Aɖaŋuɖoɖo Aɖe
September ye nye zi adrelia si dzinua ƒe agbalẽnunana nye Sidzedze-gbalẽa. Togbɔ be susu nyui le mía si si ta míetrɔ susu ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui sia ŋu hã la, taflatse nenɔ susu me na mi be nyati geɖe siwo ŋu Sidzedze-gbalẽa ƒo nu le kpuie ko la ŋuti nyatakaka detowo le Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo me. Àte ŋu ana wò subɔsubɔdɔa naɖe vi wu ne ènya agbalẽ siwo katã le miaƒe hamea si, eye ne èle ŋudzɔ akafu wo na Biblia nusrɔ̃viwo kple ame bubu siwo tsɔ ɖe le nyati aɖe koŋ me.