INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/03 axa 8
  • Fia Gbegbɔgblɔ Dzadzɛa Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Gbegbɔgblɔ Dzadzɛa Amewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèbi Ðe “Gbegbɔgblɔ Dzadzɛ” La Dodo Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Anyigba Blibo La Katã Doa Gbe Ðeka”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Dukɔ Si Yehowa Gaɖo Te La Kafunɛ Le Anyigba Bliboa Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 1/03 axa 8

Fia Gbegbɔgblɔ Dzadzɛa Amewo

1 Togbɔ be Yehowa Ðasefowo tso ‘dukɔ, to, du, kple gbegbɔgblɔ’ geɖewo me hã la, wonye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ si wɔ ɖeka. (Nyaɖ. 7:9) Nu ɖedzesi aɖee esia nye le egbexexea me. Nukae na esia te ŋu va eme? Esi wona míele ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa dom’ tae.—Zef. 3:9.

2 Ŋusẽ Wɔnuku si Wòkpɔna Ðe Amewo Dzi: Nukae nye gbegbɔgblɔ dzadzɛ sia? Eyae nye Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nyateƒea ƒe gɔmesese nyuitɔ si sua ame si tso Mawu ƒe Nya la me, vevietɔ nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, wole nyateƒe sia kakam to anyigba dzi habɔbɔ aɖe si wokpɔna, si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi, si wɔe be amesiwo ‘tso dukɔwo katã ƒe gbegbɔgblɔwo me’ le tadedeagu vavãtɔ me vam.—Mat. 24:45; Zax. 8:23.

3 Ne amewo srɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛa la, eʋãa wo be woanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. Wosrɔ̃a alesi ‘woazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma ke me.’ (Kor. I, 1:10) Mawu ƒe nufiafia hã na wonɔa agbe dzadzɛ eye wogblɔa nyateƒenya siwo le blibo, vevietɔ le nyanyuia gbɔgblɔ na amewo me. (Tito 2:7, 8; Heb. 13:15) Tɔtrɔ wɔnuku siawo dea bubu Yehowa ŋu.

4 Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si woɖe gbeƒã na la bia nya geɖe eye wozã Biblia tsɔ ɖo wo katã ŋu nɛ. Esi nusi wòse ʋã dzi nɛ ta la, eva nɔ nu srɔ̃m zi eve le kwasiɖa me eye wòte kpekpeawo dede. Vividoɖeameŋu si wotsɔ do wòezɔ nɛ le Fiaɖuƒe Akpata me wɔ nuku nɛ ŋutɔ, elabena gbegbɔgblɔ vovovo dolawoe nɔ kpekpea me. Eteƒe medidi hafi woa kple srɔ̃a wowɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me hexɔ nyɔnyrɔ o. Tso ɣemaɣi va ɖo fifia la, ekpe ɖe amesiwo ade 40, siwo dome eƒe ƒometɔ geɖe hã le, ŋu wova zu Yehowa subɔlawo. Togbɔ be lãmesẽnyawo mede edzi o hã la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme nyitsɔ laa.

5 Nufiafia Amewo: Xexeame nudzɔdzɔwo na be anukwaretɔ geɖewo gbugbɔ le woƒe nukpɔsusu le agbe ŋu kple agbenɔnɔ me dzrom. Ele be wòaʋã mí vevie be míakpe ɖe wo ŋu abe alesi Yesu kpe ɖe amewo ŋui ene. Tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ nyuie nye mɔ vevi siwo dzi míato akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woasrɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛa.

6 Le amesiwo ŋu vovo menɔna kura o gome la, mɔnu si amewo kpɔ be ewɔa dɔ enye be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wo kpuie le woƒe ʋɔtruwo nu. (km-EW 5/02 axa 1) Ète esia wɔwɔ kpɔa? Ne èle dzadzram ɖo na tɔtrɔyiwo wɔwɔ la, tia dzeɖonya si asɔ na aƒemenɔlaa tso January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me. Wotrɔ asi le dzeɖonya siwo le emedegbalẽvia me dometɔ geɖe ŋu be wòakplɔ mí ayi Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa me dzodzro tẽ kple amewo me. To dzeɖonyawo me nyuie ale be nàte ŋu abi wò ŋgɔdonyaa ayi edzi kple memamawo dometɔ ɖeka me dzodzro. Tia mawunyakpukpui ɖeka alo eve tso memamaa me nàxlẽ eye miadzro eme, emegbe nàtrɔ asi le biabia aɖe ŋu atsɔ agblẽ ɖe egbɔ. Ema ade nu memama si me miava dzro ne ègatrɔ yi me.

7 Gbegbɔgblɔ dzadzɛa sɔsrɔ̃ na Yehowa ƒe amewo le yayra geɖe kpɔm. Mina míatsɔ veviedodonu ayi edzi akpe ɖe amewo ŋu be woava wɔ ɖeka kpli mí le ‘Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ me’ bene ‘míatsɔ nusɔsɔ asubɔe.’—Zef. 3:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe