INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 30 axa 76
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se
    Fia Nu Viwòwo
  • Raxab Se Nyadzɔdzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 30 axa 76
Rahab kpɔ ŋkutsalawo ta esi wòna asrafoawo to mɔ bubu dzo

NUSƆSRƆ̃ 30

Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Esi ŋkutsalawo tso Israel yi Yeriko dua me la, wonɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rahab ƒe me. Yeriko-fia see eye wòdɔ asrafowo ɖe Rahab ƒe me. Rahab ɣla ŋkutsalawo ɖe xɔ ta eye wòna asrafoawo ti wo yome to afi bubu. Egblɔ na ŋkutsalaawo be: ‘Makpe ɖe mia ŋu elabena menya be Yehowa li kpli mi eye miaxɔ anyigba sia godoo. Meɖe kuku, mido ŋugbe nam be miakpɔ nye ƒomea ta.’

Ŋkutsalaawo gblɔ na Rahab be: ‘Míele ŋugbe dom na wò be míawɔ nu vevi aɖeke ame siwo katã le wò aƒea me la o.’ Wogblɔ nɛ be: ‘Sa ka dzĩ ɖe wò fesre nu eye míakpɔ wò ƒomea ta.’

Rahab ƒe aƒe si ƒe fesre nu wosa ka dzĩ ɖo la memu esime Yeriko gliawo mu o

Rahab na ŋkutsalawo ɖiɖi kple ka to eƒe fesre nu ɖe anyigba. Woyi ɖe toawo dzi eye wobe ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi trɔ yi Yosua gbɔ. Emegbe Israel-viwo tso Yordan-tɔsisia eye wodzra ɖo ɖe anyigbaa xɔxɔ ŋu. Yeriko ye nye du gbãtɔ si dzi woɖu. Yehowa gblɔ na wo be woazɔ aƒo xlã dua zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbea, wozɔ ƒo xlã dua zi adre. Eyome nunɔlawo ku woƒe kpẽawo eye asrafoawo do ɣli sesĩe ale si woate ŋui. Dua ƒe gliawo mu gbloo! Gake Rahab ƒe aƒe si le glia dzi ya memu o. Rahab kple eƒe ƒomea tsi agbe elabena Rahab xɔ Yehowa dzi se.

Ðe menye nenema kee wobu Rahab . . . hã ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, esi wòxɔ ame dɔdɔawo nyuie hena woto mɔ bubu dzo oa?”—Yakobo 2:25

Nyabiasewo: Nu ka tae Rahab kpe ɖe ŋkutsalawo ŋu? Mɔ ka dzie Israel-viwo to dze Yeriko dzi? Nu kae dzɔ ɖe Rahab kple eƒe ƒomea dzi?

Yosua 2:1-24; 6:1-27; Hebritɔwo 11:30, 31; Yakobo 2:24-26

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe