INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/98 axa 4
  • Tia Nyati Siwo Amewo Adi Koŋ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tia Nyati Siwo Amewo Adi Koŋ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 5/98 axa 4

Tia Nyati Siwo Amewo Adi Koŋ

1 Abe alesi datidalawo dzidzea woƒe datiwo ɖe nu dzi tututu ene la, nenemae hame geɖe ƒe gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo tiaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati siwo tututu amesiwo le woƒe anyigbamamã me adi koŋ, eye wole dzidzedze nyui kpɔm. Wodea ŋugble le amesiwo adi kokoko be yewoaxlẽ magazineawo me nya tɔxɛ aɖewo ŋu. Aleke wowɔnɛ?

2 Gbã la, woxlẽa nyati ɖesiaɖe le magazinea me. Emegbe wobiaa wo ɖokui be, Ameka ƒomevie nyatia ɖesiaɖe adzɔ dzi na? Emegbe wodzea agbagba be yewoayi amesiwo ɖewohĩ woadi be yewoaxlẽ nyati ma gbɔ. Ne wokpɔe be ame geɖe adi kokoko be yewoaxɔ tata aɖe le yewoƒe anyigbamamãa me la, woxɔa geɖe kpenɛ.

3 Wodea Bubu Míaƒe Magazinewo Ŋu Ŋutɔ: Míaƒe nudɔlawo dometɔ aɖe si wɔa dɔ kple dɔwɔƒe si taa Nigeria ƒe dukɔwo dome magazine si amewo xlẽna wu la gblɔ le Nyɔ! ŋu be: “Dɔnɔ na mi ɖe magazine si nyo na amesiame wu le xexeame ta.” Ame aɖe si míaƒe magazinewo xexlẽ metoa eŋu o la gblɔ be: “Agbalẽ xɔasi ka gbegbewoe nye esi si me nunya mafeŋui le alea! Mekpɔa nyati si doa dzidzɔ nam si me wodzro le magazine siawo dometɔ ɖesiaɖe me kokoko.” Nufialagã aɖe si le Ghana ŋlɔ be: “Mexlẽ ‘Dzitsitsi Ðe Nyatakaka Ŋu’ kple ŋusẽ si wòkpɔna ɖe amewo dzi ŋuti nyatiwo le January 8, 1998 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me, eye mele dɔnɔ dom na mi ɖe nyati deto mawo ƒomevi siwo mietana ta.”

4 Magazine siawo ƒoa nu tso nyati vovovo ŋu, eye ɖewo kuna ɖe Biblia, xexemenyadzɔdzɔwo, ƒomekuxiwo, hadomegbenɔnɔkuxiwo, ŋutinya, dzɔdzɔmeŋutinunya, lãwo kple numiemiewo, kple bubu geɖe ŋu. Kokoko la, edzroa ame be wòaxlẽ nusi ku ɖe eƒe hiahiãwo, nɔnɔmewo, alo eƒe dɔ ŋu. Esi míeƒoa nu kple ame geɖe siwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nudidiwo kple kuxiwo le vovovo ta la, nyati tɔxɛwo tiatia be woadzro amesiwo míedoa goe la ɖea kpe.

5 Se nusi dzɔ esi Ðasefo eve tsɔ September 8, 1996, ƒe Nyɔ! na nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla aɖe ɖa. Ŋutsua ŋlɔ be: “Kaka make nu agblɔ be nyemedi nya aɖeke mase o la, wo dometɔ ɖeka gblɔ kpee be: ‘Nyati aɖe le eme ku ɖe Amerika Indiatɔwo ŋu. Míenya be èŋlɔa nu geɖe tso nyati ma ŋu.’” Exɔ magazinea eye le ŋdinuɖuɣi la, exlẽ nyati si ku ɖe Indiatɔwo ŋu, eye emegbe elɔ̃ gblɔ be “enyo gbɔ eme” kple be “eɖi anukware wòde edeƒe.”

6 Nukae Dzɔa Dzi na Wò Anyigbamamã me Tɔwo? Nukae nèkpɔ le magazineawo me le ɣleti ʋee siawo me si adzɔ dzi na fiasedzikpɔlawo kple dɔwɔlawo le miaƒe anyigbamamã me alo na aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple sukuhatiwo? Nu tɔxɛ kawoe adzɔ dzi na senyalawo, nufialawo, ƒome kple suku ɖaŋuɖolawo, sɔhɛwo ƒe aɖaŋuɖolawo, hadomekpekpeɖeŋunalawo, agbledelawo, tɔƒodelawo, kple lãmesẽgbɔkpɔlawo? Ne èbua amesiwo nèɖea gbeƒã na ŋu hafi le tata ɖesiaɖe me tom la, ana mɔnu nyuitɔ siwo dzi nàto akaka nyateƒea la nasu asiwò.

7 Ne ètu ame aɖe si tsɔ ɖe le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe nyati aɖe me etɔxɛe eye wòxɔ magazinea la, àte ŋu agblɔ be: “Ne nyati aɖe dze le tata si agava emegbe me si mekpɔ be adzɔ dzi na wò la, anye dzidzɔ nam be matsɔ ɖeka vɛ na wò.” Àte ŋu atsɔ amea akpe ɖe wò magazine ƒe ademɔ ŋu, eye nànɔ tɔtrɔm anɔ yiyim zi alesi magazine yeyewo gava ko. Ðeko nusia sɔ kple gbɔgblɔ na amesiwo tsɔa ɖe le míaƒe magazinewo ƒe nyati aɖewo me etɔxɛe la be míatrɔ ava wo gbɔ.

8 Gbɔgbɔmenyawo Nenɔ Susu me na Wò: Ƒe ʋee aɖewoe nye esi va yi la, ŋutsu aɖe si tsi dzi ɖe eƒe dɔ ŋu la xɔ Nyɔ! magazine aɖe si do dzidzɔ nɛ. Gake ŋutsu sia si lɔ̃a mawusubɔsubɔ la xlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata si kpe ɖe eŋu hã, si ƒe nyati aɖe ʋãe ale be wògbugbɔ dzro Mawuɖekaetɔ̃ si dzi wòxɔ se tso ɖevime ke la me. Exɔ nyɔnyrɔ le ɣleti ade megbe! Eyata megati wò be nàdzro gbɔgbɔmenyawo me kple míaƒe magazineawo xlẽlawo o. Àte ŋu aƒo nu tso agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ŋu eye nàgblɔ be yedi be yeazã aɖaƒoƒo ʋee aɖewo adzro nusɔsrɔ̃ ɖeka me ɣesiaɣi si yeagatsɔ magazine yeyewo vɛ nɛ.

9 De ŋugble nyuie nàkpɔ ɖa be amekae le amesiwo gbɔ nàtrɔ ayi kple dɔwɔhatiwo dome si adi kokoko be Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeyewo naka ye si hã. Ekema nàdze agbagba vevie be nàɖo wo gbɔ. Tsɔ magazine xɔasi siawo yi na ame geɖe alesi nàte ŋui. De dzi ƒo na wo be woawɔ nudɔdɔ. Eye mègaŋlɔ be o be zi alesi nèle agbagba dzem be yeakpe ɖe ame geɖe wu ŋu be woaxlẽ míaƒe magazineawo la, ‘yele yeƒe abolo wum ɖe tɔ dzi.’ Mlɔeba la, adze edzi na wò be nàke ɖe amesiwo ava zu nusrɔ̃lawo ŋu.—Nyagb. 11:1, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe