Hadzidzi 93
“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
Tatatɔ
1. Yesu gblɔ be míana kekelia naklẽ.
Míaɖe gbeƒã nya nyuia na ’mewo katã,
Be sidzedze vavãtɔ nasu wo si.
Mina míanɔ’agbe wòasɔ kple nyaa ɣesiaɣi.
2. Fiaɖuƒe gbedeasi la nye kekeli
Klẽna ɖe konyifalawo ƒe dzi me.
Mawu ƒe Nyaa me kekelia fiaa mɔ mí
Be míaƒe nyawo nadze to na ’me sia ’me.
3. Míaƒe dɔ nyui wɔwɔ dzena nyuie egbea,
Woklẽna abe kpe xɔasiwo ene.
Mina míato míaƒ’agbe nyui nɔnɔ dzi
Ahe kafukafu vɛ na mía Mawu la.
(Kpɔ Ps. 119:130; Mat. 5:14, 15, 45; Kol. 4:6 hã.)