Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ!—Nyateƒegbalẽwoe Wonye
1 January 1, 1994 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 22 ɖo ŋku edzi na mí be wotaa “nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi siwo kpɔa amewo ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ na wo” ɖe míaƒe magazinewo me. Míedi be míamã magazine siawo ne woaɖo ame geɖe gbɔ. Le April kple May me la, míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ na amewo tsɔ kpe ɖe agbalẽ gbadza ɖesiaɖe ŋu, negbe Suku-gbalẽ gbadza la koe mele eme o.
2 Aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ naa mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ mí be míana magazine siawo. Vomeɖase nyui ɖiɖi kple tɔtrɔyi nyuiwo wɔwɔ hã kpena ɖe mía ŋu míenaa magazineawo edziedzi. Nenema ke ablɔdziɖaseɖiɖi kple dɔwɔƒe siwo le míaƒe anyigbamamã me yiyi nye mɔ nyui siwo dzi míate ŋu ato amã geɖe wu.
3 Nya Siwo ŋu Míaƒo Nu Le: April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso nyati siwo nye “Xexeme aɖe si Nyo Wu—Drɔ̃e aɖe Ko Wònyea?” kple “Xexeme aɖe si Nyo Wu—Etu Aƒe!” ŋu. Esia sɔ ɖe magazine la ƒe taɖodzinu si nye be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe la nu. Nyati evelia gblɔ alesi paradiso si anɔ anyi ɖaa ava ŋutɔŋutɔe le Kristo Yesu ƒe dziɖuɖua te la tsɔ ƒo etae.—Luka 23:43.
4 Nyabiabia si me wodzro le March 1 ƒe tata mee nye “Hoʋiʋlie Nana Wokpɔa Dzidzedzea?” Tata ma ke ƒe nyati evelia si ƒe tanyae nye “Dziɖeɖi le Xexe si me Hoʋiʋli Le Me” la fia afisi woakpɔ dziɖeɖi vavãtɔ le. March 22 ƒe Awake! ƒe nyati eve gbãtɔ ƒo nu le tanya si nye “Ga Yometiti—Afikae Wòava Se Ðo?” ŋu. Míate ŋu atsɔ nyati siawo adze dzeɖoɖo gɔme kple amesiwo kpɔe be taɖodzinu gobi aɖeke mele yewoƒe agbe ŋu o eye dzidzeme vavãtɔ hã mele eme o.
5 Wo Nana Dzidzi Ðe Edzi: January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la ɖo aɖaŋu ene siwo akpe ɖe mía ŋu be míadzi wo nana ɖe edzi. Wode dzi ƒo na mí be (1) míatsi dzi ɖe magazineawo xexlẽ ŋu. Ne míele wo xlẽm la, ele be míabu nyati siwo adzɔ dzi na míaƒe anyigbamamãmetɔwo wu ŋu. Ne míetsɔa wo ɖe asi ɣesiaɣi hã la, míate ŋu ana wo míaƒe dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, nufialawo, sukuhatiwo, alo asiƒlelawo.
6 Woɖo ŋku edzi na mí be (2) míana enana nanɔ bɔbɔe. Tia nyati dodzidzɔname aɖe eye nàgblɔe kpuie. Ne ena magazinea la, ate ŋu “aƒo nu” na amesi nèdo goe alo eƒemetɔ bubuwo.
7 Nu bubu si hã gahiãe nye be (3) nàtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Enyo be nyati vovovo nanɔ susu me na wò siwo ŋu nàƒo nu le—esi nyo na sɔhɛwo, bubu na ŋutsuwo, eye bubu hã na nyɔnuwo.
8 Mlɔeba ele be (4) mía ŋutɔwo míaɖo míaƒe taɖodzinu le agbɔsɔsɔme si míana ŋu. Míele dzi dem ƒo na hame siwo ŋu magazinefe le vevie be woaxee ale be woate ŋu adɔ magazine siwo asɔ gbɔ ade na wo. Esia ade dzo wo me wu ɖe magazineawo nana ŋu. Ne míeɖo magazine agbɔsɔsɔme aɖe koŋ ɖi be woanɔ mía nam la, aʋã mí be míana geɖe wu.
9 Míedi be míana amewo nanya nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Mina míawɔ kpekpeɖeŋu nyui si magazineawo nana le Fiaɖuƒe gbedasia kaka me la ŋudɔ bliboe.—Mat. 10:7.