INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/99 axa 3-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2000

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2000
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Mɔfiamewo
  • ÐOÐOWƆÐIA
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 10/99 axa 3-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2000

Mɔfiamewo

Ðoɖo siwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu le ƒe 2000 mee nye esiwo gbɔna.

AGBALẼ SIWO MÍAZÃ: Eʋegbe Biblia, Gbetakpɔxɔ [w-EW], “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (Ƒe 1990 Tɔ) [si], Insight on the Scriptures Babla 2 [it-2], kple “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) si dze le New World Translation [td] mee dɔdasiawo atso.

Woadze sukua gɔme ÐE GAME DZI kple hadzidzi, gbedodoɖa, kpakple dzaadoname kpuie. Mehiã be woaƒo nu tso dɔdasi siwo le ɖoɖowɔɖia me ŋu do ŋgɔ o. Sukudzikpɔlaa ayɔ tanya si ŋu woawɔ dɔ le ne ele nuƒolawo kpem. Miwɔe ɖe ɖoɖo si gbɔna nu:

DƆDASI GBÃTƆ: Aɖabaƒoƒo 15. Woade dɔ sia asi na hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla eye nuƒoa atso Gbetakpɔxɔ alo “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” me. Ne Gbetakpɔxɔ mee dɔdasi sia tso la, ke anye aɖabaƒoƒo 15 ƒe nufiamenuƒo si me womabia nya nyaselawo le o; ne “All Scripture” gbalẽa mee wòtso la, anye aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 12 ƒe nuƒo eye emegbe woazã nyabiabia siwo wota ɖe agbalẽa me atsɔ adzro emee aɖabaƒoƒo 3 vaseɖe 5 kple nyaselawo. Menye taɖodzinu lae nye be woakpe nyaa ɖo ko evɔ o, ke boŋ be woahe susu ayi nyaa ƒe vevienyenye dzi eye woate gbe ɖe nusi akpe ɖe hamea ŋu wu la dzi. Mizã tanya si wona.

Nɔviŋutsu siwo wode dɔ sia asi na la nanɔ ŋudzɔ ɖe gamedzinɔnɔ ŋu. Woaɖo aɖaŋu na nuƒola ɖeɖe dzaa ne ehiã alo ne eya ŋutɔ bia.

BIBLIA XEXLẼ ME NYATI VEVIWO: Aɖabaƒoƒo 6. Hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si atrɔ asi le nyatia ŋu nyuie wòasɔ ɖe mia gbɔ nuhiahiãwo nu nawɔ dɔ sia. Mehiã be woaɖo tanya nɛ o. Manye nuxexlẽ si wode asi la me nyawo toto ɖe eme ko o. Woate ŋu atsɔ sɛkɛnd 30 vaseɖe 60 ato ta siwo me woato la me gbã. Gake taɖodzinua koŋ ye nye be woakpe ɖe nyaselawo ŋu be woanya nusita kple alesi nyatakakaa le vevie na míi. Emegbe sukudzikpɔla ana sukuviawo nayi ɖe woƒe xɔ vovovoawo me.

DƆDASI 2 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Nɔviŋutsu naxlẽ Biblia ƒe akpa si wode esi. Woawɔe nenema ke le suku si woawɔ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋutɔ me kple esiwo woawɔ le xɔ bubuwo me hã me. Zi geɖe la, nuxexlẽa ƒe didime nɔa kpuie ale be sukuvia nate ŋu aɖe nu me kpuie le ŋgɔdonya kple nyataƒonya la me. Ate ŋu aƒo nu le nusi ŋutinya gblɔ le nya la ŋu, eƒe vevienyenye le nyagblɔɖi alo nufiafia me, kple alesi woawɔ gɔmeɖose siwo le eme la ŋudɔe ŋuti. Axlẽ kpukpui siwo wode asi nɛ la katã eye wòagatɔ ɖe teƒe aɖeke o. Gake ne kpukpui siwo sukuvia axlẽ la katã metsiã ɖe wo nɔewo nu o la, ate ŋu ayɔ afisi nuxexlẽa yi edzi le.

DƆDASI 3 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Woade dɔ sia asi na nɔvinyɔnu. Dɔdasi sia atso “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) si dze le New World Translation me la me. Woate ŋu awɔe wòanye vomeɖaseɖiɖi, tɔtrɔyi, alo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃, eye ewɔlawo ate ŋu anɔ anyi alo atsi tre. Nusi sukudzikpɔla la adi vevie be yeakpɔe nye alesi sukuvia atrɔ asi le nyati si wonɛ ŋu kple alesi wòakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu be wòade ŋugble le ŋɔŋlɔawo ŋui. Ele be sukuvi si woade dɔ sia asi na la nanya nuxexlẽ. Sukudzikpɔla ana kpeɖeŋutɔ ɖeka sukuvia, gake woate ŋu agawɔ kpeɖeŋutɔ bubu hã ŋudɔ. Ele be nya la ŋudɔwɔwɔ nyuie nanye nu vevitɔ, ke menye nɔnɔme si nu woawɔe ɖo o.

DƆDASI 4 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Dɔdasi sia aku ɖe Bibliameme aɖe ŋu alo atso “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) si dze le New World Translation me la me. Ne dɔdasi sia ku ɖe Bibliameme aɖe ŋu la, nyatakaka si ku ɖe eŋu dze le Insight on the Scriptures, Babla 2 me le amea ƒe ŋkɔ te. Sukuvia nasrɔ̃ mawunyakpukpui siwo woyɔ le nyatia me be nya siwo ku ɖe Bibliamemea ŋu la me nakɔ nɛ nyuie—eƒe agbemenudzɔdzɔwo, kpakple eƒe amenyenye, eƒe nuwɔnawo, kple eƒe nɔnɔme. Emegbe sukuvia natrɔ asi le tanya si wode asi nɛ ŋu eye wòatia mawunyakpukpui siwo sɔ be wòazã. Ate ŋu ade ŋɔŋlɔ bubu siwo ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo sɔ ɖe tanyaa nu hã eme. Taɖodzinu si ta woaƒo nu tso Bibliameme ŋu enye be wòafia nusi míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋu me. Nuwɔna siwo me nuteƒewɔwɔ, dzideƒo, ɖokuibɔbɔ, kple ɖokuitɔmadimadi dze le la nye kpɔɖeŋu nyui siwo wòle be míasrɔ̃; nuwɔna siwo me nuteƒemawɔmawɔ, kpakple nɔnɔme gbegblẽwo dze le la nye nuxlɔ̃ame sẽŋu na Kristotɔwo be woatrɔ le mɔ vɔ̃ dzi. Ne “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) mee woɖe dɔdasia tsoe la, ele be woazã tanya si wona la eye sukuvia nadze agbagba afia mɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi woawɔ ɖe ŋɔŋlɔawo me nyawo dzi le. Woate ŋu ade Dɔdasi 4 lia asi na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu. Ne nɔviŋutsue wodee asi na la, ele be wòanye nuƒo tẽ ɣesiaɣi. Ne nɔvinyɔnue xɔe la, newɔe abe Dɔdasi 3 lia ene. Gakpe ɖe eŋu la, ɣesiaɣi si dzesi si nye # adze le Dɔdasi 4 lia xa la, anyo be woadee asi na nɔviŋutsu.

*BIBLIA XEXLẼ ƑE ÐOÐOWƆÐI BUBU: Esia dze le kpɔtɔtɔ [ ] me le afisi woyɔ kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe hadzidzia ɖo la ƒe nuwuwu. To wɔwɔ ɖe ɖoɖowɔɖi sia si me nàxlẽ axa abe ewo ene le kwasiɖaa me dzi la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe etɔ̃ me. Wometu suku ɖoɖowɔɖia alo nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa ƒe akpa aɖeke ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi sia si kpe ɖe eŋu dzi o.

MIDE DZESII: Hena nyatakaka kple mɔfiame bubuwo ku ɖe aɖaŋuɖoɖo, gamedzinɔnɔ, nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔwo, kple dzadzraɖo ɖe dɔdasiwo ŋu la, taflatse mikpɔ October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3.

ÐOÐOWƆÐIA

Jan. 3 Biblia xexlẽ: Mose V, 4-6

Hadzidzi 9 [*Yeremya 49-52]

No. 1: Kpɔ Ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe Yayrawo Ŋu (w98-EW 1/1 22-4)

No. 2: Mose V, 6:4-19

No. 3: td 1A Nusita Mawu Meda Asi Ðe Tɔgbui Kukuwo Subɔsubɔ Dzi O

No. 4: Simon (No. 8)—Tanya: #Subɔ Mawu Kple Susu Nyui

Jan. 10 Biblia xexlẽ: Mose V, 7-10

Hadzidzi 49 [*Konyifahawo 1-5]

No. 1: Do Mawu Vavã la Ðe Dzi (w98-EW 1/1 30-1)

No. 2: Mose V, 8:1-18

No. 3: td 1B Woate Ŋu Ade Bubu Amegbetɔwo Ŋu, Gake Mawu Ko Wòle Be Woade Ta Agu Na

No. 4: Sisera (No. 1)—Tanya: Yehowa Tɔe nye Aʋadziɖuɖu

Jan. 17 Biblia xexlẽ: Mose V, 11-14

Hadzidzi 132 [*Xezekiel 1-9]

No. 1: Nusita Woawɔ Ðoɖo ɖe Etsɔme Ŋu na Lɔlɔ̃tɔwo (w98-EW 1/15 19-22)

No. 2: Mose V, 11:1-12

No. 3: td 2A Harmagedon—Aʋa si Aɖe Vɔ̃ɖinyenye Ða

No. 4: Salomo—Tanya: #Dzɔ Wò Dzi Ŋu

Jan. 24 Biblia xexlẽ: Mose V, 15-19

Hadzidzi 162 [*Xezekiel 10-16]

No. 1: Nyateƒea ƒe Ŋusẽ Trɔa Ame Eye Wòna Wowɔa Ðeka (w98-EW 1/15 29-31)

No. 2: Mose V, 19:11-21

No. 3: td 2B Nusita Harmagedon Nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖefia

No. 4: Sostene—Tanya: Ðe Gbeƒã na Ameƒomevi Ðesiaɖe

Jan. 31 Biblia xexlẽ: Mose V, 20-23

Hadzidzi 13 [*Xezekiel 17-21]

No. 1: Ŋɔŋlɔawo ƒe Nukpɔsusu le Kafukafu Kple Numevivi Ŋu (w98-EW 2/1 29-31)

No. 2: Mose V, 20:10-20

No. 3: td 3A Nyɔnyrɔxɔxɔ—Kristotɔwo ƒe Nudidie

No. 4: Stefana [Stephanas]—Tanya: #Sẽ Ŋu le Nyateƒea Me

Feb. 7 Biblia xexlẽ: Mose V, 24-27

Hadzidzi 222 [*Xezekiel 22-27]

No. 1: Nusi Dzi Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ Nɔ Te Ðo (w98-EW 2/1 4-6)

No. 2: Mose V, 25:5-16

No. 3: td 3B Nyɔnyrɔxɔxɔ Meklɔa Nuvɔ̃wo Ða O

No. 4: Stefano [Stephen]—Tanya: #Ðee Fia be Gbɔgbɔ Kple Nunya Yɔ Mewò Fũ

Feb. 14 Biblia xexlẽ: Mose V, 28-30

Hadzidzi 180 [*Xezekiel 28-33]

No. 1: Tu Akpedagbɔgbɔ Ðo (w98-EW 2/15 4-7)

No. 2: Mose V, 28:1-14

No. 3: td 4A Mawu ƒe Nya si Tso Gbɔgbɔ Mee Biblia Nye

No. 4: Susana—Tanya: Mitsɔ Miaƒe Nunɔamesiwo Kpe Ðe Mia Nɔewo Ŋui

Feb. 21 Biblia xexlẽ: Mose V, 31-34

Hadzidzi 46 [*Xezekiel 34-39]

No. 1: Mose V—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 40-1 mm. 30-4)

No. 2: Mose V, 32:35-43

No. 3: td 4B Biblia—Mɔfiagbalẽ si Nyo na Míaƒe Ŋkekea

No. 4: Sintixe [Syntyche]—Tanya: Miyi Edzi Mianɔ Anyi Kple Mia Nɔewo le Ŋutifafa Me

Feb. 28 Biblia xexlẽ: Yosua 1-5

Hadzidzi 40 [*Xezekiel 40-45]

No. 1: Yosua ƒe Ŋgɔdonya (si axa 42 mm. 1-5)

No. 2: Yosua 2:8-16

No. 3: td 4C Biblia—Agbalẽ si Nyo na Amesiame

No. 4: Tamar (No. 1)—Tanya: Mègayɔ le Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me O

Mar. 6 Biblia xexlẽ: Yosua 6-9

Hadzidzi 164 [*Xezekiel 46–Daniel 2]

No. 1: Dzilawo—Mikpɔ Mia Viwo Ta! (w98-EW 2/15 8-11)

No. 2: Yosua 7:1, 10-19

No. 3: td 5A Ʋudodo Tsi Tre ɖe Ʋu ƒe Nu Kɔkɔenyenye Ŋu

No. 4: Tarax [Terah] (No. 1)—Tanya: Ɣesiaɣie Dzilawo ƒe Subɔsubɔ Nyea Nyuitɔa?

Mar. 13 Biblia xexlẽ: Yosua 10-13

Hadzidzi 138 [*Daniel 3-7]

No. 1: Nusi Biblia Gblɔ le Bubunɔameŋu Ŋu (w98-EW 2/15 23-7)

No. 2: Yosua 11:6-15

No. 3: td 5B Ðe Wòle Be Woaxɔ Ameɖokui Ðe Agbe to Mɔ sia Mɔ Nua?

No. 4: Teres—Tanya: Nusi Nuteƒemawɔmawɔ Gblẽna

Mar. 20 Biblia xexlẽ: Yosua 14-17

Hadzidzi 10 [*Daniel 8–Hosea 2]

No. 1: Nuteƒewɔla ‘Siwo ƒe Seselelãmewo Sɔ Kple Mía Tɔ’ (w98-EW 3/1 26-9)

No. 2: Yosua 15:1-12

No. 3: td 6A Ɣekaɣie Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia Wu Enu?

No. 4: Toma—Tanya: #Nusita Wòle Be Míabu Nya Ŋu Hafi Aƒo Nu

Mar. 27 Biblia xexlẽ: Yosua 18-20

Hadzidzi 105 [*Hosea 3-14]

No. 1: Tɔtrɔ Kpɔ Yesu ƒe Anyigbadzinɔɣi ƒe Ŋkeke Mamlɛawo (w98-EW 3/15 3-9)

No. 2: Yosua 18:1-10

No. 3: td 7A Nukae Nye Kristotɔwo ƒe Mawuxɔ La?

No. 4: Tiberio—Tanya: Nugbegblẽwɔwɔ Te Ŋu Doa Vlo Ame

Apr. 3 Biblia xexlẽ: Yosua 21-24

Hadzidzi 144 [*Yoel 1–Amos 7]

No. 1: Yosua—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 45-6 mm. 21-4)

No. 2: Yosua 21:43–22:8

No. 3: td 7B Petroe Nye “Agakpe” Laa?

No. 4: Timoteo—Tanya: #Xɔse Alakpamanɔme Dea Bubu Mawu Ŋu

Apr. 10 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 1-4

Hadzidzi 43 [*Amos 8–Mixa 5]

No. 1: Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Ŋgɔdonya (si axa 46-7 mm. 1-7)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:1-11

No. 3: td 8A Dzɔdzɔmeŋutinunya si ŋu Kakaɖedzi Le Ðo Kpe Biblia ƒe Xexemewɔwɔ Nuŋlɔɖia Dzi

No. 4: Tito—Tanya: #Subɔ Nɔviawo tso Dzi Blibo Me

Apr. 17 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 5-7

Hadzidzi 193 [*Mixa 6–Zefanya 1]

No. 1: Srɔ̃ Nu tso Se Siwo Yesu De na Nusrɔ̃la 70-awo Me (w98-EW 3/1 30-1)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:24-31

No. 3: td 8B Gaƒoƒo 24 ye Nuwɔŋkeke Ðesiaɖe Nyea?

No. 4: Tobiya (No. 2)—Tanya: Madze Edzi na Mawu ƒe Futɔwo O

Apr. 24 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Mose V, 4–Ʋɔnudrɔ̃lawo 7 Ðo

Hadzidzi 91 [*Zefanya 2–Zaxarya 7]

May 1 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 8-10

Hadzidzi 38 [*Zaxarya 8–Maleaxi 3]

No. 1: Tsɔ Bubu si Dze na Amewo Na Wo (w98-EW 4/1 28-31)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:7-21

No. 3: td 9A Atitsoga Ŋue Yesu Ku Ðoa?

No. 4: Trofimo—Tanya: #Do Alɔ Amesiwo Xɔa Ŋgɔ

May 8 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 11-14

Hadzidzi 82 [*Mateo 1-8]

No. 1: Barnaba, “Akɔfafavi” La (w98-EW 4/15 20-3)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:2-10, 24

No. 3: td 9B Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nade Ta Agu na Atitsogaa?

No. 4: Trifena [Tryphaena]—Tanya: Kpɔ Ŋudzedze ɖe Nyɔnu Siwo Wɔa Dɔ Sesẽ le Aƒetɔ la me Ŋu

May 15 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 15-18

Hadzidzi 26 [*Mateo 9-14]

No. 1: Xexeame Anɔ Dedie Asrafowo Manɔmee (w98-EW 4/15 28-30)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:1-13

No. 3: td 10A Nukae He Ku Vɛ?

No. 4: Tixiko [Tychicus]—Tanya: #Nye Kristotɔ Nuteƒewɔla si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

May 22 Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 19-21

Hadzidzi 42 [*Mateo 15-21]

No. 1: Ʋɔnudrɔ̃lawo—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 50 mm. 26-8)

No. 2: Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:11-21

No. 3: td 10B Ðe Kukuawo Ate Ŋu Awɔ Nuvevi Wòa?

No. 4: Uriya [Uriah] (No. 1)—Tanya: Tsɔ Ðokuiwò na Mawusubɔsubɔ Bliboe

May 29 Biblia xexlẽ: Rut 1-4

Hadzidzi 120 [*Mateo 22-26]

No. 1: Rut ƒe Ŋgɔdonya Kple Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 51-3 mm. 1-3, 9-10)

No. 2: Rut 3:1-13

No. 3: td 10C Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aƒo Nu Kple Woƒe Ƒometɔ Kukuwoa?

No. 4: Uriya [Urijah] (No. 2)—Tanya: Vɔ̃ Mawu Vavã la, Ke Menye Amegbetɔ O

June 5 Biblia xexlẽ: Samuel I, 1-3

Hadzidzi 191 [*Mateo 27–Marko 4]

No. 1: Samuel I ƒe Ŋgɔdonya (si axa 53-4 mm. 1-6)

No. 2: Samuel I, 1:9-20

No. 3: td 11A Ame Ŋutɔŋutɔe Abosam Nyea?

No. 4: Usa [Uzzah] (No. 2)—Tanya: #Mele Be Woada Se Dzi le Susu Nyui ƒe Amesinɔnɔ Ta O

June 12 Biblia xexlẽ: Samuel I, 4-7

Hadzidzi 85 [*Marko 5-9]

No. 1: Amekae Nye Yehowa? (w98-EW 5/1 5-7)

No. 2: Samuel I, 4:9-18

No. 3: td 11B Abosam—Xexeame Dziɖula Makpɔmakpɔ La

No. 4: Uziya [Uzziah] (No. 3)—Tanya: #De Bubu Teokrasiɖoɖowo Ŋu Ðokuibɔbɔtɔe

June 19 Biblia xexlẽ: Samuel I, 8-11

Hadzidzi 160 [*Marko 10-14]

No. 1: Woɖoa Nuteƒewɔwɔ Teƒe (w98-EW 5/1 30-1)

No. 2: Samuel I, 8:4-20

No. 3: td 11C Nusi Biblia Gblɔ le Mawudɔla Siwo Woɖiɖi Ŋu

No. 4: Wasti [Vashti]—Tanya: Bɔbɔ Ðokuiwò eye Nàzɔ Kple Mawu

June 26 Biblia xexlẽ: Samuel I, 12-14

Hadzidzi 172 [*Marko 15–Luka 3]

No. 1: Ðe Kesinɔnuwo Ate Ŋu Ana Dzi Nadzɔ Wòa? (w98-EW 5/15 4-6)

No. 2: Samuel I, 14:1-14

No. 3: td 12A Anyigba—Ðe Womee be Wòanye Paradiso

No. 4: Zaxeo—Tanya: #Ƒo Asa Na Ŋukeklẽ ƒe Mɔ̃ La

July 3 Biblia xexlẽ: Samuel I, 15-17

Hadzidzi 8 [*Luka 4-8]

No. 1: Eunike Kple Loide—Nufiala Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui (w98-EW 5/15 7-9)

No. 2: Samuel I, 16:4-13

No. 3: td 12B Agbenɔnɔ Nu Matso le Anyigba Dzi Akpɔ O

No. 4: Zadok (No. 1)—Tanya: #Nye Subɔla Nuteƒewɔla

July 10 Biblia xexlẽ: Samuel I, 18-20

Hadzidzi 156 [*Luka 9-12]

No. 1: Zã Nyaƒoɖeamenu Nàtsɔ Aɖo Amewo ƒe Dzi Gbɔ (w98-EW 5/15 21-3)

No. 2: Samuel I, 19:1-13

No. 3: td 13A Àte Ŋu Adze Si Aʋatsonyagblɔɖilawoa?

No. 4: Zebax [Zebah]—Tanya: Woadrɔ̃ Ʋɔnu Amesiwo Léa Fu Mawu ƒe Amewo

July 17 Biblia xexlẽ: Samuel I, 21-24

Hadzidzi 33 [*Luka 13-19]

No. 1: Tsɔ Wò Ƒomegbanɔamedziwo (w98-EW 6/1 20-3)

No. 2: Samuel I, 24:3-16

No. 3: td 14A Aleke Gbegbee Gbɔgbɔmedɔyɔyɔ le Vevie?

No. 4: Zaxarya [Zechariah] (No. 12)—Tanya: Yehowa Maŋlɔ Esubɔla Nuteƒewɔlawo Be O

July 24 Biblia xexlẽ: Samuel I, 25-27

Hadzidzi 60 [*Luka 20-24]

No. 1: Dzɔdzɔenyenye Vavãtɔ—Ɣekaɣie eye Alekee? (w98-EW 6/15 26-9)

No. 2: Samuel I, 25:23-33

No. 3: td 14B Mawu ƒe Fiaɖuƒea—Eya Dzie Woato Ada Ŋutilãmedɔwo Tegbee

No. 4: Zaxarya [Zechariah] (No. 20)—Tanya: #Mide Dzi Ƒo na Mia Nɔewo le Mawu ƒe Dɔ Me

July 31 Biblia xexlẽ: Samuel I, 28-31

Hadzidzi 170 [*Yohanes 1-6]

No. 1: Samuel I—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 57-8 mm. 27-35)

No. 2: Samuel I, 31:1-13

No. 3: td 14C Xɔsegbedada Siwo Wowɔna Egbea Metso Mawu Gbɔ O

No. 4: Zaxarya [Zechariah] (No. 31)—Tanya: Xɔ Mawu ƒe Nyagbɔgblɔwo Katã Dzi Se

Aug. 7 Biblia xexlẽ: Samuel II, 1-4

Hadzidzi 22 [*Yohanes 7-11]

No. 1: Samuel II ƒe Ŋgɔdonya (si axa 59 mm. 1-5)

No. 2: Samuel II, 2:1-11

No. 3: td 14D Ðe Aɖe Yeye Gbɔgblɔ Nye Kpeɖodzi be Mawu Kpɔ Ŋudzedze ɖe Ame Ŋua?

No. 4: Zedekiya (No. 1)—Tanya: Kpɔ Nyuie le Aʋatsonyagblɔɖilawo Ŋu

Aug. 14 Biblia xexlẽ: Samuel II, 5-8

Hadzidzi 174 [*Yohanes 12-18]

No. 1: ‘Miʋli Sesiẽ’ (w98-EW 6/15 30-1)

No. 2: Samuel II, 7:4-16

No. 3: td 15A Amekawoe Ayi Dziƒo?

No. 4: Zedekiya (No. 4)—Tanya: #Wɔ Ðe Yehowa ƒe Sewo Dzi Ɣesiaɣi

Aug. 21 Biblia xexlẽ: Samuel II, 9-12

Hadzidzi 107 [*Yohanes 19–Dɔwɔwɔwo 4]

No. 1: Nye Havi Nyui (w98-EW 7/1 30-1)

No. 2: Samuel II, 11:2-15

No. 3: td 16A Hell Menye Funyafunyawɔƒe O

No. 4: Zerubabel—Tanya: #Dzi Nenɔ Ƒowò Nàtsɔ Akpe Akɔ Kple Tsitretsiɖeŋui

Aug. 28 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Ʋɔnudrɔ̃lawo 8–Samuel II, 12 Ðo

Hadzidzi 177 [*Dɔwɔwɔwo 5-10]

Sept. 4 Biblia xexlẽ: Samuel II, 13-15

Hadzidzi 183 [*Dɔwɔwɔwo 11-16]

No. 1: Na Viwòwo Nadze Agbe Gɔme Nyuie (w98-EW 7/15 4-6)

No. 2: Samuel II, 13:20-33

No. 3: td 16B Tsɔtsrɔ̃ ƒe Kpɔɖeŋue Dzo Nye

No. 4: Ziba—Tanya: Ayemenuwɔwɔ Kple Amegɔmezɔzɔ Na Ðikeke Nɔa Nyuiwɔwɔ Ŋu

Sept. 11 Biblia xexlẽ: Samuel II, 16-18

Hadzidzi 129 [*Dɔwɔwɔwo 17-22]

No. 1: Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu (w98-EW 7/15 20-4)

No. 2: Samuel II, 16:5-14

No. 3: td 16C Kesinɔtɔ la Kple Lazaro ƒe Ŋutinya Mefia be Wowɔa Fu Amewo Tegbee O

No. 4: Zimri (No. 2)—Tanya: #Yehowa Meɖea Mɔ Ðe Agbegbegblẽnɔnɔ Ŋu O

Sept. 18 Biblia xexlẽ: Samuel II, 19-21

Hadzidzi 19 [*Dɔwɔwɔwo 23–Romatɔwo 1]

No. 1: Àte Ŋu Aɖo Ŋu Ðe Wò Dzitsinya Ŋua? (w98-EW 9/1 4-7)

No. 2: Samuel II, 20:1, 2, 14-22

No. 3: td 17A Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Azãɖuɖuwo Ŋu

No. 4: Zimri (No. 3)—Tanya: Agbagbadzedze be Woaxɔ Ŋkɔ Kokoko Te Ŋu Hea Afɔku Vɛ

Sept. 25 Biblia xexlẽ: Samuel II, 22-24

Hadzidzi 98 [*Romatɔwo 2-9]

No. 1: Samuel II—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 63 mm. 28-31)

No. 2: Samuel II, 23:8-17

No. 3: td 18A Nɔnɔmewɔwɔwo Zazã Medea Bubu Mawu Ŋu O

No. 4: Zipora—Tanya: Ðe Vɔvɔ̃ Kple Bubu Fia le Nyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Me

Oct. 2 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 1-2

Hadzidzi 36 [*Romatɔwo 10–Korintotɔwo I, 3]

No. 1: Fiawo I ƒe Ŋgɔdonya (si axa 64-5 mm. 1-5)

No. 2: Fiawo I, 2:1-11

No. 3: td 18B Nusiwo Dona Tsoa Legbasubɔsubɔ Me

No. 4: Zofar [Zophar]—Tanya: Mokaname Vevie Mefia Lɔlɔ̃ O

Oct. 9 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 3-6

Hadzidzi 106 [*Korintotɔwo I, 4-13]

No. 1: Tsɔ Nu Vevitɔwo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ (w98-EW 9/1 19-21)

No. 2: Fiawo I, 5:1-14

No. 3: td 18C Yehowa Ðeka Ko Wòle Be Woade Ta Agu Na

No. 4: td 19A #Xɔsetsakatsaka Menye Mawu ƒe Mɔ O

Oct. 16 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 7-8

Hadzidzi 76 [*Korintotɔwo I, 14–Korintotɔwo II, 7]

No. 1: Ðaseɖiɖi na Bubumewo (w98-EW 9/1 30-1)

No. 2: Fiawo I, 7:1-14

No. 3: td 19B Ðe Subɔsubɔ Ðesiaɖe Nyoa?

No. 4: td 20A Ele Be Kristotɔwo Nazã Mawu Ŋutɔ ƒe Ŋkɔa

Oct. 23 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 9-11

Hadzidzi 97 [*Korintotɔwo II, 8–Galatiatɔwo 4]

No. 1: Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Nyɔnutabianu Ŋu (w98-EW 9/15 24-7)

No. 2: Fiawo I, 11:1-13

No. 3: td 20B Nyateƒenya Siwo Fia be Mawu Li

No. 4: td 20C #Dzesidede Mawu ƒe Nɔnɔmewo

Oct. 30 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 12-14

Hadzidzi 113 [*Galatiatɔwo 5–Filipitɔwo 2]

No. 1: Ðe Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔea? (w98-EW 9/15 21-3)

No. 2: Fiawo I, 13:1-10

No. 3: td 20D Menye Mawu Ðeka Koe Amesiame Subɔna O

No. 4: td 21A Subɔsubɔha Yeyee Yehowa Ðasefowo Nyea?

Nov. 6 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 15-17

Hadzidzi 123 [*Filipitɔwo 3–Tesalonikatɔwo I, 5]

No. 1: Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm! (w98-EW 10/1 28-31)

No. 2: Fiawo I, 15:9-24

No. 3: td 22A Yesu Kristo—Mawu ƒe Vi Kple Fia si Wòɖo

No. 4: td 22B Nusita Yesu Dzi Xɔxɔ Se le Vevie Hena Ðeɖekpɔkpɔ

Nov. 13 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 18-20

Hadzidzi 159 [*Tesalonikatɔwo II, 1–Timoteo II, 3]

No. 1: Mikpɔ Kuxiwo Gbɔ le Ŋutifafa Me (w98-EW 11/1 4-7)

No. 2: Fiawo I, 20:1, 13-22

No. 3: td 22C Ðe Yesu Dzi Xɔxɔ Se Ðeɖe Sɔ Gbɔ be Woakpɔ Ðeɖea?

No. 4: td 23A #Yayra Siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea Ahe Vɛ

Nov. 20 Biblia xexlẽ: Fiawo I, 21-22

Hadzidzi 179 [*Timoteo II, 4–Hebritɔwo 7]

No. 1: Fiawo I—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 68-9 mm. 23-6)

No. 2: Fiawo I, 22:29-40

No. 3: td 23B Fiaɖuƒea Adze Dziɖuɖu Gɔme Esi Kristo ƒe Futɔwo Gakpɔtɔ Li

No. 4: td 23C Mawu ƒe Fiaɖuƒea Mava to Amegbetɔ ƒe Agbagbadzedzewo Dzi O

Nov. 27 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 1-3

Hadzidzi 148 [*Hebritɔwo 8–Yakobo 2]

No. 1: Fiawo II ƒe Ŋgɔdonya (si axa 69 mm. 1-4)

No. 2: Fiawo II, 2:15-25

No. 3: td 24A Nusi “Xexeame ƒe Nuwuwu” Fia

No. 4: td 24B #Ŋkeke Mamlɛawo ƒe Dzesiwo Nena Nànɔ Ŋudzɔ le Gbɔgbɔ Me

Dec. 4 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 4-6

Hadzidzi 109 [*Yakobo 3–Petro II, 3]

No. 1: Kpɔ Nyuie le Ðoƒeƒeƒle Ŋuti (w98-EW 11/15 28)

No. 2: Fiawo II, 5:20-27

No. 3: td 25A Agbe Mavɔ Nɔnɔ Menye Drɔ̃e aɖe Ko O

No. 4: td 25B Amekawoe Ayi Dziƒo?

Dec. 11 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 7-9

Hadzidzi 117 [*Yohanes I, 1–Nyaɖeɖefia 1]

No. 1: Biblia me Gɔmeɖose Siwo Dzi Woazɔ Ðo le Gadodo Me (w98-EW 11/15 24-7)

No. 2: Fiawo II, 7:1, 2, 6, 7, 16-20

No. 3: td 25C Seɖoƒe Meli na Ame Xexlẽme Siwo Akpɔ Agbe Mavɔ le Anyigba Dzi O

No. 4: td 26A #Ele Be Bubu Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me

Dec. 18 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 10-12

Hadzidzi 181 [*Nyaɖeɖefia 2-12]

No. 1: Yesu Dzidzi Ŋutinya la Ŋutɔŋutɔ (w98-EW 12/15 5-9)

No. 2: Fiawo II, 11:1-3, 9-16

No. 3: td 26B Ele Be Kristotɔwo Nade Bubu Tanyenye ƒe Gɔmeɖosea Ŋu

No. 4: td 26C Nusiwo Wòle Be Dzilawo Nawɔ na Wo Viwo

Dec. 25 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Samuel II, 13–Fiawo II, 12 Ðo

Hadzidzi 217 [*Nyaɖeɖefia 13-22]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe