De Ta Agu na Mawu ɖe Alesi Wòdi Nu
YESU gblɔ le gbedodoɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Sidzedze ka tɔgbee ema nye? “[Mawu] le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze [vavãtɔ] la me.” (Timoteo I, 2:4) The Amplified Bible ɖe nya la ƒe akpa susɔe sia gɔme ale: “Woanya [Mawu ƒe] Nyateƒea tututu kple be wòasɔ pɛpɛpɛ.”
Eyata Mawu di be míanya ye kple yeƒe tameɖoɖowo pɛpɛpɛ, le ɖekawɔwɔ me kple yeƒe nyateƒea. Eye Mawu ƒe Nya, Bibliae nye nyateƒe ma ƒe dzɔtsoƒe. (Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16, 17) Ne amewo srɔ̃ nyateƒea ŋutɔŋutɔ si Biblia gblɔ ku ɖe Mawu ŋu la, ekema woaƒo asa na alesi woanɔ abe amesiwo woyɔ le Romatɔwo 10:2, 3 me be “wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze [vavãtɔ] o” la ene. Alo abe Samariatɔ siwo Yesu gblɔ na be: “Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o” la ene.—Yohanes 4:22.
Eyata ne míedi be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nanɔ anyi kpli mí la, ele be míabia mía ɖokui se be: Nukae Mawu gblɔ tso eɖokui ŋu? Aleke wòdi be woade ta agu na yee? Nukawoe nye eƒe tameɖoɖowo, eye aleke wòle be míawɔ nu wòasɔ ɖe wo nue? Nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ na nya siawo ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔwo mí. Ekema ema ana míate ŋu ade ta agu na Mawu abe alesi wòdi ene.
Vlododo Mawu
“AMESI buam la, mabui;” alea Mawu gblɔ. (Samuel I, 2:30) Ðe wònye bubu dede Mawu ŋu be woagblɔ be ame aɖe sɔ kpliia? Ðe wònye bubu dede Mawu ŋu be woayɔ Maria be “Mawu dada” kple “Nyɔnu Avuléla . . . si le Wɔla la kple Eƒe nuwɔwɔwo dome,” abe alesi New Catholic Encyclopedia gblɔe enea? Kpao, nukpɔsusu mawo nye Mawu dzudzu. Ame aɖeke menye ehati o; eye ŋutilãmedada hã mele esi o, elabena menye Yesue nye Mawu o. Eye “Nyɔnu Avuléla” aɖeke hã meli o, elabena Yesu, “avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome,” koe Mawu ɖo ɖi.—Timoteo I, 2:5; Yohanes I, 2:1, 2.
Ðikeke aɖeke mele eŋu o be Mawuɖekaetɔ̃nufiafia la tɔtɔ gɔmesese si le amewo si ku ɖe nɔƒe si ŋutɔŋutɔ Mawu le la ŋu eye wòtɔ tsii. Exea mɔ na amewo be woaganya Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, Yehowa Mawu o, eye be woagade ta agu ɖe mɔ si wòdi la nu o. Abe alesi mawuŋutinunyala Hans Küng gblɔe ene la: “Nukatae ame aɖe adi be yeatsɔ nane akpe Mawu ƒe ɖekanyenye kple eƒe etɔxɛnyenye si nusi esia awɔ koe nye be wòatɔ tsii alo ana be asixɔxɔ aɖeke maganɔ ɖekanyenye kple etɔxɛnyenye ma ŋu o?” Gake nu mae Mawuɖekaetɔ̃ la wɔ.
Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo ‘meléa Mawu ƒe sidzedze vavãtɔ me ɖe asi o.’ (Romatɔwo 1:28) Kpukpui ma gblɔ hã be: “Mawu . . . tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o.” Kpukpui 29 vaseɖe 31 yɔ nu ‘madzemadze’ mawo dometɔ aɖewo be wonye ‘amewuwu, dzrewɔwɔ, nubabladzidada, amemalɔ̃malɔ̃, nublanuimakpɔmakpɔ.’ Nu mawo tututue subɔsubɔha siwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la wɔ.
Le kpɔɖeŋu me, Mawuɖekaetɔ̃fialawo ti amesiwo gbe Mawuɖekaetɔ̃nufiafia la yome zi geɖe eye wowu wo gɔ̃ hã. Eye wowɔ nusiwo vɔ̃ɖi wu ema gɔ̃ hã. Wowu wo hati Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo le aʋaŋɔli. Nukae ate ŋu aganye ‘nu madzemadze’ wu Katolikotɔwo ƒe Katolikotɔwo wuwu, Orthodokstɔwo ƒe Orthodokstɔwo wuwu, kple Protestantɔwo ƒe Protestantɔwo wuwu—eye wowɔ esiawo katã le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Mawu ma ke ƒe ŋkɔ me?
Gake Yesu gblɔ kɔte be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Mawu ƒe Nya la gakɔ esia me ɖe edzi wu eye wògblɔ be: “Esia me abosamviwo kple mawuviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.” Etsɔ amesiwo wua woƒe gbɔgbɔmenɔviwo sɔ kple “Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ [Satana] me, eye wòwu nɔvia la.”—Yohanes I, 3:10-12.
Eyata nufiafia siwo tɔtɔa ame fiafia le Mawu ŋu la he nuwɔna siwo he eƒe sewo dzi dada vɛ la vɛ. Le nyateƒe me la, nusi dzɔ le Kristodukɔa katã mee nye nusi Denmark mawuŋutinunyala Søren Kierkegaard ɖɔ be: “Kristodukɔa tsrɔ̃ Kristotɔnyenye gake menya kura be nu mae yewɔ o.”
Nɔnɔme si me Kristodukɔa le le gbɔgbɔ me la sɔ kple nusi apostolo Paulo ŋlɔ la be: “Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo, kple amesiwo medze dɔ nyui wɔwɔ aɖeke kura o.”—Tito 1:16.
Esusɔ vie ko, ne Mawu he fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia va eƒe nuwuwui la, woabia akɔnta tso Kristodukɔ Mawuɖekaetɔ̃dzixɔsela la si. Eye woadrɔ̃ fɔbuʋɔnui ɖe eƒe nuwɔna kple nufiafia siwo doa vlo Mawu la ta.—Mateo 24:14, 34; 25:31-34, 41, 46; Nyaɖeɖefia 17:1-6, 16; 18:1-8, 20, 24; 19:17-21.
Gbe Mawuɖekaetɔ̃ La
WOMATE ŊU atsɔ aʋatsonu aɖeke atsaka Mawu ƒe nyateƒeawoe o. Eyata be woade ta agu na Mawu abe alesi wòdi ene la fia be woagbe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la. Etsi tre ɖe nyagblɔɖilawo, Yesu, apostoloawo, kple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzixɔse kple nufiafia ŋu. Etsi tre ɖe nusi Mawu ŋutɔ gblɔ le eɖokui ŋu le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me ŋu. Eyata exlɔ̃ nu be: “Milɔ̃ ɖe edzi be nye koe nye Mawu eye be ame bubu aɖeke meli abe nye ene o.”—Yesaya 46:9, TEV.
Alesi woana ame natɔtɔ tso amesi Mawu nye ŋu kple ewɔwɔ be wòanye nu ɣaɣla la medoa Mawu ƒe nudidiwo ɖe ŋgɔ o. Ðe eteƒe la, alesi gbegbe amewo tɔtɔ tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋui la, nenema gbegbee wòdea Mawu Ŋusẽkatãtɔ ƒe Futɔ Satana Abosam, “xexe sia me mawu” la dzie. Eyae doa aʋatsonufiafia mawo ɖe ŋgɔ bene ‘wòatsɔ agbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusue.’ (Korintotɔwo II, 4:4) Eye Mawuɖekaetɔ̃ la dea osɔfowo, amesiwo di be yewoayi edzi akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi la dzi, elabena wona wòdzena abe mawunyasukudelawo koe ate ŋu ase eme ene.—Kpɔ Yohanes 8:44.
Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ hea gbɔɖeme gã aɖe ŋutɔ vɛ. Ena míevona tso nufiafia siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu kple tso habɔbɔ siwo gbe xɔse la si me. Abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.
To bubu dede Mawu ŋu abe amesi ƒo nuwo katã ta ene kple tadede agu nɛ abe alesi wòdi ene dzi la, míate ŋu aƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ si eteƒe madidi o wòahe va Kristodukɔ xɔsegbela dzi la. Ðe ema teƒe la, míate ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe amenuveve le nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ me: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Kpetata sia si xɔ ƒe alafa geɖewo le Franse la nye Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe fiakuku ɖɔɖɔ na Maria “ɖetugbi si le aƒe” la. Mawuɖekaetɔ̃a dzixɔse na wodea ta agu na Maria abe “Mawu Dada” ene