Kpe Ðe Viwòwo Ŋu Woalɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃
AGBAGBADZEDZE vevie afia nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ viwòwoe nye mɔ vevi siwo dzi nàte ŋu ato akpe ɖe wo ŋu be eme nanyo na wo le etsɔme la dometɔ ɖeka. Nyateƒee, nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ doa dzidzɔ na ame ŋutɔ! Ðevimenu siwo dzi ame aɖewo ɖoa ŋkui kple dzidzɔ wu la do ƒome kple wo dzilawo ƒe nuxexlẽ na wo. Nuxexlẽ ŋutɔ ate ŋu ado dzidzɔ na ame le eɖokui si, abe ale si ko viɖe siwo dona tso eme la doa dzidzɔ na amee ene. Nya sia nye nyateƒe, vevietɔ le Mawu subɔlawo gome, le esi Biblia sɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le woƒe tsitsi le gbɔgbɔ me me ta. Dzila Kristotɔ aɖe gblɔ be, “Nu siwo nɔa vevie na mí wu lae nye nu siwo ku ɖe nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ŋu.”
Nusɔsrɔ̃ ƒe numame nyuiwo ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple Mawu dome. (Ps. 1:1-3, 6) Togbɔ be nuxexlẽ nyanya menye nudidi si ana ame nakpɔ ɖeɖe o hã la, Biblia ɖee fia be nuxexlẽ ate ŋu ana yayra geɖe nasu ame si. Le kpɔɖeŋu me, Nyaɖeɖefia 1:3 gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo wòɖina kple ame siwo sea wo.” Gakpe ɖe eŋu la, ale si susu ƒe nuŋunɔnɔ, si nye nusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe, le vevie la dze kɔtɛ le aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo na Timoteo be, “De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu” la me. Nu ka tae wòɖo aɖaŋu sia nɛ? Paulo yi edzi be: “Bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 Tim. 4:15.
Le nyateƒe me la, ne ame nya nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ la, esia mefia kokoko be ŋutete siawo aɖe vi nɛ o. Ame geɖe li siwo nya nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃, gake womewɔa wo ŋu dɔ o; nu siwo ŋu viɖe boo aɖeke mele o yome boŋ wotina. Eya ta alekee dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woadi sidzedze si ɖea vi la yome mɔ vevie?
Wò Lɔlɔ̃ Kple Wò Kpɔɖeŋu Wɔa Akpe Vevi Aɖe
Ðeviwo srɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu ne wofiaa nu wo le lɔlɔ̃ me. Kristotɔ atsu kple asi aɖe, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Owen kple Claudia, gblɔ tso wo vi eveawo ŋu be: “Wokpɔa mɔ na nusrɔ̃ɣia vevie, elabena enye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe na wo—wosena le wo ɖokui me ɣemaɣi be yewole dedie eye woƒe dzi dzea eme. Wokpɔnɛ dzea sii le nusrɔ̃ɣia be míelɔ̃ yewo.” Ne ɖeviwo le tsitsim va ɖo woƒe ƒewuiwo, siwo me nɔnɔ sesẽna na wo me gɔ̃ hã la, agbagbadzedze be lɔlɔ̃ naxɔ aƒe ɖe ƒomea ƒe nusrɔ̃ɣiwo ayi edzi anɔ ŋusẽ nyui kpɔm ɖe ale si wobua nusɔsrɔ̃e dzi. Fifia, Owen kple Claudia ƒe viwo zu mɔɖelawo, eye lɔlɔ̃ na nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ si woƒã ɖe wo me la kpɔtɔ le vi ɖem na wo.
Nu vevi bubu si kpena ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋue nye kpɔɖeŋuɖoɖo na wo. Ðevi siwo kpɔa wo dzilawo enuenu wonɔa nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ dzi la tea ŋu va bua dɔwɔna siawo be wonye agbemenuwɔna siwo me wòle be yewo hã yewoaƒo yewo ɖokui ɖo. Ke alekee nàte ŋu aɖo kpɔɖeŋu le go sia me ne ènye dzila aɖe si nuxexlẽ sesẽna na? Ate ŋu abia be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo nèbua nu veviwoe alo nɔnɔme si le asiwò ɖe nuxexlẽ ŋu la ŋu. (Rom. 2:21) Ne èléa fɔ ɖe nuxexlẽ ŋu gbe sia gbe la, esia akpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe viwòwo dzi. Wò veviedodonu—vevietɔ, le Biblia xexlẽ me, dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu, kple ƒomenusɔsrɔ̃ me—ana woakpɔ asixɔxɔ si gbegbe le dɔwɔna siawo ŋu adze sii.
Eya ta lɔlɔ̃ si nàɖe afia kple kpɔɖeŋu si nàɖo la le vevie ŋutɔ ne èle agbagba dzem be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ. Gake afɔ kawoe nàte ŋu aɖe atsɔ ade dzi ƒo na wo le esia wɔwɔ me?
Nuxexlẽ Na Ðeviwo Nana Wova Lɔ̃a Nuxexlẽ
Afɔ vevi kawoe nàte ŋu aɖe le agbagbadzedze be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ me? Na agbalẽwo nanɔ wo si esime wonye ɖevi dzaawo. Kristotɔ hamemetsitsi aɖe si dzilawo kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ nuxexlẽ la ɖo aɖaŋu be: “Mitsɔ agbalẽwo nɔ ɖeviawo si me dem be woawɔ wo ŋu dɔ. Esia awɔe be agbalẽwo ava nɔ na wo abe xɔlɔ̃wo ene, eye woazu woƒe agbemenu vevi aɖe.” Nenemae agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi, abe Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ kple Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ene, va zu ɖevi geɖewo ƒe zɔhɛ kplikplikpliwo ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova nya nuxexlẽ gɔ̃ hã. Ne èxlẽa agbalẽ siawo ƒomevi na viwòwo la, menye gbegbɔgblɔ ɖeɖe ko fiam nèle wo o, ke èle “gbɔgbɔmenyawo” kple “gbɔgbɔmenuwo” hã fiam wo.—1 Kor. 2:13.
Kɔ gbe dzi nànɔ nu xlẽm na wo edziedzi. Na wòazu numame na wò be nànɔ nu xlẽm na viwòwo gbe sia gbe. Esia wɔwɔ fiaa nyawo yɔyɔ nyuie ɖeviawo eye wònana hã be nuxexlẽ va zua numame na wo. Ale si nèxlẽa nuae hã le vevie. Nɔ nua xlẽm kple dzidzɔ, eye woawo hã woava wɔe nenema. Le nyateƒe me la, ate ŋu adzɔ be ɖeviawo nabia tso asiwò zi gbɔ zi geɖe be nàxlẽ ŋutinya ɖeka ma ke na yewo. Wɔ ɖe woƒe biabiaa dzi na wo! Ɣeyiɣi aɖe megbe la, woadi be nàxlẽ ŋutinya bubuwo na yewo. Gake ɖɔ ŋu ɖo be nàgazi nuxexlẽa ɖe wo dzi o. Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi le ale si wòfiaa nu eƒe nyaselawo “zi ale si woate ŋu ase wo gɔme ko” la me. (Mar. 4:33) Ne mèzia viwòwo dzi o la, woanɔ mɔ kpɔm na nuxlẽɣia vevie, eye woanɔ ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta taɖodzinu si le asiwò be yeakpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ la gbɔ.
Na woakpɔ gome le eme eye dzro nu si xlẽm nèle na wo la me kpli wo. Eteƒe madidi o, ado dzidzɔ na wò ŋutɔ ne èva kpɔe be viwòwo tea ŋu dea dzesi nya geɖewo, tea ŋu yɔa wo, eye wotea ŋu sea nu si nya vovovowo fia la gɔme. Nu si miexlẽ la me dzodzro ate ŋu ana woawɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Agbalẽ aɖe si ku ɖe ale si woafia nuxexlẽ ɖeviwo be woava zu nuxlẽla bibiwo ŋu la gblɔ be, dzeɖoɖo kpena ɖe ɖeviwo ŋu “wosrɔ̃a nya siwo wòava hiã be woakpɔ adze sii ahase wo gɔme ne wova te nuxexlẽ emegbe la.” Agbalẽa yi edzi be, “Le ɖevi suewo, siwo ƒe susu le tɔtrɔm ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu gome la, dzeɖoɖo kpli wo le vevie ŋutɔ—zi ale si nèƒoa nu tso nya veviwo ŋu la, . . . zi nenemae dzeɖoɖoa ɖea vi wu.”
Na viwòwo naxlẽ nu nàse, eye de dzi ƒo na wo be woabia nyawo. Ðewohĩ àdi be ye ŋutɔ yeabia nyaa woamawo eye yeatsɔ ŋuɖoɖo vovovowo aɖo wo ŋkume. Esia wɔnɛ be ɖeviwo va kpɔnɛ dzea sii be agbalẽwo nye afi si woakpɔ nyatakaka geɖe le eye be gɔmesese aɖe le nya ɖe sia ɖe si yewoxlẽna la ŋu. Afɔɖeɖe sia le vevie, vevietɔ ne wotu agbalẽ si xlẽm miele la ɖe Mawu ƒe Nyaa, si nye agbalẽ si ŋu viɖe le wu ɖe sia ɖe la dzi.—Heb. 4:12.
Gake mègaŋlɔ be gbeɖe be nu sesẽ aɖee nuxexlẽ nye o. Ebiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hafi ame nabi ɖe eme.a Eya ta kpɔ egbɔ be nànɔ ɖeviawo kafum dɔmenyotɔe esi nèkpɔ be wova le vivi dom ɖe nuxexlẽ ŋu be nàtsɔ anɔ dzi dem ƒo na wo. Ne èkafua ɖeviawo la, esia ade dzi ƒo na wo woava lɔ̃ nuxexlẽ vevie.
Nuxexlẽ Vivia Ame Nu Eye Wòɖea Vi Hã
Ale si woasrɔ̃ nui fiafia viwòwo naa taɖodzinu nɔa nuxexlẽ ŋu na wo. Nusɔsrɔ̃ lɔ nyateƒenyawo nyanya kple ale si wodo ƒome kple wo nɔewo la gɔme sese ɖe eme. Ebiana be ame nabu nyawo ŋu nyuie ɖe ɖoɖo nu, aɖo ŋku nyawo dzi, ahatsɔ wo awɔ dɔe. Ne ɖevi aɖe va nya ale si wòasrɔ̃ nui eye wòkpɔ ale si esia ate ŋu aɖe vi nɛ dze sii ko la, tsɔɖui va nɔa nusɔsrɔ̃a me nɛ, eye wòsea vivi nɛ.—Nyagb. 10:10.
Fia nu vevi siwo akpe ɖe wo ŋu le nusɔsrɔ̃ me la wo. Ƒometadedeagu fiẽsiwo, gbe sia gbe mawunyakpukpuia me dzodzro, kple wɔna siawo tɔgbi ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ɖi na wò be nàfia viwòwo ale si woasrɔ̃ nui. Ale si miatsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe anɔ anyi atsɔ susu aɖo nyati aɖe koŋ ŋu la afia wo ale si woana woƒe susu nanɔ nu ŋu, eye esia nye nu vevi aɖe si akpe ɖe wo ŋu le nusɔsrɔ̃ me. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu ade dzi ƒo na viwòŋutsuvi be wòagblɔ ale si nu si wòsrɔ̃ fifia la do ƒome kple nu si wònya xoxo la na wò nàse. Esia afiae ale si wòatsɔ nuwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo. Azɔ hã, ɖe manyo be nàbia tso viwònyɔnuvi si be wòagbugbɔ agblɔ nu si wòxlẽ la kpuie le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me oa? Esia akpe ɖe eŋu wòase egɔme ahaɖo ŋku edzi. Numetoto, si fia be ame nagbugbɔ adzro nu si wòxlẽ la me nya veviawo me, nye nu si kpena ɖe ame ŋu wòɖoa ŋku nu dzi, si nàte ŋu afia wo. Woate ŋu afia ɖevi dzaawo gɔ̃ hã ale si woawɔ nuŋlɔɖi kpuiwo le nua srɔ̃ɣi alo le hame ƒe kpekpewo me. Esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu geɖe ŋutɔ be woƒe susu nanɔ nuwo ŋu! Mɔnu bɔbɔe siawo ana ɖeviwo nase vivi na nusɔsrɔ̃ eye wòaɖe vi na mia kple wo siaa.
Na nɔnɔmeawo nasɔ nyuie na nusɔsrɔ̃. Ne miele afi si ya le ƒoƒom le nyuie, akaɖi si kɔ nyuie li, ɖoɖoezizi li eye miate ŋu aɖe dzi ɖi la, ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be miaƒe susu nanɔ nusɔsrɔ̃a ŋu. Gake ale si dzilawo bua nusɔsrɔ̃e la le vevie ŋutɔ. Vidada aɖe gblɔ be, “Ele vevie ŋutɔ be nàɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi na nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ eye nànɔ ewɔm edziedzi. Esia awɔe be viwòwo asrɔ̃ nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu. Woasrɔ̃e be ele be woawɔ nu si kple ekemɛ le ɣeyiɣi si kple ekemɛ dzi.” Nu si dzila geɖewo wɔna koe nye be, womeɖea mɔ ɖe nu bubu aɖeke ŋu le nusrɔ̃ɣiwo o. Le nya sia ŋuti nunyala aɖe ƒe nya nu la, mɔnu sia wɔa akpa vevi aɖe le nusɔsrɔ̃ nyuie ƒe numamewo fiafia ɖeviwo me.
Te gbe ɖe nusɔsrɔ̃ ƒe vevienyenye dzi. Mlɔeba la, kpe ɖe viwòwo ŋu woanya ale si woate ŋu atsɔ nu si wosrɔ̃ la ade dɔwɔwɔ me. Ne wole nu siwo wosrɔ̃ la ŋu dɔ wɔm la, esiae ana woakpɔ taɖodzinu si koŋ le megbe na nusɔsrɔ̃ la adze sii. Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne nyemekpɔ ale si mate ŋu awɔ nu si srɔ̃m mele ŋu dɔ dze sii o la, avu kple kɔe esɔsrɔ̃ nyena nam. Gake ne mekpɔe dze sii be mate ŋu awɔ eŋu dɔ la, medina vevie be mase egɔme.” Eya ta ne ɖeviwo nya be viɖewo doa go tso nusɔsrɔ̃ me la, ana woaƒo wo ɖokuiwo ɖe eme bliboe. Woanɔ mɔ kpɔm na nusrɔ̃ɣia abe ale si ko wònɔ le nuxexlẽ hã gome ene.
Emetsonu Nyuitɔ Kekeake
Manya wɔ be míagblɔ viɖe siwo katã dona tso kpekpe ɖe ɖeviwo ŋu be woalɔ̃ nuxexlẽ me la le nyati sia me o. Dzidzedzekpɔkpɔ le suku, le dɔme, le woa kple ame bubuwo dome ƒomedodowo me, le xexe si me míele la gɔme sese me, kple le ƒomedodo kplikplikpli si nɔa dzilawo kple ɖeviwo dome la tutu ɖo me la nye viɖe siwo dona tso eme la dometɔ aɖewo ko. Ale si nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ doa dzidzɔ na amee la ɖeɖe dzaa ŋutɔ gɔ̃ hã nye viɖe bubu le eɖokui si.
Ƒo wo katã ta la, ne viwòwo lɔ̃a nusɔsrɔ̃ la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu wova zu mawuvɔ̃lawo. Ne wolɔ̃a nusɔsrɔ̃ la, esiae nye nu vevitɔ si aʋu woƒe susu kple dzi be Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe “kekeme kple didime kple kɔkɔme kple goglome” nage ɖe eme. (Ef. 3:18) Le nyateƒe me la, nu geɖe ŋutɔ li dzila Kristotɔwo afia wo viwo. Ne dzilawo kpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu eye wowɔa nu sia nu si woate ŋui tsɔ kpena ɖe wo ŋu tso woƒe ɖevime be woadze agbea gɔme nyuie la, wokpɔa mɔ be yewo viwo ava tiae mlɔeba be yewoanye Yehowa subɔlawo. Nusɔsrɔ̃ ƒe numame nyuiwo fiafia viwòwo nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto akpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ta eye woana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Mawu dome. Eya ta susu nyui geɖewo li siwo tae nàdo gbe ɖa abia Yehowa ƒe yayra esime nèle agbagba dzem be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃.—Lod. 22:6.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ nyea kuxi tɔxɛ na ɖevi siwo nu menya srɔ̃na na o la. Kpɔ February 22, 1997 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 3-10 hena nyatakakawo ku ɖe nu si dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu la ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Le nuxexlẽ gome la . . .
• Na agbalẽwo nanɔ wo si
• Kɔ gbe dzi nàxlẽ nu na wo
• Na woakpɔ gome le eme
• Dzro nu si na wo nèxlẽ la me kpli wo
• Na viwòwo naxlẽ nu nàse
• De dzi ƒo na viwòwo be woabia nya
Le nusɔsrɔ̃ gome la . . .
• Ðo kpɔɖeŋu nyui
• Fia nu siawo viwòwo:
○ susu ƒe nu ŋu nɔnɔ
○ nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo
○ nyawo gbugbɔgblɔ kpuie
○ numetoto
○ nuŋlɔɖiwɔwɔ
• Na nɔnɔmeawo nasɔ nyuie na nusɔsrɔ̃
• Te gbe ɖe nusɔsrɔ̃ ƒe vevienyenye dzi