Esi wòde takpekpe aɖe le ƒe ɖeka megbe la, nɔviŋutsu aɖe si mete ŋu kpɔ dze sii o la do gbe nɛ vividoɖeameŋutɔe. Ŋutsu siwo wòma amekpegbalẽviawo na le ʋudzraɖoƒea ƒe ɖekae nye ema va yi la dometɔ ɖekae! Ŋutsua yi ɖase dutoƒonuƒoa eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Woa kple srɔ̃a siaa wova xɔ nyɔnyrɔ.
• Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ nyateƒea to vomeɖaseɖiɖi dzi la bua ame siwo wòdoa goe le via etɔ̃awo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me la be wonye yeƒe anyigbamama tɔxɛ. Eƒe anyigbamama sia lɔ aƒelikawo kple dzila siwo wòdoa goe le ɖeviawo ƒe suku kpakple le kpekpe siwo sukuviwo dzilawo dena me la ɖe eme. Ɣesiaɣi si wòɖe eɖokui fia amewo la, egblɔna kpuie ko be Biblia kpena ɖe ye ŋu geɖe ŋutɔ le ye viwo hehe me, ke hã, egblɔa esia tso dzi me, eye esia megbe la, etrɔa dzeɖoɖoa ɖe nu bubu ŋu. Gake esi wònye be ete dzeɖoɖo kple ameawo xoxo ta la, enɔa bɔbɔe nɛ wu azɔ be wòatsɔ Biblia me nyawo ade woƒe dzeɖoɖoawo me. Eto mɔnu sia dzi kpe ɖe ame 12 ŋu wova xɔ nyɔnyrɔ.
• Esi nugblẽfexedɔwɔƒe aɖe ƒe dɔwɔla aɖe si kafua ɖoɖo sia na amewo la yi ɖasrã nɔvinyɔnu aɖe kpɔ la, nɔvinyɔnua wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ɖi ɖase nɛ. Nɔvinyɔnua bia ŋutsua be adi be yeawɔ ɖoɖo aɖe si ana be wòanɔ lãmesẽ me, anɔ dzidzɔ kpɔm, eye wòanɔ agbe tegbee hã. Ŋutsua lɔ̃ be ɛ̃ eye wòbia nɔvinyɔnua be nugblẽfexexe ƒe ɖoɖo ka ŋue wòle nu ƒom tso mahã. Nɔvinyɔnua ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me la me nɛ eye wòtsɔ míaƒe agbalẽawo dometɔ ɖeka nɛ; ŋutsua xlẽ agbalẽa le fiẽsi ɖeka ko me. Wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Eva te kpekpeawo dede eye mlɔeba wòxɔ nyɔnyrɔ.
• Esi nɔvinyɔnu aɖe ɖo yameʋu nɔ mɔ zɔm la, edze dzeɖoɖo gɔme kple nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe exa eye wòto ema dzi te ŋu ɖi ɖase nɛ. Esi wòsusɔ vie yameʋua nadze la, nɔvinyɔnua tsɔ eƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi na nyɔnua eye wòde dzi ƒo nɛ be, ne Yehowa Ðasefowo gava egbɔ la, nebia wo be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le ŋufɔke tututu la, Ðasefo eve yi ɖaƒo ʋɔ na nyɔnua. Nyɔnua na wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii, ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba, xɔ nyɔnyrɔ, eye eteƒe medidi o, eya ŋutɔ nɔ Biblia srɔ̃m kple ame etɔ̃.
• Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 100 si ƒe ŋkuwo tsi eye wòle ame tsitsi dzikpɔƒe la lɔ̃a gbɔgblɔ be, “Míehiã Fiaɖuƒea.” Esia wɔe be dɔnɔdzikpɔlawo kple ame tsitsi bubu siwo le teƒea la bia nya geɖewoe, eye esia na mɔnukpɔkpɔe wòɖe nu si Fiaɖuƒea nye la me na wo. Nyɔnu dɔnɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka biae be nu ka wɔ ge wòala le Paradisoa me mahã. Eɖo eŋu be, “Makpɔ nu eye magazɔ azɔli ake eye matɔ dzo nye bunɔkekea.” Esi wònye be eƒe ŋkuwo tsi ta la, ebiana tso dɔwɔla sia si be wòaxlẽ magazineawo na ye. Esi nɔviŋutsua vinyɔnu yi ɖasrãe kpɔ la, dɔwɔlaa biae be wòaɖe mɔ na ye yeatsɔ magazineawo ayi aƒe mee. Eye dɔnɔdzikpɔla aɖe gblɔ na nɔviŋutsua vinyɔnua be, “Nya si míetsɔ le mía ɖokui kplɔm le ame tsitsi dzikpɔƒea fifiae nye: ‘Míehiã Fiaɖuƒea.’”
• Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ fli me le nuɖuɖudzraƒe aɖe la, ŋutsu tsitsi aɖewo nɔ anyi ɖe wo xa nɔ dze ɖom tso dunyahenyawo ŋu wòse. Ŋutsuawo dometɔ ɖeka gblɔ be dziɖuɖua mate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ na mí o. Nɔvinyɔnua gblɔ na eɖokui be, ‘Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee nye esia ʋu ɖi nam.’ Edo gbe kpui aɖe ɖa eye wòte ɖe wo ŋu. Esi wòɖe eɖokui nu vɔ la, egblɔ na wo be dziɖuɖu aɖe li si akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ, si nye Mawu Fiaɖuƒea, eye wòtsɔ agbalẽ gbadza aɖe si nɔ esi la na wo. Ɣeyiɣi ma tututu la, nuɖuɖudzraƒea ƒe amegã va do. Nɔvinyɔnua susu be ɖe wògbɔna ye nya ge. Le esia teƒe la, egblɔ nɛ be yenɔ to ɖom nya si gblɔm wònɔ, eye adzɔ dzi na ye be wòana agbalẽ gbadzaa ye hã. Nyɔnu aɖe si nye dɔwɔla le afi ma, si hã nɔ to ɖom, la va do eye aɖatsiwo gegem le mo nɛ. Wonɔ Biblia srɔ̃m kplii tsã, ke azɔ la, edi be woagadze nusɔsrɔ̃ gɔme kpli ye ake.