Nɔ Ŋgɔ Yim Le Subɔsubɔdɔa Me
1. Ƒe alafa gbãtɔ me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ele be míanɔ ŋgɔ yim le subɔsubɔdɔa me?
1 Ele be Kristotɔwo nanɔ ŋgɔ yim le subɔsubɔdɔa me. Esia tae Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woagabi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Luka 9:1-5; 10:1-11) Esia hã tae Akwila kple Priskila kplɔ Apolo ɖe wo ɖokuiwo ŋu eye “woɖe Mawu ƒe mɔ la me nɛ nyuie wu.” (Dɔw. 18:24-26) Susu sia ke tae Paulo de dzi ƒo na Timoteo si nye nyanyuigblɔla kpɔnuteƒe la be wòayi edzi anɔ ŋku lém ɖe eɖokui kple eƒe nufiafia ŋu nyuie, ale be eƒe ŋgɔgbedede “nadze ƒãa na amewo katã.” (1 Tim. 4:13-15) Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale dɔ wɔm na Aƒetɔ la abe kluviwo ene hele gbeƒã ɖem nya nyui la o, ele be míayi edzi anɔ míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe ŋutetea tum ɖo.
2. Aleke míate ŋu asrɔ̃ nu tso ame bubuwo gbɔ?
2 Srɔ̃ Nu Tso Ame Bubuwo Gbɔ: Mɔ siwo dzi míato abi ɖe edzi la dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu tso ame bubuwo gbɔ. (Lod. 27:17) Eya ta nenye be wò gbeadzizɔhɛ le ɖase ɖim na amewo la, lé ŋku ɖe eŋu nyuie. Bia gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo ne woaɖo aɖaŋu na wò le nanewo koŋ ŋu eye nàɖo to nyuie ne wole nu ƒom. (Lod. 1:5) Ðe wòanye be mènya ale si tututu wowɔa tɔtrɔyi, dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme, alo wɔa ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa aɖe oa? Wò ŋutɔ te ɖe gbeadziƒuƒoƒo dzikpɔla alo gbeƒãɖela kpɔnuteƒe aɖe ŋu nàbiae be wòakpe ɖe ye ŋu. Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu adzi wò ŋutete ɖe edzi, eya ta do gbe ɖa nabiae edziedzi.—Luka 11:13.
3. Ne nɔvi aɖe ɖo aɖaŋu na mí evɔ ɖewohĩ míebiae hafi o la, aleke wòle be míawɔ nui?
3 Ne nɔvi aɖe ɖo aɖaŋu na wò be nàyi ŋgɔ le nane me la, mègado dziku o nenye be mèbiae hafi o gɔ̃ hã. (Nyagb. 7:9) Abe Apolo ene la, bɔbɔ ɖokuiwò nàxɔ aɖaŋuɖoɖoa alɔeve ahada akpe. Esia aɖee afia be èdze nunya.—Lod. 12:15.
4. Susu nyui ka tae Yesu gblɔ be míanɔ ŋgɔ yim le subɔsubɔdɔa me?
4 Ŋgɔyiyi Doa Mawu Ðe Dzi: Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ de dzi ƒo na eyomedzelawo be woayi ŋgɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Etsɔ eɖokui sɔ kple wainti, eye wòtsɔ eyomedzelawo sɔ kple alɔawo. Egblɔ be Fofo la ɖea alɔ sia alɔ si tsea ku la ŋu “ne wòate ŋu atse ku geɖe wu.” (Yoh. 15:2) Abe ale si ko waingbledela dina be yeƒe wainkawo natse geɖe wu la, nenemae Yehowa di be míadzi míaƒe ‘nuyi ƒe kutsetsewo’ ɖe edzi. (Heb. 13:15) Nu nyui kae dona tsoa eme ne míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi? Yesu ɖo eŋu na mí be: “Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye esi be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem.”—Yoh. 15:8.