“Gaƒoƒo Neni Ŋue Mabu Akɔnta Le?”
Èbia nya ma ɖokuiwò kpɔa? Esia ŋuti mɔfiame aɖewo le Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 86-87. Woganaa mɔfiame bubuwo ku ɖe eŋu ɣeaɖewoɣi, abe esi wona le Nyabiaɖaka si le September 2008 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene. Esi wònye be nɔnɔme siwo me wòhiãna le be míabu gaƒoƒoa ŋuti kɔnta la le vovovo ta la, womena se gbogbo aɖewo mí ku ɖe nya sia ŋu o. Eya ta masɔ be hamemetsitsiwo alo ame bubuwo nana nya sia ŋuti mɔfiame bubuwo nɔviwo o.
Ne nya aɖe fɔ ɖe te eye womena eŋuti mɔfiame aɖeke le míaƒe agbalẽwo me o la, gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: Ðe mezã ɣeyiɣi ma tsɔ ɖe gbeƒã? Alo ɖe mezãe tsɔ wɔ nu bubu aɖe si medo ƒome kple gbeƒãɖeɖedɔa oa? Ele be gbeadzikɔnta si míebuna heŋlɔna ɣleti sia ɣleti la nana míakpɔ dzidzɔ, ke menye be wòana míaƒe dzitsinya nanɔ fu ɖem na mí o. (Dɔw. 23:1) Le nyateƒe me la, nu vevitɔ si ŋu míetsia dzi ɖoe nye be míawɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ wòaɖe vi to kutrikuku le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi, ke menye be míatsi dzi ɖe gaƒoƒo si míabu ŋu o.—Heb. 6:11.