INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 44
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se
    Fia Nu Viwòwo
  • Raxab Se Nyadzɔdzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 44
Rahab kple ŋkutsalawo dometɔ ɖeka le eƒe fesre si nu wotsi ka dzĩ ɖo la to

ŊUTINYA 44

Raxab Ɣla Ŋkutsalawo

ŊUTSU siawo ɖo dzɔgbevɔ̃e me. Ele be woasi ne menye nenema o la, woawu wo. Wonye Israeltɔ ŋkutsalawo, eye nyɔnu, si le kpekpem ɖe wo ŋu lae nye Raxab. Raxab ƒe aƒe, si me wòle la le Yerixo-dua ƒe gli dzi. Na míakpɔ nusita amesiawo ɖo dzɔgbevɔ̃e me la ɖa.

Israel-viwo le klalo be woatso Yordan-tɔsisia age ɖe Kanaan-nyigba dzi. Gake hafi woayi la, Yosua dɔ ŋkutsala eveawo. Egblɔ na wo be: ‘Miyi miaɖalé ŋku ɖe anyigba la kple Yerixo-dua ŋuti.’

Ŋkutsalawo dometɔ ɖeka zã Rahab ƒe ka dzĩ la tsɔ ɖi le glia dzi

Esi ŋkutsalawo yi Yerixo la, woyi Raxab ƒeme. Gake ame aɖe gblɔ na Yerixo-fia la be: ‘Israeltɔ eve va afisia le zã me be woatsa ŋku le anyigba la dzi.’ Esi fia se nya sia la, edɔ amewo ɖe Raxab, eye woɖe gbe nɛ be: ‘Ðe ŋutsu, siwo le aƒewò me la do goe!’ Gake Raxab ɣla ŋkutsalawo ɖe eƒe xɔta. Eyata egblɔ be: ‘Ŋutsu aɖewo va nye aƒeme ya, gake nyemenya afisi wotso o. Wodzo esime anyigba le tsyɔtsyɔm hafi wodo agbo la. Ne mieɖe abla la, miate ŋu axe wo!’ Eyata ŋutsuawo ti wo yome.

Esi wodzo la, Raxab ɖe abla yi ɖe xɔta. Egblɔ na ŋkutsalawo be: ‘Menya be Yehowa le anyigba sia tsɔ ge na mi. Míese alesi wòna Ƒudzĩe la mie esime miedzo le Egipte, kple alesi miewu Sixon- kple Og-fiawoe. Menyo dɔme na mi, eyata taflatse mido ŋugbe nam be yewoanyo dɔme nam. Miɖe fofonye kple danye, kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo.’

Ŋkutsalawo do ŋugbe be yewoaɖe wo, gake ele be Raxab nawɔ nane hafi. Ŋkutsalawo gblɔ be: ‘Xɔ ka dzẽ sia nàsa ɖe wò fesre nu, eye nàƒo wò ƒometɔwo katã nu ƒu ɖe ɖokuiwò gbɔ. Eye ne mí katã míetrɔ va Yerixo xɔ ge, eye míekpɔ ka sia le wò fesre nu la, míagawu ame aɖeke le aƒewò me o.’ Esi ŋkutsalawo trɔ yi Yosua gbɔ la, wogblɔ nusiwo katã dzɔ la nɛ.

Yosua 2:1-24; Hebritɔwo 11:31.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe