Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
1 Wonya alesi mí Yehowa Ðasefowo míetsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋui. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine siwo míenana la wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu me. Le nyateƒe me la, wo me nyawo nye nyanyui, elabena eɖea gbeƒã Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.
2 Magazineawo kpɔa amewo ƒe nuhiahiãwo ŋutɔŋutɔ gbɔ—le seselelãme, hadomegbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me gome. Esi agbenyuinɔnɔ kple ƒomegbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo me le gbegblẽm le afisiafi la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! fiaa Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ amewo tsɔ kpena ɖe wo ŋu be woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ƒe nyonyome ŋu. Adzɔ dzi na mí be míawɔ nudɔdɔ na amewo le April kple May me.
3 Wodzɔa Dzi na Amewo Ŋutɔŋutɔ: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le gbegbɔgblɔ siwo katã kloe wozãna le xexeame godoo la me. Le esia ta wonya míaƒe magazineawo nyuie. Nusiwo ta wodzɔa dzi na amewo ƒe ɖewoe nye si:
◼ Wonye agbalẽ siwo me nuteƒewɔwɔ kple nyateƒetoto le, eyata wonaa vovototo si le nu nyui kple nu gbegblẽ dome dzena kɔte.
◼ Woƒoa nu tso paradiso si gbɔna si me dzɔdzɔenyenye anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ, si wotu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo be yeana anyigba la nanɔ yeƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu te la ŋu.
◼ Woƒoa nu tso nyati vovovo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi ŋu, eye wo me nyawo dzɔa dzi na ameƒomevi vovovo kple dukɔ vovovo me tɔwo.
◼ Woƒe nyatiwo le tẽ, wofiaa nu ame, wonye nyateƒe, eye nazãbubu kple nugbegblẽdzidede mele wo me o.
◼ Nɔnɔmetata wɔdɔɖeamedzi siwo le wo me nyɔa ame ƒe ɖetsɔleme enumake, eye alesi woŋlɔ wo me nyawo eme kɔe la na wonya xlẽna.
4 Mimã Wo Woade Didiƒe: Nya siwo míagblɔ me toto, ɖoɖowɔwɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣi ŋu, kple míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu gbɔ koŋ ye dzidzedzekpɔkpɔ le magazinenana me tsona. Woɖo eŋuti ɖaŋu nyuiwo ɖe September 1995 kple October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tatawo me, eye anyo be míagato wo me atsɔ wo awɔ dɔe.
5 Nya Magazineawo Me Nyawo Nyuie: Ne èle tata ɖesiaɖe xlẽm la, bu amesi wòadzɔ dzi na wòaxɔe la ŋu. Lé ŋku ɖe nyati alo ŋɔŋlɔ siwo me nyawo nàte ŋu ayɔ ne èle wo nam la ŋu. Bu tame le nya aɖe si nàte ŋu abia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee eye nàtsɔ anyɔ amea ƒe ɖetsɔtsɔ le nyatia me la ŋu.
6 Trɔ Asi Le Nya si Nàgblɔ Ŋu Wòasɔ na Amea: Dzra ɖo ɖe nyagbɔgblɔ bɔbɔe si ŋu nàte ŋu atrɔ asi le na ŋutsu, nyɔnu, ame tsitsi, alo ɖevi, amea ɖanye ame nyanyɛ alo amedzro o ŋu.
7 Nɔ Ŋudzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Nana Ŋu: Esi magazineawo te ŋu yina ɖe akplo vovovowo, alo awu kotoku me ta la, míate ŋu atsɔ ɖewo ɖe asi ne míele mɔ zɔm alo míeyi nuƒleƒe. Na wo ne èle nu ƒom na ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, alo nufialawo. Ðo ŋkeke aɖe ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa na magazine ɖaseɖiɖi.
8 Kpɔ Ŋudzedze Ðe Magazineawo Ŋu: Wo nu meyina gbeɖe o. Wo me nyawo ƒe vevienyenye nu meyina ne wodo xoxo o. Gake ne míedzea agbagba etɔxɛe naa magazine siwo míexɔna la, ana xoxoawo mali kɔ ɖe mía gbɔ o.
9 Ablɔdziɖaseɖiɖi Tsea Ku: Enye mɔ nyuitɔ siwo dzi míato ana magazineawo ame gbogbo aɖe la dometɔ ɖeka. Gbeƒãɖela aɖewo wɔa dɔ le mɔ siwo dzi ame geɖe tona la dzi eye wonaa dometsotso si sɔ nɔa wo dome le asigbewo.
10 Etsea Ku le Anyigbamamã Siwo me Nudzraƒe Kple Dɔwɔƒewo Le Me: Ne míele ɖase ɖim tso fiase me yi fiase me la, ƒã hafi teƒe aɖewo anɔ anyi si míatu amewo le o. Nudzrala kple dɔwɔla akpa gãtɔ bua ame ŋu, eye wo dometɔ geɖe doa vivi ɖe magazineawo xɔxɔ ŋu. Ƒo nu tso nyati siwo sɔ na dɔwɔƒe si nèyi la ŋu.
11 Míate Ŋu Ana Wo le Magazine ƒe Ademɔwo Dzi: Esi wònye zi evee wotaa magazineawo le ɣletia me ta la, esɔ be míagatrɔ ayi amesiwo xlẽnɛ gbɔ atsɔ tata yeyeawo ayi na wo. Ele be míatrɔ ayi wo gbɔ edziedzi, menye ɖe magazinenana ta ko o ke boŋ be míatu woƒe ɖetsɔtsɔ le Biblia me hã ɖo. Amesiwo le míaƒe magazine ƒe ademɔ dzi nye amesiwo ate ŋu azu Biblia-nusrɔ̃viwo bɔbɔe.
12 Na Geɖe Alesinu Nàte Ŋui le April Kple May Me: Nuxlẽla akpe geɖe siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ka ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Wote ŋu ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea nyuie ale gbegbe be ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ nudɔdɔ le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Neva eme be April kple May nanye ɣleti siwo me míana magazine gbogbo aɖe le!