Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽ Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzie Wonye
“Yehowa, èɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.”—PSALMO 31:6.
1, 2. (a) Aleke nɔvinyɔnu aɖe se le eɖokui me le nane si wòxlẽ le Gbetakpɔxɔ me ŋui? (b) Nya kawoe wobiana le míaƒe agbalẽawo ŋu?
NYƆNU Kristotɔ aɖe ŋlɔ be: “Meda akpe na mí kakaka ɖe nyatakaka nyui siwo le Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye ‘Àte Ŋu Akpɔ Akɔfafa le Xaxaɣiwo me’ la ta.a Nya vevi siwo miegblɔ la ƒe akpa gãtɔ tututue nye seselelãme siwo wòle be makpe akɔ kplii; ɖeko wòle abe nye koŋ ye mieŋlɔ nyati sia na ene. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam esi mexlẽe zi gbãtɔ. Enyo ŋutɔ be mekpɔe dze sii be ame aɖe nya alesi mesena le ɖokuinye me! Edzɔ dzi nam ŋutɔ be menye Yehowa Ðasefo. Afikae míagate ŋu akpɔ agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso si gbɔna kpuie me le etsɔ me ƒe ŋugbedodowo kple akɔfafa na míaƒe luʋɔwo fifia la le! Akpe na mi. Akpe na mi kakaka.”
2 Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe nèkpɔe kpɔ be ye koŋ ye woŋlɔ nya aɖe si dze le Gbetakpɔxɔ alo eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! me naa? Nukawoe le míaƒe magazineawo me si léa dzi na amewo? Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be wo me nya siwo naa agbe ame la naɖe vi na wo?—Timoteo I 4:16.
Magazine Siwo Ʋlia Nyateƒea Ta
3. Susu nyui ka tae Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la ɖo dzi gbɔ na míaƒe nuxlẽla geɖewo?
3 Yehowae nye “Mawu nuteƒetɔ.” (Psalmo 31:6) Eƒe Nya Biblia la nye nyateƒegbalẽ. (Yohanes 17:17) Dzi anukwaretɔwo xɔa nyateƒea ne wogblɔe na wo. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 4:23, 24.) Susu vevi siwo ta Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! léa dzi na exlẽla miliɔn geɖewo dometɔ ɖekae nye be woʋlia nuteƒewɔwɔ kple nyateƒea ta. Le nyateƒe me la, nuteƒewɔwɔ ƒe nya si fɔ ɖe te le Biblia ƒe nyateƒea ŋu tae wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme ɖo.
4, 5. (a) Nɔnɔme kawoe na C. T. Russell dze Watch Tower tata gɔme? (b) Aleke “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔ Gbetakpɔxɔ la ŋudɔe?
4 Le ƒe 1876 me la, Charles T. Russell nɔ dɔ wɔm kple Nelson H. Barbour si tso Rochester, New York. Russell na ga be yewoagatsɔ adze Barbour ƒe subɔsubɔgbalẽ si nye Herald of the Morning la tata gɔme, Barbour nye eƒe nuŋɔŋlɔmetola eye Russell nye nuŋɔŋlɔmetola ƒe kpeɖeŋutɔ. Gake le ƒe ɖeka kple afã kloe megbe la, Barbour ŋlɔ nyati aɖe ɖe August 1878 ƒe Herald me si me melɔ̃ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe asixɔxɔ si le Yesu ƒe ku ŋu la dzi o. Russell, amesi Barbour nye xoxo na ƒe 30 kloe la ŋlɔ nyati aɖe ɖe tata si kplɔe ɖo tẽ la me tsɔ do tafevɔsa si wògblɔ be “enye Mawu ƒe Nya la ƒe nufiafia veviawo dometɔ ɖeka la” ɖe dzi. (Mateo 20:28) Esi Russell dze agbagba zi geɖe be yeade ŋugble kple Barbour tso Ŋɔŋlɔawo me do kpoe vɔ megbe la, etso nya me mlɔeba be yemaganɔ eme woata Herald azɔ o. Tso agbalẽ ma ƒe June 1879 tɔ dzi la, Russell ƒe ŋkɔ megadze le eme abe nuŋɔŋlɔmetola ƒe kpeɖeŋutɔ ene o. Ɣleti ɖeka megbe la, Russell si xɔ ƒe 27 ɣemaɣi la dze agbalẽ si nye Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence (si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe) la tata gɔme, agbalẽ ma do Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea, abe tafevɔsa ene, ɖe dzi tso gɔmedzedzea me ke.
5 Gbetakpɔxɔ la ʋli Biblia me nyateƒewo kple nufiafiawo ta abe senyala bibi aɖe ene, ƒe 114 enye esia. Le taʋiʋli sia me la, ame miliɔn geɖe siwo kpɔa dzidzɔ ɖe exexlẽ ŋu va kpɔ kakaɖedzi le eŋu. Egakpɔtɔ le megbe na tafevɔsa la goŋgoŋ. (Le kpɔɖeŋu me, xlẽ February 15, 1991 tɔ kpɔ.) Eye egakpɔtɔ nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” kple eƒe Dziɖuha la ƒe dɔwɔnu vevitɔ si ŋudɔ wɔm wole tsɔ le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si woɖo la hele gbɔgbɔmenuɖuɖu nam “le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mateo 24:14, 45.
6, 7. Nukae wogblɔ be eyae nye The Golden Age ƒe tameɖoɖo, eye nukae ɖee fia be tamebulawo wɔa emenyawo dzi?
6 Ke Nyɔ! ƒe magazine la hã ɖe? Nyɔ! la hã ʋli nyateƒea ta tso eƒe gɔmedzedze ke. Wota magazine sia si woyɔ tsã be The Golden Age la koŋ be woamã na egodotɔwo. Eƒe tata gbãtɔ si nye October 1, 1919 tɔ gblɔ le eƒe taɖodzinu ŋuti be: “Eƒe taɖodzinue nye be wòanɔ te ɖe Mawu ƒe nunya dzi aɖe gɔmesese vavãtɔ si le egbeŋkekea me nudzɔdzɔ veviwo ŋu la me eye wòatsɔ ɖaseɖiɖi si womate ŋu ake ɖii o si me kɔ ana tamebulawo nanya be ɣeyiɣi si me ameƒomea akpɔ yayra si lolo wu le la tu aƒe azɔ.” Tamebulawo wɔ gbedasi si le The Golden Age me la ŋudɔ. Eƒe agbɔsɔsɔ si womã sɔ gbɔ gɔ̃ hã wu Gbetakpɔxɔ tɔ ƒe geɖe.b
7 Gake menye esi nyateƒenufiafiawo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la me eye woɖea nusi xexemenudzɔdzɔwo fia le nyagblɔɖi me ɖeɖeko tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu ɖo o. Vevietɔ le ƒe ewo alo ƒe blaeve siwo va yi me la, míaƒe magazinewo ƒe nu lé dzi na amewo le susu bubu aɖe hã ta.
Nyati Siwo Sɔ ɖe Ɣeyiɣi Dzi Siwo Kpɔa Ŋusẽ ɖe Amewo ƒe Agbe Dzi
8. Tɔtrɔ kae Yuda wɔ le nusi wòdi be yeaŋlɔ me atsɔ de dzi ƒo na eƒe nuxlẽlawo be woatsri ŋusẽkpɔɖeamedzi ka le hamea me?
8 Anɔ abe ƒe 30 ene le Yesu ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe la, Biblia-ŋlɔla Yuda dze ŋgɔ nɔnɔme sesẽ aɖe. Agbegbegblẽnɔla siwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o va ge ɖe Kristotɔwo dome dzaa. Yuda ɖoe be yeaŋlɔ agbalẽ na hati Kristotɔwo le nufiafia ƒe nyati si nye ɖeɖekpɔkpɔ si le Kristotɔ amesiaminawo katã si la ŋuti. Gake gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔe be wòkpɔe be ehiã be yeade dzi ƒo na yeƒe nuxlẽlawo be woatsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo le hamea me ŋu. (Yuda 3, 4, 19-23) Yuda trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu eye wòɖo aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi si kpɔ nɔvia Kristotɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ la na wo.
9. Nuka wɔwɔe nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi ŋɔŋlɔ ɖe míaƒe agbalẽwo me bia?
9 Nenema ke míaƒe agbalẽwo me nyatiwo dzadzraɖo nye agbanɔamedzi gã aɖee. Ɣeyiɣiawo trɔna eye nenema ke amewo hã trɔnae—woƒe nuhiahiãwo kple nudidiwo megale abe alesi wònɔ le ƒe ewo alo ƒe blaeve siwo va yi me ene o. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Esime meva zu Ðasefo le ƒe 1950 ƒeawo me la, nufiafiawo ŋu koŋ koe míaƒe Biblia sɔsrɔ̃a kple amewo ku ɖo—míefiaa nyateƒea amewo le Mawuɖekaetɔ̃, dzo mavɔ, luʋɔ, kple nu bubuwo ŋu. Gake edze fifia be kuxi kple nɔnɔme sesẽ geɖewo le fu ɖem na amewo le agbe me eye ele be míafia alesi woanɔ agbee la wo.” Nukatae wòle nenema?
10. Nukatae mele be wòawɔ nuku na mí o be amegbetɔwo ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi ɖaa tso ƒe 1914 me?
10 Biblia gblɔ ɖi le “ŋkeke mamleawo” ŋu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1, 13) Eyata mele be wòawɔ nuku na mí be amegbetɔwo ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi ɖaa tso esime nuwuɣia dze egɔme le ƒe 1914 me o. Satana, amesi ƒe ɣeyiɣi si susɔ le kpuie fifia wu la, le eƒe dziku ɖem ɖe ameƒomea ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Esia ta agbenɔnɔ kple ƒome ƒe dzidzenuwo to vovo na alesi wònɔ le ƒe 30 alo 40 siwo va yi ko me la sãa. Mawusubɔsubɔ ƒe didi megale amewo me abe alesi wònɔ le ƒe siwo va yi me ene o. Nuvlowɔwɔ va bɔ ale gbegbe be amewo va le ametakpɔmɔnu siwo ŋu nya womese kpɔ gɔ̃ hã le ƒe 20 alo 30 siwo va yi me o la ŋudɔ wɔm.—Mateo 24:12.
11. (a) Nya kawo ƒomevie le amewo ƒe susu me, eye aleke dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la tso ɖe nuhiahiã siawo ŋui? (b) Gblɔ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me nyati aɖe si kpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi la ƒe kpɔɖeŋu.
11 Eyata mewɔ nuku o be ƒome, seselelãme, kple hadome nyawo va xɔ susu me na ame geɖe. Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la tsɔ dzideƒo tso ɖe nusiawo ŋu eye wòŋlɔa nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi siwo kpɔa amewo ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ na wo hekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi la ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la me! Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.
12. (a) Nukatae woŋlɔ nyati siwo ƒo nu tso dzila ɖeka ƒomewo ŋu ɖe ƒe 1980 ƒe Watchtower me? (b) Aleke nɔvinyɔnu aɖe gblɔ alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe nyati siwo ƒo nu tso dzila ɖeka ƒomewo ŋu la ŋui?
12 Ƒomenyawo. Esi nyatakaka siwo tso xexeame katã ɖee fia be dzila ɖeka ƒomewo le dzidzim ɖe edzi kabakaba la, wota nyati siwo ɖe nu me tsitotsito le tanya si nye “Dzila Ðeka Ƒomewo—Tenɔnɔ Ðe Eƒe Kuxiwo Nu” ŋu ɖe September 15, 1980 ƒe Watchtower me. Taɖodzinu ƒokpli evee le nyatia ŋu: (1) be woakpe ɖe dzila ɖeka ƒomewo ŋu be woanɔ te ɖe kuxi siwo woawo koŋ doa goe nu eye (2) be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie ale be woaɖe ‘veveseɖeamenu’ afia eye ‘woakpɔ’ dzila ɖeka ƒomewo ‘dzi’ nyuie. (Petro I, 3:8; Yakobo 1:27) Míaƒe nuxlẽla geɖewo ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe nyatiawo ŋui la fia. Nyɔnu aɖe si ɖeka ko nye dzila le ƒomea me ŋlɔ be: “Nusi woŋlɔ ɖe eƒe akpa dzi kpɔkpɔ na aɖatsiwo lólo ɖe ŋku dzi nam, eye esi meke magazinea hexlẽ eme nyawo la, nye dzi yɔ fũ kple akpedada na Yehowa be wòna wota nya siawo le ɣeyiɣi si sɔ me.”
13. Numedzodzro tsitotsito le blanuiléle ŋu kae wota ɖe ƒe 1981 ƒe Awake! me, eye nya kae exlẽla aɖe gblɔ?
13 Seselelãmenyawo. Wodzro blanuiléle ƒe nya la me le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me tso ƒe 1960 ƒeawo me. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Gake wogata nya la ŋuti numeɖeɖe nyui yeyewo ɖe September 8, 1981 ƒe Awake! ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso eƒe akpa dzi tanya si nye “Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Blanuiléle!” ŋu la me. Eteƒe medidi hafi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa xɔ ŋudzedzekpɔkpɔlɛta geɖe tso xexeame katã o. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔe bena: “Aleke koŋ maɖe nye dzime seselelãmewo afia le lɛta la mee? Ƒe 24 ye mexɔ eye meléa blanui zi geɖe le ƒe ewo siwo va yi me. Gake mekpɔe fifia be mía kple Yehowa dome le kplikplikpli fifia wu eye meda akpe nɛ be wòtsɔ nyati nyui siawo kpɔ blanuilélawo ƒe nuhiahiãwo gbɔe, eye medi be magblɔe na mi.”
14, 15. (a) Aleke wodzro ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu ƒe nyatia me le míaƒe agbalẽwo mee? (b)Magazine me nyati kawoe do dzidzɔ na sɔdola aɖe le Australia?
14 Hadomegbenɔnɔnyawo. Biblia la gblɔe ɖi be le “ŋkeke mamleawo” me la, amewo “lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.” (Timoteo II, 3:1-3) Eyata mele be wòawɔ mo yaa na mí be ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu bɔ ɖe xexeame egbea o. Wodzro nyati sia me tsitotsito le nyati si nye “Kpekpeɖeŋu na Amesiwo Gbɔ Woƒe Ƒometɔ Kplikplikpliwo Dɔ” me le October 1, 1983 ƒe Watchtower me. Ƒe enyi megbe la, wotrɔ asi le akpa dzi tanya si ŋu woƒo nu tsoe si nye “Nusiwo Gblẽ Le Ðevi Siwo Gbɔ Wodɔ ŋu la Ðɔɖɔɖo” ŋu nyuie le October 8, 1991 ƒe Awake! me be wòana gɔmesese kple mɔkpɔkpɔ nasu amesiwo to nɔnɔme sesẽ sia me si eye woakɔ nu me na ame bubuwo bene woate ŋu ana kpekpeɖeŋu nyuie. Nyati siawo na míaƒe nuxlẽla gbogbotɔ kekeake le míaƒe magazinewo ƒe ŋutinya me ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. Míaƒe nuxlẽla aɖe ŋlɔ bena: “Nusi koŋ na mehayae nye nya fakɔname kple Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le nyati siawo me. Enyanya be Yehowa bua ŋunye vevie la na gbɔdzɔe gã aɖem. Enyanya be menye nye ɖeka dzi koe wòle dzɔdzɔm ɖo o la hã fa akɔ nam.”
15 Sɔdola aɖe si le Melbourne, Australia, ƒo ka tso didiƒe aɖe ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Sydney tsɔ ɖe alesi nɔnɔme si le sɔdolawo dome nyɔa ŋu nɛ la fia. Egblɔ be fifia koe yexlẽ May 8 ƒe Nyɔ! si ƒo nu tso nyati si nye “Nyɔnu Gbɔ Dɔdɔ sesẽe—Ŋɔdzie Wònye na Nyɔnuwo ŋu la eye esesẽ ŋutɔ hafi yexɔe se be magazine xɔasi sia tɔgbe li. Ebia nya abe aɖaƒoƒo 30 ene eye ŋuɖoɖo siwo wonae la, dzɔ dzi nɛ ŋutɔ.
16. Mɔ kawo nue nàte ŋu aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu afia le?
16 Ke wò hã ɖe? Ðe Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me nyati tɔxɛ aɖe wɔ dɔ ɖe wò agbe dzia? Ne ele nenema la, ekema ɖikeke mele eme o be èkpɔa ŋudzedze geɖe ɖe míaƒe magazineawo ŋu. Aleke nàte ŋu aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afiae? Edze ƒã be eyae nye be wò ŋutɔ nàxlẽ tata ɖesiaɖe. Àte ŋu akpɔ gome hã le agbalẽ xɔasi siawo ƒe geɖe mamã me. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?
Tsɔe na Ame Bubuwo!
17. Nukae hamewo ate ŋu awɔ atsɔ adzi magazine nana ɖe edzii?
17 Gbã la, nane li si hame ɖesiaɖe ate ŋu awɔ. October 1952 ƒe Informant (si nye Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ fifia) la gblɔ be: “Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato amã magazineawoe nye tso aƒeme yi aƒeme kple fiase me yi fiase me. Eyata Habɔbɔa le aɖaŋu ɖom be woaɖo magazine mamã ƒe mɔnu siawo woanye Magazineŋkeke ƒe dɔwɔna ƒe akpa si woanɔ wɔwɔm edziedzi.” Aɖaŋuɖoɖo ma gakpɔtɔ le dɔ wɔm egbea hã. Hamewo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe Magazineŋkeke ŋu edziedzi, anye ŋkeke si woaɖo ɖi koŋ na magazinedɔ wɔwɔ. Ðikekemanɔmee la, Memleɖagbe aɖewo asɔ nyuie na hame geɖewo. Ẽ, hame ɖesiaɖe neɖo ŋkeke alo fiẽsi tɔxɛ aɖewo ɖi koŋ na magazineɖaseɖiɖi—tso aƒeme yi aƒeme, fiase me yi fiase me, le mɔdodowo dzi, kple magazine ƒe ademɔwo dzi. Hekpe ɖe eŋu la, nukae wò Fiaɖuƒe gbeƒãɖela la nàte ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe magazine mamã ŋu be wòadzi ɖe edzi?
18, 19. (a) Aleke ɖe tsɔtsɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me akpe ɖe ŋuwò be nàna magazinewo? (b) Viɖe kae le dzeɖoɖo kpui si le tẽ ŋu ne míele magazine nam? (d) Nukae ɖe asixɔxɔ si le magazineawo tsɔtsɔ ayi amewo ƒe aƒewo me ŋu fia?
18 Afɔɖeɖe gbãtɔe nye dzitsitsi ɖe “Gbetakpɔxɔ” kple “Nyɔ!” xexlẽ ŋu. Xlẽ magazineawo do ŋgɔ. Ne èle nyati ɖesiaɖe xlẽm la, bia ɖokuiwò se be, ‘Amekae nyati sia adzɔ dzi na?’ Bu tame le nya kpui siwo nàgblɔ atsɔ anyɔ amea ƒe ɖetsɔleme ɖe nyatia me la ŋu. Hekpe ɖe gomekpɔkpɔ le Magazineŋkekea ƒe dɔwɔna si míawɔ ɖaa me ŋu la, nukatae màtsɔ tata aɖewo ɖe asi be nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔe ana amewo—ne èle mɔ zɔm alo le asi ƒlem, ne èle dze ɖom kple dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, sukuhatiwo, alo nufialawo o?
19 Dzeɖoɖoa wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe ye nye aɖaŋuɖoɖo evelia. December 1, 1956 ƒe Watchtower gblɔ be: “Ne èle magazine nam la, dzeɖoɖo kpui si le tẽ ye nye mɔnu nyuitɔ. Taɖodzinu lae nye be nàna magazine geɖe. Woa ŋutɔwo ‘woaƒo nu’ le wo ɖokui ŋu.” Gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be ne yewotia nya aɖe tso nyatia me, ƒo nu le eŋu kpuie hetsɔ magazineawo na la, ewɔa dɔ ŋutɔ. Ne amea xɔ magazineawo yi aƒeme ko la, magazineawo “aƒo nu” na ame bubuwo hã akpe ɖe amesi xɔe le gbɔwò la ŋu. Le Ireland la, yunivɛsitivi dzaa aɖe xlẽ September 1, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ si fofoa xɔ le Ðasefo aɖe gbɔ. Nyati siwo ƒo nu tso kadodo kple nya bubuwo ŋu la nyɔ eƒe ɖetsɔleme. Esi wòxlẽ magazinea vɔ ko la, ezã xexlẽdzesi siwo le telefongbalẽa me tsɔ ƒo ka na Ðasefoa enumake. Eteƒe medidi o wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme eye nyɔnuvi sia xɔ nyɔnyrɔ̃ le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea me le July 1993 me. Eyata mina míato mɔ sia mɔ dzi atsɔ magazineawo ayi ɖe aƒewo me, afisi woate ŋu “aƒo nu” na amewo le! Dzikpɔla mɔzɔla aɖe do susu nyui aɖe ɖa be: “Ðe magazineawo do goe le wò akplo me.” Le nyateƒe me la, ne nya si nègblɔ menyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme o la, ke eƒe akpa dzi nɔnɔmetata dzeani aɖe akpe ɖe ŋuwò nàna magazine la.
20, 21. (a) Aleke nàte ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu ne èle magazinedɔa wɔm? (b) Nukae nàte ŋu awɔ be nàna magazine geɖe ɣleti sia ɣleti?
20 Aɖaŋuɖoɖo etɔ̃liae nye be nàtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 9:19-23.) Dzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo. Nyati si adzɔ dzi na ŋutsuwo kple esi adzɔ dzi na nyɔnuwo hã nenɔ susu me na wò. Àte ŋu awɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati aɖe ŋudɔ le sɔhɛwo gome. Ðɔ ŋu ɖo hã le ɣeyiɣi si me nàƒo ɖokuiwò ɖe magazinedɔa me ŋu. Hekpe ɖe Magazineŋkekea ŋu la, àkpɔe be fiẽ me ɖaseɖiɖi aʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na wò be nàna magazine tso aƒeme yi aƒeme.
21 Aɖaŋuɖoɖo eneliae nye be nàɖo taɖodzinu na ɖokuiwò. May 1984 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi si nye “Magazine Fiana Agbemɔ” gblɔ be: “Míele susua dom ɖa be gbeƒãɖela ɖesiaɖe naɖo taɖodzinu na eɖokui be yeana magazine 10 ɣleti sia ɣleti, le alesi woƒe nɔnɔmewo le nu; mɔɖelawo ate ŋu aminya 90. Ele eme be gbeƒãɖela aɖewo ate ŋu ana esi wu nenema ɣleti ɖeka, eyata woƒe taɖodzinua ayi ŋgɔ wu. Gake le lãmegbegblẽ, anyigbamamãa ƒe nɔnɔme, alo susu bubu aɖewo siwo ŋu gɔmesese le la ta, ame aɖewo ƒe taɖodzinua anɔ ʋee. Ke hã la woƒe subɔsubɔ na Yehowa la de blibo abe bubuawo tɔ ene. (Mat. 13:23; Luka 21:3, 4) Nusi le vevie koe nye be taɖodzinu nanɔ asiwò.”
22. Mɔ ka nue míate ŋu aɖee afia le be míedaa akpe na Yehowa le míaƒe nyateƒegbalẽ siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la ta?
22 Aleke gbegbe míeda akpe enye si be Yehowa, “Mawu nuteƒetɔ” la le dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la kple eƒe Dziɖuha la ŋudɔ wɔm be wole agbalẽ siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la tam na mí! (Psalmo 31:6) Zi alesi wòanye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ko la, magazine siawo ayi edzi anɔ vavam be woakpɔ amewo ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ na wo. Woayi edzi ado Yehowa ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔawo ɖe dzi. Womadzudzɔ nyateƒenufiafiawo dodo ɖe ŋgɔ gbeɖe o. Eye woayi edzi ahe amewo ƒe susu ayi nyagblɔɖi siwo de dzesi míaƒe ŋkekea ƒe emevava le ɣeyiɣi si me Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum eye Yehowa subɔla vavã siwo le dzidzim ɖe edzi ɖaa la le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe la dzi. (Mateo 6:10; Nyaɖeɖefia 11:15) Kesinɔnu xɔasi ka gbegbee nye esi le mía si le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la me! Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ agbalẽ vevi siawo siwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒe nyateƒewo la ana amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzi me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a July 15, 1992, axa 19-22.
b Wobui ƒe geɖe be Kristotɔ amesiaminawo koŋ ƒe magazine ye Gbetakpɔxɔ la nye. Gake tso ƒe 1935 me la, wote gbe ɖe edzi zi geɖe be woade dzi ƒo na “ameha gã” me tɔ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoakpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi la be woaxɔ Gbetakpɔxɔ la ahaxlẽe. (Nyaɖeɖefia 7:9) Ƒe ʋee aɖewo megbe si nye le ƒe 1940 me la, wotsɔa Gbetakpɔxɔ la naa amewo le mɔdodowo dzi edziedzi. Emegbe agbɔsɔsɔ si womãna la va dzi ɖe edzi kabakaba.
Nukae Nye Wò Ŋuɖoɖo?
◻ Nukae ɖee fia be Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nye magazine siwo toa nyateƒe?
◻ Aleke Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzii?
◻ Nukae hamewo ate ŋu awɔ atsɔ adzi magazine nana ɖe edzii?
◻ Aɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàna magazine geɖe?
[Aɖaka si le axa 22]
Nyati Aɖewo Siwo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Amewo ƒe Agbe Dzi
Nuxlẽla geɖewo ŋlɔ agbalẽ le ƒe siwo va yi me tsɔ gblɔ woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyati vevi aɖewo siwo wota ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me ŋu. Nya siwo le ete nye nyati gbogbo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuxlẽlawo dzi la dometɔ ʋee aɖewo ko. Ðe nyati siawo alo bubu aɖewo lé dzi na wò hã?
Gbetakpɔxɔ
“Xɔ Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu be Nàɖu Gbɔdzɔgbɔdzɔ Siwo Ɣla la Dzi” (October 1, 1985)
“Mawusosroɖa ƒe Agbe Nɔnɔ ɖe Dzila Tsitsiwo Ŋu” (September 1, 1987)
“Hehenana Si ŋu Tameɖoɖo Le” (November 1, 1992)
Nyɔ!
“Àte Ŋu Aɖu Blanuiléle Dzi!” (September 8, 1981 ƒe Awake!)
“Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku . . .” (April 22, 1985 ƒe Awake!)
“Kpɔ Viwòwo Ta!” (November 8, 1993 ƒe Nyɔ!)
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Magazine tsɔtsɔ ɖe gbeƒãe tso aƒeme yi aƒeme le Canada
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Magazine siwo fiaa agbemɔ ame la nana le Myanmar