January 26 Ƒe Kwasiɖa
JANUARY 26 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 99 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 19 mm. 9-17 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 5-7 (8 min.)
No. 1: Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:12-25 (3 min. alo esi made o)
No. 2: Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea—my ŋutinya 4 (5 min.)
No. 3: Mɔ Siwo Dzi Míato Asrɔ̃ Nu Tso Yehowa Ŋu—nwt axa 9 mm. 1-4 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
Ɣletia Ƒe Nyati: ‘Tsɔ ɖokuibɔbɔ wɔ dɔ na Aƒetɔ la abe kluvi ene.’—Dɔw. 20:19.
10 min: Agbalẽ Si Míana Le January Kple February Me. Numedzodzro. Kpe nyaselawo woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si le Nya Nyui gbalẽ gbadza la nana me. Na woawɔ ale si míate ŋu ana agbalẽ gbadza la afia kpuie. Eyome midzro nyati si nye “Nu Ka Tae Wòle Be Míadzo Enumake?” me.
10 min: Hamemetsitsi Siwo Wɔa Dɔ Na Aƒetɔ La Abe Kluviwo Ene—Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔla. Zã nyabiase siwo gbɔna nàtsɔ abia gbe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla: Nu kae wò dɔdeasia wɔwɔ bia? Aleke nèdzrana ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋui? Nu ka tae mètea ŋu yɔa ame sia ame si do asi ɖe dzi o? Aleke Gbetakpɔxɔ xlẽlaa, nyaŋuɖolawo kple nɔvi siwo tsɔa nuƒomɔ̃ tsanae la katã ate ŋu akpe asi ɖe eŋu be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a navivi ahaɖe vi? Aleke Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si nède nyitsɔ laa la kpe ɖe ŋuwò be nàwɔ dɔdeasi vevi sia nyuie wu?
10 min: “Zã jw.org La Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—‘Nye Yehowa Xɔlɔ̃.’” Numedzodzro. Ƒo nu tso nu siwo le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa sia ŋu eye nàɖe alo aƒo wo dometɔ aɖe na nyaselawo. Kpe nyaselawo ne woagblɔ mɔ siwo nu míate ŋu azã “Nye Yehowa Xɔlɔ̃” la le, le tso aƒe me yi aƒe me kple dutoƒoɖaseɖiɖi me, alo ne míele vomeɖase ɖim.
Hadzidzi 135 Kple Gbedodoɖa