Subɔsubɔkpekpewo Hena February
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 2
Hadzidzi 166
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Gblɔ “Drama ƒe Kasɛt Yeye” hã ŋu nya. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Yehowa Ðasefowo—Nyanyuigblɔla Vavãtɔwo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro aɖaka si le September 1, 1992, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 19 me.
20 min: “Kpe Amesiame si Tsikɔ Le Wuwum.” Dzro nyatia me, eye nàgblɔ alesi wotrɔ asi le dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo ŋu be woanyɔ ɖetsɔleme ahaʋã nyaselawoe. Na ame tsitsi aɖe nawɔ memamã 2-3 alo 4-5 ƒe wɔwɔfia eye sɔhɛ nawɔ memamã 6 lia ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 208 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 9
Hadzidzi 96
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.
20 min: “Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo.” (Memamã 1-10) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Yɔ gbegbɔgblɔ siwo ame geɖe dona le miaƒe anyigbamamã me, eye nàtsɔ agbalẽ siwo le hamea si na gbe siawo dolawo la afia. Abe alesi wogblɔe le memamã 10 lia me ene la, na woawɔ alesi woazã agbalẽvi si nye Good News for All Nations la afia.
Hadzidzi 220 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 16
Hadzidzi 75
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
12 min: Nusita Wòhiã be Nàyi Kristotɔwo ƒe Kpekpewo. Hamemegã nadzro nya vevi siwo le August 15, 1993, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 8-11 me, eye wòate gbe ɖe kpekpewo dede edziedzi ƒe vevienyenye dzi.
18 min: “Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo.” (Memamã 11-29) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Yɔ subɔsubɔha siwo menye Kristotɔwo o siwo le miaƒe anyigbamamã me. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ alesi woaɖi ɖase zi gbãtɔ na amesi nye Afrika tɔgbuikɔnu ƒe ha me tɔ, Buddhatɔ, Hindutɔ, Yudatɔ, alo Moslemtɔ—wo dometɔ si le mia gbɔ ko.
15 min: “Yehowa Ye Nye Nye Kpeɖeŋutɔ.” Hamemegã ƒe nuƒo dedziƒoname si wòana kple dzidzɔ.
Hadzidzi 15 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme February 23
Hadzidzi 4
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro March ƒe agbalẽnunana me. Zã nya vevi siwo le March 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4, nàɖo aɖaŋu ɖeka alo eve le alesi woana Sidzedze-gbalẽa ŋu. Te gbe ɖe edzi be woaɖoe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.
15 min: “Ne Ewɔa Dɔ la, Ke Zãe!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na gbeƒãɖela bibi ɖeka alo eve le nyaselawo dome nagblɔ dzeɖonya siwo wokpɔtɔ le zazãm le esi dzeɖonyaawo le bɔbɔe eye woɖea vi ta la kpuie. Emegbe nàna ame bubuwo naƒo nu tso dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo nyitsɔ laa le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me siwo wɔ dɔ la ŋu.
20 min: Wɔ Wò Dzeɖonyawo Woakpɔ. Nuƒo kpui si wotu ɖe School Guidebook, axa 98-9, memamã 8-9 dzi. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míalé ŋku ɖe míaƒe dzeɖonyawo ŋu nyuie ahadi mɔ siwo dzi míato ana woaɖe kpe wu dzi. Na nɔvinyɔnu eve nawɔ alesi wogbugbɔ lé ŋku ɖe alesi woƒo nu le aƒemenɔla aɖe gbɔe ŋu, eye woadzro alesi woagawɔe wòanyo wu la me. Woawɔ dzeɖonya si woɖo be yewoazã ɣebubuɣi la hã kpɔ kpuie, eye woaɖo aɖaŋu nyuiwo na wo nɔewo. Dɔdasia wɔla nawu enu kple dzidede ƒo na amesiame be wòalé ŋku ɖe eƒe dzeɖonyawo ŋu ahawɔ wo akpɔ.
Hadzidzi 103 kple gbedodoɖa hena kpakpã.