Kpɔ Nyuie Le Nuxexlẽmadzroame ŋu
NUXEXLẼ ŋuti kuxi yeye aɖe le kakam ɖe afisiafi le míaƒe xexeame. Woyɔnɛ be nuxexlẽmadzroame. Woɖe egɔme be enye “nuxexlẽ ƒe nɔnɔme alo ŋutete ƒe amesinɔnɔ gake womatsɔ ɖeke le nuxexlẽ me o.”a (Merriam-Webster’s Collegiate Dictionary, Tenth Edition) Ẽ, nuxexlẽ—si wobuna dzidzɔdonui tsã la—wole vlodomee fifia be enye dɔ sesẽ. Nyɔnuvi ƒe-12-vi aɖe gblɔ be: “Ele be nàkpe fu geɖe hafi axlẽ nu, eye menye dzidzɔdonu o.”
Ame tsitsi geɖewo hã medoa vivi ɖe nuxexlẽ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, woƒoa adegbe be United States tɔ 97 le alafa me nya agbalẽ; gake ƒã hafi Amerikatɔ tsitsiwo ƒe memamã si ade afã la xlẽa agbalẽwo alo magazinewo! Edze ƒã be menye ɣesiaɣie nuxexlẽ ŋutete zɔna kple didi be woaxlẽ nu o. Ele agbalẽnyalagãwo gɔ̃ hã gome. Harvard Yunivɛsitidela aɖe gblɔ be: “Ne ŋkekea ƒe dɔsesẽwɔwɔ te ɖeɖi ŋunye hafi megbɔ tso dɔme la, le esi teƒe be matsɔ agbalẽ la, mesia television boŋ. Ele bɔbɔe wu.”
Nukae dzɔ ɖe nuxexlẽ dzi? Le ƒe siwo va yi me la, nyatakamɔnu xɔsusuname sia ɖu alesi wodoa vivi ɖe eŋui dzi. Stratford P. Sherman ŋlɔ ɖe magazine si nye Fortune me be: “Fifia si MTV (television mɔnu si dzi woɖea video si me hadzilawo nɔa ha ƒom gaƒoƒo 24 katã) le mía si—hekpe ɖe VCR (videoɖemɔ̃) kple Nintendo (television dzi fefewo) kpakple Walkman (kotoku me haƒomɔ̃ sue) ŋu la—alesi woaxlẽ nu kutrikukutɔe abe tsã si nuwo medo agbogbo abe fifia ene o la, megadze abe nusi wɔwɔ anɔ bɔbɔe o.” Ewɔ abe television ye nye amewo ƒe ɣeyiɣixɔla kekeake si le ho ʋlim kple nuxexlẽ wu ene. Kaka Amerikatɔ akpa gãtɔ naxɔ ƒe 65 la, atsɔ ƒe asieke le eƒe agbemeŋkekewo me akpɔ television!
Esi wotsɔa agbalẽxexlẽ ƒe viɖewo saa vɔe ɖe television kpɔkpɔ ta zi geɖe ta la, anyo be míade ŋugble le nya siwo gbɔna la ŋu.
Nuxexlẽ ƒe Viɖewo
Nuxexlẽ naa wosusua nu ŋu le tame. Television bua tame na wò. Nusianu dzena keŋ: ŋkume ƒe dzedzemewo, gbeɖiɖi ƒe nɔnɔmewo, kple teƒewo.
Gake le nuxexlẽ gome la, wò ŋutɔe atia nuwɔlaawo, aɖo alesi woanɔ le nuawɔƒe, eye nàfia mɔ alesi woawɔ nuae. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 10 gblɔ be: “Ablɔɖe geɖe le asiwò. Àte ŋu ana nuwɔla ɖesiaɖe nanɔ abe alesi tututu nèdi be wòanɔ ene. Èkpɔa ŋusẽ ɖe nuwo dzi ne èle agbalẽ xlẽm tsɔ wu ne èle television kpɔm.” Abe alesi Ðk. Bruno Bettelheim gblɔe ene la, “television hea ame ƒe susu gake megaɖea asi le eŋu o. Gake agbalẽ nyui ʋãa susua enumake eye wògaɖea asi le eŋu.”
Nuxexlẽ tua nuƒoƒo ƒe ŋutete ɖo. Reginald Damerall si le Massachusetts ƒe Yunivɛsiti gblɔ be: “Ðevi alo ame tsitsi aɖeke menyona ɖe edzi to television kpɔkpɔ fũ me o. Aɖaŋu siwo hiã hafi woakpɔ television la le bɔbɔe ale gbegbe be míese kpɔ be ame aɖe megate ŋu le ekpɔm o.”
Gake nuxexlẽ hiã be woanya nyagbewo eye wòtunɛ ɖo; kadodo kplikplikpli le wo kple nuƒoƒo kpakple nuŋɔŋlɔ dome. Suku kɔkɔ ƒe Eŋlisigbe fiala aɖe gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be, wò dzidzedzekpɔkpɔ le sukudede me nɔ te ɖe wò nyawo nyanya le nusiwo gɔme nèsena ne èle nu xlẽm kpakple alesi nèbua tamee ne èle nu ŋlɔm siaa dzi, eye mɔ aɖeke nu meli nàto atu wò nyawo nyanya ɖo o negbe to nuxexlẽ me ko—ɖeke kura meli o.”
Nuxexlẽ na wogbɔa dzi ɖi. Nɔnɔmetata siwo wu akpe ɖeka te ŋu dzena le television dzi le gaƒoƒo ɖeka ko me zi ɖeka, eye ɣeyiɣi ʋee aɖe koe nɔa anyi na nukpɔla la be wòade ŋugble le nusiwo kpɔm wòle la ŋu. Ðk. Matthew Dumont gblɔ be: “Nuwɔna sia wɔnɛ be ame ƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu eteƒe didina o.” Eyata mewɔ nuku o be numekuku aɖewo gblɔ be television kpɔkpɔ fũ ye nana be amewo tsoa nya me kpata nuŋumabumabui eye wotsia dzodzodzoe—le ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa gome.
Nuxexlẽ biaa dzigbɔɖi. Kadodoŋutinunyala Neil Postman ŋlɔ be: “Nyagbewo, memamãwo, kple axawo kplɔa wo nɔewo ɖo blewu le ɖoɖo nu, eye le tamebubumɔnu aɖe si to vovo na esi nɔa ame si tso dzɔdzɔme la nu.” Le nuxlẽlaa ŋutɔ ƒe nuxexlẽ ƒe tsɔtsɔme nu la ele be wòaɖe nusi le axa ma gɔme, adae akpɔ, ahade ŋugble le eŋu. Nuxexlẽ nye nyagɔmeɖeɖe nuwɔna dranyi aɖe si hiã—dzigbɔɖi—eye wòtunɛ ɖo.
Nukpɔsusu si Da Sɔ
Togbɔ be viɖewo le nuxexlẽ me hã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be viɖewo le television kpɔkpɔ hã me. Ate ŋu aƒo nuxexlẽ ta le nyatakaka aɖewo tsɔtsɔ na me.b Television dzi nuwɔna lédziname aɖe ate ŋu ana gɔ̃ hã be nuxexlẽ nadzro ame. The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Woka nya ta be television dzi nuwɔna siwo ɖea ɖeviwo ƒe agbalẽwo kple dzɔdzɔmeŋutinunyawo fiana la ʋãa ɖeviwo be woaɖadi agbalẽ siwo ku ɖe nya mawo kple esiwo do ƒome kplii ŋu la yomemɔ.”
Nukpɔsusu si da sɔ hiã. Agbalẽ kple television siaa nye nyatakakamɔnu vovovo eve. Viɖe kple gbegblẽƒe le ɖesiaɖe ŋu. Woate ŋu awɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie—alo ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ẽ, nuxexlẽ fũ vaseɖe esime ame naɖe eɖokui ɖe aga ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu abe alesi ko television kpɔkpɔ fũ gblẽa nui ene.—Lododowo 18:1; Nyagblɔla 12:12.
Gake wobua nuxexlẽ nu tsɛe wu nukpɔkpɔ zi geɖe. Japantɔ nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe fa konyi be: “Míeganye nuxlẽlawo o, míele nukpɔlawo boŋ zum.” Esia dze le sɔhɛwo me koŋ. Ena wo dometɔ geɖe tsina zua amesiwo medoa vivi ɖe nuxexlẽ ŋu o eye emegbe la wokpea emetsonuwo ƒe fu. Eyata aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋui be woatu nuxexlẽ ƒe didi ɖo?
Alesi Dzilawo Ate Ŋu Akpe ɖe Wo Ŋui
Ðo kpɔɖeŋua. Newsweek ƒe nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Alesi Woahe Nuxlẽla Nyuiwoe” la ɖo aɖaŋu tẽ sia be: “Ne èkpɔa television fũ la, ke ɖewohĩ viwò hã anɔ nenema. Gake ne viwòwo kpɔa wò nèxatsa ɖokuiwò le agbalẽ xlẽm dzidzɔtɔe la, woakpɔe be menye ɖeko nègblɔnɛ kple nu be woaxlẽ nu ko o ke boŋ wò ŋutɔ hã èxlẽnɛ.” Nusi nyo wu kura enye be dzila aɖewo xlẽa nu be wo viwo nasee. Le esia wɔwɔ me la, wonaa kadodo nyui nɔa wo dome—nublanuitɔe la, nusia mele ƒome geɖe me egbea o.
Ðo agbalẽdzraɖoƒe. Ðk. Theodore Isaac Rubin ɖo aɖaŋu be: “Na agbalẽwo nanɔ anyi—agbalẽ geɖe. Meɖo ŋku edzi be mexlẽa wo elabena woli eye amesiame hã nɔa wo xlẽm tae.” Ðeviwo axlẽ nu ne woate ŋu akpɔ agbalẽawo bɔbɔe. Nuxexlẽ ƒe dzodzroa nu asẽ ɖe edzi gɔ̃ hã ne agbalẽawo le woawo ŋutɔwo ƒe agbalẽdzraɖoƒe.
Na nuxexlẽ nado dzidzɔ na wo. Wogblɔe be ne nuxexlẽ doa dzidzɔ na ɖevi la, ke woɖu nusɔsrɔ̃ ƒe aʋawɔwɔa ƒe afã dzi. Eyata na nuxexlẽ nanye nuwɔna si doa dzidzɔ na viwò. Alekee? Gbã la, ɖo afisi wòakpɔ television ase ɖo la nɛ; ate ŋu axɔ nɔƒe le nuxexlẽ si ɣesiaɣi kloe. Evelia, na nɔnɔme si anyo na nuxexlẽ la nanɔ anyi; ɖoɖoeziɣi kple afisi ɖoɖoe zina le, abe ye ŋutɔ ƒe agbalẽdzraɖoƒe si akaɖi nyui le ene la naa nuxexlẽ dzroa ame. Etɔ̃lia, mègazi nuxexlẽ ɖe edzi o. Na nusiwo wòaxlẽ kple eŋuti mɔnukpɔkpɔa nenɔ anyi, gake na ɖevia ŋutɔ natu dzodzroa ɖo.
Dzila aɖewo dzea nuxexlẽ gɔme na wo viwo tso woƒe vidzĩ me ke. Esia ate ŋu aɖe vi. Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be kaka ɖevi naxɔ ƒe etɔ̃ la, enyaa alesi wòaɖo dze abe ame tsitsi ene—togbɔ be mate ŋu agblɔ nya siawo tẽ haɖe o gake. Agbalẽ si nye The First Three Years of Life gblɔ be: “Ðeviwo dzea gbesese gɔme kaba eye wosrɔ̃nɛ wòtsɔna wu alesi woate ŋu agblɔe.” Biblia gblɔ le Timoteo ŋu be: “Tso vidzĩme ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.” (Timoteo II, 3:15, NW.) Nya si wozã na vidzĩ dzɔ tso Latingbe me nya infans me si ƒe gɔmeɖeɖe tẽ enye “numaƒola.” Nyateƒee, Timoteo se Ŋɔŋlɔa me nyawo xoxoxo hafi wòte ŋu va nɔ wo gblɔm.
Biblia—Kpekpeɖeŋunu Nyuitɔ
Agbalẽ si nye The Bible in Its Literary Milieu gblɔ be: “Biblia nye agbalẽnyalawo ƒe nuŋɔŋlɔ wɔnuku aɖe si nu woƒo ƒui.” Le nyateƒe me la, hakpanyawo, hadzidziwo, kple ŋutinya siwo ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu asrɔ̃ la le eƒe agbalẽ 66 la me. (Romatɔwo 15:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia la “tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me . . . enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe si le dzɔdzɔenyenye me.”—Timoteo II, 3:16.
Ẽ, Mawu ƒe Nya Biblia lae nye agbalẽ vevitɔ kekeake si li woate ŋu axlẽ. Susu nyui aɖe tae wobia tso Israel-fia ɖesiaɖe si be Ŋɔŋlɔawo nanɔ eya ŋutɔ si ale be “wòaxlẽe le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.” (Mose V, 17:18, 19) Eye wode se na Yosua be wòaxlẽ ŋɔŋlɔawo “kple gbe blewu”—si fia be, na ye ŋutɔ ɖokui le gbe bɔbɔe me—“zã kple keli.”—Yosua 1:8, NW.
Nyateƒe, Biblia ƒe akpa aɖewo xexlẽ mele bɔbɔe o. Wobiaa nuŋububu vevie. Ðo ŋku edzi be Petro gblɔ be: “Abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie.” (Petro I, 2:2) To ewɔwɔ ɖaa me la, dzitsitsi ɖe Mawu ƒe Nya ƒe “notsi” ŋu ate ŋu azu numame abe alesi ko dada ƒe notsi dzroa vidzĩ le dzɔdzɔme nu ene. Woate ŋu atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu ɖo.c Viɖe le ewɔwɔ me ŋutɔ. Hakpala la ŋlɔ be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Ðe mɔfiame ma mehiã mí katã le míaƒe afɔku ɣeyiɣi sia me oa?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Mele be míatɔtɔ nuxexlẽmadzroame kple agbalẽmanyamanya si nye “nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ manyamanya” o.
b Esi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kpɔe dze sii alea la, ewɔ videokasɛt siwo ku ɖe Biblia me nyatiwo ŋu tsɔ kpe ɖe agbalẽwo ŋu le ƒe ʋee siwo va yi me.
c Be Biblia me sidzedze nadzro ɖeviwo la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo me nyawo le bɔbɔe abe Nye Agbalẽ si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Toɖoɖo Nufiala Gã La. Agbalẽ evea siaa le kasɛt dzi woate ŋu aƒo ase.