INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 October axa 3
  • Ale Si Nàwɔ Anye Biblia Srɔ̃la Dovevienu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Anye Biblia Srɔ̃la Dovevienu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Sidzedze Tadeagula Vavãwo Le Nuwuɣia Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 October axa 3

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Anye Biblia Srɔ̃la Dovevienu

Àdi be yeawɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me abe Daniel enea? Daniel ku kutri srɔ̃ Mawu ƒe Nya la, nyagblɔɖi goglowo hã le eme. (Da 9:2) Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe. Le mɔ ka nu? Ado ŋusẽ wò xɔse nàka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme. (Yos 23:14) Akpe ɖe ŋuwò hã be nàlɔ̃ Mawu ɖe edzi eye esia ado ŋusẽ wò be nàwɔ nu si le eteƒe. (Ps 97:10) Gake afi kae nàdze egɔme tsoe? Bu aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ:

Daniel le Mawu ƒe Nya la srɔ̃m
  • Nu kae masrɔ̃? Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui bia be míadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo hã ŋu. Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ aɖe vi na wò wu ne ègbɔ dzi ɖi ku nu siwo gɔme mèse o me. Azɔ hã, ame aɖewo tiae be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me nyagblɔɖiwo, Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo, apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo, alo asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ne Biblia me nya aɖe va susu me na wò le ŋkekea me si nàdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na la, ŋlɔe ɖi eye nàna wòanye nu si ŋu nàsrɔ̃ nu tsoe ɣebubuɣi.

  • Afi kae makpɔ nu siwo masrɔ̃ le? Be nàkpɔ esia ƒe ɖewo la, kpɔ video si nye Dɔwɔnu Siwo Míatsɔ Aku Nu Me Adi Gbɔgbɔmenuxɔasiwoe. Tee kpɔ nàzã dɔwɔnu siwo le mía si la atsɔ aku nu me akpɔe ɖa be yeate ŋu akpɔ xexemeŋusẽ siwo lã siwo le Daniel ta 7 lia le tsitre ɖi na hã.

  • Ɣeyiɣi didi kae matsɔ asrɔ̃ nu? Nusɔsrɔ̃ edziedzi nana míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ me. Àte ŋu asrɔ̃ nu ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ko ne ehiã, eye emegbe nàdzii ɖe edzi. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le abe ale si wokua kesinɔnu ɣaɣla aɖe le to me ene; ne èke ɖe kesinɔnu aɖe ŋu la, àdi be yeanɔ ekum agake ɖe geɖe ŋu! (Lod 2:3-6) Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ava nɔ dzrowòm vevie eye Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ava zu numame na wò.—1Pe 2:2.

    Àkpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ navivi nuwò la le April 2012 ƒe Nyɔ!, axa 22-24.

NU KAE LÃ SIWO DZE LE DANIEL TA 7 LIA LE TSITRE ÐI NA?

  • Lã wɔadã aɖe si le abe dzata ene si to hɔ̃ ƒe aʋalawo

    Da 7:4

  • Lã wɔadã aɖe si le abe sisiblisi la lé agbaƒuti etɔ̃ ɖe nu

    Da 7:5

  • Lã wɔada aɖe si le abe lãklẽ si to ta ene kple aʋala ene ɖe megbe

    Da 7:6

  • Lã wɔadã aɖe si ɖi vɔvɔ̃ si to gaɖu kakowo eye dzo ewo le ta nɛ

    Da 7:7

NYABIASE BUBU:

Aleke Daniel 7:8, 24 va emee?

Dzo sue aɖe to ɖe dzo ewoawo domee eye ŋkuwo kple nu le eŋu eye wòho dzo gbãtɔawo dometɔ etɔ̃

NU SI NÀSRƆ̃ ƔEBUBUƔI:

Nu kae lã siwo dze le Nyaɖeɖefia ta 13 lia le tsitre ɖi na?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe