INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/03 axa 3-5
  • Do Vevie le ‘Ðaseɖiɖi Tsitotsito’ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Vevie le ‘Ðaseɖiɖi Tsitotsito’ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Vomeɖaseɖiɖia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Àte Ŋu Aɖi Vomeɖase!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • To Vomeɖaseɖiɖi me Nàkafu Yehowa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • ‘Ði Ðase Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 7/03 axa 3-5

Do Vevie le ‘Ðaseɖiɖi Tsitotsito’ Me

1, 2. Nukae wɔ dɔ ɖe dziwò le alesi Paulo bu gbeƒãɖeɖe nyanyuiae ŋu, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu le ‘ɖaseɖiɖi tsitotsito’ me?

1 Abe Yesu kple blema subɔla nuteƒewɔla geɖewo ene la, apostolo Paulo nye nyanyuigbeƒãɖela veviedola si ‘ɖi ɖase tsitotsito’ metsɔ le eme nɔnɔme si me wònɔ o. Esime wosikae ɖi gɔ̃ hã la, exɔ “amesiwo katã va egbɔ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbeƒã ɖem; eye wòle nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ.”—Dɔw. 28:16-31.

2 Míawo hã miate ŋu ado vevie nu le ‘ɖaseɖiɖi tsitotsito’ ɣeawokatãɣi me. Esia lɔ ɖaseɖiɖi na amesiwo míado go ne míele mɔ zɔm yina takpekpe suewo kpakple “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã Takpekpea, ne míetrɔ gbɔna, kple ne míele du si me wole takpekpea wɔm le la me.—Dɔw. 28:23; Ps. 145:10-13.

3. Aleke míate ŋu aƒo asa na míaƒe vomeɖaseɖiɖi tɔtrɔ wòazu nudogoɖenunu dzro aɖe ko?

3 Nukae Nye Vomeɖaseɖiɖi? Menye nugodoɖenunu aɖee vomeɖaseɖiɖi nye alo nusi womeɖo hafi wɔna o, abe nane si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o alo nusi ŋu viɖe boo aɖeke mele ene o. Edze ƒã be menye aleae míaƒe subɔsubɔdɔa le o. Abe alesi wònɔ le Paulo gome ene la, ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu to ɖaseɖiɖi dzi nye nusi le vevie na mí, eye ele be wòanye míaƒe tameɖoɖo be míaɖi ɖase le afisi wòanya wɔ le esi míele mɔ zɔm le ƒe sia me. Ke hã woate ŋu aɖɔ mɔ si nu míetena ɖe amewo ŋu le wòasɔ be enye nusi míewɔna le vome—si fia nuwɔwɔ faa, xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, kpakple le mɔ si meto mɔ ɖeka aɖe koŋ o nu. Mɔnu sia ate ŋu aɖe vi geɖe.

4. Nukae kpe ɖe Paulo ŋu wòɖi ɖase le afisi wònɔ?

4 Dzra Ðo ɖe Ðaseɖiɖi Ŋu: Paulo di mɔnu si dzi wòato aɖi ɖase esime wònɔ game le Roma. Eɖe afɔ hekpe Yudatɔ siwo nɔ afima ƒe ŋgɔnɔlawo va afisi wònɔ. (Dɔw. 28:17) Togbɔ be Kristo-hame aɖe nɔ Roma hã la, Paulo se be Yudatɔ siwo nɔ dua me menya nu boo aɖeke tso Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu o. (Dɔw. 28:22; Rom. 1:7) Mehe ɖe megbe le ‘ɖaseɖiɖi tsitotsito’ tso Yesu Kristo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu o.

5, 6. Mɔnukpɔkpɔ kawoe ate ŋu asu mía si na vomeɖaseɖiɖi, eye dzadzraɖo kawoe míate ŋu awɔ be míate ŋu aɖi ɖase memie?

5 De ŋugble le amesiwo katã nàte ŋu ado goe le wò mɔzɔzɔ me siwo menya nu boo aɖeke tso Yehowa Ðasefowo ŋu o ŋu. Ðewohĩ womanya gɔ̃ hã be míewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee o. Nɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si asu asiwò le amesiwo nàdo goe le esi nèle mɔ zɔm, esi nètɔ ɖe mɔ dzi be yeaɖi ɖe eme, nèle mɔ̃memi dzem, nèle nu ƒlem, nèle amedzrodzeƒe, nèle nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe, nèle bɔs me, kple bubuawo la ŋu. Wɔ ɖoɖo ɖe nusi nàte ŋu agblɔ atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme be nàɖi ɖase kpuie la ŋu. Ðewohĩ àte ŋu asrɔ̃ esia do ŋgɔ to vomeɖaseɖiɖi na wò aƒelikawo, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple ame nyanyɛwo me.

6 Àhiã agbalẽ siwo nàzã le vomeɖaseɖiɖidɔa me. Ekawoe? Àte ŋu azã trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? Ƒo nu tso memama atɔ̃ gbãtɔawo ŋu, afisi woƒo nu tso susu vovovo siwo ta wòle be woaxlẽ Biblia ŋu le. Fia aɖaka si le megbe si dzi woato abia aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee. Na Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la amesi aɖe ɖetsɔleme afia. Ne èle mɔ kpɔm be yeado go amesiwo doa gbe bubu la, ke tsɔ agbalẽvi si nye Good News for All Nations ɖe asi. Axa 2 lia ƒo nu tso alesi woazãe atsɔ aɖi ɖasee ŋu. Ne ʋu ɖoge nèle la, ekema àte ŋu atsɔ agbalẽ vevi bubu ʋɛ aɖewo ɖe asi na amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me ŋutɔŋutɔ.

7, 8. Nuxlɔ̃amenya kae wòle be míaɖo toe ku ɖe míaƒe dzedzeme kple agbenɔnɔ ŋu ne míele mɔ zɔm alo le ɖiɖim ɖe eme?

7 Lé Ŋku Ðe Wò Dzedzeme Kple Agbenɔnɔ Ŋu: Ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe agbenɔnɔ kpakple míaƒe awudodo kple dzadzraɖo mana nukpɔsusu gbegblẽ nasu amewo si tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu alo ana woaƒo nu ‘atsi tre ɖe’ eŋu o. (Dɔw. 28:22) Esia meku ɖe takpekpea wɔɣi ɖeɖeko ŋu o ke ne míele mɔ zɔm kpakple le ɖiɖiɖemeɣiwo hã. Woxlɔ̃ nu mí le August 1, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18, memama 14 be: “Mele be míaƒe nudodo nagbɔ eme, woatɔ ŋku, woanye esiwo dea gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro amewo me, esiwo me ametia dzena le alo awu sia awu si nya to ko míele egbɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, ele be míaƒe nudodowo ‘nade bubu Mawu ŋu.’ Ðe mele be míade ŋugble le nya sia ŋu vevie oa? Menye be míadzra ɖo nyuie ne míeyina hamea ƒe kpekpewo [alo takpekpewo] gake míado nu ɖekematsɔlemetɔe ɣebubuɣiwo ƒe nyae wònye o. Ele be míaƒe dzedzeme naɖe bubudedenuŋu ƒe nɔnɔme afia ɣesiaɣi elabena míenye Kristotɔwo kple subɔlawo gaƒoƒo 24 gbesiagbe.”—Tim. I, 2:9, 10.

8 Ele be míado awu ɖe nɔnɔme nyui me eye bubu nanɔ eŋu. Ne míaƒe dzedzeme kple agbenɔnɔ ɖea míaƒe Mawu dzixɔse fiana ɣesiaɣi la, míahe ɖe megbe le vomeɖaseɖiɖi ŋu le esi míaƒe dzedzeme medze subɔla o ta gbeɖe o.—Pet. I, 3:15.

9. Dzidzedze kae Paulo kpɔ le ɖaseɖiɖi me le Roma?

9 Vomeɖaseɖiɖi Tsea Ku: Le ƒe eve siwo Paulo tsɔ nɔ gaxɔ me le Roma la, ekpɔ ɖase si wòɖi me tsonu nyuiwo teƒe. Luka ka nya ta be, “ame aɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se.” (Dɔw. 28:24) Paulo ŋutɔ de dzesi alesi eƒe ‘ɖaseɖiɖi tsitotsitoa’ ɖe vii esi wòŋlɔ be: “Nusiwo va dzɔ ɖe dzinye la, trɔ zu nyanyui la ƒe dziyiyi nyui la boŋ, ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me le asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamlɛawo katã gbɔ, eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.”—Fil. 1:12-14.

10. Aleke atsu kple asi aɖe kpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖi le dzomeŋɔli si va yi mee?

10 Le dzomeŋɔli si va yi la, nuteƒekpɔkpɔ aɖe su atsu kple asi aɖe si le nutome gã takpekpea dede ŋkeke gbãtɔ megbe, esime woɖi vomeɖase na nyɔnu kplɔ̃ŋusubɔla aɖe si bia nya wo ku ɖe woƒe akɔtagbalẽviwo ŋu. Woƒo nu tso takpekpea kple etsɔme mɔkpɔkpɔ si le ameƒomea si le Biblia me ŋu nɛ. Wotsɔ trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? nɛ eye woɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me nɛ. Nyɔnua gblɔ be yedi be ame aɖe nava srã ye kpɔ, eye wòŋlɔ eƒe ŋkɔ kple adrɛs ɖe trakt la megbe hebia tso srɔ̃tɔawo si be woawɔ ɖoɖo na ye. Dzidzedze kae nàte ŋu akpɔ ne èdo vevie ‘ɖaseɖiɖi tsitotsito’ le ƒe sia me?

11. Nɔnɔme kawoe wòle be míatu ɖo be míate ŋu ado nyanyuia ɖe ŋgɔ le dzomeŋɔli si gbɔna me to ‘ɖaseɖiɖi tsitotsito’ me?

11 Do Nyanyuia Ðe Ŋgɔ Bliboe: Bu dzidzɔ si gbegbe Paulo kpɔ esime wòsee be ehati Kristotɔwo nɔ eƒe dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m ŋu kpɔ! Neva eme be míadze agbagba ɖesiaɖe si míate ŋui ado nyanyuia ɖe ŋgɔ to vomeɖaseɖiɖi tso míaƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi esi míele vi ɖem tso nutome gã takpekpe si míawɔ le dzomeŋɔli si gbɔna la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Agbalẽ Siwo Hiã na Vomeɖaseɖiɖi

■ Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? (trakt)

■ Nukae Mawu Di tso Mía Si? (agbalẽ gbadza)

■ Good News for All Nations (agbalẽvi)

■ Agbalẽ vevi bubuwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe