Aleke Woɖe Mawuɖekaetɔ̃ la Gɔmee?
ROMA KATOLIKOHA la gblɔ be: “Mawuɖekaetɔ̃ lae nye nya si wozãna be wònɔa tsi tre ɖi na Kristo-subɔsubɔha la ƒe nufiafia vevitɔ . . . Eyata abe alesi Atanasio ƒe Xɔsemeʋuʋu ƒe nyawo gblɔe ene la: ‘Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, gake menye Mawu etɔ̃ ye li o ke boŋ Mawu ɖekae li. Le Mawuɖekaetɔ̃ sia me la . . . Ameawo katã nye mavɔmavɔtɔwo eye wosɔ: womewɔ wo dometɔ aɖeke o eye wo katã nye ŋusẽkatãtɔwo.’”—The Catholic Encyclopedia.
Kristodukɔa ƒe sɔlemeha bubuwo katã kloe hã lɔ̃ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Helatɔwo ƒe Orthodoks Sɔlemeha la hã yɔ Mawuɖekaetɔ̃ la be enye “nufiafia si dzi wotu Kristotɔnyenye ɖo,” eye egblɔ kura gɔ̃ hã be: “Kristotɔwoe nye amesiwo lɔ̃ ɖe edzi be Kristo nye Mawu.” Le agbalẽ si nye Our Orthodox Christian Faith me la, sɔlemeha ma ke gblɔ be: “Mawu nye ame ɖeka le etɔ̃ me. . . . Fofo la nye Mawu bliboe. Vi la nye Mawu bliboe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu bliboe.”
Eyata wobua Mawuɖekaetɔ̃ la be enye “Mawu ɖeka le Ame etɔ̃ me.” Wogblɔna be gɔmedzedze meli na wo dometɔ aɖeke o, elabena woli tso mavɔ me yi mavɔ me. Wogblɔna be wo dometɔ ɖesiaɖe nye ŋusẽkatãtɔ, si wo dometɔ aɖeke melolo wu alo bɔbɔ ɖe anyi wu bubuawo o.
Ðe nya ma gɔme sese sesẽa? Dzixɔsetɔ anukwaretɔ geɖewo kpɔe be enye nusi tɔtɔa ame, enye nusi tsi tre ɖe nusi me susu le ŋu, eye womekpɔ naneke si sɔ kplii kpɔ teƒe le woƒe agbe me o. Wobiana be, aleke Fofo la ate ŋu anye Mawu, Yesu nanye Mawu, eye gbɔgbɔ kɔkɔea nanye Mawu, gake manye Mawu etɔ̃e li o ke boŋ ɖeka koe?
“Nusi Gɔme Amegbetɔ ƒe Susu Mate Ŋu Ase O”
TƆTƆ sia kaka ɖe teƒe geɖe. The Encyclopedia Americana ŋlɔ bena wobu Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la be enye “nusi gɔme amegbetɔ ƒe susu mate ŋu ase o.”
Amesiwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃a dzi se dometɔ geɖe bunɛ nenema. Monsignor Eugene Clark gblɔ be: “Mawu nye ame ɖeka, eye Mawu nye ame etɔ̃. Esi nusia tɔgbe aɖeke mele nuwɔwɔ me o ta la, míate ŋu ase egɔme o, ke boŋ ɖeko míaxɔe nenema.” Papatenɔla John O’Connor gblɔ be: “Míenya be enye nya ɣaɣla aɖe si me goglo ŋutɔ, si gɔme sese míedze haɖe o.” Eye Papa John Paul II ƒo nu tso “Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Mawu ƒe nya ɣaɣla si gɔme womate ŋu aku o” la ŋu.
Eyata A Dictionary of Religious Knowledge gblɔ be: “Nusi tututu nufiafia ma nye, alo boŋ alesi tututu wòle be woaɖe egɔmee la nye nusi dzi Mawuɖekaetɔ̃fialawo melɔ̃ ɖo le woa ŋutɔwo ɖeɖe dome o.”
Esia na be míate ŋu ase nusitae New Catholic Encyclopedia gblɔ nya si gbɔna la gɔme, esi gblɔ be: “Mawuɖekaetɔ̃ ƒe mawunyafiala ʋee aɖewo koe le Roma Katolikoha la ƒe mawunyafiasukuwo me siwo womeɖe fu na ɣeaɖekeɣi kple biabia sia kpɔ be, ‘Ke aleke woafia Mawuɖekaetɔ̃ lae?’ o. Eye ne nyabiabia la nye dzesi si fia be sukuviawo tɔtɔ la, ɖewohĩ nenema ke wònye dzesi si fia alesi woƒe nufialawo hã tɔtɔe.”
Míate ŋu akpɔ dzesidenya mawo ƒe nyateƒenyenye ne míeyi agbalẽdzraɖoƒe hedzro agbalẽ siwo de Mawuɖekaetɔ̃ dzi la me. Woŋlɔ agbalẽ gbogbo aɖewo le agbagbadzedze me be woatsɔ aɖe egɔmee. Gake togbɔ be wodzea agbagba ʋuu kakaka be woase mawunyafiafia ƒe nyagbɔgblɔ kple gɔmeɖeɖe siwo tɔtɔ nyamaa me hã la, ɖekoe wògloa emekulawo wotrɔna gbɔna.
Le go sia me la, Yesutɔ Joseph Bracken gblɔ le eƒe agbalẽ si nye What Are They Saying About the Trinity? me be: “Fada siwo dze agbagba kpem srɔ̃ . . . Mawuɖekaetɔ̃a le woƒe mawunyasrɔ̃sukudeɣi la he ɖe megbe le efiafia woƒe hameviwo le sɔlemexɔ me me, le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Kwasiɖagbe gɔ̃ hã dzi, abe alesi woakpɔ mɔ be adzɔe ene. . . . Nukatae woatsɔ nane si gɔme amewo mase nyuie ɖekeɖekee o mlɔeba la anɔ fu ɖem na wo?” Egblɔ hã be: “Mawuɖekaetɔ̃ la nye nusi dzi míexɔ se le kɔnu nu ko, gake [ŋusẽ] ʋee aɖe koe wòkpɔna ɖe Kristotɔ ƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple tadedeagu dzi alo mekpɔna ɖeke ɖe edzi kura o.” Gake eyae nye sɔlemehawo ƒe “nufiafia vevitɔ.”
Katoliko mawunyafiala Hans Küng de dzesii le eƒe agbalẽ si nye Christianity and the World Religions me be Mawuɖekaetɔ̃a nye susu siwo tae sɔlemehawo mete ŋu kpɔ ŋgɔyiyi gobii aɖeke le amesiwo menye Kristotɔwo o dome o la dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Moslemtɔ siwo nya agbalẽ nyuie gɔ̃ hã mate ŋu ase egɔme o, abe alesi vaseɖe fifia Yudatɔwo do kpo Mawuɖekaetɔ̃ la gɔme sesee ene. . . . Vovototo siwo Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la de Mawu ɖeka kple nu etɔ̃ siwo le eme me la me mekɔ na Moslemtɔ siwo nya siwo wozã le mawunyafiafia me, siwo woɖe tso Siriagbe, Helagbe, kple Latingbe me la tɔtɔ le esi teƒe be wòakɔ nu me na wo la o. Moslemtɔwo bu esiawo katã be wonye fefe kple nyawo ko. . . . Nukatae ame aɖe adi be yeatsɔ nane akpe nukpɔsusu si ku ɖe Mawu ƒe ame ɖeka nyenye kple eƒe etɔxɛnyenye la ŋu si ate ŋu agbɔdzɔ ɖekanyenye kple etɔxɛnyenye ma me alo agblẽ eme kura la?”
“Menye Tɔtɔ ƒe Mawu O”
A LEKE nufiafia sia si tɔtɔ nyamaa la ate ŋu awɔ adzɔ? The Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Nufiafia si le ɣaɣla alea gbegbe nana be nusi vaa ame ƒe susu mee nye be Mawu ƒe ɖeɖefiae wònye.” Katoliko-gbalẽnyala Karl Rahner kple Herbert Vorgrimler gblɔ le woƒe Theological Dictionary me be: “Mawuɖekaetɔ̃ la nye nya ɣaɣla . . . le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu . . . , si womate ŋu anya ne menye ɖe woɖee fia ame o, eye le ɖeɖefia la megbe hã la, eme makɔ keŋkeŋ o.”
Gake gbɔgblɔ be esi Mawuɖekaetɔ̃a nye nya ɣaɣla si tɔtɔ nenema gbegbe ta la, ele be wòatso Mawu gbɔ la he kuxi gã bubu vɛ. Nukatae? Elabena nusi nye Mawu ƒe ɖeɖefia ŋutɔ la meɖe mɔ be nukpɔsusu ma nanɔ ame si ɖe Mawu ŋu o: “Mawu menye tɔtɔ ƒe Mawu o.”—Korintotɔwo I, 14:33, Revised Standard Version (RS).
Le nyagbɔgblɔ ma ŋu bubu me la, ɖe nufiafia aɖe si tɔtɔa ame ale gbegbe be agbalẽnyala siwo se Hebrigbe, Helagbe, kple Latingbe gɔ̃ hã mate ŋu aɖe egɔme o la atso Mawu gbɔ ku ɖe eya ŋutɔ ŋua?
Gawu la, ɖe wòhiã be woanye mawunyaŋutinunyala hafi ‘anya Mawu vavã ɖeka kolia la, kple Yesu Kristo si wòdɔ ɖa la’? (Yohanes 17:3, JB) Ne nenemae wòle la, aleke wɔ Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo dometɔ ʋee aɖewo koe lɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mesia la? Ðe ema teƒe la, eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo nye ame tsɛ siwo nye agbledelawo, tɔƒodelawo, nudzɔlawo, kple nyɔnu aƒedzikpɔlawo. Ame tsɛ mawo ka ɖe nusi Yesu fia wo ku ɖe Mawu ŋu la dzi ale gbegbe be wote ŋu fiae ame bubuwo eye wolɔ̃ faa be yewoaku ɖe yewoƒe dzixɔsea ta gɔ̃ hã.—Mateo 15:1-9; 21:23-32, 43; 23:13-36; Yohanes 7:45-49; Dɔwɔwɔwo 4:13.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye ame tsɛ siwo bɔbɔa wo ɖokui, ke menye subɔsubɔhakplɔlawoe o