Aleke Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Nufiafia la Wɔ Keke Ta?
VA ÐO afisia la, àbia be: ‘Ne Mawuɖekaetɔ̃ la menye Biblia ƒe nufiafia o la, ke aleke wɔ wòva zu Kristodukɔa ƒe nufiafia?’ Ame geɖe susu be ƒe 325 M.Ŋ. ƒe Nikaea ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea mee wokpae le.
Menye nenema tututue nye nya la ya o. Nikaea ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea nya te tɔ ɖe edzi be nusi ƒomevi Mawu nye la kee Kristo hã nye eye esia nye gɔmeɖoanyi si dzi wotu Mawuɖekaetɔ̃ ƒe mawunyafiafia ɖo emegbe ya. Gake womeɖo Mawuɖekaetɔ̃ la anyi le eme o, elabena womegblɔ nya aɖeke tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu le aɖaŋuɖotakpekpe ma me be enye Mawuetɔ̃ƒokpli ƒe ame etɔ̃lia o.
Akpa si Konstantino Wɔ le Nikaea
TSITRETSIÐEŊU siwo wotu ɖe Biblia dzi geɖe yi edzi ƒe geɖe ɖe nukpɔsusu si nɔ mo dom ɖa be Yesu nye Mawu la ŋu. Le agbagbadzedze be yeakpɔ dzrehehe ma gbɔ me la, Roma-Fiagã Konstantino yɔ bisiɔpwo katã yi takpekpee le Nikaea. Wo dometɔ 300, si nye woƒe xexlẽmea ƒe akpa aɖee de kpekpea ŋutɔŋutɔ.
Konstantino menye Kristotɔ o. Woxɔe se be etrɔ dzime emegbe, gake womede mawutsi ta nɛ o vaseɖe esime wònɔ kuba dzi hafi. Henry Chadwick gblɔ tso eŋu le The Early Church me be: “Konstantino de ta agu na Ɣe si Dzi Womeɖuna O la abe fofoa ene; . . . mele be woase egɔme be eƒe dzimetɔtrɔ nye amenuvevenuwɔna aɖe si wòse le eɖokui me o . . . Enye nusi ku ɖe asrafodɔ ŋu. Kristotɔwo ƒe nufiafia ƒe gɔmesese nyui mesu esi gbeɖe o, gake eka ɖe edzi be dziɖuɖu kpɔkpɔ le aʋawɔwɔ me nye Kristotɔwo ƒe Mawu ƒe nunana.”
Akpa kae fiagã si womede mawutsi ta na la o wɔ le Nikaea ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea me? Encyclopædia Britannica ka nya ta be: “Konstantino ŋutɔe nɔ zi me eye wòxɔ ŋgɔ le numedzodzroawo me vevie, eye eya ŋutɔ do . . . nya kpakpa sesẽ si ɖe kadodo si le Kristo kple Mawu dome le dzixɔsenya si aɖaŋuɖotakpekpea gblɔ la me be ‘wo kple Fofo lae nye nu ɖeka ma ke ƒomevi’ la ɖa . . . Esi dzika tso bisiɔp siawo ƒo akpa le fiagã la ta la, wo katã de asi xɔsemeʋuʋua te, negbe wo dometɔ eve koe mele eme, evɔ esia nye nane si metrɔ na wo dometɔ geɖe hafi o.”
Eyata Konstantino wɔ akpa vevi aɖe le eme. Le ɣleti eve ƒe nyaʋiʋli dɔmedzoetɔe le mawusubɔsubɔnyawo ŋu megbe la, trɔ̃subɔla dunyahela sia de nu eme eye wòde amesiwo gblɔ be Yesu nye Mawu la dzi. Gake nukatae wòwɔ nu ma? Kakaɖedzitɔe la, menye le Biblia ƒe gɔmesese aɖeke tae o. A Short History of Christian Doctrine gblɔ be: “Nya siwo wonɔ biabiam le Helatɔwo ƒe mawunyafiafia me ƒe gɔmesese sue aɖeke kurakura menɔ Konstantino si o.” Nusi gɔme wòsee nye be mawusubɔsubɔ ƒe mamã nye ŋɔdzidonu na yeƒe fiaɖuƒea, eye edi be yeado ŋusẽe.
Gake bisiɔpwo dometɔ aɖeke medo Mawuɖekaetɔ̃nufiafia la ɖa le Nikaea ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea me ya o. Nɔnɔme si ƒomevi me Yesu le ŋu koe wotso nya me le ke menye akpa si gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna ŋui o. Ne ɖe Mawuɖekaetɔ̃ la nye Biblia ƒe nufiafia si me kɔ la, ɖe mele be woadoe ɖa ɣemaɣi oa?
Eƒe Takeke Bubuwo
LE NIKAEA ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea megbe la, nyaʋiʋli siwo ku ɖe nya la ŋu gayi edzi ƒe geɖe. Amesiwo xɔ edzi se be Yesu mesɔ kple Mawu o ƒe asi gava nɔ dzi dem ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã. Gake emegbe Fiagã Theodosius na wote fli ɖe wo tɔ me. Eɖo kpe Nikaea ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea ƒe xɔsemeʋuʋua dzi be eyae nye dzidzenu si dzi woazɔ ɖo le yeƒe dziɖuƒea me eye wòyɔ Konstantinople ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea le ƒe 381 M.Ŋ. me be yeatsɔ aɖe nya kpakpa la mee.
Aɖaŋuɖotakpekpe ma lɔ̃ ɖe edzi be woada gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nɔƒe ma ke si Mawu kple Kristo le la. Esiae nye zi gbãtɔ si Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃ la dze mo dodo ɖa gɔme.
Gake le Konstantinople ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea megbe gɔ̃ hã la, Mawuɖekaetɔ̃ la mezu dzixɔse si dzi woda asi ɖo le afisiafi o. Ame geɖe tsi tre ɖe eŋu eye esia na wohe yometiti vɔ̃ɖi va wo ɖokui dzie. Ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me hafi wode Mawuɖekaetɔ̃ la dzixɔse siwo woɖo anyi koŋ me. The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Mawuɖekaetɔ̃nyenye la ƒe takeke bliboe la dzɔ le Ɣetoɖoƒe, le Titinaŋɔli ƒe Xexemenunyafiafia me, esime wotsɔ xexemenunyafiafia kple nɔnɔmeŋutinunya ɖe nya la mee.”
Atanasio ƒe Xɔsemeʋuʋu La
WOÐE Mawuɖekaetɔ̃ la me bliboe wu le Atanasio ƒe Xɔsemeʋuʋu me. Atanasio nye subɔsubɔhanunɔla aɖe si de Konstantino dzi le Nikaea. Xɔsemeʋuʋu si tɔ eƒe ŋkɔ la gblɔ be: “Míedea ta agu na Mawu ɖeka le Mawuɖekaetɔ̃ me . . . Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, gake womenye mawu etɔ̃ o, ke boŋ Mawu ɖeka koe.”
Gake agbalẽnyala siwo nya nu tso nya la ŋu nyuie lɔ̃ ɖe edzi be menye Atanasio ye ŋlɔ xɔsemeʋuʋu sia o. The New Encyclopædia Britannica gblɔ tso eŋu be: “Womenya nu tso xɔsemeʋuʋua ŋu le Ɣedzeƒe Sɔlemeha la me o vaseɖe ƒe alafa 12 lia me hafi. Tso ƒe alafa 17 lia dzi ke la, agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be menye Atanasio (si ku le ƒe 373 me) ye ŋlɔ Atanasio ƒe Xɔsemeʋuʋua o ke boŋ ƒe alafa 5 lia mee woŋlɔe le Franse ƒe dziehe. . . . Ewɔ abe ɖe xɔsemeʋuʋua ƒe ŋusẽkpɔɖedzi nɔ Franse ƒe dziehe koŋ eye wòɖo Spania le ƒe alafa 6 kple 7 lia me ene. Wozãe le Germania sɔlemeha la ƒe sɔlemewɔwɔ me le ƒe alafa 9 lia me eye le ɣeyiɣi aɖe megbe le Roma.”
Eyata exɔ ƒe alafa geɖe tso Kristo ŋɔli hafi Mawuɖekaetɔ̃ la zu dzixɔse si kaka ɖe Kristodukɔa me. Eye le esiawo katã me la, nukae fia mɔ nyametsotsoawo? Mawu ƒe Nya yea, alo nunɔlawo kple dunyahelawo ƒe nukpɔsusuea? E. W. Hopkins ɖo eŋu le Origin and Evolution of Religion me be: “Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe gɔmeɖeɖe mlɔea si dzi woda asi ɖo la nye nusi ku ɖe sɔlemeha la me dunyahehe ŋu.”
Xɔsegbegbe si Wogblɔ Ði
MAWUÐEKAETƆ̃ ƒe ŋutinya ɖigbɔ sia sɔ ɖe nusi Yesu kple eƒe apostoloawo gblɔ ɖi be ava le yewoƒe ɣeyiɣia megbe la nu. Wogblɔ be xɔsegbegbe, mɔtatra, megbedede tso tadedeagu vavãtɔ gbɔ, anɔ anyi vaseɖe Kristo ƒe tɔtrɔgbɔɣi, esime woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi hafi Mawu ƒe ŋkeke hena nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ la naɖo.
Ku ɖe “ŋkeke” ma ŋu la, apostolo Paulo gblɔ be: ‘Mava o negbe ɖeko xɔsegbegbe va gbã eye woɖe sedzimawɔla la ɖe go.’ (Tesalonikatɔwo II, 2:3, 7) Emegbe egblɔ ɖi be: “Le nye dzodzo megbe la, amegãxi wɔadãwo ava dze mia dzi eye womakpɔ nublanui na alẽha la o. Le mia ŋutɔwo dome gɔ̃ hã la, ŋutsu siwo ƒe nuyiwo trɔa gbo nyateƒea la anɔ vavam be yewoable nusrɔ̃lawo ne woadze yewo yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30, JB) Yesu ƒe nusrɔ̃la bubuwo hã ŋlɔ nu tso xɔsegbegbe sia kple eƒe osɔfoha ‘mawɔsedzi’ la ŋu.—Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Petro II, 2:1; Yohanes I, 4:1-3; Yuda 3, 4.
Paulo ŋlɔ hã bena: “Ɣeyiɣi la gbɔna godoo, esime, le esi teƒe be nufiafia ɖɔʋu nadze amewo ŋu la, woadi vevie be yewoase gli yeye siwo gato la eye woaƒo nufiala gbogbo aɖewo nu ƒu le nusi dzɔa dzi na woawo ŋutɔwo nu; eye ekema le esi teƒe be woaɖo to nyateƒea la, woatrɔ ɖe xotutuwo ŋu.”—Timoteo II, 4:3, 4, JB.
Yesu ŋutɔ ɖe nusi le megbe na megbedede tso tadedeagu vavãtɔ gbɔ sia la me. Egblɔ be yeƒã nuku nyui siwo me futɔ Satana aƒã gbe wuwluiwo ɖo. Aleae esi lu gbãtɔwo do nu ɖa la, gbe wuwluiawo hã mie kpe ɖe wo ŋu. Eyata ele be woakpɔ mɔ na mɔtatra tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ vaseɖe nuŋeɣi la, esime Kristo aɖɔ nuwo ɖo. (Mateo 13:24-43) The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nufiafia ku ɖe amesi Mawu nye ŋu medze le ƒe alafa enelia me Mawuɖekaetɔ̃nufiafia la me tututu o; ke boŋ mɔtatra tso nufiafia sia gbɔ boŋ ye wònye.” Ekema afikae mɔtatra sia dzɔ tso?—Timoteo I, 1:6.
Ŋusẽkpɔɖedzi Si Wɔ Dɔ Ðe Edzi
LE BLEMAXEXEA katã me vaseɖe Babilonia ke la, trɔ̃subɔlawo ƒe mawu siwo nu woƒo ƒu wonye etɔ̃ alo mawuetɔ̃ƒokpliwo bɔ. Ŋusẽkpɔɖedzi ma bɔ ɖe Egipte, Hela, kple Roma ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ na Kristo, le eƒe anyinɔɣi kple eƒe dzodzo megbe. Eye le apostoloawo ƒe ku megbe la, trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse mawo dze tatra ɖe Kristotɔnyenye me gɔme.
Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ŋlɔ bena: “Kristotɔnyenye metsrɔ̃ trɔ̃subɔsubɔ o; exɔe de eme. . . . Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nukpɔsusuwo dzɔ tso Egipte.” Eye Siegfried Morenz ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye Egyptian Religion me be: “Mawuɖekaetɔ̃ la nye nusi me Egiptetɔwo ƒe mawuŋutinunyalawo tsɔ ɖe le vevie . . . Woƒo mawu etɔ̃wo nu ƒu abe nu ɖeka ene eye woƒoa nu na wo abe nu ɖekae wole nu ƒom na ene. Le go sia me la, gbɔgbɔmeŋusẽ si Egiptetɔwo ƒe subɔsubɔha kpɔ la dze ƒã be kadodo tẽ le wo kple Kristotɔwo ƒe mawunyaŋutinusɔsrɔ̃ me la me.”
Eyata le Aleksandria, Egipte la, sɔlemehakplɔlawo, abe Atanasio ene, siwo nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe alafa enelia ƒe gɔmedzedze me la ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia fia esime wogblɔ nukpɔsusu siwo dzi wova tu Mawuɖekaetɔ̃a ɖo emegbe. Woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kaka esi na be Morenz bui be “Aleksandria ƒe mawunyaŋutinusɔsrɔ̃e nye esi le dome na Egiptetɔwo ƒe mawusubɔsubɔ kple Kristotɔnyenye.”
Míexlẽ le Edward Gibbon ƒe agbalẽ si nye History of Christianity ƒe ŋgɔdonya me be: “Ne Kristotɔnyenye kpɔ aʋadziɖuɖu ɖe Trɔ̃subɔsubɔ dzi hã la, enye nyateƒe be Trɔ̃subɔsubɔ hã tsɔ ɖi bliba Kristotɔnyenyee. Roma Sɔlemeha la trɔ . . . Kristotɔ gbãtɔwo ƒe Mawudzixɔse akuaku la wòzu mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si gɔmesese meli na o la. Woxɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse siwo Egiptetɔwo to vɛ eye Plato va zrɔ̃ wo ŋu la dometɔ geɖewo ɖi be wonye nusiwo dze be woaxɔ wo dzi ase.”
A Dictionary of Religious Knowledge de dzesii be ame geɖewo gblɔna be Mawuɖekaetɔ̃ la nye “nufiafia dada si woɣe tso trɔ̃subɔsubɔ me, eye wova tsɔe do ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse dzi.” Eye The Paganism in Our Christianity gblɔ kɔte be: “[Mawuɖekaetɔ̃ la] ƒe akpa sia akpa dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me.”
Eyatae James Hastings ŋlɔ ɖe Encyclopædia of Religion and Ethics me be: “Le India subɔsubɔha me, le kpɔɖeŋu me la, míekpɔ mawuɖekaetɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo si nye Brāhma, Siva, kple Viṣṇu; eye míekpɔ mawuɖekaetɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo si nye Osiris, Isis, kple Horus le Egipte subɔsubɔha me . . . Menye subɔsubɔha siwo xɔ ŋkɔ le ŋutinya me la me koe míekpɔe le be wobua Mawu be enye Ðekaetɔ̃ o. Vevietɔ míate ŋu aɖo ŋku Plato ƒe nukpɔsusu si wogbɔ agbee si ku ɖe Nu Ŋutɔŋutɔ si Ƒo Ðesiaɖe Ta alo esi Nye Mamlea,” si “ƒe nɔnɔmetata wowɔ wònye nu ƒokplietɔ̃” ŋu la dzi. Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nya kae ku Helatɔ xexemenunyala Plato?
Plato ƒe Xexemenunyafiafia
WOSUSUI be Plato nɔ agbe tso ƒe 428 vaseɖe 347 do ŋgɔ na Kristo. Togbɔ be menye alesi wofiaa Mawuɖekaetɔ̃a fifiae wòfia o hã la, eƒe xexemenunyafiafiawo ʋu ema ƒe mɔ ɖi. Emegbe xexemenunyafiafia ƒe hatsotso siwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃dzixɔsewo de eme la va zu nusiwo bɔ, eye Plato ƒe nukpɔsusuwo ku ɖe Mawu kple dzɔdzɔme ŋue kpɔ ŋusẽ ɖe esiawo dzi.
Franseawo ƒe Nouveau Dictionnaire Universel (Nyagɔmeɖegbalẽ Yeye si Ƒo Nu tso Nusianu Ŋu) gblɔ tso Plato ƒe ŋusẽkpɔɖedzi ŋu be: “Edze abe ɖe Plato ƒe mawuɖekaetɔ̃ la ŋutɔ si nye mawuɖekaetɔ̃ xoxo siwo nɔ anyi le dukɔ siwo do ŋgɔ me, si wògbugbɔ ɖo ɖe ɖoɖo nu lae nye mawuɖekaetɔ̃ la ƒe nɔnɔmewo ŋuti xexemenunyafiafia si ŋu gɔmesese le, esi na nu etɔ̃ alo ame siwo nye Mawu si Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo fiana la dzɔ ene. . . . Woate ŋu akpɔ . . . Hela-xexemenunyafiala sia ƒe nukpɔsusu ku ɖe mawuɖekaetɔ̃ la ŋu le blema [trɔ̃subɔsubɔhawo] katã me.”
The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge ɖe Hela-xexemenunyafiafia sia ƒe ŋusẽkpɔɖedzi fia be: “Logos la kple Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe nufiafiawo ƒe nɔnɔme si me wole la su wo si tso Hela Fofowo, siwo dzi . . . Plato ƒe xexemenunyafiafia kpɔ ŋusẽ ɖo tẽ alo le mɔ si mele tẽ o nu la gbɔ . . . Womate ŋu asẽ nu be vodada kple nufiafia dadawo metra ɖe Sɔlemeha la me tso afisia o.”
The Church of the First Three Centuries gblɔ be: “Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la va xɔ anyinɔ vivivi eye ne wotsɔe sɔ kple bubuawo la, eƒe dzɔdzɔ teƒe medidi boo o; . . . eƒe dzɔtsoƒe to vovo tso Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo gbɔ sãa; . . . ekeke ta, eye wodoe ɖe Kristotɔnyenye dzi, to Fofo siwo xɔ Plato ƒe nufiafiawo dzi se la dzi.”
Le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, “Kristotɔnyenye” kple Plato ƒe xexemenunyafiafia yeyeawo va zu tsimatomeenuwo. Abe alesi Adolf Harnack gblɔ le Outlines of the History of Dogma me ene la, sɔlemeha ƒe nufiafiawo va “ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe Helatɔnyenye [trɔ̃subɔla Helatɔwo ƒe nukpɔsusu] me. To ema dzi la, eva zu nya ɣaɣla na Kristotɔwo dometɔ akpa gãtɔ.”
Sɔlemeha la be Biblia dzie wotu yeƒe nufiafia yeyeawo ɖo. Gake Harnack gblɔ be: “Le nyateƒe me la, Helatɔwo ƒe tamebubu, aʋatsonukpɔsusuwo, trɔ̃subɔlawo ƒe vivimetadedeagu ŋue wòƒu tae.”
Andrews Norton gblɔ tso Mawuɖekaetɔ̃ la ŋu le agbalẽ si nye A Statement of Reasons me be: “Míate ŋu aku nufiafia sia ƒe ŋutinya me, eye míake ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋu, menye le Kristotɔwo ƒe ɖeɖefia me o, ke boŋ le Plato ƒe xexemenunyafiafia me . . . Mawuɖekaetɔ̃ la menye Kristo kple eƒe Apostolowo ƒe nufiafia o, ke boŋ Plato ƒe nufiafia dzidela siwo dzɔ emegbe la ƒe nya kpakpae.”
Aleae xɔsegbegbe si ƒe nya Yesu kple eƒe apostolowo gblɔ ɖi la ƒe seƒoƒowo ke keŋkeŋ le ƒe alafa enelia M.Ŋ. mee. Alesi Mawuɖekaetɔ̃ la keke tae la nye esia ŋuti ɖaseɖiɖiwo dometɔ ɖeka pɛ ko. Xɔsegbelawo ƒe sɔlemehawo dze trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse bubuwo abe dzomavɔ, luʋɔ ƒe nu makumaku nyenye, kple trɔ̃subɔsubɔ xɔxɔ gɔme. Ne míaƒo nu tso eŋu le gbɔgbɔ me gome la, Kristodukɔa ge ɖe eƒe blukɔɣi si wogblɔ ɖi si me nunɔla ‘sedzimawɔlawo’ ƒe ha la ɖu dzi le la me.—Tesalonikatɔwo II, 2:3, 7.
Nukatae Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo Mefiae O?
NUKATAE le ƒe akpe geɖeawo katã me la Mawu ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ aɖeke mefia Mawuɖekaetɔ̃ la eƒe amewo o? Ne eglo kura hã la, ɖe Yesu mazã eƒe ŋutete abe Nufiala Gã la ene atsɔ akɔ Mawuɖekaetɔ̃a me na eyomedzelawo oa? Ðe Mawu ana eƒe gbɔgbɔ naʋã amewo woaŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe axa alafa gbogboawo gake mazã nufiame sia ƒe akpa aɖeke atsɔ afia Mawuɖekaetɔ̃ la ne xɔse ƒe “nufiafia vevitɔ” ye wònye oa?
Ðe wòle be Kristotɔwo naxɔ edzi ase be le Kristo ŋɔli kple Biblia-ŋɔŋlɔ si gbɔgbɔ ʋã la megbe ƒe alafa geɖe la, Mawu anɔ megbe na nufiafia si mele nyanya na eƒe subɔlawo o ƒe akpe geɖe, si nye “nya ɣaɣla si gɔme womate ŋu aku o,” “nusi gɔme amegbetɔ ƒe susu mate ŋu ase o,” esi wolɔ̃ ɖe edzi be etso trɔ̃subɔsubɔ me eye wònye “nusi ku ɖe sɔlemeha la ƒe dunyahehe ŋu” la?
Ŋutinya me ɖaseɖiɖia me kɔ: Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la nye mɔtatra tso nyateƒea gbɔ, enye aglãdzedze ɖe eŋu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
‘Ƒe alafa enelia me Mawuɖekaetɔ̃nufiafia la nye mɔtatra tso Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nufiafia gbɔ’—The Encyclopedia Americana
[Aɖaka si le axa 9]
“Mawu Gãwo ƒe Etɔ̃ƒokpli La”
Ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ na Kristo ŋɔli la, mawu siwo nye ɖekaetɔ̃ƒokpliwo nɔ blema Babilonia kple Asiria. Franseawo ƒe “Larousse Encyclopedia of Mythology” gblɔ tso mawuɖekaetɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si le Mesopotamia nuto ma me la ŋu be: “Womã xexeame katã ɖe nuto etɔ̃ me eye wo dometɔ ɖesiaɖe zu mawu aɖe ƒe dziɖuƒe. Anu tɔ gomee nye dziŋgɔli. Wotsɔ anyigba na Enlil. Ea zu tsiwo dziɖula. Wo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye Mawu Gãwo ƒe etɔ̃ƒokpli la.”
[Aɖaka si le axa 12]
Hindutɔwo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ La
Agbalẽ si nye “The Symbolism of Hindu Gods and Rituals” gblɔ ku ɖe Hindutɔwo ƒe mawuɖekaetɔ̃ aɖe si nɔ anyi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Kristo ŋu be: “Siva nye Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe mawuwo dometɔ ɖeka. Wogblɔ be eyae nye tsɔtsrɔ̃ ƒe mawu. Mawu eve bubuawoe nye Brahma, nuwɔwɔ ƒe mawu kple Vishnu, nuwo dzadzraɖo ƒe mawu. . . . Bene woatsɔ afia be dɔwɔwɔ etɔ̃ siawo nye nu ɖeka ma ke la, woƒo mawu etɔ̃awo nu ƒu ɖe nɔnɔme ɖeka me.”—A. Parthasarathy ye tae le Bombay.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
“Nya siwo wonɔ biabiam le Helatɔwo ƒe mawunyafiafia me ƒe gɔmesese sue aɖeke kurakura menɔ Konstantino si o.”—A Short History of Christian Doctrine
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
1. Egipte. Horus, Osiris, Isis ƒe mawuaetɔ̃ƒokpli, ƒe akpe 2 lia D.M.Ŋ.
2. Babilon. Ishtar, Sin, Shamash ƒe mawuetɔ̃ƒokpli, ƒe akpe 2 lia D.M.Ŋ.
3. Palmira. Ɣletimawu, Dziƒo ƒe Aƒetɔ, ɣemawu ƒe mawuetɔ̃ƒokpli, ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. lɔƒo.
4. India. Hindu ƒe mawuetɔ̃ƒokpli la, ƒe alafa 7 lia M.Ŋ. lɔƒo.
5. Kampuchea. Buddhatɔwo ƒe mawuetɔ̃ƒokpli la, ƒe alafa 12 lia M.Ŋ. lɔƒo.
6. Norway. Mawuɖekaetɔ̃ (Fofo, Vi, gbɔgbɔ kɔkɔe), ƒe alafa 13 M.Ŋ. lɔƒo.
7. Franse. Mawuɖekaetɔ̃, ƒe alafa 14 lia M.Ŋ. lɔƒo.
8. Italia. Mawuɖekaetɔ̃, ƒe alafa 14 lia M.Ŋ. lɔƒo.
9. Germania. Mawuɖekaetɔ̃, ƒe alafa 19 lia M.Ŋ. lɔƒo.
10. Germania. Mawuɖekaetɔ̃, ƒe alafa 20 lia M.Ŋ.