Nuwɔna Siwo Wotsɔ Kpe Ðe Nufiafia Ƒe Ðoɖoa Ŋu
Yehowa Ðasefowo xɔe se be ele be agbe nɔnɔ nalɔ nu geɖe ɖe eme wu nusɔsrɔ̃ kple dɔwɔwɔ dzro ko. Kamedede kple modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe le suku nana dzudzɔ kple gbɔɖeme si hiã la. Gake ɖewohi̇̃ ede dzesii be sɔhɛ Ðasefo akpa gãtɔ mekpɔa gome le nusiwo wotsɔ kpe ɖe sukuwo ƒe nufiafia ƒe ɖoɖoa ŋu la me o. Numeɖeɖe kpui aɖe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nase míaƒe nukpɔsusuwo le nya sia ŋu la gɔme.
Ðasefowo ƒe ƒomewo le wɔwɔm ɖe nuwɔna ƒe ɖoɖo si ku ɖe woƒe tadedeagu ŋu la dzi xoxo. Eye wodea dzi ƒo na dzilawo be woatsɔ modzakaɖeɖe ade ƒome ƒe ɖoɖo sia me. Esime dzilawo le ɖoɖo wɔm ɖe wo viwo ƒe ɖiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe ŋu hele edzi kpɔm eye zi geɖe la wokpɔa gome le eme kpli wo la, wonana dzikpɔkpɔ si hiã la wo.
Ɣeaɖewoɣi la Ðasefowo ƒe ƒome ʋee aɖewo akpe ta be yewoase vivi le modzakaɖeɖe ƒomevi vovovowo me. Wozɔa mɔ hã zi geɖe ƒe sia ƒe be woanɔ ƒuƒoƒo siwo lolo wu, esiwo woyɔna be nutome sue takpekpewo kple nutome gã takpekpewo la me. Ɣeaɖewoɣi la mɔzɔzɔ siawo nana mɔnukpɔkpɔwo wo be woayi aɖakpɔ blemanuwo dzraɖoƒewo, teƒe siwo ŋutinya me nyawo dzɔ le kple teƒe bubu siwo doa dzidzɔ na ame. Le kpekpe siawo me la sɔhɛ Ðasefowo doa go sɔhɛ bubu siwo tso dukɔa ƒe akpa bubuwo, amesiwo si woƒe Mawu Yehowa si woasubɔ ƒe taɖodzinu ma ke le la eye wosea vivi le hadede kpli wo me.
Míebunɛ be ele vevie be míaƒe sɔhɛwo nase vivi le hadede nyui sia me, vevietɔ le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ si le gbegblẽm egbea la ta. Yehowa Ðasefowo bua Biblia ƒe nuxlɔ̃me la ŋkubiãnyae, esi gblɔ be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” Eye abe alesi míegblɔe va yi ene la, míedzea agbagba be míawɔ ɖe nya si Kristo gblɔ na eyomedzelawo la dzi, be: “Mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Korintotɔwo I, 15:33; Yohanes 15:19, New World Translation) Gɔmeɖose siawo wɔa dɔ ɖe Ðasefowo ƒe ƒomewo ƒe nukpɔsusu ku ɖe nusiwo wotsɔ kpe ɖe suku ƒe nufiafia ƒe ɖoɖoa ŋu la ŋuti dzi, esiwo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna la:
Kamedefefewo: Hehe nana ŋutilã, abe esi míekpɔna le kamedefefewo me ene la nyo na mí. Gake Biblia la gblɔ nukpɔsusu nyuitɔ le nya la ŋu esime wògblɔ be: “Do vevie mawusosroɖa. Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu.” (Timoteo I, 4:7, 8) Le wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi me la, Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe ŋutilã ƒe kamedede siwo wowɔna le suku ƒe ɣeyiɣiwo me la ƒe asixɔxɔ ŋu.
Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, dzila Ðasefowo senɛ le wo ɖokui me be sukuwo tea gbe ɖe kamedefefewo dzi fũ akpa. Eyata le hehe nana wo viwo me la wodzea agbagba be yewoaɖe gbe tete ɖe kamedefefe dzi la dzi akpɔtɔ. Wokpɔa mɔ be yewoƒe sɔhɛwo adi be yewoawɔ dɔ, menye abe kamedefefewɔlawo ene o ke boŋ abe Mawu ƒe subɔlawo ene. Eyata dzila Ðasefowo dea dzi ƒo na wo viwo be ne wokpã le suku la woazã woƒe ɣeyiɣiwo hena gbɔgbɔmenuwo wɔwɔ koŋ tsɔ wu be woade ŋgɔ le kamedefefe aɖe me.
Míexɔe se be gome kpɔkpɔ le kamedefefe siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo me la ana sɔhɛ Ðasefowo nade ha gbegblẽ. Azɔ hã míesee le mía ɖokui me be hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si le egbegbe kamedefefewo me—esi nye ‘dzi si woaɖu menye nusianu o, eya KOE nye nua’ ƒe susu la—gblẽa nu. Eyata ne sɔhɛ Ðasefowo see le wo ɖokui me be yewogahiã modzakaɖeɖe bubu la, wo dzilawo dea dzi ƒo na wo be woadi modzakaɖeɖe le haxɔsetɔwo dome, ẽ, le “amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la” dome.—Timoteo II, 2:22.
Henɔ kple Tɔtrɔgbɔ ƒe Fianyɔnu: Le kamedefefewo wɔɣi la enye henɔwo ƒe agbanɔamedzi be woana amehawo nadzi ha sesi̇̃e akafu sukua. Azɔ hã wodea dzi ƒo na ameawo be woasubɔ kalẽtɔwo eye wonɔa ŋgɔ na wo le sukua ƒe hadzidzi la taʋiʋli me. Yehowa Ðasefowo bunɛ be esia wɔwɔ mesɔ o. Nenema kee míesusui be be sɔhɛ Ðasefo nanye tɔtrɔgbɔ ƒe fianyɔnu alo tugbefia la anye dada le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ɖee fia be menyo be woakafu amegbetɔwo o la dzi.—Romatɔwo 1:25; Dɔwɔwɔwo 12:21-23.
Suku ƒe Ɣeɖuɖuwo: Abe alesi wòle le kamedefefewo gome ene la, ɣeɖuɖu hã ate ŋu anye nuwɔna nyui tuameɖo. Edze ƒã be Yesu Kristo da asi ɖe edzi elabena eyɔ ɣeɖuɖu abe azãɖuɖu nyui ƒe akpa aɖe ene le vi bubu ŋuti lododoa me. (Luka 15:25) Gake ɖewohi̇̃ ede dzesii be sɔhɛ Ðasefowo meyia ɣe siwo ŋu sukua wɔ ɖoɖo ɖo, abe suku kɔkɔ ƒe ɣeɖuɖuwo ene la ɖuƒe o. Nukatae?
Nusi koŋ tae lae nye nɔnɔme gbegblẽ si nɔa anyi zi geɖe le suku ƒe ɣeɖuɖuwo me la. Atamanono, ahatsunono, atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple gbɔdɔdɔ ƒe ŋukpenanuwɔwɔ nye nusi bɔ le afima. Eyata amesi yia ɣeɖuƒe siawo la va nɔa zɔhɛ gbegblẽwo dome eye mate ŋu aƒo asa na wo o. Esia ta la le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo be woawɔ nuwo le “amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la” dome la, enye Yehowa Ðasefowo ƒe nɔnɔme be woaƒo asa na suku ƒe ɣeɖuɖuwo.
Gbeɖoɖoɖi: Le egbeŋkeke siawo me la gbe ɖoɖo ɖi hena gododo va zu modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe si bɔ le teƒe geɖe. Enye nusi bɔ be ɖevi siwo le ƒewuiwo ƒe gɔmedzedze alo titina la kura gɔ̃ hã ɖoa gbe ɖi hedoa go. Woakpɔ wo le suku be wolé alɔ, wole nu gbugbɔm na wo nɔewo alo wole nusiwo wu ema kura gɔ̃ hã wɔm. Dzila Ðasefowo mexɔe se be enyo be yewoƒe vi siwo metsi be woaɖe srɔ̃ o la kple amesi ƒe vidzinu to vovo tso wo tɔ gbɔ la naɖe wo ɖokui ɖe aga ahanɔ agbe siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu la nɔm o.
Suku ƒe Habɔbɔwo: Sukuvi siwo lɔ̃ nu ɖeka tɔgbe la adi be yewoawɔ nusiawo ɖekae abe suku ƒe habɔbɔwo me tɔwo ene. Gake zi geɖe la hadomenuwɔnawo koŋ ye habɔbɔ siawo wɔna. Eye wode dzesii hã be zi geɖe la nu mawo tɔgbe wɔwɔ kple sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo la hea agbegbegblẽnɔnɔ vɛ. Le nusia si ate ŋu adzɔ ta la, míesusui be ele be woade ŋugble le eŋu vevie hafi age ɖe suku ƒe habɔbɔ aɖe me.
Nya vevi siwo ŋu sɔhɛ Ðasefowo kple wo dzilawo ade ŋugble le lae nye esiawo: Sukumenɔɣiwo koe habɔbɔa ƒe wɔnawo lɔ ɖe emea? Ðe sukua léa ŋku ɖe wo ŋu nyuie? Ðe habɔbɔa me nɔnɔ axɔ kpakpã megbe ɣeyiɣi si woazã le ƒome kple hame ƒe nuwɔnawo me wòaɖe vi wu la? Le nyataƒoƒo me la, dzila Ðasefowo ƒe agbanɔamedzie wònye be woatso nya me le habɔbɔ alo suku ƒe ƒuƒoƒo siwo me woaɖe mɔ be wo viwo nanɔ, ne woanɔ eme, la ŋu.
Suku ƒe Fefewo: Nya aɖeke mele Yehowa Ðasefowo si ɖe fefewɔwɔ ŋutɔ ŋu o. Biblia me dramawo nye míaƒe nutome gã takpekpewo ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖe. Gake dzila Ðasefowo ade ŋugble le nu geɖe ŋu hafi atso nya me be yewoaɖe mɔ na yewo viwo be woakpɔ gome le suku ƒe fefe aɖe me. Le kpɔɖeŋu me, Ðe nusi woawɔ le fefea me la wɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewoa? Sɔhɛ Ðasefowo mawɔ fefe aɖe si bua agbenɔnɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsi tre ɖo la nu tsɛ la o. Hekpe ɖe eŋu la, ɣeyiɣi si dzadzraɖo axɔ kple hadede gbegblẽ si ate ŋu anɔ afima ƒe nya la hã li. Eyata le nyametsotso wɔwɔ be sɔhɛ Ðasefowo awɔ fefe aɖe alo womawɔe o me la, wo dzilawo ade ŋugble le nya siawo ŋu vevie.
Ʋu kple Nu Bubuwo Nana: Ɣeaɖewoɣi la wobiana tso sukuviwo si le suku geɖewo me be woana nu hena nane wɔwɔ. Ɣeaɖewoɣi la wobiana be woana ʋu si woado na amewo. Gake alesi míese Biblia ƒe sedede be “woatsri . . . ʋu” la gɔmee nye be mele be woaɖui alo azãe le mɔ bubu aɖeke nu o. Eyata le dzitsinya ta la míeɖea ʋu nana alo xɔa ʋudodo o.—Mose I, 9:4-6; Mose III, 17:10-14; Dɔwɔwɔwo 15:19, 20, 28, 29.
Le gɔmesese siwo me míedzro va yi le agbalẽ gbadza sia me ta la, ne wobia be woadzɔ ga be woatsɔ ado dunyahehe ƒe nuwɔna aɖe ɖe ŋgɔ alo ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyuie aɖe alo azãɖuɖu aɖe ŋu la, Yehowa Ðasefowo madzɔe o. Eye womakpɔ gome le hodada, aklama ƒe fefewo alo akɔdada ƒe nuwɔna mawo tɔgbe me o. Gake nu bubuwo li, esiwo me ame ŋutɔ ate ŋu atso nya me le nudzɔdzɔ ŋu le le nɔnɔmeawo nu. Le kpɔɖeŋu me, ne nuvevi wɔ woƒe sukuhati aɖe alo eƒe lãme gblẽ eye wole ga dzɔm be woatsɔ aƒle seƒoƒowo alo nunana bubu aɖe nɛ la, edzɔa dzi na wo be woakpɔ gome le nunana ma me le woƒe nunɔamesiwo nu.—Dɔwɔwɔwo 20:35.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
“Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33