Amekawoe Alɔ̃ be Woasrɔ̃ Biblia Kpli Yewo?
1 Nyagblɔɖila Amos gblɔ be dɔwuame aɖe ato le Israel-nyigba dzi, “ke [manye] abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Yehowa ƒe habɔbɔa le Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo mam le xexeame katã be wòaɖe vi na amesiwo gbɔgbɔ me dɔ kple tsikɔ le wuwum.
2 Vaseɖe fifia la, míeta Sidzedze-gbalẽ miliɔn 70 kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la miliɔn 91. Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi agbalẽ siawo me nyawo le bɔbɔe heɖea kpe le nyateƒea fiafia me ŋu. Gake ne míagblɔe la, ame geɖe siwo xɔa míaƒe agbalẽawo melɔ̃ míesrɔ̃ Biblia kpli wo haɖe o. Nukae míate ŋu awɔ le nya sia ŋu?
3 Míate Ŋu Ato Agbalẽ Ðesiaɖe si Míena Dzi Adze Biblia-Nusɔsrɔ̃ Gɔme! Bu gbeƒãɖela aɖe si do nusɔsrɔ̃ ɖe nyɔnu aɖe gbɔ zi gbãtɔ si wòƒo nu nɛ le ʋɔtru nu ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Elɔ̃ ɖe edzi enumake. Egblɔ nɛ emegbe be, “Wòe nye ame gbãtɔ si do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe gbɔnye.” Amesiwo si míaƒe agbalẽwo le xoxo dometɔ nenie ate ŋu agblɔ nya ma tɔgbe? Agbalẽ ɖesiaɖe si míena ʋua mɔnukpɔkpɔ be míawɔ tɔtrɔyi kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃.
4 Esi míedoa go amesiwo si míaƒe agbalẽwo le xoxo enuenu ta la, aleke míawɔ anyɔ woƒe ɖetsɔleme be woasrɔ̃ nusiwo le míaƒe agbalẽwo me? Ðasefo aɖe bia aƒemenɔla aɖe tẽ be Biblia me nyabiabia aɖe le esi hã, eye ŋuɖoɖo si wònɛ koe nye, “Ao.” Nɔvinyɔnua gabiae be, “Meka ɖe edzi be ɖe anɔ asiwò kokoko.” Nya aɖe nɔ nyɔnua si wòbia eye Biblia-nusɔsrɔ̃ do tso eme. Nukata màbia aƒemenɔlaa ne adi be yeanya Biblia ƒe nukpɔsusu ku ɖe nyabiabia alo nya aɖe si kae ŋu oa? Nɔ klalo be yeabia nya si anyɔ eƒe ɖetsɔleme ne ɖeke mele esi wòabia o hã. Dzeɖoɖo siawo ƒomevi ate ŋu aʋu mɔ na Biblia me nyateƒe veviwo sɔsrɔ̃ edziedzi.
5 Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔe nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevitɔ kekeake. Esi míenya amesiwo alɔ̃ be míasrɔ̃ nu kpli yewo o ta la, mègahe ɖe megbe le edodo ɖe amesiame si nàdo goe gbɔ me o. Tsɔe de gbedodoɖa me na Yehowa, eye nàwɔ nu wòasɔ ɖe wò gbedodoɖa nu. Eteƒe madidi o àkpɔe be ame aɖe si gbɔ nàdo Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖo alɔ̃ ɖe edzi!—Yoh. I, 5:14, 15.