INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/99 axa 1
  • Gbeƒãɖeɖedɔa Na Míeto Vovo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖedɔa Na Míeto Vovo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Èdoa Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ðe Gbeƒã Dzonɔamemetɔe Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 11/99 axa 1

Gbeƒãɖeɖedɔa Na Míeto Vovo

1 Ame geɖe biana be, “Nukae na Yehowa Ðasefowo to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ?” Aleke nàɖo eŋui? Àte ŋu aɖe míaƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi dometɔ aɖewo me. Gake èbu tame le nuƒoƒo tso alesi gbegbe míaƒe dutoƒo subɔsubɔdɔa na míeto vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔe ŋu kpɔa?—Mat. 24:14; 28:19, 20.

2 Egbea naneke meʋaa ame akpa gãtɔ siwo tsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu be woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo o. Ðewohĩ woasusu be esɔ gbɔ be woawɔ ɖe Kaisaro ƒe sewo dzi, anɔ agbe dzadzɛ, alo awɔ dɔmenyo na amewo. Eyata womesenɛ le wo ɖokui me be agba le yewo dzi be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ nusi Biblia gblɔ be woawɔ hafi akpɔ ɖeɖe o. Aleke míeto vovoe?

3 Subɔsubɔdɔ si míewɔna dzonɔamemetɔe to vovo kura tso subɔsubɔha bubuwo ƒe dɔwɔnawo gbɔ. Ƒe 100 kple edzivɔe nye esia, si egbegbe Ðasefowo le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo srɔ̃m, le gbeƒã ɖem nyanyuia veviedodotɔe vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke. Taɖodzinu si ta míewɔa esia ɖo enye be míakpe ɖe ame geɖe alesinu míate ŋui la ŋu be woatrɔ asi le woƒe agbe ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Tim. I, 2:4; Pet. II, 3:9.

4 Alekee Wonya Wòe? Ðe wonya wò be ènye Mawu ƒe Nya la ƒe gbeƒãɖela si doa vevie nua? (Dɔw. 17:2, 3; 18:25) Ðe wò gbeƒãɖeɖedɔa wɔe be wò aƒelikawo kpɔa vovototo si le woƒe subɔsubɔha kple tɔwò me dze sii ƒãa? Ðe wonya wò be ènye amesi le klalo be yeaƒo nu tso wò mɔkpɔkpɔ ŋu na amewoa? Ðe ɖoɖo le asiwò si dzi nèzɔna ɖo kpɔa gome le subɔsubɔdɔa me edziedzia? Ðo ŋku edzi be menye míaƒe ŋkɔa koe wɔe be míeto vovo o ke nusi ŋu ŋkɔa ku ɖo la wɔwɔ hã le eme—si nye ɖaseɖiɖi tso Yehowa ŋu.—Yes. 43:10.

5 Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwoe ʋãa mí míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa. (Mat. 22:37-39) Susu ma tae míedina be míazã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amewo abe alesi Yesu kple apostoloawo wɔe ene. Neva eme be míayi edzi aɖe gbeƒã nyanyuia dzonɔamemetɔe na amesiwo alɔ̃ asee. Esia wɔwɔ akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu ‘woakpɔ vovototo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.’—Mal. 3:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe