INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 3 axa 8-9
  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Raxab Se Nyadzɔdzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 3 axa 8-9
Raxab va xɔ ta afi si ŋkutsalawo ɣla wo ɖokuiwo ɖo

NUSƆSRƆ̃ 3

Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se

Mítsɔe be míele Yerixo-dua me. Du sia nɔ Kanaan-nyigba dzi. Kanaantɔwo mexɔ Yehowa dzi se o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Raxab nɔ du ma me.

Esime Raxab nye ɖevi la, ese nya geɖe tso ale si Mose ma Ƒudzĩa me eye wòkplɔ Israel-viwo dzo le Egipte la ŋu. Esee hã be Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo dzi. Fifia ese be Israel-viwo va ƒo ƒu ɖe teƒe aɖe si gogo Yerixo!

Raxab tsɔ ŋkutsalawo ɣla elabena exɔ Yehowa dzi se

Gbe ɖeka fiẽ la, Israel-ŋutsu eve yi Yerixo be yewoatsa ŋku le dua me. Wova Raxab ƒe aƒe me. Raxab xɔ wo eye womlɔ afi ma. Le zã me la, Yerixo-fia se be ame aɖewo va be yewoatsa ŋku le dua me eye wole Raxab ƒe aƒe me. Eya ta fia la dɔ amewo be woalé wo vɛ. Raxab tsɔ ŋkutsala eveawo ɣla ɖe eƒe xɔ ta eye wògblɔ na ŋutsu siwo fia la dɔ la be: ‘Ŋutsuawo va gbɔnye ya, gake wodzo le dua me xoxo. Ne mieɖe abla la, miate ŋu alé wo!’ Ènya nu si tae Raxab tsɔ ŋkutsalawo ɣla ɖoa?​— Elabe exɔ Yehowa dzi se eye wònya be Yehowa atsɔ Kanaan-nyigbaa na Israel-viwo.

Hafi ŋkutsalaawo nadzo le Raxab gbɔ la, wogblɔ nɛ be ne yewova wu Yerixotɔwo la, eya kple eƒe ƒomea atsi agbe. Ènya nu si wogblɔ nɛ be newɔa?​— Wogblɔ nɛ be: ‘Tsɔ ka dzĩ sia sa ɖe wò fesre ŋu. Ne èwɔ esia la, ame sia ame si le wò aƒe me la atsi agbe.’ Raxab wɔ pɛpɛpɛ abe ale si ŋkutsalaawo gblɔ nɛ ene. Ènya nu si va dzɔa?​—

Ka dziÞ la le Raxab ƒe fesre nu le Yerixo-glia gbɔ

Yehowa na Raxab kple eƒe ƒomea tsi agbe

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Israel-viwo va zɔ ƒo xlã Yerixo-dua gake womenɔ nu ƒom o. Wozɔ ƒo xlã dua ŋkeke ade sɔŋ, wozɔna ƒoa xlãe zi ɖeka gbe ɖeka. Gake le ŋkeke adrea gbe la, wozɔ ƒo xlã dua zi adre sɔŋ. Eye wo katã wodo ɣli sesĩe zi ɖeka. Yehowa na Yerixo-glia mu gbloo. Gake aƒe si ƒe fesre ŋu ka dzĩa le ya memu o! Àte ŋu akpɔ esia le nɔnɔmetataa mea?​— Raxab kple eƒe ƒomea tsi agbe!

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Raxab gbɔ?​— Raxab xɔ Yehowa dzi se elabena ese nu wɔnuku siwo katã Yehowa wɔ la. Wò hã èle nu geɖe srɔ̃m tso nu wɔnuku gbogbo siwo Yehowa wɔ la ŋu. Èxɔ Yehowa dzi se abe ale si Raxab xɔ edzi se enea?​— Míenya be èxɔ edzi se!

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Yosua 2:1-24; 6:1-5, 14, 15, 20-25

  • Hebritɔwo 11:31

BIABIAWO:

  • Ŋutinya kawoe Raxab se esime wònye ɖevi?

  • Aleke wòkpe ɖe Israel-ŋutsu siwo nye ŋkutsalawo ŋu? Nu ka tae wòkpe ɖe wo ŋu?

  • Ŋugbe kae ŋkutsalawo do na Raxab?

  • Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Raxab gbɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe