Èle Dzadzraɖoɖi Na Vomeɖaseɖiɖia?
1. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be kutsetse nyuiwo ate ŋu ado tso vomeɖaseɖiɖi me?
1 Vomeɖaseɖiɖidɔa ate ŋu atse ku geɖe. Vomeɖaseɖiɖi siwo tse ku nyuiwo la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. (Yoh. 4:7-15) Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu sia ŋu?
2. Alekee míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míaɖi vomeɖase?
2 Awudodo Kple Dzadzraɖo: Awudodo kple dzadzraɖo ɖe nɔnɔme nyui me ɣeawokatãɣi awɔe be míate ŋu aƒo nu tso míaƒe xɔse ŋu na amewo ɣesiaɣi. (1 Tim. 2:9, 10) Ne míedo awu ɖe nɔnɔme nyui me o la, ate ŋu awɔe be míanɔ hehem ɖe megbe be míaɖi ɖase. Gake ne míedo awu ɖe nɔnɔme nyui me eye míaƒe dzedzeme le dzadzɛ la, ate ŋu awɔe be amewo nadi be yewoate ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime Ðasefo atsu kple asi aɖe siwo dzra ɖo nyuie nɔ mɔ zɔm la, wonɔ anyi ɖe ŋutsu Moslemtɔ aɖe xa. Esi woƒe dzedzeme nya kpɔ na ŋutsua ta la, ebia wo be Kristotɔwoe wonye hã. Esia wɔe be woɖo dze tso Biblia me nyawo ŋu gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ.
3. Alekee nèsrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le dzeɖoɖo gɔme dzedze me?
3 Dzeɖoɖowo Gɔme Dzedze: Esi Yesu do go Samaria nyɔnua le Yakob ƒe vudoa to la, ale si wòdze dzeɖoɖoa gɔme koe nye be ebiae be wòana tsi ye. Nenema ke míawo hã míate ŋu agblɔ nya kpui aɖe alo abia nya bɔbɔe aɖe ko atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme. Togbɔ be míanɔ hehem ɖe megbe ɣeaɖewoɣi hã la, ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ŋu la, ‘dzi aɖo mía ƒo’ míadze dzeɖoɖo gɔme.—1 Tes. 2:2.
4. Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋu?
4 Di Mɔ Siwo Dzi Nàto Aɖi Vomeɖase: Gbeƒãɖela geɖewo di mɔ siwo dzi woato aɖi vomeɖase. Gbugbɔ ŋku lé ɖe wò nɔnɔmewo ŋu eye nàbu ame siwo ƒomevi nàte ŋu ado go gbe sia gbe la ŋu. Tsɔ Biblia sue aɖe kple agbalẽ siwo sɔ la ɖe asi. Nɔ ŋku lém ɖe nu ŋu, eye nàtsɔ ɖe le eme na ame siwo dome nèle. Ne ède ŋugble tso mɔnukpɔkpɔ siwo ate ŋu aʋu ɖi na wò le ŋkekea me ŋu la, awɔe be ànɔ dzadzraɖoɖi na vomeɖaseɖiɖi dzidzedzetɔe.—Fip. 1:12-14; 1 Pet. 3:15.
5. Nu ka tae mele be míalala be mɔnukpɔkpɔwo naʋu ɖi le wo ɖokui si hafi míaɖi vomeɖase o?
5 Susu nyui eve aɖewo tae míewɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ tsɔ ɖia vomeɖase ɖo—lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple lɔlɔ̃ si le mía si na mía havi. (Mat. 22:37-39) Esi gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata ta la, míate ŋu alala be mɔnukpɔkpɔwo naʋu ɖi le wo ɖokui si hafi míaɖi vomeɖase o. Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si sɔ la ŋu dɔ atsɔ aƒo nu tso Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu na amewo esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li.—Rom. 10:13, 14; 2 Tim. 4:2.